-
“Mitsɔ Ðokuibɔbɔɖeanyi Hetsyɔ”Gbetakpɔxɔ—1999 | August 1
-
-
“Mitsɔ Ðokuibɔbɔɖeanyi Hetsyɔ”
“Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—PETRO I, 5:5.
1, 2. Tamesusu ƒe nɔnɔme eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kawoe kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi?
LE TAMESUSU ƒe nɔnɔme siwo dzi Mawu ƒe Nya he míaƒe susu yii dome la, eve li siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Wo ame evea siaa kpɔ ŋusẽ deto ɖe amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi. Woɖɔ ɖeka be enye ‘ɖokuibɔbɔɖeanyi ƒe nukpɔsusu.’ (Petro I, 5:5) Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe “bɔbɔɖeanyi” me be “ɖokuibɔbɔ le nuwɔna alo le gbɔgbɔ si woɖena fiana me: esi me ɖokuiŋudzedze kple dada mele o.” Ðokuibɔbɔɖeanyi ƒe nukpɔsusu de sɔsɔ ge kple ɖokuibɔbɔ, eye enye nɔnɔme nyui aɖe ŋutɔ le Mawu ƒe nukpɔsusu nu.
-
-
“Mitsɔ Ðokuibɔbɔɖeanyi Hetsyɔ”Gbetakpɔxɔ—1999 | August 1
-
-
21. Nukae ɖokuibɔbɔɖeanyi mefia o?
21 Esi wònye be Yesu, Petro, Paulo, kple ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ bubuwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi ta la, woɖee fia be susu si le amewo si be ɖokuibɔbɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi la menye nyateƒe o. Ke boŋ efia agbenyuinɔnɔ ƒe ŋusẽ, elabena dzi nɔ ame siawo ƒo eye dzo nɔ wo me. Le susu me kple agbenyuinɔnɔ me ŋusẽ gã si nɔ wo si ta la, wote ŋu do dzi le tetekpɔ sesẽwo me. (Hebritɔwo, ta 11) Eye egbea, ne Yehowa subɔlawo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi la, ŋusẽ ma tɔgbe nɔa wo ŋu, elabena Mawu tsɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa doa ŋusẽ ɖokuibɔbɔɖeanyilawo. Eyata woxlɔ̃ nu mí be: “Mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu. Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi.”—Petro I, 5:5, 6; Korintotɔwo II, 4:7.
-