Nubabla Yeyea He Yayra Geɖe Wu Vɛ
‘Yesu nye nubabla, si nyo wu ƒe avuléla hã.’—HEBRITƆWO 8:6.
1. Amekae va nye ‘nyɔnua ƒe dzidzimevi’ si ŋugbe wodo le Eden, eye aleke ‘woɖu afɔkpodzi nɛe’?
ESI Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ la, Yehowa drɔ̃ fɔbuʋɔnu Satana, amesi ble Xawa, be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Dzidzimevi si ŋugbe wodo le Eden la do mlɔeba esime wona nyɔnyrɔ Yesu le Yordan Tɔsisia me le ƒe 29 M.Ŋ. me. Blemanyagblɔɖi ma ƒe akpa aɖe va eme esime wòku le fuwɔameti ŋu le ƒe 33 M.Ŋ. me. Satana ‘ɖu afɔkpodzi’ na Dzidzimevia.
2. Le Yesu ŋutɔ ƒe nyawo nu la, aleke eƒe ku aɖe vi na ameƒomeae?
2 Dzidzɔtɔe la, togbɔ be abi ma vee ŋutɔ hã la, menɔ anyi ɖaa. Wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome wònye gbɔgbɔ makumaku eye wòyi Fofoa gbɔ le dziƒo, afisi wòtsɔ eƒe ʋu si wòkɔ ɖi “ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta” la ƒe asixɔxɔ na le. Esia na eya ŋutɔ ƒe nyawo va eme be: “Woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Mateo 20:28; Yohanes 3:14-16; Hebritɔwo 9:12-14) Nubabla yeyea wɔa akpa vevi aɖe le Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava me.
Nubabla Yeye La
3. Ɣekaɣie wokpɔe zi gbãtɔ be nubabla yeyea te dɔwɔwɔ?
3 Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, egblɔ na eyomedzelawo be yeƒe ʋu si woakɔ ɖi la nye “ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ.” (Mateo 26:28; Luka 22:20) Esi wòyi dziƒo ŋkeke ewo megbe la, wokpɔe be nubabla yeye la dze dɔwɔwɔ gɔme esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃la siwo ade 120 siwo kpe ta ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem la dzi. (Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:1-4) Nusrɔ̃la 120 siawo xɔxɔ ɖe nubabla yeyea me ɖee fia be fifia nubabla “gbãtɔ,” si nye Se ƒe nubabla la do xoxo.—Hebritɔwo 8:13.
4. Ðe nane gblẽ le nubabla xoxoa ŋua? Ðe eme.
4 Ðe nane gblẽ le nubabla xoxoa ŋua? Kura o. Enye nyateƒe be esi bubu va xɔ ɖe eteƒe ta la, ŋutilã me Israel meganye Mawu ƒe dukɔ tɔxɛ o. (Mateo 23:38) Gake Israel ƒe tomaɖomaɖo kple alesi wogbe Yehowa ƒe Amesiamina la gbɔe wòtso. (Mose II, 19:5; Dɔwɔwɔwo 2:22, 23) Gake Sea te ŋu wɔ nu geɖe hafi bubu va xɔ ɖe eteƒe. Le ƒe alafa geɖe me la, efia alesi woawɔ ate ɖe Mawu ŋu eye wòkpɔ ame ta tso alakpasubɔsubɔ si me. Nusiwo ava nɔ nubabla yeyea me la ƒe vɔvɔliwo nɔ eme, eye vɔsasa geɖe siwo nɔ eme ɖe alesi gbegbe amegbetɔ hiã ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku mee fia. Nyateƒee, Sea nye “nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe.” (Galatiatɔwo 3:19, 24; Romatɔwo 3:20; 4:15; 5:12; Hebritɔwo 10:1, 2) Gake nubabla yeyea dzie woato ana yayra si ŋugbe wodo na Abraham nava eme bliboe.
