DZEÐOÐOA DZI YIYI
NUSƆSRƆ̃ 7
Ðe Gbeƒã Madzudzɔmadzudzɔe
Nya si Biblia gblɔ: “Woyi edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm . . . madzudzɔmadzudzɔe.”—Dɔw. 5:42.
Ale Si Paulo Wɔe
1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Dɔwɔwɔwo 19:8-10. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:
Esi ame aɖewo gbe be yewomaɖo to Paulo oa, aleke wòyi edzi kpe ɖe ame siwo lɔ̃ be yewoaɖo to ŋu?
Zi nenie Paulo trɔ yi vae fia nu ame siwo lɔ̃ ɖo to, eye ɣeyiɣi didi kae wòwɔ esia?
Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Paulo Gbɔ?
2. Ele vevie be míatrɔ ayi ame siwo míeɖe gbeƒã na gbɔ edziedzi ale be míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo.
Srɔ̃ Paulo
3. Dze agbagba nàwɔ ɖe game si amea ɖo na wò dzi. Bia ɖokuiwò be: ‘Afi kae mate ŋu ake ɖe eŋu le, eye ɣekaɣie mate ŋu ake ɖe eŋu bɔbɔe? Ɣekaɣie vovo anɔ eŋu míaɖo dze?’ Ne game si wòɖo na wò mesɔ na wò o hãa, dze agbagba nàwɔ edzi.
4. Wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi. Ɣesiaɣi si nètrɔ yi amea gbɔ eye mieɖo dze vɔa, biae be ɣekaɣie asɔ nɛ be yeagatrɔ ava yewoayi dzeɖoɖoa dzi hã. Dze agbagba nàwɔ ɖe game si wòaɖo na wòa dzi.
5. Mègasusu be amea medi be yeaɖo to o. Ne esesẽna be nàtu amea le aƒe me alo zi geɖea vovo menɔa eŋu oa, ema mefia kokoko be amea medi be yease nyaa o. (1 Kor. 13:4, 7) Eya ta dze agbagba nànɔ egbɔ yim, gake kpɔ egbɔ be yemele ɣeyiɣi gblẽm dzodzro o.—1 Kor. 9:26.