INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 August axa 31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Fiaɖuƒea Aɖe Eƒe Futɔwo Ða
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Nu Kae Míenya Tso Ale Si Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Etsɔme Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Armagedon—Nu Nyui Aɖee Wònye!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Le “Xaxa Gã” La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 August axa 31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ɣekaɣie nya nyui gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele fifia awu enu?

Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:14) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nuwuwu” le kpukpui sia me kple le kpukpui 6 kple 13 lia mee nye teʹlos. Eku ɖe ɣeyiɣi si Satana ƒe nuɖoanyia awu enu mlɔeba le Armagedon me ŋu. (Nyaɖ. 16:14, 16) Eya ta, míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe nya nyuia va se ɖe esime dɔa nawu enu do ŋgɔ teti na Armagedon. Esia nye gɔmesese yeye si su mía si.

Míese egɔme va yi be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la, eye xaxa gã la dze egɔme. (Nyaɖ. 17:3, 5, 15, 16) Míexɔe se tsã be “Yehowa ƒe amenuveƒe” la awu enu ne xaxa gã la dze egɔme. (Yes. 61:2) Míesusui hã be ame siwo atsi agbe le xaxa gã me la anye ame siwo le nuteƒe wɔm na Yehowa xoxo hafi xaxa gã la dze egɔme. Míetsɔ wo sɔ kple Yudatɔ siwo tsi agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣi le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Wode dzesi Yudatɔ mawo na agbetsitsi do ŋgɔ, elabe wosubɔ Yehowa eye wolé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. (Eze. 5:11; 9:4) Gake nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea mewɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 24:14 la o. Yesu ƒe nyawo fia be mɔnukpɔkpɔ anɔ ʋuʋu ɖi na amewo be woaxɔ nya nyuia va se ɖe nuwuwua, si nye do ŋgɔ teti na Armagedon.

Gɔmesese yeye si va su mía si ku ɖe Mateo 24:14 ŋu la na míekpɔe be ehiã be míatrɔ asi le ale si míese Nyaɖeɖefia 16:21, si ƒo nu tso gbedeasi si le abe kpetsi ene hã gɔmee ŋu. Numekuku na míekpɔe be ŋɔŋlɔ eve siawo de nu wo nɔewo me. Le mɔ ka nu? Ŋuɖoɖoa dze le ale si Biblia gblɔ be amewo awɔ nu ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋui me. Apostolo Paulo gblɔ tso “ame siwo xɔm wole ɖe agbe” ŋu be, nya nyuia le na wo abe “ʋeʋẽ lilili si kplɔa ame yia agbe me” ene. Gake Mawu ƒe futɔwo ya la, gbedeasia nye nya vɔ̃ kpakple “ku ƒe ʋeʋẽ” na wo. (2 Kor. 2:15, 16) Wolé fu Fiaɖuƒegbedeasia elabe eklo nu le xexe si wolɔ̃ la dzi be enye xexe vɔ̃ɖi si dzi ɖum Satana le, si ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me.—Yoh. 7:7; 1 Yoh. 2:17; 5:19.

De dzesii hã be kpetsi si ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 16:21 la ‘nu asẽ wu gbɔgblɔ.’ Esia fia be le xaxa gãa me la, anɔ eme be gbedeasi si míaɖe gbeƒãe la nu asẽ geɖe wu. Esia ana ame geɖewo nava se Yehowa ƒe ŋkɔ. (Eze. 39:7) Le ɣeyiɣi mamlɛ ma me ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la vɔ la, ɖe Fiaɖuƒegbedeasia aʋẽ na ame aɖewo lilili eye woaɖe afɔ si sɔa? Anɔ eme nenema. Ðewohĩ woaɖo ŋku edzi alo woava nya be Yehowa Ðasefowo le egblɔm xoxoxo ƒe gbogbo aɖewoe nye ema be woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo eye wokpɔe be eva eme.

Míate ŋu atsɔ esia asɔ kple nu si dzɔ le blema Egipte esi Fuwɔame Ewoawo va wo dzi. Esi Yehowa “[drɔ̃] ʋɔnu Egipte mawuwo katã” megbe la, “ame vovovowo ƒe ha gã aɖe” siwo menye Israel-viwo o la va wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo. (2 Mose 12:12, 37, 38) Anɔ eme be esi amedzrovi siawo kpɔ be Fuwɔame Ewo siwo katã ŋu nya Mose gblɔ la va eme la, ena woƒe susu trɔ ɖe Yehowa ŋu.

Ne wotsrɔ̃ Babilon Gãa vɔ la, mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo katã va Yehowa ƒe akpa dzi la si be woawɔ nyui na Kristo nɔvi siwo kpɔtɔ le anyigba dzi ɣemaɣi. (Mat. 25:34-36, 40) Míenya be mɔnukpɔkpɔ si le ʋuʋu ɖi be woava drɔ̃ ʋɔnu ame aɖe be enye alẽ la awu enu do ŋgɔ teti na Armagedon ne amesiamina susɔeawo yi dziƒo.

Numekɔkɔ yeye sia ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gã kple nublanuikpɔkpɔ fia nyuie. Nyateƒee, Yehowa “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—2 Pet. 3:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe