Ƒomedzikpɔkpɔ ƒe Agbanɔamedzia Tsɔtsɔ
“MI FOFOWO la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Edze ƒã le nya mawo siwo tso gbɔgbɔ me la me be apostolo Paulo da ƒomedzikpɔkpɔ ƒe agba la ɖe amesiwo dze na etsɔtsɔ dzi—ɖe vifofowo dzi.
Le ƒome geɖe me la, menye vifofoa koe kpɔa viawo dzi o. Srɔ̃anyɔnu, si nye viawo dada, tsɔa agba la ɖe srɔ̃aŋutsu ti dzidzɔtɔe. Eyata Fia Salomo gblɔ be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.”—Lododowo 1:8.
Belélename le Ŋutilã me Kple Gbɔgbɔ Me
Dzila siwo lɔ̃ wo viwo meɖonɛ koŋ gblẽa wo ɖi o. Le nyateƒe me le Kristotɔwo gome la, esia asɔ kple woƒe xɔse gbegbe, abe alesi míekpɔe le Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Timoteo me ene be: “Ke ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Kristotɔwo nya be ɖeviwo nyinyi le ‘Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ bia nu geɖe wu ŋutilãmenuwo nana wo ko.
De ŋugble le nuxlɔ̃me si Mose na Israel-viwo esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba, esi wòsusɔ vie woage ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi ŋu kpɔ. Egaku se siwo Mawu de na wo la ɖe woƒe to me gblɔ be: “Mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me.” (Mose V, 11:18) Eɖo ŋku edzi na wo do ŋgɔ be woatsɔ woƒe dzi, luʋɔ, kple ŋusẽ katã alɔ̃ Yehowa, eye wògblɔ kpee be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò.” (Mose V, 6:5, 6) Enɔ vevie na dzila Israel-viwo be woana Mawu ƒe Sewo nage ɖe woƒe dzi me. Ne ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu yɔ dzila Israel-viwo ƒe dzi me banabana la, ke anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ ɖe nya siwo Mose gagblɔ na wo la dzi, be: “Ku wo [Mawu ƒe Se la] ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:7; 11:19; Tsɔe sɔ kple Mateo 12:34, 35.
De dzesii be wobe vifofowo ‘naku’ nyaawo ‘ɖe to me’ na wo viwo ‘ahaƒo nu le wo ŋu.’ Merriam-Webster’s Collegiate Dictionary ɖe ‘kui ɖe to me’ gɔme be “woafia nu ame wòatsi susu me to nyagbugbɔgblɔ alo nuxlɔ̃me enuenu me.” Esi dzilawo ƒoa nu tso Mawu ƒe Sea ŋu gbesiagbe—ŋdi, ŋdɔ, kple fiẽ—la, efiaa nu geɖe wo viwo. Esi ɖeviawo kpɔ alesi wo dzilawo lɔ̃ Mawu ƒe Seae la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi wodina be yewo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. (Mose V, 6:24, 25) Anyo be míade dzesii be Mose gblɔ na vifofowo koŋ be woafia nu wo viwo ‘ne wobɔbɔ nɔ aƒeme.’ Nufiafia alea nye ƒomedzikpɔkpɔ ƒe akpa aɖe. Ke egbe ya ɖe?
“Ne Èbɔbɔ Nɔ Aƒewò Me”
Janet, si nye Kristotɔ vinɔ si si vi ene le la gblɔ be: “Mele bɔbɔe o.”a Srɔ̃aŋutsu Paul hã lɔ ɖe edzi be: “Ehiã be nàdo vevie nu.” Paul kple Janet dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Biblia kple yewo viwo zi ɖeka teti le kwasiɖa me, abe dzila Ðasefo bubu geɖe ene. Paul gblɔ be: “Míedzea agbagba be míawɔ míaƒe ƒomea ƒe Biblia me dzodzro Dzoɖa fiẽ ɖesiaɖe le ɣeyiɣi si míeɖo dzi.” Eye elɔ̃ ɖe edzi be: “Gake medzea edzi ɣesiaɣi o.” Woɖoe hamemegãe le woƒe hamea me eyata woyɔnɛ ɣeaɖewoɣi wòva kpɔa nya kpata aɖewo gbɔ. Via tsitsitɔ eveawo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Wokpɔe be fiẽ mee nye ɣeyiɣi nyuitɔ si woatu amewo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Eyata ƒome bliboa trɔ woƒe ƒomenusrɔ̃ɣia. Paul gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi míewɔa míaƒe nusɔsrɔ̃ ne míeɖu fiẽnu vɔ teti ko.”
