“Ame Ðekae Nye Miaƒe Kplɔla, Kristo La”
“Womegayɔ mi be ‘kplɔlawo’ . . . o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, Kristo la.”—MAT. 23:9, 10.
1. Ame kae Yehowa Ðasefowo buna woƒe Kplɔlae, eye nu ka tae?
KPLƆLA siwo nye amegbetɔwo le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo si, abe papa si le Roma, Ɣedzeƒe Orthodoks sɔlemehawo ƒe bisiɔpgãwo kple woƒe tatɔwo, kpakple subɔsubɔha bubuawo ƒe tatɔwo ene. Yehowa Ðasefowo ya mebua amegbetɔ aɖeke be eyae nye yewoƒe kplɔla o. Womenye amegbetɔ aɖeke ƒe nusrɔ̃lawo alo yomedzelawo o. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yehowa gblɔ ɖi tso Via ŋu be: “Kpɔ ɖa! Metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, metsɔe ɖo kplɔla kple ŋgɔnɔla na dukɔwo.” (Yes. 55:4, NW) Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame, si me tɔwo tso dukɔ vovovowo me, la kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ medi Kplɔla bubu aɖeke wu esi Yehowa tia na wo la o. (Yoh. 10:16) Wolɔ̃ ɖe nya si Yesu gblɔ dzi be: “Ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, Kristo la.”—Mat. 23:10.
Israel Ƒe Amegã Si Nye Mawudɔla
2, 3. Akpa vevi kae Mawu ƒe Vi la wɔ le Israel dukɔa ƒe nyawo me?
2 Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Kristo hamea ɖoɖo anyi la, Yehowa ɖo mawudɔla aɖe wònye eƒe dukɔ Israel ƒe kplɔla. Esi Yehowa kplɔ Israel viwo do goe le Egipte megbe la, egblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, medɔ nye dɔla ɖo ɖe ŋgɔwò, bena wòakpɔ dziwò le mɔ ta, eye wòakplɔ wò ava teƒe si medzra ɖo ɖi na wò la. Kpɔ nyuie le eŋu, eye nàɖo to eƒe gbe; [mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o; elabena nye ŋkɔ le eya amea ŋu, NW].” (2 Mose 23:20, 21) Esɔ be míaxɔe ase be mawudɔla sia, si ‘ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le’ la menye ame bubu aɖeke wu Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la o.
3 Edze ƒãa be hafi woadzi Mawu ƒe Vi la abe amegbetɔ ene la, woyɔnɛ be Mixael. Le Daniel ƒe agbalẽa me la, woyɔ Mixael be Daniel deviwo, Israel viwo, ‘ƒe amegã.’ (Dan. 10:21) Nusrɔ̃la Yuda ɖee fia be ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Daniel ƒe ŋkekea la, Mixael wɔa akpa vevi aɖe le Israel dukɔa ƒe nyawo me. Le Mose ƒe ku megbe la, edze ƒãa be Satana di be yeazã eƒe ŋutilã kukua atsɔ ado yeƒe didiwo ɖe ŋgɔ le mɔ aɖewo nu, eye anɔ eme be edi be yeatsɔe able Israel viwo ade trɔ̃subɔsubɔ me. Mixael ɖe afɔ xe mɔ ɖe nu sia nu. Yuda gblɔ nu si dzɔ la ale: “Esi nya aɖe ɖo mawudɔlawo ƒe tatɔ Mixael kple Abosam dome, eye wònɔ nya hem kplii le Mose ƒe ŋutilã ŋu la, metee kpɔ be yeadrɔ̃ ʋɔnui to nya manyomanyowo gbɔgblɔ nɛ me o, ke boŋ egblɔ be: ‘Yehowa neka mo na wò.’” (Yuda 9) Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe, eye do ŋgɔ teti na Israel viwo ƒe toɖeɖe ɖe Yerixo la, ɖikeke mele eme o be Mixael, “Yehowa ƒe aʋafia” lae ɖe eɖokui fia Yosua be yeaka ɖe edzi nɛ be Mawu le megbe nɛ. (Mixlẽ Yosua 5:13-15.) Esi gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dze agbagba be yeaxe mɔ na mawudɔla aɖe be wòagatsɔ gbedeasi vevi aɖe ayi na nyagblɔɖila Daniel o la, Mixael, mawudɔlawo ƒe tatɔ la, yi ɖaxɔ na mawudɔla sia.—Dan. 10:5-7, 12-14.
Kplɔla Si Ƒe Nya Wogblɔ Ði La Va Do
4. Nyagblɔɖigbedeasi kae wogblɔ ku ɖe Mesia la ƒe vava ŋu?
4 Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, Yehowa dɔ eƒe dɔla Gabriel ɖe nyagblɔɖila Daniel gbɔ be wòagblɔ nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe “Mesia, Kplɔla la, NW” ƒe vava ŋu nɛ. (Dan. 9:21-25)a Le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me, le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi tututu la, Yohanes nyrɔ Yesu. Wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Yesu dzi wòzu Amesiamina—alo Kristo, Mesia la. (Mat. 3:13-17; Yoh. 1:29-34; Gal. 4:4) Abe Mesia ene la, ava zu Kplɔla si ɖeke mesɔ kpli o.
5. Esime Kristo nɔ anyigba dzi la, nu kawoe wòwɔ tsɔ ɖee fia be yenye Kplɔla?
5 Tso Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze ke la, eɖee fia be yenye “Mesia, Kplɔla la.” Ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le esia megbe la, ete nusrɔ̃lawo nu ƒoƒo ƒu, eye wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ. (Yoh. 1:35–2:11) Eƒe nusrɔ̃lawo nɔ eyome esime wònɔ tsatsam le anyigba la dzi godoo nɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la. (Luka 8:1) Ena hehe wo le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia amewo me, heto esia me ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na wo. (Luka 9:1-6) Ele be Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea la nasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu sia.
6. Mɔ ka nue Kristo ɖee fia le be yenye Alẽkplɔla kple Kplɔla?
6 Yesu he susu yi nu bubu aɖe si ɖo kpe eƒe kplɔlanyenyea dzi la dzi esi wòtsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla lɔ̃ame. Ɣedzeƒe alẽkplɔlawo dzea woƒe alẽwo ŋgɔ. Aƒetɔ W. M. Thomson ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye The Land and the Book (Anyigba La Kple Agbalẽ La) me be: “Alẽkplɔla dzea ŋgɔ na [eƒe] alẽawo, menye kple susu be yeafia mɔ wo ɖeɖe ko o, ke be yeaka ɖe edzi hã be enye teƒe si woate ŋu ato eye woanɔ dedie. . . . Etsɔa [eƒe] atikplɔ fiaa mɔ wo hekplɔa wo yia gbeɖuƒe damawo, eye wòkpɔa wo ta tso lã lénuwo si me.” Esi Yesu nɔ eɖem fia be yenye Alẽkplɔla kple Kplɔla vavã la, egblɔ be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la; alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe luʋɔ ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Nye alẽwo sea nye gbe, eye menya wo, eye wodzea yonyeme.” (Yoh. 10:11, 27) Le ɖekawɔwɔ me kple eƒe nya siawo la, Yesu tsɔ eɖokui sa vɔe heku ɖe eƒe alẽawo ta, gake Yehowa “doe ɖe dzi . . . be wòanye Kplɔla kple Xɔla.”—Dɔw. 5:31, Nubabla Yeye La; Heb. 13:20.
Enye Kristo Hamea Ƒe Dzikpɔla
7. Mɔ kawo dzie Yesu tona kpɔa Kristo hamea dzi?
7 Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Yesu si wofɔ ɖe tsitre la nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wotsɔ ŋusẽ katã nam le dziƒo kple anyigba dzi.” (Mat. 28:18) Yehowa na Yesu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi tsɔ do ŋusẽ wo be woalé nyateƒe si Kristo fia wo la me ɖe asi. (Yoh. 15:26) Yesu kɔ gbɔgbɔ sia ɖe Kristotɔ gbãtɔwo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi. (Dɔw. 2:33) Woto gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe wo dzi alea me ɖo Kristo hamea anyi. Yehowa ɖo Via Kplɔlae le dziƒo be wòakplɔ hamea le anyigba dzi. (Mixlẽ Efesotɔwo 1:22; Kolosetɔwo 1:13, 18.) Yesu toa Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kplɔa Kristo hamea, eye mawudɔla siwo ‘wotsɔ de ete’ hã le esi siwo tsɔa dɔ nɛ.—1 Pet. 3:22.
8. Ame kawoe Kristo zã tsɔ kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo le anyigba dzi le ƒe alafa gbãtɔ me, eye ame kawo zãm wòle egbea?
8 Gakpe ɖe eŋu la, Kristo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na “nunana siwo nye amewo,” ɖewo “nye alẽkplɔlawo kple nufialawo” le hamea me. (Ef. 4:8, 11) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ dzikpɔlawo be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawo le, bene miakplɔ Mawu ƒe hame . . . la.” (Dɔw. 20:28) Esime woɖo Kristo hamea anyi le gɔmedzedzea me la, dzikpɔla siawo katã nye ŋutsu siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na. Apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem hamea me lae nye dziɖuha la. Kristo zã dziɖuha sia abe dɔwɔnu ene tsɔ fia mɔ ‘nɔvia’ amesiamina siwo katã nɔ anyigba dzi. (Heb. 2:11; Dɔw. 16:4, 5) Le nuwuɣi sia me la, Kristo tsɔ “eƒe nuwo katã”—Fiaɖuƒea ƒe nu siwo katã le anyigba dzi la—de asi na eƒe “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la kple eteƒenɔla si nye Dziɖuha, si me tɔwo nye ŋutsu Kristotɔ amesiaminawo. (Mat. 24:45-47) Amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo nyae be, ne yewodze egbegbe Dziɖuha la yome la, le nyateƒe me la, yewoƒe Kplɔla, Kristo, yome koe nye ema yewodze.
Kristo Ta Mɔ Na Gbeƒãɖeɖedɔa
9, 10. Alekee Kristo fia mɔ Fiaɖuƒe nya nyui kaka dɔae?
9 Tso gɔmedzedzea me ke la, Yesu ŋutɔ kpɔ xexea me godoo ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa dzi. Efia ɖoɖo si nu wònɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woakaka Fiaɖuƒe nya nyuia le be anyigba dzi tɔwo katã nasee la wo. Le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, ena mɔfiame eƒe apostoloawo be: “Migayi ɖato dukɔwo ƒe mɔ dzi o, eye migage ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me o; ke boŋ minɔ Israel ƒe aƒe me alẽ siwo bu la ko gbɔ yim. Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã gblɔ be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’” (Mat. 10:5-7) Wowɔ esia dzonɔamemetɔe le Yudatɔwo kple dukɔwo me tɔ siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo la dome, vevietɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea megbe.—Dɔw. 2:4, 5, 10, 11; 5:42; 6:7.
10 Emegbe la, Yesu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi keke Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu wòɖo Samariatɔwo gbɔ, emegbe wòɖo ame bubu siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ. (Dɔw. 8:5, 6, 14-17; 10:19-22, 44, 45) Esi Yesu di be yeana nya nyuia nakaka aɖo dukɔwo dome la, eya ŋutɔ ɖe afɔ tsɔ na Saul, si tso Tarso la va zu Kristotɔ. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la Anania be: “Tso, yi mɔ si woyɔna be Dzɔdzɔe la dzi, eye le Yuda ƒe aƒe me la, di ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul, tso Tarso. . . . Heyi, elabena ŋutsu sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi na dukɔwo kple fiawo kpakple Israel viwo.” (Dɔw. 9:3-6, 10, 11, 15) “Ŋutsu sia” ye va nye apostolo Paulo.—1 Tim. 2:7.
11. Alekee Kristo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na gbeƒãɖeɖedɔa keke tae?
11 Esime ɣeyiɣia de be woakeke Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu wòaɖo dukɔ siwo menye Yudatɔwo o dome la, Yesu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi fia mɔ Paulo le dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo me le Asia Sue kple Europa hã. Luka ƒe nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la gblɔ be: “Esi [Kristotɔ nyagblɔɖila kple nufiala siwo nɔ hame si nɔ Antioxia, le Siria, me la nɔ] subɔsubɔdɔ wɔm na Yehowa hetsia nu dɔna la, gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ be: ‘Miɖe Barnaba kple Saul ɖe vovo nam le ameawo katã dome, hena dɔ si ta meyɔ wo ɖo la.’ Ale wotsi nu dɔ hedo gbe ɖa, eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi, eye woɖe mɔ na wo wodzo.” (Dɔw. 13:2, 3) Yesu ŋutɔ yɔ Saul si tso Tarso be wòanye “dɔwɔnu tiatia” na ye, be wòatsɔ yeƒe ŋkɔ ayi ɖe dukɔwo dome; eya ta Kristo, hamea ƒe Kplɔla la, gbɔe wòtso be dzo yeye gaɖo ɖaseɖiɖidɔa me. Nyateƒe si wònye be Yesu nɔ gbɔgbɔ kɔkɔea zãm tsɔ nɔ mɔ fiam dɔa la gadze kɔtɛ le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia me. Nuŋlɔɖia gblɔ be, “Yesu ƒe gbɔgbɔ la,” si fia be, Yesu to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi fia mɔ Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo le teƒe siwo woayi la tiatia me, eye le ŋutega aɖe me la, wogblɔ na wo be woayi Europa.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:6-10.
Ale Si Yesu Kplɔa Eƒe Hamea
12, 13. Alekee Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be Kristo ƒe ŋku nɔa nu siwo yia edzi le hame ɖe sia ɖe me ŋu?
12 Yesu ƒe ŋku nɔ nu siwo nɔ edzi yim le eyomedzela amesiaminawo ƒe hameawo me le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la ŋu nyuie. Enya gbɔgbɔmenɔnɔme si me hame ɖe sia ɖe nɔ la nyuie. Míekpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe ta 2 lia kple 3 lia me. Eyɔ hame adre aɖewo, siwo katã nɔ Asia Sue la ƒe ŋkɔwo. (Nyaɖ. 1:11) Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nenema kee wònya gbɔgbɔmenɔnɔme si me eyomedzelawo ƒe hame siwo nɔ teƒe bubuwo le anyigba dzi ɣemaɣi nɔ la hã nyuie.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 2:23.
13 Yesu kafu hameawo dometɔ aɖewo ɖe woƒe dzidodo, nuteƒewɔwɔ le dodokpɔwo me, eƒe nya la me léle ɖe asi pɛpɛpɛ, kple nugbegbe le xɔsegbelawo gbɔ ta. (Nyaɖ. 2:2, 9, 13, 19; 3:8) Gake eka mo na hame aɖewo hã le esi woƒe lɔlɔ̃ na eya amea nu fa, le esi woɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu, eye woɖe mɔ ɖe kɔmamawo ŋu la ta. (Nyaɖ. 2:4, 14, 15, 20; 3:15, 16) Esi Yesu nye gbɔgbɔ me dzikpɔla lɔ̃ame—na ame siwo wòka mo na la gɔ̃ hã—ta la, egblɔ be: “Ame siwo katã gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la, megbea nya na wo, eye mehea to na wo. Eya ta do vevie nu eye nàtrɔ dzi me.” (Nyaɖ. 3:19) Togbɔ be Yesu nɔ dziƒo hã la, enɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe hame siwo le anyigba dzi la kplɔm to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Egblɔ le gbedeasi siwo wòɖo ɖe hame mawo la ƒe nuwuwu be: “Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.”—Nyaɖ. 3:22.
14-16. (a) Alekee Yesu ɖee fia be yenye Kplɔla dzinɔameƒotɔ na Yehowa ƒe amewo le anyigba dzi? (b) Nu kae do tso ale si Yesu ‘li kple’ eƒe nusrɔ̃lawo “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la me? (d) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
14 Míekpɔe be Mixael (Yesu) nye mawudɔla kalẽtɔ aɖe si nye Kplɔla na Israel. Emegbe la, Yesu nye Kplɔla dzinɔameƒotɔ kple Alẽkplɔla lɔ̃ame na eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, exɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye le eƒe tsitretsitsi megbe la, elé fɔ ɖe Fiaɖuƒe nya nyui kaka dɔa dzi kpɔkpɔ ŋu.
15 To gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la, Yesu ana ɖaseɖiɖidɔa nakeke ta aɖo anyigba ƒe seƒe ke mlɔeba. Hafi Yesu nalia ayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8; mixlẽ 1 Petro 1:12.) Le Kristo ƒe mɔfiafia te la, wowɔ ɖaseɖiɖidɔ gã aɖe le ƒe alafa gbãtɔ me.—Kol. 1:23.
16 Gake Yesu ŋutɔ ɖee fia be dɔ sia ayi edzi ʋuu va ɖo nuwuɣia me. Esi Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã eye woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo megbe la, edo ŋugbe na wo be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:19, 20) Tso esime wotsɔ fiaɖuƒeŋusẽ na Kristo le ƒe 1914 me ke la, ‘eli kple’ eƒe nusrɔ̃lawo fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe eye wònye woƒe Kplɔla si le dɔ dzi vevie. Míadzro ale si wòle dɔ dzi vevie tso ƒe 1914 me va de asi na fifia la me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 11 lia hena numedzodzro tsitotsito ku ɖe nyagblɔɖi sia ŋu.
Numetoto
• Alekee Mawu ƒe Vi la wɔ akpa vevi aɖe le Israel abe woƒe Kplɔla ene?
• Mɔ kawo dzie Kristo tona kplɔa eƒe hame la le anyigba dzi?
• Alekee Kristo fia mɔ nya nyuia ƒe takekee?
• Nu kae ɖee fia be Kristo léa ŋku ɖe nya gbɔgbɔmenɔnɔme si me hame ɖe sia ɖe le la nyuie?
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
“Medɔ nye dɔla ɖo ɖe ŋgɔwò”
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ale si Kristo zã “nunana siwo nye amewo” tsɔ kplɔ eƒe alẽwo le blemae la, nenema kee wòle ewɔm egbea hã