Ta 8
Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?
1, 2. Aleke amegbetɔ ƒe fukpekpe na amewo wɔa nui zi geɖe?
NE AFƆKUWO dzɔ, eye nunɔamesiwo dome gblẽ eye amewo ku la, ame geɖe mete ŋu sea nusita nu dziŋɔ siawo dzɔna la gɔme o. Alesi ŋutasesẽ kple nuvlowɔwɔ kakae, alesi wosẽa tagbɔ ɖekematsɔlemetɔe le wo mee la ɖea fu na ame bubuwo vevie. Ðewohĩ wò hã èbu eŋu kpɔ be, ‘Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?’
2 Esi ame geɖe mekpɔ ŋuɖoɖo nyui aɖeke na nya sia o ta la, womegaxɔa Mawu dzi se o. Wotsɔnɛ be metsɔ ɖeke le ameƒomea me o. Amesiwo tsɔe be dzɔdzɔmenue fukpekpe nye hã bia dzi eye wobua fɔ Mawu ɖe nugbegblẽwɔwɔ siwo katã le amegbetɔƒomea me la ta. Ne èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ la, ke ɖikekemanɔmee la, àdi vevie be yeanya nusi Biblia gblɔ le nya siawo ŋu.
MENYE MAWU GBƆE FUKPEKPE TSO O
3, 4. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be menye Yehowa gbɔe nugbegblẽwɔwɔ kple fukpekpe tso o?
3 Biblia ka ɖe edzi na mí be menye Yehowa Mawu gbɔe fukpekpe siwo vaa mía dzi la tso o. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Esi wòle nenema ta la, fukpekpe gbogbo siwo le fu ɖem na ameƒomea la mate ŋu atso Mawu gbɔ o. Mehea tetekpɔwo vaa amewo dzi be yeana woadze na agbenɔnɔ le dziƒo o, eye menaa amewo kpea fu ɖe nuvɔ̃ siwo wosusu be yewowɔ le agbe si yewonɔ va yi me hã ta o.—Romatɔwo 6:7.
4 Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be wowɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Mawu kple Kristo ƒe ŋkɔ me hã la, naneke mele Biblia me si fia be wo dometɔ aɖe da asi ɖe nusiawo dzi ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Mawu kple Kristo mele kadodo aɖeke me kple amesiwo gblɔna be wo subɔlawoe yewonye evɔ wohenye amebalawo, ayemefifilawo, amewulawo, kple adzodalawo, eye wowɔa nu bubu siwo naa amewo kpea fu la o. Le nyateƒe me, “ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa.” “Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ.”—Lododowo 15:9, 29.
5. Nukawoe nye Yehowa ƒe nɔnɔme aɖewo, eye aleke wòsena le eɖokui me ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu?
5 Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be ‘dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ yɔe fũ.’ (Yakobo 5:11) Eɖe gbeƒãe be “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Psalmo 37:28; Yesaya 61:8) Mewɔa wɔɖenui o. Etsɔa veveseseɖeamenu léa be na eƒe nuwɔwɔwo eye nusi nyo na wo wue wònaa wo katã. (Dɔwɔwɔwo 14:16, 17) Yehowa le esia wɔm tso esime agbe dze egɔme le anyigba dzi ke.
GƆMEDZEDZE DEBLIBO AÐE
6. Aleke xotutu aɖewo ƒo nu tɔ ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedzee?
6 Mí katã míekpɔnɛ amewo sea veve hekpea fu eye nusiawo ke dzɔna ɖe mía ŋutɔwo hã dzi. Eyata ɖewohĩ asesẽ be míabu eŋu be ɣeyiɣi aɖe anɔ anyi si me fukpekpe manɔ o, gake nenemae nuwo nɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedzea me. Nya sia dzena le dukɔ aɖewo ƒe xotutuwo gɔ̃ hã me. Le Helatɔwo ƒe xotutu me la, woyɔ “Amegbetɔ ƒe Azã Atɔ̃awo” ƒe gbãtɔ be “Dzidzɔɣeyiɣi.” Amegbetɔ nɔ agbe le dzidzɔ me ɣemaɣi, hloloetsotso, vevesese, kple tsitsi ƒe nugbegblẽ menɔ anyi o. Chinatɔwo toa gli be le Fiagã Aŋutiɖiɖitɔ (Huang-Ti) ƒe dziɖuɣi la, amewo nɔ ŋutifafa me, ɖekawɔwɔ nɔ woawo kple yame ƒe nɔnɔmewo kpakple lã wɔadãwo gɔ̃ hã dome. Dzidzɔ kple blibodede siwo nɔ anyi le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la ƒe xotutuwo le Persiatɔwo, Egiptetɔwo, Tibettɔwo, Perutɔwo, kple Mexicotɔwo siaa si.
