-
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me ŊuGbetakpɔxɔ—2008 | December 15
-
-
“Dzidzimevi” Si Ŋugbe Wodo
18. Nya kae wogblɔ ɖi le Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ megbe, eye nu kae wova ɖe fia ku ɖe nyagblɔɖi sia ŋu emegbe?
18 Le keke Eden bɔa me ke, esime wòdze ƒãa be ameƒomea bu nu sia nu—woƒe tenɔnɔ dzadzɛ si le wo si le Mawu ŋkume, agbe tegbee nɔnɔ, dzidzɔkpɔkpɔ, kple Paradiso la—ye Yehowa Mawu do Ðela aɖe ƒe ŋugbe. Woyɔ ɖela sia be “dzidzime” alo dzidzimevi. (1 Mose 3:15) Dzidzimevi sia si womeʋu go ɣemaɣi o la va zu nyati vevi aɖe si ŋu Biblia me nyagblɔɖi gbogbo aɖewo ku ɖo hena ƒe geɖe. Ele be wòanye Abraham, Isak, kple Yakob ƒe dzidzimevi. Azɔ hã, ele be wòadzɔ tso Fia David ƒe ƒomea me.—1 Mose 21:12; 22:16-18; 28:14; 2 Sam. 7:12-16.
19, 20. (a) Ame kae nye Dzidzimevi la? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye Yesu ɖeka koe dzidzimevi si ŋugbe wodo la lɔ ɖe eme o?
19 Ame kae nye Dzidzimevi sia si ŋugbe wodo la? Míate ŋu akpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le Galatiatɔwo 3:16. (Mixlẽe.) Gake apostolo Paulo yi edzi gblɔ le ta ma ke me na Kristotɔ amesiaminawo be: “Gawu la, ne Kristo tɔe mienye la, ekema Abraham ƒe dzidzimee mienye vavã, domenyilawo le ŋugbedodo aɖe nu.” (Gal. 3:29) Aleke wɔ Kristo nye Dzidzimevi la, evɔ ame bubuwo hã ganye dzidzimevia ƒe akpa aɖe?
20 Ame miliɔn geɖe gblɔna be yewonye Abraham ƒe dzidzimeviwo, wo dometɔ aɖewo gblɔna be yewonye nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã. Subɔsubɔha aɖewo ƒua asi akɔ vevie be yewoƒe nyagblɔɖilawo dzɔ tso Abraham me. Gake ame siawo katãe nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la? Ao. Abe ale si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖee fia ene la, menye ame siwo dzɔ tso Abraham me la katãe ate ŋu agblɔ be yewonye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la o. Womezã Abraham ƒe vi bubuwo ƒe dzidzimeviwo tsɔ yra ameƒomea o. Isak ƒe ƒomea me koe dzidzimevi si dzi yayra ato ava la adzɔ tso. (Heb. 11:18) Mlɔeba la, ame ɖeka pɛ, si nye Yesu Kristo, si ƒe dzidzimeŋutinya si le Biblia me ɖee fia be Abraham mee wòdzɔ tso lae nye dzidzimevi si ŋugbe wodo la ƒe akpa vevitɔ.c Ame bubu siwo katã va nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la va le ɖoƒe ma le esi wonye ‘Kristo la tɔ’ ta. Ɛ̃, ɖoƒe si Yesu le le nyagblɔɖi sia me vava me la le etɔxɛ vavã.
-
-
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me ŊuGbetakpɔxɔ—2008 | December 15
-
-
c Togbɔ be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la nya be yewoe nye Abraham ƒe dzidzime le ŋutilã nu, alo yewodzɔ tso eyama me, eye be yewo nue woave hã la, wokpɔ mɔ be ame ɖeka aɖee ava nye Mesia la, alo Kristo la.—Yoh. 1:25; 7:41, 42; 8:39-41.
-
-
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me ŊuGbetakpɔxɔ—2008 | December 15
-
-
◼ Dzidzimevi Si Ŋugbe Wodo. (1 Mose 3:15) Yesu Kristo ɖeka pɛ koe nye ame si nye dzidzimevi si ŋu nya wogblɔ ɖi la ƒe akpa vevitɔ. Ame bubu siwo katã va nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la va le ɖoƒe ma le esi wonye ‘Kristo la tɔ’ ta.—Gal. 3:29.
-