Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
SEPTEMBER 7-13
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 23-24
Le vodada etɔ̃ siwo katã Aron wɔ me la, edze be menye eya ŋutɔe ɖo wo wɔ o, ke boŋ, eɖe mɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm kple amewo ƒe nyaƒoɖeamenu wɔe be wòwɔ nu si mesɔ o. Vevietɔ le vodada gbãtɔ si wòwɔ me la, ate ŋu awɔ gɔmeɖose sia si gblɔ be: “Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me o” dzi hafi. (2Mo 23:2) Ke hã, wova ƒo nu nyui tso eŋu emegbe le Ŋɔŋlɔawo me, eye esime Mawu ƒe Via nɔ anyigba dzi la, ede bubu Aron kple viawo ƒe nunɔlanyenye ŋu.—Ps 115:10, 12; 118:3; 133:1, 2; 135:19; Mt 5:17-19; 8:4.
Zi geɖea, wotsɔa ʋɔnudrɔ̃la si xɔa zãnu eye wòtrɔa gbo nya dzɔdzɔe la sɔna kple ame aɖe si ƒe ŋku gbã. Eye Sea xlɔ̃ nu zi geɖe tso zãnuxɔxɔ, zãnunana kple ameŋkumekpɔkpɔ ŋu elabena nu siawo ate ŋu agbã ŋku na ʋɔnudrɔ̃la be wòagadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe o. “Zãnu ɖe wògbãa ŋku na ame siwo kpɔa nu nyuie gɔ̃ hã.” (2Mo 23:8) “Zãnuxɔxɔ ɖe wògbãa ŋku na nunyalawo.” (5Mo 16:19) Ne ʋɔnudrɔ̃la aɖe drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe ʋuu keke hã, ne exɔ nunana tso ame siwo wòle nyaa drɔ̃m na dometɔ aɖe gbɔ la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòadrɔ̃ ʋɔnuae dzi. Menye ɖeko Mawu ƒe Sea ƒo nu tso ale si nunana ate ŋu agbã ŋku na ame ŋu o, ke boŋ, egblɔ ale si wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si amea awɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu dzi hã. Sea gblɔ be: “Mègate ame dahe ɖe to o, eye mègade kesinɔtɔ dzi o.” (3Mo 19:15) Eya ta, mele be ale si ʋɔnudrɔ̃laa le sesem le eɖokui me alo ale si wòdi be yeadze amehawo ŋu nawɔe be wòate kesinɔtɔ ƒe nya ɖe to be enye kesinɔtɔ ta o.—2Mo 23:2, 3.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
1. To vovo na Gabriel la, mawudɔla kɔkɔe bubu si ko ƒe ŋkɔ wogayɔ le Biblia mee nye Mikael, eye eya ɖeka koe woyɔ be “mawudɔla gãtɔ.” (Yud 9) Daniel ta ewolia mee ŋkɔ Mikael dze le zi gbãtɔ, eye le afi maa, woɖɔe be enye “amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka”; eyae va kpe ɖe mawudɔla aɖe si ŋu “Persia-fiaɖuƒe la ƒe amegã” tsi tre ɖo la ŋu. Woyɔ Mikael be enye ‘Daniel deviwo ƒe amegã,’ “amegã si do le [Daniel] deviwo ta.” (Da 10:13, 20, 21; 12:1) Esia na míekpɔe be Mikael ye nye mawudɔla si kplɔ Israel-viwo esime wonɔ gbeadzi. (2Mo 23:20, 21, 23; 32:34; 33:2) Nu si gaɖo kpe nya sia dzie nye be ‘nya ɖo mawudɔla gãtɔ Mikael kple Abosam dome eye wòhe nya kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋu.’—Yud 9.
SEPTEMBER 14-20
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 25-26
Nu gbãtɔ si Yehowa gblɔ na Mose esime wònɔ mɔfiame namee ku ɖe ale si woatu avɔgbadɔa ŋue nye ale si Aɖakaa ƒe nɔnɔme anɔ, elabe eyae nye nu vevitɔ le avɔgbadɔa me kple Israel-viwo ƒe ha bliboa dome. Aɖakaa adidi abɔklugui eve kple afã, wòakeke abɔklugui ɖeka kple afã eye wòakɔ abɔklugui ɖeka kple afã. Akasiati ye wotsɔ kpae, eye wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple ekɔgo siaa. Wotsɔ ‘sika ɖo atsyɔ̃ ɖe eto kpe ɖo.’ Aɖakaa ƒe akpa bubue nye eƒe nutunua, si wotsɔ sika ɖeɖe wɔ, ke menye ati si ŋu wofa sika ɖoe o, eye eƒe didime kple kekeme sɔ ɖe aɖakaa nu. Wotsɔ sika tu kerubi eve ɖe nutunua tame, ɖeka le akpa si eye ɖeka le akpa kemɛ. Wodze ŋgɔ wo nɔewo, de mo to eye woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi wòtsyɔ Aɖakaa dzi. (2Mo 25:10, 11, 17-22; 37:6-9) Wogayɔa nutunu sia be “avulénutsyɔnu” alo “avulénutunu.”—2Mo 25:17; Heb 9:5, etenuŋɔŋlɔ.
Aɖakaa ye nye teƒe kɔkɔe si wodzra ɖaseɖinu alo ŋkuɖodzinya kɔkɔeawo ɖo be woanɔ dedie. Nu siwo koŋ nɔ emee nye ɖaseɖiɖikpe gbadzɛ eveawo, alo Se Ewoawo. (2Mo 25:16) Wova tsɔ “sikaze si me mana le la kple Aron ƒe atikplɔ si ƒo se” la de Aɖakaa me, gake wova ɖe wo le eme ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ hafi wotu Salomo ƒe gbedoxɔa. (Heb 9:4; 2Mo 16:32-34; 4Mo 17:10; 1Fi 8:9; 2Kr 5:10) Hafi Mose naku la, etsɔ “segbalẽ” la ƒe kɔpi na Lewi-vi siwo nye nunɔlawo eye wòde se na wo be woatsɔe ada ɖe ‘Yehowa woƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la xa, ke menye eme o, ne wòanye ɖase ɖe wo ŋu le afi ma.’—5Mo 31:24-26.
Le ɣeyiɣi siwo katã me Aɖakaa nɔ anyia, eɖee fia be Mawu nɔ Israel-viwo dome. Yehowa do ŋugbe be: “Maɖe ɖokuinye afia wò le afi ma aƒo nu kpli wò . . . tso nutunu la tame, le kerubi eve siwo le Ðaseɖiɖiɖakaa dzi la dome.” “Maɖe ɖokuinye afia le alilikpo me le nutunu la tame.” (2Mo 25:22; 3Mo 16:2) Samuel gblɔ be Yehowa “bɔbɔ nɔ kerubiwo tame” (1Sa 4:4); esia fia be kerubiawo le tsitre ɖi na ‘Yehowa ƒe tasiaɖam.’ (1Kr 28:18) Le esia ta, “ɣesiaɣi si Mose ge ɖe takpegbadɔa me be yeaƒo nu kple [Yehowa] la, esea ame si le nu ƒom kplii la ƒe gbe le Ðaseɖiɖiɖaka la ƒe nutunu la tame; kerubi eveawo domee Mawu ƒoa nu kplii le.” (4Mo 7:89) Emegbea, Yosua kple Nunɔlagã Finehas hã bia gbe Yehowa le Aɖakaa ŋgɔ. (Yos 7:6-10; Ʋɔn 20:27, 28) Gake, nunɔlagãa koe kpɔa aɖakaa elabe egena ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea zi ɖeka le ƒea me be yealé avu ɖe Israel-viwo ƒe nu vɔ̃wo ta, ke menye be yeaƒo nu kple Yehowa o.—3Mo 16:2, 3, 13, 15, 17; Heb 9:7.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Kerubiwo ƒe nɔnɔme hã nɔ nu siwo wowɔ ɖe avɔgbadɔ si wotu le gbeadzi me la dome. Wotsɔ sika tu kerubi eve ɖe Aɖakanutunua ƒe go eveawo dzi. Kerubiawo dze ŋgɔ wo nɔewo eye wode mo to ɖe nutunua dzi si fia be wonɔ ta dem agu. Aʋala eve le wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi wòtsyɔ nutunua dzi si fia be wole aɖakaa ŋu dzɔm alo le eta kpɔm. (3Mo 16:2, 3, 13, 15, 17; Heb 9:7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wolɔ̃ kerubiwo ɖe agbadɔvɔ si wolɔ̃ kple ɖeti la me, eye wolɔ̃e ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea dome hã me.—2Mo 26:1, 31; 36:8, 35.
Ŋkumeɖobolo la nye abolo wuieve si woda ɖe kplɔ aɖe dzi le avɔgbadɔa alo gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒea eye wotsɔa yeyewo va ɖɔlia wo le Sabat ɖe sia ɖe dzi. (2Mo 35:13; 39:36; 1Fi 7:48; 2Kr 13:11; Neh 10:32, 33) Hebrigbe me nya si nye “ŋkumeɖobolo” gɔmeɖeɖe tẽe ye nye “abolo si le ŋkume.” Ɣeaɖewoɣi la, nya “ŋkume” fia ale si woado ɖe ame aɖe “ŋkuta” (2Fi 13:23), eya ta ŋkumeɖobolo la nɔa Yehowa ŋkume ɖaa abe vɔsa ene. (2Mo 25:30) Wogayɔna ŋkumeɖobolo la be “abolo siwo woɖona ɖe wo nɔewo dzi” (2Kr 2:4).