Woyra Dukɔwo to Abraham ƒe Dzidzimevi Dzi
5, 6. Le Abraham ƒe nubabla la me vava vevitɔ le gbɔgbɔ me gome nu la, amekae nye Abraham ƒe Dzidzimevi la, eye dukɔ kae nye gbãtɔ si kpɔ yayra to edzi?
5 Yehowa do ŋugbe na Abraham be: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.” (Mose I, 22:18) Le nubabla xoxoa te la, woyra amedzrovi ɖokuibɔbɔla geɖe esi wode ha kple Israel, si nye dukɔ si dzɔ tso Abraham me. Gake le emevava vevitɔ le gbɔgbɔ me gome la, ame deblibo ɖekae Abraham ƒe Dzidzimevia anye. Paulo ɖe esia me esime wògblɔ be: “Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: ‘Kple ƒomeawo’ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: ‘Kple wò ƒome,’ si nye Kristo.”—Galatiatɔwo 3:16.
6 Ẽ, Yesue nye Abraham ƒe Dzidzimevi la, eye to Eyama dzi la, dukɔwo akpɔ yayra siwo de ŋgɔ sã wu nusianu si ŋutilã me Israel te ŋu kpɔ. Le nyateƒe me la, Israel ŋutɔe nye dukɔ gbãtɔ si xɔ yayra sia. Le Pentekoste 33 M.Ŋ. megbe kpuie la, apostolo Petro gblɔ na Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla, si Mawu bla kple mia fofowo ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham bena: ‘Eye le wò ƒome la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã le.’ Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be wòayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.”—Dɔwɔwɔwo 3:25, 26.
7. Dukɔ kawoe woyra to Yesu si nye Abraham ƒe Dzidzimevi la dzi?
7 Eteƒe medidi o yayra la ɖo Samariatɔwo kple emegbe Trɔ̃subɔlawo gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:14-17; 10:34-48) Le ƒe 50 vaseɖe ƒe 52 M.Ŋ. ƒe ɣeyiɣi aɖe me la, Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Galatia le Asia Sue be: “Esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyui la ɖi na Abraham bena: ‘Wò me woayra [dukɔwo, NW] katã le.’ Eyaŋuti woyra amesiwo katã tso xɔse me la kple xɔsetɔ Abraham.” (Galatiatɔwo 3:8, 9; Mose I, 12:3) Togbɔ be ‘dukɔwo me tɔwoe’ Kristotɔ siwo nɔ Galatia la dometɔ geɖe nye hã la, woyra wo to Yesu dzi le woƒe xɔse ta. Le mɔ ka nu?
8. Le Kristotɔ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me gome la, nukae yayra xɔxɔ to Abraham ƒe Dzidzimevia dzi gafia, eye ame nenie xɔ yayra sia mlɔeba?
8 Paulo gblɔ na Galatiatɔ Kristotɔwo, afika ke woɖatso o, be: “Ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo mienye le ŋugbedodo la nu.” (Galatiatɔwo 3:29) Le Galatiatɔ mawo gome la, yayra si wokpɔ to Abraham ƒe Dzidzimevia dzi ƒe ɖee nye be wova zu nubabla yeye la me tɔwo kple Yesu ƒe hadomenyilawo, eye wova zu Abraham ƒe dzidzimeviwo kpe ɖe Yesu ŋu. Míenya blema Israel dukɔa me tɔwo ƒe xexlẽme o. Nusi míenya koe nye be wova “sɔ gbɔ abe ƒutake ene.” (Fiawo I, 4:20) Gake míenya amesiwo va zu gbɔgbɔ me dzidzimeviwo kpe ɖe Yesu ŋu la ya ƒe xexlẽme bliboa—wonye ame 144,000. (Nyaɖeɖefia 7:4; 14:1) Ame 144,000 mawo tso ameƒomea ƒe “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me” eye wokpɔa gome le Abraham ƒe nubabla me yayrawo hehe vɛ na ame bubuwo me.—Nyaɖeɖefia 5:9.