Togbɔ be dzilawo dzea nunya ale be wotrɔa woƒe ƒomenusɔsrɔ̃a wɔɣi hã la, wokpɔa egbɔ be yewomatso eme o. Clare si nye vinyɔnuvi gblɔ be: “Ne wòhiã be woatrɔ míaƒe nusrɔ̃ɣi la, Papa klãa ɣeyiɣi yeyea ɖe nufamɔ̃ ƒe ʋɔtru ŋu ɣesiaɣi, bene mí katã míanya ɣeyiɣi si míawɔe.”
Ne woƒoa ƒu hena ƒome ƒe Biblia nusɔsrɔ̃ ɣesiaɣi la, enyea mɔnukpɔkpɔ nyui hã na ɖevi siwo le ƒomea me be woagblɔ woƒe dzimaɖitsitsiwo kple kuxiwo na wo dzilawo. Nusɔsrɔ̃ ma tɔgbe ɖea vi ne womewɔe kpaɖii ale gbegbe be ɖeko ɖeviawo xlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽ si zãm wole me nyawo tsɔ ɖoa biabiaawo ŋu ko o. Martin si si viŋutsuvi eve le la gblɔ be: “Numedzroƒee míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a nyena. Ne mieƒo ƒu zi ɖeka le kwasiɖa me be yewoadzro Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe me la, mianya alesi miaƒe ƒomea le tsitsim le gbɔgbɔ mee. Míefɔa nya vovovowo le numedzodzroa me. Míenyaa nusi le edzi yim le suku, eye nukutɔe la, míenyaa nɔnɔme siwo mía viwo le tutum ɖo.” Srɔ̃anyɔnu Sandra hã lɔ̃ ɖe edzi eye ekpɔe be ye hã yefɔa nu geɖe le ƒomenusɔsrɔ̃a me. Egblɔ be: “Ne atsunye le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la, mesrɔ̃a nu geɖe ne meɖo to se alesi vinyeŋutsuawo le eƒe biabiawo ŋu ɖomee.” Ekema Sandra trɔa asi le eƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu be woakpe ɖe ŋutsuviawo ŋu. Esea vivi na nusɔsrɔ̃a geɖe wu elabena ekpɔa gome le eme bliboe. Ẽ, ƒomenusɔsrɔ̃ wɔɣiwo naa dzilawo dzea si alesi wo viwo bua tamee.—Lododowo 16:23; 20:5.
Trɔ Ðe Nɔnɔmewo Ŋu eye Nàdo Vevie Nu
Ne wò ƒomea ƒe nusrɔ̃ɣi ɖo la, ɖewohĩ àkpɔe be ɖevia ɖeka le ŋute eye etsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃a me vevie, evɔ ahiã be woable bubu ya nu be eƒe susu nanɔ teƒe ɖeka ahakpɔ tsɔɖui le nusɔsrɔ̃a me. Vinɔ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Nenemae ƒomenyawo le! Ènya nusi wòle be wò dzila nàwɔ. Eyata ne èdo vevie nu la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò eye kutsetse ado tso eme.”
Ðevi ƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ato vovo le eƒe ƒexɔxɔ nu. Dzila si sea nu gɔme abu nusia ŋu. Vi atɔ̃ le atsu kple asi aɖe si siwo xɔ tso ƒe 6 va ɖo 20 kple edzivɔ. Michael si nye vifofoa gblɔ be: “Na ɖevi suetɔa naɖo nya ŋu gbã. Emegbe nàna ɖevi siwo tsi wu la naɖe nuwo me akpee eye woagblɔ nya siwo ŋu wodzra ɖo ɖo la akpee.” Ne dzilawo wɔ nu ɖe wo viwo ŋu le nugɔmesese nu alea la, ke wole ameŋububu fiam wo. Martin gblɔ be: “Mía via ɖeka sea nya la gɔme, gake ehiã be woakpe ɖe ekemɛa ŋu geɖe hafi wòase egɔme. Mekpɔnɛ be nusrɔ̃ɣia va zua hehexɔƒe si mesrɔ̃a Kristotɔwo ƒe dzigbɔgbɔɖi kple gbɔgbɔa ƒe kutsetse bubuwo ɖeɖefia le.”—Galatiatɔwo 5:22, 23; Filipitɔwo 2:4.
Nɔ dzadzraɖoɖi be nàtrɔ ɖe viwòwo ƒe nɔnɔme kple tsitsime vovovoawo ŋu. Simon kple Mark, siwo nye ƒewuiviwo fifia kpɔe be esime yewonɔ sue wu la, agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la sɔsrɔ̃ vivia yewo nu ŋutɔ. Wogblɔ be: “Mía fofo nana míewɔa wɔna vovovoawo fiana abe fefewɔwɔ ene.” Wo fofo ɖo ŋku edzi be yetana le anyigba ale be ye kple ɖeviawo yewowɔa kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la ŋu ƒe wɔwɔfia. (Luka 10:30-35) “Edzena nu ŋutɔŋutɔ eye míekpɔa dzidzɔ.”
Ðevi geɖe tsia tre ɖe ƒome ƒe nusɔsrɔ̃ gbesiagbe ŋu. Ðe wòle be esia nana dzilawo nate fli ɖe nusɔsrɔ̃ si woɖo la wɔwɔ mea? Ao, mehiã kura o. Lododowo 22:15 gblɔ be: “Bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi [alo, nyɔnuvi] ƒe dzi ŋu.” Vinɔ srɔ̃manɔsitɔ aɖe ƒe susu gblɔ nɛ be mele ƒomenusɔsrɔ̃ dzikpɔkpɔdɔa wɔm nyuie o, le esi zi geɖe edze abe nuwo doa kplamatse nusɔsrɔ̃a ene ta. Gake edo vevie nu. Fifia viawo dea bubu eŋu ale gbegbe eye wova de asixɔxɔ lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si wòɖena fiana esi wòkua kutri le ƒomenusɔsrɔ̃a wɔwɔ edziedzi me ta ŋu.
Kpekpe Ðe “Tsyɔ̃eviwo” Ŋu
Wodi tso Kristotɔ hamemegãwo si be ‘woanyi Mawu ƒe alẽha la.’ (Petro I, 5:2, 3) Ƒome siwo le woƒe hamewo me sasrãkpɔ enuenu naa mɔnukpɔkpɔ wo be woakafu dzila siwo tsɔa woƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzia. Ameka ƒe agbae wònye be wòafia nu dzilaɖekɛwo ƒe viwo? Mègaŋlɔe be o be dzila ƒe agbae wònye be wòafia nu ɖeviawo.
Kristotɔwo ƒe ŋuɖɔɖɔɖo akpe ɖe hamemegãwo ŋu be womava xɔ dzila si meli o ƒe dɔ anɔ wɔwɔm ale be wòanye gɔmeɖose dzi dada o. Togbɔ be nɔviŋutsu eve ate ŋu ayi aɖasrã nɔvinyɔnu Kristotɔ si nye dzilaɖeka akpɔ hã la, woakpɔ egbɔ ɣesiaɣi be yewoɖɔ ŋu ɖo le kpekpeɖeŋu siwo yewoana le ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me la me. Ɣeaɖewoɣi la, ne wokpe ɖeviawo (kple dzilaɖeka la hã) va hamemegã la ŋutɔ ƒe ƒomenusrɔ̃ƒee la, anyo eye wòatu wo ɖo hã. Gake mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowae nye mía Fofo gãtɔ si le dziƒo. Anɔ afima godogodo afia mɔ vinɔa ahakpe ɖe eŋu ne wòle nu srɔ̃m kple viawo, togbɔ be eya ɖekae le ewɔm hã.
Ke ne wòdzɔ be ɖevi aɖe tsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, evɔ edzilawo metsɔ dzo ɖe gbɔgbɔmegbanɔamedziwo ŋu boo o alo wometsɔ le eme kura o ya ɖe? Mehiã gbeɖe be dzi naɖe le Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒo o. Hakpala la dzi ha be: “Hiãtɔ kple tsyɔ̃evi tsɔ eɖokui de asi na wò, [Yehowa Mawu]. Wò ŋutɔe nye eƒe xɔnametɔ.” (Psalmo 10:14, NW) Nenema ke hamemegã siwo lɔ̃a ame la awɔ wotɔ sinua ade dzi ƒo na dzilawo esi wole wo viwo dzi kpɔm. Woate ŋu ado susua ɖa be ƒomea nanɔ anyi adzro nu me eye woawo hã woayi aɖaɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi woaƒo ƒu asrɔ̃ nui ŋu. Gake womaxɔ agbanɔamedzia le dzilaawo, amesiwo dzi Ŋɔŋlɔawo dae ɖo la si o.
Ðevi siwo dzilawo mexɔ nyateƒea o hiã kpekpeɖeŋu geɖe. Ne wo dzilawo lɔ̃ la, aɖe vi ne èkpe wo ɖe wò ƒomenusɔsrɔ̃ ŋu. Robert si tsi fifia eye ƒome le eya ŋutɔ hã si la dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple edzilawo tso esime wòxɔ ƒe etɔ̃ ko. Esi edzilawo dzudzɔ hadede kple Kristo-hamea gɔ̃ hã la, egaɖoa ŋku dzidzɔ si wòkpɔna le kpekpe mawo me dzi. Esi wòxɔ ƒe ewo la, edo go Ðasefo ŋutsuvi aɖe amesi kplɔnɛ yia kpekpewoe. Ðasefo ŋutsuvia dzilawo xɔ Robert kpɔ edzi abe gbɔgbɔmetsyɔ̃evi ene eye emegbe wosrɔ̃ nu kplii. Le kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe alea ta ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba eye esea vivi na hamemegãnyenye le hamea me fifia.
Ne dzilawo xe mɔ na ɖeviawo ƒe ŋgɔyiyi hã la, ɖeviawo metsi asi o. Yehowa kpɔtɔ nye Fofo wɔnuteƒe si le dziƒo. Psalmo 68:6 gblɔ be: “Tsyɔ̃eviwo fofo . . . nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” Gbɔgbɔmetsyɔ̃eviwo nya be yewoate ŋu ate ɖe eŋu le gbedodoɖa me, eye wòado ŋusẽ yewo. (Psalmo 55:23; 146:9) Yehowa ƒe habɔbɔ si le abe vidada ene kpɔa eƒe dɔ gbɔ ɖaa gbɔgbɔmenuɖuɖu vivi siwo wònana to eƒe agbalẽwo kple Kristo-hame siwo wu 85,000 le xexeame katã ƒe kpekpewo me. Eyata to gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si mía Fofo, Yehowa, kple eƒe habɔbɔ si le abe vidada ene nana dzi la, “tsyɔ̃eviwo” gɔ̃ hã ate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe sinu.
Dzila Kristotɔ siwo wɔa ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kple wo viwo ɣesiaɣi la dze na kafukafu. Dzilaɖekɛ siwo doa vevie Yehowa ƒe mɔwo tsɔtsɔ he wo viwo dze na beléle tɔxɛ kple kafukafu ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. (Lododowo 22:6) Amesiwo katã tsɔa ɖe le eme na gbɔgbɔmetsyɔ̃eviwo nya be nusia wɔwɔ dzea mía Fofo, Yehowa, si le dziƒo ŋu. Ƒome ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nye agba kpekpe. Gake ‘mègana ɖeɖi nate ŋuwò o, elabena ne mègbɔdzɔ o la, àŋe nu le azãgbe la dzi.’—Galatiatɔwo 6:9.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ƒomenusɔsrɔ̃ nyea mɔnukpɔkpɔ nyui na ɖeviawo be woaɖe woƒe dzimaɖitsitsiwo agblɔ na wo dzilawo
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]
Harper’s