-
Ehiã Be Woaɖe Mí!Gbetakpɔxɔ—2008 | March 1
-
-
Ðewohĩ madzɔ be mía dometɔ akpa gãtɔ nava xaxa ɖe to me abe tomekakula asieke mawo ene, alo ku naʋẽ ɖe mí le afɔku dziŋɔ aɖe me, gbeɖe ya o. Ke hã, ehiã be woaɖe mí katã, elabena mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le dɔléle, amegãkuku, kple ku nu o. Blemafofo wɔnuteƒe Hiob, gblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.” (Hiob 14:1, 2) Egbea, si nye ƒe 3,500 kloe tso esime wògblɔ nya siawo gɔ̃ hã la, wogakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, elabena mía dometɔ kae ate ŋu asi le agbe ƒe nuwuwu wɔnublanui, si nye ku, la nu? Afi ka kee míeɖale o, alo aleke kee míeɖakpɔa míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ nyuie o, ehiã be woaɖe mí tso fukpekpe, amegãkuku, kple ku si me.
-
-
Ehiã Be Woaɖe Mí!Gbetakpɔxɔ—2008 | March 1
-
-
Èɖalɔ̃ ɖe Hiob ƒe nyawo dzi alo mèlɔ̃ ɖe wo dzi o, ne ƒewo nya va le yiyim ko la, ɖikeke meli o be wò hã ‘nuwò ava yi abe vɔvɔli ene,’ àgblẽ xɔ̃wòwo, ƒowòmetɔwo, wò aƒe, kple nu siwo katã nète ŋu wɔ la ɖi, eye nuwò ayi le ku me. Blema Israel fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.”—Nyagblɔla 9:5.
-