INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 48 axa 216-219
  • ‘Xɔse Sẽŋu Nɔ Esi Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔe Fũu’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Xɔse Sẽŋu Nɔ Esi Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔe Fũu’
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Woƒu Kpe Stefano
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 48 axa 216-219

48 STEFANO

‘Xɔse Sẽŋu Nɔ Esi Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔe Fũu’

Tatatɔ
Tatatɔ

STEFANO ƒe agbe ɖo afɔku me. Wotso enu be ewɔ nu vlo, eya ta wokplɔe va Sanhedrin la, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia kee tso kufia na Yesu ɣleti aɖewo do ŋgɔ eye wowui. Togbɔ be Stefano nya be woate ŋu atso afia be woawu ye hã la, eɖe dzi ɖi. Biblia gblɔ tso Stefano ŋu be: “Eƒe mo le abe mawudɔla ƒe mo ene.” Nu kae na wòɖe dzi ɖi nenema togbɔ be amegbetɔ madeblibo ko eya hã nye hafi? Ŋuɖoɖoae nye be dzi nɔ eƒo.

Biblia gblɔ be Stefano nye ame si si “xɔse sẽŋu le eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu.” Apostolo siwo nɔ Yerusalem la ka ɖe edzi ale gbegbe eye wode dɔ vevi aɖe asi nɛ be wòakpɔ egbɔ be wokpe ɖe nɔvi siwo hiã tu le hamea me la ŋu. Gbe ɖeka la, Yudatɔ aɖewo do dziku ɖe Stefano ŋu vevie eye wote nyaʋiʋli kplii. Gake Stefano zã ŋɔŋlɔawo nyuie le eƒe nuƒoƒo me ale gbegbe be tsitretsiɖeŋula siawo mete ŋu kpɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eŋu nɛ o. Esia na dzi gaku wo wu tsã si ta wohee yi Sanhedrin la ŋkume. Alea wòdzɔe be Stefano ƒe agbe ɖo afɔku me, elabe Sanhedrin la atso nya me nenye be anɔ agbe alo woawui.

Ðewohĩ Stefano nya dzideƒonamenya si Yesu gblɔ na eyomedzela siwo aɖo nɔnɔme siawo tɔgbi me. Yesu gblɔ na wo be: “Migatsi dzimaɖi le nya si miagblɔ ŋu o; ke boŋ nya sia nya si woana mi le gaƒoƒo ma me la, migblɔe, elabena menye miawoe le nu ƒom o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe lae.” (Marko 13:11) Anɔ eme godoo be nya siawo na dzi ɖo Stefano ƒo. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe eŋu wòɖe dzi ɖi ale gbegbe be esi wòtɔ ɖe Sanhedrin la ŋkume la eƒe dzedzeme ɖi mawudɔlawo tɔ na ameawo.

Ʋɔnudrɔ̃la 71 ye wɔ Sanhedrin la, eye wo katã wonye Yuda subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔwo. Wokpea ta le xɔ gã aɖe me eye wonɔa anyi ɖe wo nɔewo xa le ɖoɖo nu le fli vovovo etɔ̃ me. Agbalẽŋlɔla eve nɔa nu siwo le edzi yim la ŋlɔm ɖi. Ame siawo katã ŋkumee Stefano tɔ ɖo eye nya si wotsɔ ɖe eŋue nye be egblɔ nya manyomanyowo tso Mose ƒe Sea kple gbedoxɔa ŋu. Ne ame aɖe gblɔ nya siawo tɔgbi la, wobunɛ be enye nu vlo wɔwɔ, eye woate ŋu awui ɖe eta.

Kayafa si nye nunɔlagã la bia tso Stefano si be wòaɖe eɖokui nu. Stefano dze eƒe nyawo gɔme kple Israel-viwo ƒe ŋutinya eye wòƒo nu tso Abraham ŋu gbã. Eƒo nu tso Yosef hã ŋu eye wògblɔ ale si Yosef ŋutɔ nɔviŋutsuwo, siwo va nye Israel to wuieveawo ƒe tatɔwo la, ti eyome. Emegbe eƒo nu tso Mose kple dɔ gã siwo wòwɔ la ŋu. Egblɔ nanewo gɔ̃ hã tso eŋu siwo mele Hebri Ŋɔŋlɔawo me o. Eye eɖo ŋku ale si Israel-viwo gbe Mose eye womeɖo toe o la hã dzi na wo.

Nya siwo katã Stefano gblɔ la ɖee fia be edea bubu Mose ƒe Sea, avɔgbadɔa kple gbedoxɔa ŋu. Gake ena wokpɔe hã be Mawu ƒe amewo dze aglã enuenu ɖe ame siwo Yehowa ɖo be woakplɔ wo la ŋu.

Eva hiã be Stefano naʋli eƒe xɔse ta le ʋɔnudrɔ̃la siwo lé fu Kristotɔwo eye wotso nya me xoxo be yewoawui la ŋkume

Stefano anya kpɔe be ŋutsu siawo maɖe asi le ye ŋu alo adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye o. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe na dzi ɖo Stefano ƒo wògblɔ ʋɔnudrɔ̃nya sesẽ aɖe na wo. Egblɔ na wo be wonye ‘kɔlialiatɔ siwo tsia tsitre ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu ɣesiaɣi,’ abe ale si wo tɔgbuiwo hã wɔe ene. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be wowu nyagblɔɖila si ƒe nya Mose gblɔ ɖi be ava, si anye gã wu ye la hã. Stefano gblɔ be nyagblɔɖila mae nye “ame dzɔdzɔe” Yesu, si nye Mesia la si wofia eyome mɔ hewui.

