INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Togbɔ Be Eku Hã La, Egale Nu Ƒom”
    Gbetakpɔxɔ—2013 | January 1
    • Ne nenemae la, ke eda ƒu ŋutɔ. Azɔ hã, ne eya kple Adam woƒã susu sia ɖe Kain me esime wònɔ tsitsim la, ke ɖikekemanɔmee la, wona dada si le eme le eƒe blibomademade ta la gado gã ɖe edzi. Emegbe Xawa dzi ŋutsuvi evelia, gake nuŋlɔɖia megblɔ be egblɔ nya siwo tɔgbi wògblɔ esi wòdzi Kain o. Wotsɔ ŋkɔ nɛ be Habel, si ate ŋu afia “Tofloko,” alo “Ƒuƒu.” (1 Mose 4:2) Ðe wotsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Kain dzi wu Habel tae wotsɔ ŋkɔ ma nɛ ɖoa? Míenya ya o.

  • “Togbɔ Be Eku Hã La, Egale Nu Ƒom”
    Gbetakpɔxɔ—2013 | January 1
    • Esime Kain kple Habel nɔ tsitsim la, anɔ eme be Adam fia dɔ si hiã be woawɔ atsɔ akpɔ ƒomea dzii la wo. Kain zu agbledela, ke Habel zu lãnyila.

  • “Togbɔ Be Eku Hã La, Egale Nu Ƒom”
    Gbetakpɔxɔ—2013 | January 1
    • Anɔ eme godoo be Habel dia ɣeyiɣi dea ŋugble le Yehowa ŋu. Kpɔe ɖaa le susu me be ele eƒe alẽwo kplɔm. Azɔlidɔe alẽkpɔkplɔ nye. Ekplɔa lã fafa siawo toa togbɛwo dzi kple baliwo me hekplɔa wo tsoa tɔwoe henɔa gbeɖuƒe damawo, tsita nyuitɔwo kple gbɔɖemeƒe siwo ŋdɔ maɖu wo le o la dim. Le Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã dome la, edze abe alẽwoe hiã na beléle wu, abe ɖe wowɔ wo be amegbetɔwo nanɔ mɔ fiam wo ahanɔ wo ta kpɔm ene. Ðe Habel hã de dzesii be ehiã be Ame si ƒe nunya kple ŋusẽ de ŋgɔ sãsãsã wu amegbetɔwo tɔ la nafia mɔ ye ahakpɔ ye ta? Ðikekemanɔmee la, eɖe susu siawo tɔgbi geɖe gblɔ le gbedodoɖa me, si wɔe be eƒe xɔse ganɔ sesẽm ɖe edzi.

      Habel kpɔ kpeɖodzi sẽŋu le nuwɔwɔwo me si na wòxɔe se be Wɔla lɔ̃ame aɖe li

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe