-
“Ɛ̃, Mayi”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
-
-
Gbe ɖeka fiẽ esi wòku tsi ɖe eƒe zea me vɔ la, ŋutsu tsitsi aɖe ƒu du yi ɖakpee. Egblɔ na Rebeka be: “Meɖe kuku, na wò ze la me tsi vi aɖem mano.” Menye nu boo aɖekee wòbia o, ke hã eƒo nu bubutɔe ŋutɔ! Rebeka kpɔe dze sii be didiƒe aɖee ŋutsua tso. Eya ta eɖiɖi eƒe ze la ɖe asi enumake, eye menye tsi fafɛ vi aɖe koe wònae o, ke boŋ enae wòɖi kɔ nɛ. Ede dzesii be kposɔ ewo le ŋutsua si siwo tsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma, gake womedu tsi ɖe lãtoa me na wo haɖe o. Ekpɔe be ŋutsua nɔ ye kpɔm ɖetsɔlemetɔe, eye eya hã di be yeawɔ ye tɔ sinua anyo dɔme nɛ. Eya ta egblɔ na ŋutsua be: “Madu tsi na wò kposɔwo hã, va se ɖe esime wòaɖi kɔ na wo.”—1 Mose 24:17-19.
De dzesii be menye ɖeko Rebeka gblɔ be yeana tsi kposɔ ewoawo ko evɔ o, ke boŋ egblɔ be yeana tsi wo va se ɖe esime wòɖi kɔ na wo. Kposɔ ɖeka si tsikɔ le wuwum vevie la ate ŋu ano tsi galɔn 25 (alo lita 95) sɔŋ! Ne tsikɔ nɔ kposɔ ewoawo katã wum vevie la, ke Rebeka anɔ tsikuku dzi na wo gaƒoƒo geɖe. Gake edze ƒãa be tsikɔ menɔ kposɔawo wum nenema gbegbe o.a Gake ɖe Rebeka nya esia do ŋgɔ hafi gblɔ be yeaku tsi na kposɔawoa? Ao. Elɔ̃ faa eye wòdi vevie gɔ̃ hã be yeawɔ dɔ sesẽ ɖe sia ɖe si hiã atsɔ awɔ amedzro na ŋutsu tsitsi sia. Ŋutsua lɔ̃ faa xɔ kpekpeɖeŋua. Enɔ Rebeka kpɔm dũu esime wòle du dzi le vudoa to yim le gbɔgbɔm hele tsi dum le kɔkɔm ɖe lãtoa me.—1 Mose 24:20, 21.
Rebeka nye dɔ sesẽ wɔla kple amedzrowɔla
-
-
“Ɛ̃, Mayi”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
-
-
a Fiẽsi ɖo xoxo ɣemaɣi. Naneke medze le ŋutinyaa me si ɖee fia be Rebeka nɔ vudoa to gaƒoƒo geɖe o. Eye medze le nudzɔdzɔa me be kaka wòawɔ vɔ la, eƒe ƒometɔwo dɔ alɔ̃ alo ame aɖe ti eyome be yeava kpɔ ɖa be nu ka tae wòtsi anyi ɖo hã o.
-