INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Enɔ Ŋudzɔ, Eye Wòlala
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
    • 17, 18. (a) Nu kae dzɔ esi Eliya dze mɔ yina Yezreel? (b) Nu kae wɔ nuku le du si Eliya ƒu tso Karmel yi Yezreel la ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

      17 Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa hã dze mɔ si tututu Axab to la dzi. Mɔ legbee aɖe si wòazɔ to tsidzadza kple viviti me la dze ŋgɔe azɔ. Gake nu wɔnuku aɖe dzɔ.

      18 “Yehowa ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi heƒu du dze Axab ŋgɔ va se ɖe Yezreel.” (1 Fia. 18:46) “Yehowa ƒe asi” nɔ Eliya dzi le nukumɔ aɖe nu vavã. Yezreel gbɔ didi abe kilometa 30 ene, eye menye sɔhɛ hãe Eliya nye o.a Wò ŋutɔ kpɔe ɖa le susu me be nyagblɔɖilaa lé eƒe awu ʋlayaa ƒe agɔmegbɔ hetsɔ sa ɖe ali ale be yeate ŋu avo aƒu du nyuie, eye wòde afɔ du me to mɔ ma si dzi ba le la dzi—enɔ du ƒum sesĩe ale gbegbe be wòva tu fia ƒe tasiaɖam la, to eŋu hegblẽe ɖe megbe ʋĩi!

      19. (a) Ŋusẽ kple ŋutete si Mawu na Eliya la ɖoa ŋku nyagblɔɖi kawo dzi na mí? (b) Kakaɖedzi kae nɔ Eliya si esime wònɔ dua ƒum ɖo ta Yezreel?

      19 Yayra ka gbegbee nye esi wònye na Eliya! Nudzɔdzɔ dodzidzɔname aɖe ŋutɔe wònye nɛ be wòase le eɖokui me be ŋusẽ, dzo yeye kple ŋutete tɔxɛ ɖo ye me, ɖewohĩ wu ale si wònɔ nɛ le eƒe sɔhɛme gɔ̃ hã. Esia ɖo ŋku kakaɖedzinya siwo le nyagblɔɖiwo me ku ɖe lãmesẽ deblibo kple dzo yeye si agaɖo nuteƒewɔlawo me le anyigba dzi Paradisoa me la dzi na mí. (Xlẽ Yesaya 35:6; Luka 23:43) Esi Eliya nɔ dua ƒum to mɔ ma si dzi ba le dzi la, eka ɖe edzi be ye Fofo Yehowa, Mawu vavã ɖeka la, kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu!

  • Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
    • 1, 2. Nu kae dzɔ le ŋkeke si Eliya maŋlɔ be akpɔ o le eƒe agbe me la dzi?

      ELIYA le du dzi le tsia me esi anyigba nɔ tsyɔtsyɔm. Mɔ legbee aɖe gale eŋgɔ hafi wòaɖo Yezreel, evɔ menye ɖekakpuie wònye o. Ke hã, nu meti kɔ nɛ le dua ƒuƒu me o, elabena “Yehowa ƒe asi va” edzi. Ðikeke mele eme o be esiae nye zi gbãtɔ si wòse le eɖokui me be ŋusẽ ɖo ye ŋu nenema gbegbe. Edze to sɔ siwo nɔ Fia Axab ƒe tasiaɖam la hem gɔ̃ hã ŋu!—Xlẽ 1 Fiawo 18:46.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe