“Ne Dze Bu Eƒe Vivi”
WOWƆ aʋa ɖe eta zi geɖe. Wotsɔe xea fee tsã. Le blema China la, sika koe xɔ asi wui. Ẽ, tso blema ke la, amegbetɔwo bu dze be enye adzɔnu si ŋu asixɔxɔ gã le. Vaseɖe egbe la, wozãnɛ le dɔyɔyɔ, kple dɔlékuiwutikewo wɔwɔ me, eye le xexeame godoo la, wozãnɛ be wòana nuɖuɖu navivi ɖe edzi, eye wodenɛ nu be wòagagblẽ o.
Esi wozãa dze tsɔ wɔa nu geɖe eye wònyo le mɔ geɖe nu ta la, mewɔ nuku o be wozãnɛ le kpɔɖeŋumɔnu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Mose ƒe Sea bia be woade dze nusianu si woatsɔ asa vɔe le vɔsamlekpui dzi na Yehowa. (Mose III, 2:13) Menye be vɔsanuawo navivi tae wodea dzee ɖo o, ke boŋ anye be esi dze naa nu megblẽna alo ƒaƒãna o tae.
Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Miawoe nye anyigba ƒe dze.” (Mateo 5:13) Yesu ƒe nya siawo fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒeŋutinya si woagblɔ na amewo ate ŋu alé woƒe nyaselawo ɖe te, alo axɔ wo ɖe agbe. Le nyateƒe me la, woakpɔ amesiwo wɔa Yesu ƒe nyawo dzi la ta tso agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me nuwɔna gbegblẽ siwo yia edzi le nuto siwo me wole hele subɔsubɔm le la me.—Petro I, 4:1-3.
Gake Yesu yi edzi xlɔ̃ nu be: “Ke ne dze bu eƒe vivi la, . . . meganyo na naneke o; ke boŋ woatsɔe aƒu gbe, bena amewo naɖo afɔ edzi.” Esi Biblia-nyalagã Albert Barnes nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be dze si Yesu kple eƒe apostolowo nya nye esi “ƒo ɖi, eye detsiƒonuwo kple ke tsakae.” Eyata ne dzea bu eƒe vivi la, “ke sɔŋ koe” asusɔ. Barnes gblɔ be: “Esia meganyo na naneke o, . . . tsɔ wu be woakɔe ɖe mɔ dzi, abe alesi míezãa kpekui ene.”
Be Kristotɔwo nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi la, ele be woakpɔ nyuie be womadzudzɔ woƒe dutoƒo ɖaseɖiɖidɔa, alo aƒo wo ɖokui ɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo me o. Ema manɔmee la, woagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me, eye viɖe aɖeke maganɔ wo ŋu o, abe ‘dze si bu eƒe vivi ene.’