Nyagblɔɖi aɖe Va Eme
9. Aleke Yehowa ƒe se le amesiwo le nubabla yeyea me la mee?
9 Esime Yeremya nɔ nubabla yeyea gblɔm ɖi la, eŋlɔ bena: “Nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, . . . Yehowa ye gblɔe.” (Yeremya 31:33) Nusi ɖea dzesi le amesiwo le nubabla yeyea me ŋue nye be wosubɔa Yehowa tso lɔlɔ̃ me. (Yohanes 13:35; Hebritɔwo 1:9) Woŋlɔ Yehowa ƒe se ɖe woƒe dzime, eye wodina vevie be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Nyateƒee, le blema Israel la, nuteƒewɔla aɖewo lɔ̃ Yehowa ƒe sea vevie. (Psalmo 119:97) Gake ame geɖe mewɔe nenema o. Ke hã wokpɔtɔ nye dukɔ la ƒe akpa aɖe. Ame aɖeke mate ŋu akpɔtɔ anye nubabla yeyea me tɔ o ne womeŋlɔ Mawu ƒe se la ɖe eƒe dzime o.
10, 11. Mɔ ka nue Yehowa ‘zu Mawu’ na amesiwo le nubabla yeyea me, eye aleke wo katã woadze sii?
10 Yehowa gagblɔ le amesiwo le nubabla yeyea me ŋu be: “Manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.” (Yeremya 31:33) Le blema Israel la, ame geɖe subɔ dukɔwo ƒe mawuwo, gake wokpɔtɔ nye Israel-viwo. Yehowa nɔ te ɖe nubabla yeyea dzi ɖo gbɔgbɔmedukɔ aɖe anyi, si nye “Mawu ƒe Israel,” be wòaxɔ ɖe ŋutilã me Israel teƒe. (Galatiatɔwo 6:16; Mateo 21:43; Romatɔwo 9:6-8) Gake ame aɖeke mate ŋu akpɔtɔ anye gbɔgbɔ me dukɔ yeyea me tɔ ne edzudzɔ tadedeagu na Yehowa ɖeka kolia o.
11 Yehowa gblɔ hã be: “Wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi.” (Yeremya 31:34) Le Israel la, ɖeko ame geɖe ŋe aɖaba ƒu Yehowa dzi, si sɔ kple gbɔgblɔ be: “Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.” (Zefanya 1:12) Ame aɖeke mate ŋu akpɔtɔ anye Mawu ƒe Israel me tɔ ne eŋe aɖaba ƒu Yehowa dzi alo do gu tadedeagu dzadzɛ o. (Mateo 6:24; Kolosetɔwo 3:5) “Amesiwo dze si woƒe Mawu” ye gbɔgbɔ me Israel-viwo nye. (Daniel 11:32) Wodina be ‘Mawu vavã ɖeka la kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze nasu yewo si.’ (Yohanes 17:3) Yesu nyanya dzia woƒe Mawu ŋuti sidzedze ɖe edzi elabena Yesue ‘gblɔ amesi Mawu nye fia’ le mɔ tɔxɛ aɖe nu.—Yohanes 1:18; 14:9-11.
12, 13. (a) Nuka dzie Yehowa nɔa te ɖo tsɔa amesiwo le nubabla yeyea me ƒe nuvɔ̃wo kea wo? (b) Aleke nubabla yeyea de ŋgɔ wu nubabla xoxoae le nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke gome?