Sanhedrin la me tɔwo ƒe dzi ho ale gbegbe ɖe Stefano ŋu. Gake Yehowa na wòkpɔ ŋutega aɖe si do ŋusẽe. Stefano ɖɔ nu si wòkpɔ la ale: “Kpɔ ɖa! Mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Amegbetɔvi la wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime.” Ðeko nya siawo na Sanhedrin la me tɔwo ƒe dzi gafla! Nu ka ta? Elabe woanya ɖo ŋku nya si Yesu Kristo gblɔ ɖi ɣleti aɖewo do ŋgɔ esi wòtɔ ɖe wo ŋkume eye wonɔ ʋɔnu drɔ̃mee la dzi. Yesu gblɔ na wo be: “Miakpɔ Amegbetɔvi la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime.” (Mat. 26:64) Fifia Stefano ƒe nya siawo le eɖem fia be nya si Yesu gblɔ ɖi la va eme. Yesu le dziƒo le Yehowa gbɔ!

Stefano ɖe dzi ɖi eye wòle nu ƒom kakaɖedzitɔe le Sanhedrin la ŋkume. Subɔsubɔhakplɔlawo le ɣli dom ɖe eta, ɖewo tsyɔ asi to eye bubuwo le aɖukli ɖum ɖe eŋu.

Ŋutsu siawo dze Stefano dzi adãtɔe hee do go yi dua godo eye woƒu kpee. Ðewohĩ Stefano ganɔ Yesu kpɔm le ŋutegaa me esi wonɔ kpe ƒumee, eya ta edo ɣli gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.” Eyome eɖe kuku na Yehowa be: “Mègabu nu vɔ̃ sia na wo o.” Stefano wɔ nuteƒe va se ɖe ku me. Eyae nye Kristotɔ gbãtɔ si wowu le eƒe xɔse ta. Ðekakpui aɖe nɔ eteƒe gbe ma gbe esi wonɔ kpe ƒum Stefano eye eya hã da asi ɖe edzi be woawui. Gake ɖekakpui ma meŋlɔ nya mamlɛ siwo Stefano gblɔ hafi ku la be kpɔ gbeɖe o. Míasrɔ̃ nu geɖe tso ɖekakpui sia ŋu le Ta 50, 51 kple 53 me.

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Dɔwɔwɔwo 6:5–8:2

Numedzodzro:

Aleke Stefano ɖe dzinɔameƒo fiae?

Ku Nu Me

  1. 1. Nu ka tae apostoloawo tia Stefano kple ŋutsu bubu siwo “gbɔgbɔ kple nunya yɔ fũu” be woama nuɖuɖu na ame siwo dzi nu mede le hamea me o? (Dɔw. 6:​3-5; bt 41-42 ¶17-18) A

    Stefano le dɔwo dzi kpɔm le nudzraɖoƒexɔ aɖe me. Nɔviŋutsu eve tsɔ kusi gã siwo me nuɖuɖu le la vɛ eye nɔviŋutsu bubu nɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu le nu siwo wotsɔ vɛ la ŋlɔm ɖi; nudanu le egbɔ.

    Nɔnɔmetata A

  2. 2. Nya vevi kawoe Stefano gblɔ tso Mose ŋu siwo medze le Biblia-gbalẽ bubu aɖeke me o? (bt 48 ¶13, etenuŋɔŋlɔ)

  3. 3. Nu kae kpe ɖe Stefano ŋu wòɖe dzi ɖi nenema gbegbe esime wonɔ eyome tim? (w18.10 32)

  4. 4. Ðe nya si le Dɔwɔwɔwo 7:59 ɖee fia be Stefano do gbe ɖa na Yesua? (w05 1/1 31-wcgr)

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • ‘Xɔse sẽŋu nɔ Stefano si eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu.’ Enye “ame si nu Mawu ve eye wòna ŋusẽ geɖe.” Gake elɔ̃ faa wɔ dɔ si wode esi be wòama nuɖuɖu na amewo. (Dɔw. 6:​2, 5, 8) Aleke nɔviŋutsu siwo si ŋutete tɔxɛwo le alo esiwo le agbanɔamedzi geɖe tsɔm le hamea me la ate ŋu asrɔ̃ Stefano? B

    Fotoawo: 1. Hamemetsitsi aɖe le nuƒo ƒom le takpekpe sue aɖe me. 2. Etsɔ sofi le sno lɔm le Fiaɖuƒe Akpata aɖe ƒe ʋutɔɖoƒe.

    Foto B

  • Stefano do gbe ɖa ɖe eyometilawo ta. Aleke míate ŋu aɖee afia ame siwo tsia tre ɖe mía ŋu eye wotiaa mía yome egbea be míelɔ̃ wo? (Mat. 5:​44-48)

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Stefano ƒe dzinɔameƒo?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu ka tae wòdzɔ dzi na wò be wotia Stefano be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Kpɔ ale si nàna dzi nanɔ ƒowò nàɖe wò dzixɔsewo me na amewo bubutɔe abe Stefano ene.

“Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’” (bt 47-50 ¶9-19)

Aleke Yehowa subɔla siwo yome tim wole egbea ate ŋu ana dzi nanɔ wo ƒo abe Stefano ene?

Wowɔ Nu Dzinɔameƒotɔe Esi Woti Wo Yome (6:27)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe