-
“Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi”Srɔ̃ Woƒe Xɔse
-
-
23. Nu ka ŋue Rut te ŋugbledede le, eye ɖoɖo kae le Mose ƒe Sea me na ame dahewo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)
23 Esi nyɔnu eveawo gava le agbea gɔme dze ge le Betlexem la, Rut le tame bum azɔ le ale si wòawɔ akpɔ eya ŋutɔ kple Naomi dzii la ŋu. Ese be wowɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe ɖe ame dahewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu le Se si Yehowa de na eƒe dukɔ Israel la me. Woɖe mɔ na wo be woage ɖe agblewo me le nuxaɣi ahanɔ nuxalawo yome afɔ nuku siwo wogblẽ ɖi eye woaxa esiwo le boto kple dzogoewo dzi hã.b—3 Mose 19:9, 10; 5 Mose 24:19-21.
24, 25. Esi wòdzɔ be Rut va do ɖe Boas ƒe agble me la, nu kae wòwɔ, eye aleke nukufɔfɔdɔa nɔ?
24 Luŋeɣi ɖo. Le egbe ƒe ɣletigbalẽ nu la, anye April mee, eye Rut yi agbleawo dzi be yeakpɔ ɖa be ame kae aɖe mɔ na ye yeafɔ nuku siwo dzɔ ɖe anyigba le eƒe agble me hã. Nanetɔe la, eva do ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Boas, si nye anyigbatɔ hotsuitɔ aɖe la ƒe agble me. Boas nye Naomi srɔ̃ Elimelex, si megava li o la, ƒe ƒometɔ. Togbɔ be le Sea nu la, Rut kpɔ mɔ afɔ nukuwo le agblea me hã la, ebia mɔ le ɖekakpui si le nuxalawo nu la gbɔ. Esi wona mɔ Rut ko la, edze nukufɔfɔ gɔme enumake.—Rut 1:22–2:3, 7.
-
-
“Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi”Srɔ̃ Woƒe Xɔse
-
-
b Se sia le etɔxɛ, eye ɖikeke mele eme o be, se sia tɔgbi menɔ afi si Rut tso va o. Ɣemaɣi la, blema Titina Ɣedzeƒetɔwo mewɔa nu ɖe ahosiwo ŋu nyuie kura o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne nyɔnu aɖe srɔ̃ ku la, zi geɖe la, viaŋutsuwoe kpɔa edzi, ke ne viŋutsu mele esi o la, atsɔ eɖokui adzra kluvii alo wòanye gbolo, alo ku koe ava xɔ nɛ.”
-