12 Mlɔeba la, Yehowa do ŋugbe be: “Matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.” (Yeremya 31:34b) Ðoɖo alafa geɖe siwo woŋlɔ eye wobia tso Israel-viwo si be woawɔ ɖe wo dzi la nɔ Mose ƒe Sea me. (Mose V, 28:1, 2, 15) Amesiwo katã da le Sea dzi la sa vɔwo ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta. (Mose III, 4:1-7; 16:1-31) Yudatɔ geɖe va xɔe se be yewoate ŋu ato yewo ŋutɔ yewoƒe dɔwɔwɔ le Sea nu dzi anye ame dzɔdzɔewo. Gake Kristotɔwo ya kpɔe dze sii be yewomate ŋu ato yewo ŋutɔ yewoƒe dɔwɔwɔwo dzi azu ame dzɔdzɔewo gbeɖe o. Womagbe nuvɔ̃ wɔwɔ o. (Romatɔwo 5:12) Le nubabla yeyea me la, Yesu ƒe vɔsa la dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo anye ame dzɔdzɔe le Mawu ŋkume. Gake nunanae tenɔnɔ sia nye, eye enye amenuveve si tso Mawu gbɔ. (Romatɔwo 3:20, 23, 24) Yehowa gabia be ye subɔlawo naɖo to ye. Paulo gblɔ be amesiwo le nubabla yeyea me la le “Kristo ƒe se la me.”—Korintotɔwo I, 9:21.
13 Eyata vɔsasa ɖe nuvɔ̃ ta li na Kristotɔwo hã, gake enye esi xɔ asi wu vɔ siwo wosa le Se ƒe nubabla te sã. Paulo ŋlɔ bena: “Nunɔla sia nunɔla [le Se ƒe nubabla la te] nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre; ke [Yesu], esime wòtsɔ vɔsa ɖeka na ɖe nuvɔ̃wo ta megbe la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me tegbetegbe.” (Hebritɔwo 10:11, 12) Esi Kristotɔ siwo le nubabla yeyea me xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se ta la, Yehowa bua wo ame dzɔdzɔe siwo ŋu nuvɔ̃ mele o, eye esia na wodze be woasi ami na wo woazu eƒe gbɔgbɔmeviwo. (Romatɔwo 5:1; 8:33, 34; Hebritɔwo 10:14-18) Ne wowɔ nuvɔ̃ le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la, wote ŋu ɖea kuku biaa Yehowa ƒe tsɔtsɔke, eye Yehowa nɔa te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi tsɔ kea wo. (Yohanes I, 2:1, 2) Gake ne wobua wɔa nuvɔ̃ la, woƒe tenɔnɔ dzɔdzɔe kple nubabla yeyea me nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa buna ɖe wo.—Hebritɔwo 2:2, 3; 6:4-8; 10:26-31.
Nubabla Xoxoa Kple Yeyea
14. Aʋatsotso kae wobia le Se ƒe nubabla la te? le nubabla yeyea te?
14 Wotsoa aʋa na ŋutsuwo le nubabla xoxoa me wònyea dzesi be wole Sea te. (Mose III, 12:2, 3; Galatiatɔwo 5:3) Esi woɖo Kristo-hamea anyi megbe la, ame aɖewo bui be ele be woatso aʋa na Kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la hã. Gake apostolowo kple hamemegã siwo nɔ Yerusalem, amesiwo Mawu ƒe Nya kple gbɔgbɔ kɔkɔe fia mɔe la, kpɔe be esia mehiã o. (Dɔwɔwɔwo 15:1, 5, 28, 29) Ƒe ʋee aɖewo megbe la, Paulo gblɔ be: “Menye amesi ke nye Yudatɔ le gota la, enye Yudatɔ o, eye menye nusi ke le gota le ŋutilã ŋu la, enye aʋatsotso o; hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso.” (Romatɔwo 2:28, 29) Gbɔgbɔmesixɔxɔ meganɔ aʋatsotso ŋutɔŋutɔ na ŋutilã me Yudatɔ gɔ̃ hã ŋu le Yehowa ŋkume o. Le amesiwo le nubabla yeyea me gome la, dzi lae wòle be woatso aʋa na ke menye ŋutilã o. Ele be woaɖe nusianu si le woƒe tamesusu, nudzodzrowo, kple ameʋaʋã me si medzea Yehowa ŋu alo eŋu mekɔ le eŋkume o la ɖa.a Ame geɖe li egbea siwo nye kpeɖodzi be gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ te ŋu trɔa tamesusuwo le mɔ sia nu.—Korintotɔwo I, 6:9-11; Galatiatɔwo 5:22-24; Efesotɔwo 4:22-24.
