-
‘Ame Ka Tututue Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?’Gbetakpɔxɔ—2013 | July 15
-
-
2 Gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna le ɣeyiɣi si sɔ dzi ɖee fia be Yesu, si nye hamea ƒe Ta, le ŋugbe si wòdo be yeanyi mí la dzi wɔm. Ame kawo dzie wòtona wɔa esia? Esi Yesu nɔ eƒe anyinɔɣi ƒe dzesia ŋu nya gblɔm la, egblɔ be yeazã ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la ‘wòana nuɖuɖu yeƒe aƒemesubɔviwo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’a (Mixlẽ Mateo 24:45-47.) Kluvi nuteƒewɔla ma dzi tomee Yesu le le eyomedzela vavãwo nyim le nuwuɣi sia me. Ele vevie be míanya ame si kluvi nuteƒewɔla la nye. Míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu nɔ te ɖe amenyimɔnu sia dzi.—Mat. 4:4; Yoh. 17:3.
-
-
‘Ame Ka Tututue Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?’Gbetakpɔxɔ—2013 | July 15
-
-
ƔEKAƔIE KPƆÐEŊUA VA EME?
4-6. Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be ƒe 1914 megbe hafi Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ŋu te emevava?
4 Nya siwo ƒo xlã kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be nuwuɣi sia mee kpɔɖeŋua te emevava ke menye ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzie o. Mina míakpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míeƒo nya ta alea ɖa.
5 Kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua nye Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe “anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” ŋu ƒe akpa aɖe. (Mat. 24:3) Nyagblɔɖi si dze le Mateo 24:4-22 ƒe akpa gbãtɔ va eme zi eve—zi gbãtɔ tso ƒe 33 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 70 M.Ŋ. me, eye zi evelia le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea me. Ðe esia fia be nya siwo Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔlaa ŋu hã ava eme zi evea? Ao.
6 Tso nya siwo le Mateo 24:29 me dzi yina la, nu siwo adzɔ le míaƒe ŋkekea me ŋu koŋ Yesu ƒo nu tsoe. (Mixlẽ Mateo 24:30, 42, 44.) Esi wònɔ nu ƒom tso nu siwo adzɔ le xaxa gã la me ŋu la, egblɔ be “woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna.” Eyome egblɔ na ame siwo anɔ agbe le nuwuɣia me la be woanɔ ŋudzɔ esi wògblɔ be, “Mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o”; egblɔ kpee be: “Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.”b Esi Yesu nɔ nu ƒom tso nu siwo adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋue wògblɔ kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be esi ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me megbe ko hafi nya siwo Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔla ma ŋu la te emevava. Gɔmesese le eŋu nenema. Nu ka ta?
7. Esi nuŋeɣia dze egɔme la, biabia vevi kae fɔ ɖe te, eye nu ka tae?
7 De ŋugble le nyabiase sia ŋu vie kpɔ: ‘Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la?’ Le ƒe alafa gbãtɔ me la, susu aɖeke meli si tae woabia nya ma o. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, apostoloawo wɔ nukunuwo eye wote ŋu na nukununana siawo ame bubuwo gɔ̃ hã tsɔ ɖo kpe edzi be yewo zãm Mawu le. (Dɔw. 5:12) Eya ta ɖe wòagahiã be ame aɖe nabia be ame ka tututue Kristo ɖo be wòaxɔ ŋgɔ mahã? Gake le ƒe 1914 me la, nɔnɔmeawo trɔ kura. Nuŋeɣia dze egɔme le ƒe ma me. Ɣeyiɣia de azɔ be woaho gbe wuwluiawo ahaɖe wo ɖe vovo tso luawo gbɔ. (Mat. 13:36-43) Esi nuŋeɣia dze egɔme la, alakpa Kristotɔ geɖewo nɔ gbɔgblɔm be Yesu yomedzela vavãwoe yewonye. Eya ta biabia vevi aɖe fɔ ɖe te: Aleke woawɔ ade dzesi luawo, si nye Kristotɔ amesiaminawo? Kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua ana ŋuɖoɖoa. Kristo yomedzela amesiaminawoe anye ame siwo ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuie wòsua wo.
AME KAE NYE KLUVI NUTEƑEWƆLA KPLE AÐAŊUDZELA LA?
8. Nu ka tae wòsɔ be kluvi nuteƒewɔla la natso Kristotɔ amesiaminawo dome?
8 Ele be kluvi nuteƒewɔla la natso Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi la dome. Woyɔ amesiamina siawo be “nunɔla siwo nye fiawo,” eye wode dɔ asi na wo be ‘woaɖe gbeƒã ame si yɔ wo tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me la ƒe nɔnɔme nyuiwo.’ (1 Pet. 2:9) Eya ta esɔ be “nunɔla siwo nye fiawo” la me tɔwo nanye ame siwo afia nyateƒea woƒe haxɔsetɔwo.—Mal. 2:7; Nyaɖ. 12:17.
9. Amesiamina siwo le anyigba dzi la katãe ƒo ƒu wɔ kluvi nuteƒewɔla la? Ðe eme.
9 Amesiamina siwo le anyigba dzi la katãe ƒo ƒu wɔ kluvi nuteƒewɔla la? Ao. Menye amesiaminawo katãe kpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana haxɔsetɔwo me le xexe bliboa me o. Lu ƒe ha la me tɔ amesiamina aɖewo tea ŋu nyea subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemetsitsiwo le hame si me wole me. Woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me hefiaa nu le woƒe hamea me, eye wowɔna ɖe mɔfiame siwo tso míaƒe dɔwɔƒegã la dzi. Gake womekpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo la me o. Azɔ hã, amesiaminawo dometɔ aɖewo nye nɔvinyɔnu bɔbɔɖokui siwo matee kpɔ gbeɖe be yewoanye nufialawo le hamea me o.—1 Kor. 11:3; 14:34.
10. Ame kae nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la?
10 Ekema ame kae nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la? Abe ale si ko Yesu to ame ʋɛwo dzi nyi ame geɖewoe ene la, nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si kpɔa gome le asitɔtrɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu kple emama me tẽe le Kristo ƒe anyinɔɣia ye nye kluvi si zãm wòle egbea. Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, nɔviŋutsu amesiamina siwo ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla la le subɔsubɔm ɖekae le míaƒe dɔwɔƒegã la. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha lae nye kluvi la. Gake mina míade dzesii be nya “kluvi” si Yesu zã le kpɔɖeŋua me la nye ŋkɔnya xexlẽnuɖekɛtɔ, si fia be enye kluvi ƒe ha ɖeka. Eya ta Dɔdzikpɔha la me tɔwo wɔa woƒe nyametsotsowo ɣesiaɣi abe ƒuƒoƒo ene.
AME KAWOE NYE AƑEMESUBƆVIAWO?
11, 12. (a) Nu ka kple nu ka nue woɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela lae? (b) Ɣekaɣie Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔlaa eƒe aƒemesubɔviwo nu, eye ame kawoe wòtia?
11 Ele be míade dzesii be le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, woɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la nuwo nu zi eve. Gbã, woɖoe aƒemesubɔviwo nu; evelia, woɖoe eƒe aƒetɔ ƒe nuwo katã nu. Esi wònye be nuwuɣi sia me koe kpɔɖeŋua ava eme le ta la, kluvi la ɖoɖo nuwo nu zi evea siaa hã ava eme ne Yesu ƒe anyinɔnɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me dze egɔme le ƒe 1914 me megbe.
12 Ɣekaɣie Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔla la eƒe aƒemesubɔviwo nu? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míatrɔ ayi megbe le ƒe 1914 me, si nye nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze. Abe ale si míesrɔ̃e ene la, ƒuƒoƒo geɖewo nɔ gbɔgblɔm ɣemaɣi be Kristotɔwoe yewonye. Ƒuƒoƒoawo dometɔ ka mee Yesu atia kluvi nuteƒewɔla la tsoe ahaɖoe nuwo nu? Woɖo biabia ma ŋu esi eya kple Fofoa wova lé ŋku ɖe gbedoxɔa, si nye gbɔgbɔmeɖoɖo si wowɔ na tadedeagu, ŋu tso ƒe 1914 me va se ɖe ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze.c (Mal. 3:1) Wokpɔ ŋudzedze ɖe Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo sue siwo ɖee fia be yewoƒe dzi ku ɖe Yehowa kple eƒe Nyaa ŋu la ŋu. Ele eme be ehiã be woakɔ wo ŋu ya, gake wobɔbɔ wo ɖokuiwo le dodokpɔ kple wo ŋu kɔkɔ ƒe ɣeyiɣi mawo me hewɔ tɔtrɔwo. (Mal. 3:2-4) Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒe mawoe nye Kristotɔ vavã siwo luawo tsi tre ɖi na. Le ƒe 1919 me esime dzo gaɖo wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, Yesu tia nɔviŋutsu amesiamina siwo dze le wo dome be woanye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la, eye wòɖo wo eƒe aƒemesubɔviwo nu.
13. Ame kawo hãe le aƒemesubɔviawo dome, eye nu ka tae?
13 Ke ame kawoe nye aƒemesubɔviawo? Kpuie ko la, woawoe nye ame siwo nyim wole. Le ŋkeke mamlɛawo ƒe gɔmedzedzea la, aƒemesubɔviawo katã nye amesiaminawo. Emegbe la, alẽ bubuawo ƒe ameha gã la me tɔwo hã va zu aƒemesubɔviwo. Fifia “alẽha ɖeka” si le Kristo ƒe kpɔkplɔ te la me tɔ akpa gãtɔ nye alẽ bubuawo. (Yoh. 10:16) Gbɔgbɔmenuɖuɖu si kluvi nuteƒewɔla la nana le enaɣi la ɖea vi na ƒuƒoƒo evea siaa. Ke ɖe Dɔdzikpɔha la me tɔ siwo ƒo ƒu wɔ kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela egbea hã nye aƒemesubɔviwoa? Ɛ̃, elabena ehiã be woanyi nɔviŋutsu mawo hã le gbɔgbɔ me. Eya ta wolɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be, abe ame ɖekaɖekawo ene la, yewo hã yewonye aƒemesubɔviwo, abe Yesu yomedzela vavã mamlɛawo ke ene.
Dziƒo alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe ɖale mía si o, mí katã míenye aƒemesubɔviwo, eye míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke si míexɔna ɖe ɣeyiɣi dzi
14. (a) Agbanɔamedzi kae wode kluvi nuteƒewɔla la si, eye nu kawoe esia lɔ ɖe eme? (b) Nuxlɔ̃ame kae Yesu na kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la? (Kpɔ aɖaka si nye, “Ne Kluvi Vɔ̃ɖi La . . .”)
14 Yesu de dɔ gã aɖe asi na kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa. Le Biblia ŋlɔɣi la, kluvi si dzi woka ɖo, alo aƒedzikpɔla, kpɔa eƒe aƒetɔ ƒe nuwo dzi. (Luka 12:42) Nenema kee wotsɔ aƒemesubɔviwo alo xɔsetɔwo dzi kpɔkpɔ de kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la si. Dɔdeasi sia ƒe akpa aɖee nye ga, nunɔamesiwo, gbeƒãɖeɖedɔa, takpekpe suewo kple gãwo ŋuti ɖoɖowo dzi kpɔkpɔ. Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ kpakple hamea ƒe nusɔsrɔ̃wo me la hã dzi kpɔkpɔ kpe ɖe eŋu. Gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo katã kluvi ƒe ha la nana nue aƒemesubɔviawo nɔa agbe ɖo.
-