7. Nukatae Mawu wɔ anyigba la kple ameƒomea?
7 Nusi Biblia, amegbetɔ ƒe ŋutinya ŋuti nuŋlɔɖi xoxotɔ, gblɔ koe dukɔwo ƒe xotutuwo hã gagbugbɔ le gbɔgblɔm. Egblɔ na mí be Mawu da atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, ɖe paradiso aɖe si woyɔna abe Eden-bɔ me eye wòde se na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:28) Mía dzila gbãtɔwo nɔ anyi le blibodede me eye mɔkpɔkpɔ nɔ wo si be woakpɔe anyigba bliboa katã nazu paradiso si me amegbetɔƒome deblibo anɔ le ŋutifafa kple dzidzɔ me. Tame mae Mawu ɖo esime wòwɔ anyigba kple amegbetɔƒomea.—Yesaya 45:18.
GBETƆAME vɔ̃ɖi aɖe
8. Se ka dzie wodi tso Adam kple Xawa si be woawɔ ɖo, gake nukae dzɔ?
8 Ne Adam kple Xawa di be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nanɔ yewo dzi la, ke mele be woaɖu ‘sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la’ ƒe tsetse o. (Mose I, 2:16, 17) Ne ɖe wowɔ ɖe Yehowa ƒe sea dzi la, anye ne fukpekpe aɖeke manɔ anyi agblẽ amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ me hafi o. Ne wowɔ Mawu ƒe sea dzi la, woaɖe woƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na Yehowa afia. (Yohanes I, 5:3) Gake abe alesi míesrɔ̃e le ta 6 lia mee ene la, meva yi nenema o. Esi Satana ƒo nya ɖe Xawa nu la, eɖu atia ƒe tsetse. Emegbe Adam hã ɖu ati si nu wode se ɖo la ƒe tsetse.
9. Nyaʋiʋli si ku ɖe Yehowa ŋu kae Satana fɔ ɖe te?
9 Èkpɔ alesi nusi dzɔ la nye ŋkubiãnyaea? Yehowa ƒe ɖoƒe si nye Dziƒoʋĩtɔ ŋue Satana nɔ nya tsɔm ɖo. Esi Abosam gblɔ be “Miele kuku ge akpɔ o” la, etsi tre ɖe nya si Mawu gblɔ be ‘Ku ke miaku’ la ŋu. Nya siwo Satana gagblɔ la fia be Yehowa ɣla alesi Adam kple Xawa awɔ anɔ abe Mawu ene bene magahiã be Eya natso nya me na wo le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu o la ɖe wo. Eyata Satana ƒe gbetɔamea fɔ nya ɖe Xexeame Katã ƒe Dziɖulanyenye ƒe ɖoƒe si Yehowa le la ƒe dzedze kple nyonyo ŋu.—Mose I, 2:17; 3:1-6.
10. Nya kawoe Satana gblɔ ayetɔe tso amegbetɔwo ŋu?
10 Satana Abosam gagblɔ ayetɔe be ne amewo le viɖe kpɔm tso toɖoɖo Mawu me ko hafi woɖoa to Yehowa. Ne míagblɔe bubui la, etsɔ nya ɖe amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. Satana ƒe nutsotsoe nye be ame aɖeke malɔ̃ faa awɔ nuteƒe na Mawu o. Satana ƒe nutsotso vɔ̃ɖi sia dze ƒã le Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe Hiob, Yehowa subɔla nuteƒewɔla aɖe si to dodokpɔ gã aɖe me ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na ƒe 1600 D.M.Ŋ. ŋu la ƒe ŋutinya me. Ne èxlẽ Hiob ƒe ta eve gbãtɔawo la, akpe ɖe ŋuwò nàse nusita amegbetɔ kpea fu ɖo kple nusita Mawu ɖe mɔ ɖe eŋu la gɔme nyuie wu.
11. Ameka ƒomevie nye Hiob, gake aleke Satana tso enui?
11 Satana tsɔ nya ɖe Hiob, amesi nye “ame maɖifɔ [kple] ame dzɔdzɔe” la ŋu. Gbã la, Satana di be woabui be susu vɔ̃e le tame na Hiob, esi wòbia be, “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?” Emegbe Abosam gblẽ Mawu kple Hiob siaa ŋu ayetɔe esi wòtsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be ɖe wòƒle Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ to alesi wòkpɔa eta heyranɛ me. Satana ke ɖi Yehowa be: “Ke do asi ɖa, ne nade asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ oa?”—Hiob 1:8-11.
12. (a) Nyabiabia kawoe ne Mawu ɖe mɔ na Satana wòdo Hiob kpɔ ko hafi woate ŋu aɖo wo ŋu? (b) Nukae do tso Hiob ƒe dodokpɔa me?
12 Nu nyui siwo Hiob xɔ tso Mawu gbɔ tae wònɔ Yehowa subɔm ɖoa? Ðe Hiob alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔ mea? Azɔ hã, ɖe Yehowa ka ɖe esubɔla la dzi bliboe be wòaɖe mɔ ne woadoe akpɔa? Ne Yehowa ɖe mɔ Satana he dodokpɔ sesẽtɔwo wu va Hiob dzi la, woate ŋu aɖo nya siawo ŋu. Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ si Mawu ɖe mɔ wòva edzi me, abe alesi wogblɔe ɖe Hiob ƒe agbalẽa me ene, nye Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ taʋiʋli gã aɖe.—Hiob 42:1, 2, 12.
13. Aleke nusi dzɔ le Eden-bɔa me kple ɖe Hiob dzi la ka míi?
13 Gɔmesese si gade ŋgɔ wu le nusi dzɔ le Eden-bɔa me kple nusi dzɔ ɖe Hiob dzi la ŋu. Nya siwo Satana fɔ ɖe te la ku ɖe ameƒomea katã ŋu, eku ɖe míawo hã ŋu egbea. Eƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ, eye wòtɔ gbe eƒe dziɖulanyenye. Eke ɖi Mawu ƒe nuwɔwɔ si nye amegbetɔ ƒe nudzɔdzɔewɔwɔ. Ele be woakpɔ nya siawo gbɔ.
ALESI WOAKPƆ NYAAWO GBƆE
14. Ne wotsɔ tamevɔ̃ɖoɖo tso ame aɖe nui la, nukae amesi nu wotso la ate ŋu awɔ?
14 Na míatsɔe le kpɔɖeŋu me be ènye dzila lɔlɔ̃tɔ si si vi geɖe le le ƒome kpɔdzidzɔ aɖe me. Tsɔe be wò aƒelika aɖe le ŋuwò gblẽm be mènye dzila nyui o. Ne aƒelika ma gblɔ be viwòwo melɔ̃ wò o, ɖekemanya tae wole gbɔwò ɖo, eye be woadzo le gbɔwò ne ame aɖe ʋu ŋku na wo ɖe. Ðewohĩ àgblɔ be ‘Ameŋugblẽnya kae nye ma!’ Nyateƒee, gake aleke nàɖo kpe edzii nɛ? Dzila aɖewo awɔ nu le dziku helĩhelĩ me. Hekpe ɖe alesi adãnuwɔwɔ ma adzi kuxiwo ɖe edzii ŋu la, ana woaxɔ aʋatso siwo wòka ɖe asiwò la hã dzi ase. Mɔ nyui si nu nàkpɔ nya sia gbɔ le enye be nàna mɔ nuwòtsola la be wòaɖo kpe eƒe nutsotsoa dzi eye be viwòwo hã naɖee fia be yewolɔ̃a wò nyateƒe.
15. Aleke Yehowa ɖoe be yeawɔ ɖe Satana ƒe gbetɔame ŋu?
15 Yehowa le abe dzila lɔlɔ̃tɔ la ene. Míate ŋu atsɔ Adam kple Xawa asɔ kple ɖeviawo, eye aƒelika aʋatsokala la sɔ kple Satana. Nunyatɔe la, Mawu metsrɔ̃ Satana, Adam, kple Xawa enumake o ke boŋ eɖe mɔ na agɔdzela siawo be woanɔ agbe vie. Esia na ɣeyiɣi mía dzila gbãtɔwo be wodzi vi tsɔ dze amegbetɔƒomea gɔmee, eye ena mɔnukpɔkpɔ Abosam hã be wòaɖo kpe edzi ne nyateƒee wòto ale be woakpɔ nyaʋiʋliawo gbɔ. Gake tso gɔmedzedzea ke la, Mawu nya be amegbetɔ aɖewo awɔ nuteƒe na ye eye woaɖo kpe edzi be aʋatsokalae Satana nye. Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be Yehowa yi edzi le amesiwo lɔ̃nɛ la yram eye wòkpena ɖe wo ŋu!—Kronika II, 16:9; Lododowo 15:3.
NUKA DZIE WOÐO KPEE?
16. Aleke xexeame wɔ va le Satana ƒe ŋusẽ te?
16 Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã kloe me la, ablɔɖe blibo su Satana si be wòzã eƒe aɖaŋu vovovowo tsɔ ɖu ameƒomea dzii. Nusiwo wòwɔ ƒe ɖewoe nye be ekpɔ ŋusẽ ɖe dunyaheŋusẽwo dzi eye wòna subɔsubɔha siwo toa ayemɔ dzi nana be wosubɔnɛ ɖe Yehowa teƒe la kaka. Aleae wòwɔ Abosam va zu “xexe sia me mawu,” eye wogayɔnɛ hã be “xexe sia me fia.” (Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes 12:31) ‘Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te’ nyateƒe. (Yohanes I, 5:19) Ðe esia fia be Satana te ŋu ɖo kpe eƒe asiƒuakɔ be yeate ŋu ahe ameƒomea katã ɖa tso Yehowa Mawu gbɔ la dzia? Kura o! Le ɣeyiɣi si me Yehowa ɖe mɔ Satana li me la, ele dɔ wɔm tso eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo hã ŋu. Ke nukae Biblia ɖe fia le Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋuti la ŋu?
17. Nukae le be wòanɔ susu me na mí le nusi gbɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe tso la ŋu?
17 Menye Yehowa gbɔe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe tso o. Esi Satana nye xexe sia me fia kple nuɖoanyi sia ƒe mawu ta la, eya kple edzidelawo gbɔe nɔnɔme si me amegbetɔƒomea le egbea kple fu siwo katã ameƒomea le kpekpem la tso. Ame aɖeke mate ŋu agblɔe wòasɔ be Mawu gbɔe fukpekpe siawo tso o.—Romatɔwo 9:14.
18. Nuka dzie Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu ɖo kpee le ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ ŋu?
18 Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu ɖo kpe edzi be ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ mehe xexeme si nyo wu vɛ o. Míate ŋu ake ɖi le eŋu o be afɔkuwo koe kplɔ wo nɔewo ɖo le ŋutinya me. Nusitae nye be amegbetɔwo tiae be yewoanɔ yewo ɖokui si eye womede bubu ŋutɔŋutɔ aɖeke Mawu ƒe nya kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu o. Esi Yehowa ƒe blemadukɔ la kple wo kplɔlawo wɔ ‘nusi dze amehawo ŋu’ eye wogbe eƒe nya la, eme menyo na wo kura o. Mawu gblɔ na wo to eƒe nyagblɔɖila Yeremya dzi be: “Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?” (Yeremya 8:5, 6, 9) Esi ameƒomea ƒe akpa gãtɔ gbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi ta la, wova zu abe tɔdziʋu si ŋu kuɖɔɖoti mele o eye ƒu dzeagbo le nyamanyamam ene.
19. Kpeɖodzi kae li be Satana mate ŋu atrɔ amesiame ɖa tso Mawu gbɔ o?
19 Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu gaɖo kpe edzi hã be Satana mete ŋu trɔ ameƒomea katã ɖa tso Yehowa gbɔ o. Ŋutinya ɖee fia be amewo nɔ anyi siwo wɔ nuteƒe na Mawu le tetekpɔ kple fukpekpe ɖesiaɖe ƒomevi si wohe va wo dzi me. Le ƒe alafawo me la, Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia ɖe esubɔlawo nu, eye woɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le anyigba bliboa katã dzi. (Mose II, 9:16; Samuel I, 12:22) Hebritɔwo ta 11 yɔ nuteƒewɔla gbogbo aɖewo, siwo dometɔ aɖewoe nye Abel, Henox, Noa, Abraham, kple Mose. Hebritɔwo 12:1 yɔ wo be “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã.” Wonye amesiwo ƒe Yehowa dzixɔxɔse meʋuʋuna o ƒe kpɔɖeŋuwo. Le míaƒe ɣeyiɣia me hã la, ame geɖe bu woƒe agbe le esi wogbe be yewomagblẽ yewoƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me o ta. Ame mawo tsɔ woƒe xɔse kple lɔlɔ̃ si le wo me ɖo kpe edzi ɖikekemanɔŋutɔe be Satana mate ŋu atrɔ amewo katã ɖa tso Mawu gbɔ o.
20. Nuka dzie Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu la ɖo kpee ku ɖe Mawu kple ameƒomea ŋu?
20 Mlɔeba la, Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu ɖo kpe edzi be Yehowa, Wɔla la, ko sie ŋutete kple gome le be wòaɖu ameƒomea dzi hena woƒe yayra kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ. Ameƒomea te dziɖuɖu ƒomevi geɖe kpɔ ƒe alafa geɖewo. Gake nukae do tso eme? Kuxi kple nɔnɔme sesẽ siwo dze ŋgɔ dukɔwo egbea ɖo kpe edzi le mɔ geɖe nu abe alesi Biblia gblɔe ene be, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Yehowa koe atso mí axɔ eye wòana tame si wòɖo le gɔmedzedzea me nava eme. Aleke wòle ewɔ ge, eye ɣekaɣie?
21. Nukae woava wɔ Satana, eye ameka dzie woato awɔ nusia?
21 Esi Satana ƒe aɖaŋuvɔ̃wo ƒe mɔ̃ ɖe Adam kple Xawa teti ko la, Mawu ɖe gbeƒã tso Eƒe tameɖoɖo si ku ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu. Ale Yehowa gblɔ le Satana ŋue nye si: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Nya ma nye kpeɖodzi be womaɖe mɔ na Abosam wòayi eƒe nugbegblẽawo wɔwɔ dzi tegbee o. Yesu Kristo, Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dzidzimevi la, ‘agbã ta na Satana.’ Ẽ, Yesu agbã aglãdzela Satana gudugudu “kpuie”!—Romatɔwo 16:20.
NUKAE NÀWƆ?
22. (a) Nyabiabia kawoe dze ŋgɔ wò? (b) Togbɔ be Satana ɖea dziku ɖe amesiwo wɔa nuteƒe na Mawu ŋu hã la, nuka dzie woate ŋu aka ɖo?
22 Esi nèva nya nya siwo ʋlim wole vɔ la, ameka dzie nàde? Ðe nàtsɔ wò nuwɔnawo aɖo kpe edzi be Yehowa dzidela si kuna ɖe eŋu goŋgoŋ ye yenyea? Esi Satana nya be ɣeyiɣi kpui aɖe koe gasusɔ na ye ta la, awɔ nusianu si wòate ŋui be wòaɖe dziku ɖe amesiwo di be yewoalé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi la ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:12) Gake àte ŋu abia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò elabena “[Yehowa] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me.” (Petro II, 2:9) Maɖe mɔ woado wò akpɔ wu alesi nàte ŋu atsɔ o, eye afia mɔ si nàto ado le eme la wò bene nàte ŋu ado dzi le tetekpɔawo me.—Korintotɔwo I, 10:13.
23. Nukae míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na?
23 Mina míatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Fia Yesu Kristo atu nu kple Satana kpakple amesiwo dzea eyome lae. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Yesu aɖe amesiwo katã ƒe asi le eme wohe fukpekpewo kple zitɔtɔwo va ameƒomea dzii la ɖa. Hafi ɣemaɣi naɖo la, fukpekpe aɖe si nyea vevesese gã aɖe na amee míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku nye. Xlẽ ta si kplɔe ɖo be nànya nusi dzɔna ɖe wo dzi.
DO WÒ SIDZEDZE KPƆ
Aleke míewɔ nya be menye Yehowa ye na amewo le fu kpem o?
Nyaʋiʋli kawoe Satana fɔ ɖe te le Eden siwo me va kɔ nyuie le Hiob ƒe ŋkekea me?
Nuka dzie Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu ɖo kpee?