15. Aleke míatsɔ ŋutilã me Israel asɔ kple Mawu ƒe Israel le fiaɖuɖu gomee?
15 Le Se ƒe nubablaa te la, Yehowae nye Israel ƒe Fia, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ewɔ eƒe dziɖulanyenye ŋudɔ to amegbetɔ siwo ɖu fia le Yerusalem dzi. (Yesaya 33:22) Yehowae ganye Mawu ƒe Israel, gbɔgbɔ me Israel, la ƒe Fia, eye tso ƒe 33 M.Ŋ. me la, eɖu fia to Yesu Kristo, amesi xɔ “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi” la dzi. (Mateo 28:18; Efesotɔwo 1:19-23; Kolosetɔwo 1:13, 14) Egbea Mawu ƒe Israel bua Yesu be enye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si woɖo anyi le ƒe 1914 me la ƒe Fia. Yesu nye Fia si nyo wu Xizkiya, Yosiya, kple blema Israel fia nuteƒewɔla bubuwo sã.—Hebritɔwo 1:8, 9; Nyaɖeɖefia 11:15.
16. Nunɔlanyenye ka ƒomevie le Mawu ƒe Israel si?
16 Menye fiaɖuƒe koe Israel nye o ke nunɔla siwo wosi ami na hã nɔ wo si. Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Mawu ƒe Israel va xɔ ɖe ŋutilã me Israel teƒe hezu Yehowa ƒe “dɔla,” eƒe “ɖasefowo.” (Yesaya 43:10) Tso ekema dzi la, Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ na Israel si woŋlɔ ɖe Yesaya 43:21 kple Mose II, 19:5, 6 la va ku ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel ŋu. Fifia Mawu ƒe gbɔgbɔmedukɔ yeye la zu “dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ,” si ƒe dɔe nye be ‘woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo afia.’ (Petro I, 2:9) Amesiwo katã le Mawu ƒe Israel la me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ƒo ƒu nye nunɔlawo. (Galatiatɔwo 3:28, 29) Esi wonye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia ta la, wogblɔna fifia be: “Mi dukɔwo, mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu.” (Mose V, 32:43) Gbɔgbɔ me Israel me tɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzie nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. (Mateo 24:45-47) Woawo koe woate ŋu ade ha kpli hafi atsɔ subɔsubɔ dzadzɛ ana Mawu wòadze eŋu.
Mawu ƒe Fiaɖuƒe —Emevava Mamlɛtɔ
17. Aleke wodzia amesiwo le nubabla yeyea mee?
17 Se ƒe nubabla la tee wodzi Israel-vi siwo wodzi le ƒe 1513 D.M.Ŋ. megbe la ɖo tẽ. Wodzia amesiwo Yehowa xɔna dea nubabla yeyea me hã—gbɔgbɔ mee wodzia woawo ya le. Yesu ƒo nu tso esia ŋu na Farisitɔ Nikodemo esime wògblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne [womegbugbɔ dzi ame, NW] o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o.” (Yohanes 3:3) Nusrɔ̃la 120 siwo nɔ anyi le Pentekoste 33 M.Ŋ. nye ame madeblibo gbãtɔ siwo wodzi yeyee alea. Esi wobu wo ame dzɔdzɔewoe le nubabla yeyea te ta la, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe wònye fiaɖuɖu si dome woanyi ƒe ‘dzesi.’ (Efesotɔwo 1:14) ‘Wodzi wo tso gbɔgbɔ me’ be woava nye Mawu ƒe vi siwo wòxɔ nyi si na wozu Yesu nɔviwo eye woto ema me va zu “Kristo ƒe hadomenyilawo.” (Yohanes 3:6; Romatɔwo 8:16, 17) Alesi ‘wogbugbɔ wo dzii’ la ʋu mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ɖi na wo.
18. Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kawoe ʋuna ɖi na amesiwo le nubabla yeyea me ne wogbugbɔ wo dzi?
18 Esi Yesu nɔ nubabla yeyea ƒe avu lém la, egawɔ nubabla bubu kple eyomedzelawo hegblɔ be: “Mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” (Luka 22:29) Fiaɖuƒe ƒe nubabla sia dzra mɔ dzi ɖo na ŋutega ɖedzesi aɖe si woŋlɔ ɖe Daniel 7:13, 14, 22, 27 la me vava. Daniel kpɔ ‘ame aɖe si le abe amegbetɔ ene’ si “amegã ɖeɖi” si nye Yehowa Mawu tsɔ fiaɖuŋusẽ na. Emegbe Daniel kpɔ ‘ame kɔkɔeawo woxɔ fiaɖuƒe la.’ Yesue nye amesi le “abe amegbetɔ ene,” amesi xɔ Dziƒofiaɖuƒea tso Yehowa Mawu gbɔ le ƒe 1914 me. Eƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami nae nye ‘ame kɔkɔe’ siwo akpɔ gome le Fiaɖuƒe ma me kplii. (Tesalonikatɔwo I, 2:12) Le mɔ ka nu?
19, 20. (a) Aleke ŋugbe siwo Yehowa do na Abraham la ƒe akpa susɔea ava eme le ŋutikɔkɔe me na amesiwo le nubabla yeyea me? (b) Biabia bubu ka mee wòhiã be míadzro?
19 Ne amesiamina siawo ku la, wofɔa wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe Yesu ene, eye wozua gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumakuwo be woanye fiawo kple nunɔlawo asubɔ kplii le dziƒo. (Korintotɔwo I, 15:50-53; Nyaɖeɖefia 20:4, 6) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si! “Woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi,” ke menye ɖe Kanaan-nyigba ɖeɖeko dzi o. (Nyaɖeɖefia 5:10) Ðe ‘woatsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domeea’? (Mose I, 22:17) Ẽ, eye azu wo tɔ keŋkeŋ ne wokpɔ mawusubɔsubɔ me gbolo si nye Babilon Gã si léa fu wo la ƒe tsɔtsrɔ̃, eye ne amesiamina siawo siwo wofɔ ɖe tsitre wɔ ɖeka kple Yesu wotsɔ “gatikplɔ” kplɔ dukɔwo eye wògbã ta na Satana. Woato esia me awɔ akpa aɖe le Mose I, 3:15 ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa susɔea me vava me.—Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 17:14; 18:20, 21; Romatɔwo 16:20.
20 Gake ɖewohĩ míagabia be, Nuteƒewɔla siwo nye luʋɔ 144,000 ko ŋue Abraham ƒe nubabla la kple nubabla yeyea ku ɖoa? Ao, woato wo dzi ayra ame bubu siwo mele nubabla siawo me tẽ o, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Insight on the Scriptures si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe Babla 1, axa 470.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Ɣekaɣie wokpɔe zi gbãtɔ be nubabla yeyea te dɔwɔwɔ?
◻ Nukae woto nubabla xoxoa dzi te ŋu wɔ?
◻ Ameka koŋue nye Abraham ƒe Dzidzimevi la, eye ɖoɖo ka nue woyra dukɔwo to Dzidzimevi ma dzi le?
◻ Nukae nye Abraham ƒe nubabla kple nubabla yeyea ƒe emevava susɔe le ame 144,000 la gome?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Gɔmesese si de to wu le nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke ŋuti na amesiwo le nubabla yeyea te wu amesiwo nɔ nubabla xoxoa te