SEPTEMBER 21-27
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 27-28
Le Israel nunɔlagãa ƒe tablanua ŋgɔ le eƒe ŋgonua, wotsɔ sika wɔ ga falɛ “si nye adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi kɔkɔe” eye ‘ŋkɔɖelawo ɖe nuŋɔŋlɔ ɖe edzi be’ “Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ.” (2Mo 28:36-38; 39:30) Esi wònye nunɔlagãe xɔa ŋgɔ na Israel-viwo le Yehowa subɔsubɔ me taa, ele be wòawɔ eƒe dɔdeasia le kɔkɔenyenye me eye nuŋɔŋlɔ sia aɖo ŋku edzi na Israel-viwo katã be ehiã be woayi edzi anɔ kɔkɔe le Yehowa subɔsubɔ me. Azɔ hã, esia na míekpɔ ale si Yesu Kristo, si nye Nunɔla Gãtɔ, si Yehowa ɖo la awɔ eƒe nunɔladɔa le kɔkɔenyenye me.—Heb 7:26.
SEPTEMBER 28–OCTOBER 4
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 29-30
Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe ƒe evelia me le ɣleti evelia me, eye wova ƒu asaɖa anyi le Sinai gbedzia, Yehowa gblɔ na Mose be wòaxlẽ Israel-viwo zi gbãtɔ. Wotia tatɔwo tso to sia to me be woakpe ɖe Mose ŋu, tatɔawo axɔ ŋgɔ le to si me wole la me axlẽ amewo. Menye ɖeko woŋlɔ ŋutsu siwo xɔ ƒe 20 kple edzivɔ siwo dze ayi aʋa ƒe ŋkɔ ko evɔ o, ke boŋ, Sea bia be woaxɔ sekel afã ($1.10) le ame siwo woxlẽa si atsɔ akpɔ takpegbadɔ la ƒe subɔsubɔdɔwo gbɔ. (2Mo 30:11-16; 4Mo 1:1-16, 18, 19) Ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ƒe xexlẽmee nye ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ, womexlẽ Lewi viwo ya o, elabe womaxɔ domenyinu aɖeke le anyigba la dzi o. Lewi viawo ya medzɔ nu na takpegbadɔ la o, eye womebia tso wo si be woayi aʋa hã o.—4Mo 1:44-47; 2:32, 33; 18:20, 24.
Le Sea mea, wobia nudzɔdzɔ aɖewo tso Israel-viwo si. Esi Mose xlẽ Israel-viwo vɔa, wobia tso ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ƒe 20 kple edzivɔ la si be wòadzɔ “sekel afã, le teƒe kɔkɔe la ƒe sekel la nu” atsɔ axe fe ɖe eƒe agbe ta. “Woadzɔe na Yehowa” be woatsɔ alé avu ɖe woƒe agbewo ta eye ‘woatsɔe akpɔ takpegbadɔ la ƒe subɔsubɔdɔwo gbɔ.’ (2Mo 30:11-16) Le Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus ƒe nya nu la, wova nɔ “adzɔ kɔkɔe” sia xem ƒe sia ƒe.—2Kr 24:6-10; Mt 17:24.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
To vovo na ale si míetsɔa míaƒe asiwo dana ɖe nuwo dzi dzro koa, wodaa asi ɖe ame alo nu dzi le susu vovovowo ta. Nu si wòfia be woda asi ɖe ame alo nane dzie nye be wolɔ̃ ɖe amea alo nua dzi, alo woɖoe be woazã amea alo nua le mɔ aɖe nu. Esi wonɔ Aron kple via ŋutsuwo ɖom nunɔlawoe la, wotsɔ woƒe asiwo da ɖe nyitsu la kple agbo eve siwo woatsɔ asa vɔe la ƒe tame si fia be wolɔ̃ ɖe edzi be wotsɔ lã mawo le vɔ sam ɖe yewo ta be yewoava zu Yehowa Mawu ƒe nunɔlawo. (2Mo 29:10, 15, 19; 3Mo 8:14, 18, 22) Esi Mawu gblɔ na Mose be wòaɖo Yosua wòava xɔ ɖe eteƒe la, Mose da eƒe asi ɖe Yosua dzi eye ‘nunya ƒe gbɔgbɔ yɔe fũu’ wòte ŋu kplɔ Israel-viwo nyuie. (5Mo 34:9) Wodaa asi ɖe amewo dzi hã ne wole wo yram. (1Mo 48:14; Mr 10:16) Yesu Kristo ka asi alo da asi ɖe ame aɖewo siwo wòda dɔ na la dzi. (Mt 8:3; Mr 6:5; Lk 13:13) Ame aɖewo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea esi apostoloawo da asi ɖe wo dzi.—Dw 8:14-20; 19:6.
Le Se si Yehowa tsɔ na Mose mea, egblɔ nu siwo woatsɔ awɔ ameɖomi lae. Nu tɔxɛ siwo wotsɔ wɔe lae nye mire, sinamɔn ʋeʋĩ, gbekee ʋeʋĩ, kasia kple amititsetse ƒe ami. (2Mo 30:22-25) Ne ame aɖe wɔ ami ʋeʋĩ sia tɔgbi be yeazã alo sii na ame tutɔ aɖe la edze na ku. (2Mo 30:31-33) Esia na míekpɔ ale si wòle vevie eye wònye nu kɔkɔe be woasi ameɖomi kɔkɔe na ame aɖe si woɖo na dɔ aɖe wɔwɔ.