INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Kpɔ Yehowa Sinu Na Akɔfafa
    Gbetakpɔxɔ—1996 | November 1
    • 14. (a) Ŋugbe kae Yesu do le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me? (b) Nukae hiã hafi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa naɖe vi na mí bliboe?

      14 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔe kɔte na eƒe apostolo nuteƒewɔlawo be eteƒe madidi o yeadzo le wo gbɔ agbugbɔ ayi ye Fofo gbɔ. Nya sia ɖe fu na wo gado nuxaxa na wo. (Yohanes 13:33, 36; 14:27-31) Esi Yesu nya alesi akɔfafa hiã wo ɣesiaɣie ta la, edo ŋugbe na wo be: “Nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana [akɔfala, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ] bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes 14:16) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si wokɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi le eƒe tsitretsitsi ƒe ŋkeke 50 megbe, ŋu nya gblɔm wònɔ le afisia.a Hekpe ɖe dɔ bubuwo wɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fa akɔ na wo le woƒe tetekpɔwo me eye wòdo ŋusẽ wo be woayi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi. (Dɔwɔwɔwo 4:31) Gake mele be míabui be kpekpeɖeŋu sia nye nusi vana le eɖokui si o. Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nayi edzi anɔ gbe dom ɖa anɔ kpekpeɖeŋu fakɔname si Mawu nana to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la biam hafi wòaɖe vi na wo bliboe.—Luka 11:13.

  • Kpɔ Yehowa Sinu Na Akɔfafa
    Gbetakpɔxɔ—1996 | November 1
    • a Dɔ vevi siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dzi dometɔ ɖekae nye be esi ami na wo ale be woxɔ wo be woazu Mawu viwo kple Yesu nɔviwo. (Korintotɔwo II, 1:21, 22) Kristo ƒe nusrɔ̃la 144,000 koe woɖo esia ɖi na. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Egbea agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe wona Kristotɔ akpa gãtɔ dɔmenyotɔe. Togbɔ be womesi ami na wo o hã la, woawo hã xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe akɔfafa.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe