INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 8 lia. Ŋutsu aɖe nɔ anyi ɖe zikpui dzi hele yame kpɔm.

      NUSƆSRƆ̃ 08

      Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃

      Yehowa di be nànya ye nyuie wu. Nu ka tae? Ele mɔ kpɔm be, ne èva nya nu geɖe wu tso yeƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye nèva nya ale si yewɔa nu ɖe amewo ŋu kple nu si yeɖo be yeawɔ na wò la, àdi vevie be yeanye ye xɔlɔ̃. Ðe nèxɔe se be anya wɔ be nànye Mawu xɔlɔ̃a? (Xlẽ Psalmo 25:14.) Nu kae nàte ŋu awɔ be nànye exɔlɔ̃? Biblia ɖo biabia mawo ŋu, eye wòna míenya nu si tae Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ asiwò.

      1. Nu kae Yehowa le kpewòm be nàwɔ?

      “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Nu kae nya sia fia? Yehowa le gbɔgblɔm na wò be nànye ye xɔlɔ̃. Ewɔna na ame aɖewo be yewomate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ gbeɖe o, le esi womate ŋu akpɔ Mawu o ta. Ke hã, le eƒe Nya, Biblia me la, Yehowa ɖe nu sia nu si wòhiã be míanya tso ye ŋu ale be míate ŋu ate ɖe ye ŋu la fia mí. Ne míexlẽa Mawu ƒe gbedeasi si le Biblia me na mí la, mía kple Yehowa dome va nɔa kplikplikpli wu, togbɔ be míekpɔe kpɔ o gɔ̃ hã.

      2. Nu ka ta Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ asiwò?

      Yehowae nye Ame si lɔ̃ wò wu ame bubu ɖe sia ɖe. Edi be nàkpɔ dzidzɔ, eye edi be nàƒo nu kpli ye ɣesiaɣi si nèhiã kpekpeɖeŋu. Àte ŋu ‘adro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ye xɔlɔ̃wo ŋu, afa akɔ na wo, ahaɖo to woƒe nyawo.—Xlẽ Psalmo 94:18, 19.

      3. Nu kae Yehowa dina tso exɔlɔ̃wo si?

      Yehowa lɔ̃ amewo katã, gake “tsi metoa eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” (Lododowo 3:32) Yehowa dina tso exɔlɔ̃wo si be woadze agbagba awɔ nu si nyo le ye ŋkume eye woaƒo asa na nu si yebuna nu gbegblẽ. Ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewomate ŋu awɔ nu sia nu si Yehowa di tso yewo si la gbeɖe o eye yewomate ŋu aƒo asa na nu gbegblẽ ɖe sia ɖe o. Ke hã, Yehowa nye nublanuikpɔla. Exɔa ame sia ame si lɔ̃ eyama tso dzi me hewɔa eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yeadze Eŋu.—Psalmo 147:11; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Míasrɔ̃ nu bubuwo tso ale si nàwɔ anye Yehowa xɔlɔ̃ ŋu, eye míakpɔ nu si tae Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ asiwò.

      4. Abraham nye Yehowa xɔlɔ̃

      Abraham (si woyɔna tsã be Abram) ƒe ŋutinya si le Biblia me la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si wòfia be ame nanye Mawu xɔlɔ̃. Mixlẽ nu tso Abraham ŋu le 1 Mose 12:1-4, eyome miadzro nyabiase siawo me:

      • Nu kae Yehowa gblɔ na Abraham be wòawɔ?

      • Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?

      • Nu kae Abraham wɔ?

      5. Nu si Yehowa dina tso exɔlɔ̃wo si

      Zi geɖe la, míedia nanewo tso mía xɔlɔ̃wo si.

      • Nu siwo nèdina be xɔ̃wòwo nawɔ na wò la dometɔ aɖewo ɖe?

      Mixlẽ 1 Yohanes 5:3, eyome miadzro biabia sia me:

      • Nu kae Yehowa kpɔa mɔ be ye xɔlɔ̃wo nawɔ?

      Toɖoɖo Yehowa ate ŋu abia be míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ. Mixlẽ Yesaya 48:17, 18, eye miadzro biabia sia me:

      • Nu ka tae Yehowa biana tso exɔlɔ̃wo si be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me?

      Xɔtudɔwɔla aɖe le kuku si woɖɔna tsɔ wɔa xɔtudɔ la tsɔm na eƒe dɔwɔhati.

      Xɔlɔ̃ nyui agblɔ nu si míawɔ be míanɔ dedie eye eme nanyo na mí la na mí. Yehowa wɔa nenema ke na exɔlɔ̃wo

      6. Nu si Yehowa wɔna na exɔlɔ̃wo

      Yehowa kpena ɖe exɔlɔ̃wo ŋu ne wole kuxiwo me tom. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

      VIDEO: Yehowa Wɔ Nu Geɖe Nam (3:20)

      • Aleke Yehowa kpe ɖe nyɔnu si le videoa me ŋu wòɖu seselelãme siwo ɖe fu nɛ la dzi?

      Mixlẽ Yesaya 41:10, 13, eye miadzro nyabiase siawo me:

      • Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na ye xɔlɔ̃wo katã?

      • Ðe nèsusu be Yehowa anye Xɔlɔ̃ nyui aɖea? Nu ka tae?

      Nɔnɔmetataawo: Xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le kpekpem ɖe wo nɔewo ŋu. 1. Ŋutsu aɖe le kpekpem ɖe ŋutsu bubu ŋu be wòakɔ kplɔ̃ gã aɖe. 2. Nyɔnu aɖe le eƒe dzimenyawo gblɔm na nyɔnu bubu aɖe. 3. Ŋutsu aɖe le kpekpem ɖe ŋutsu bubu aɖe si le kpo tɔm la ŋu be wòazɔ.

      Ne xɔlɔ̃ nyuiwo le asiwò la, woakpe ɖe ŋuwò ne èhiã kpekpeɖeŋu. Yehowa hã akpe ɖe ŋuwò nenema ke

      7. Xɔlɔ̃dzedze Yehowa bia be míaƒo nu nɛ eye míase eƒe nyawo

      Ne xɔlɔ̃wo ɖoa dze kple wo nɔewo la, wo dome va nɔa kplikplikpli. Mixlẽ Psalmo 86:6, 11, eye miadzro nyabiase siawo me

      • Aleke míate ŋu aƒo nu na Yehowa?

      • Aleke Yehowa ƒoa nu na mí?

      Nɔnɔmetataawo: 1. Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa. Dzesi aɖe le etame ɖo ta dziƒo. 2. Nyɔnu aɖe le Biblia xlẽm. Dzesi aɖe le etame ɖo ta anyime.

      Míeƒoa nu na Yehowa ne míedo gbe ɖa nɛ; eya hã ƒoa nu na mí to Biblia dzi

      AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Manya wɔ gbeɖe be ame nanye Mawu xɔlɔ̃ o.”

      • Mawunyakpukpui kae nàte ŋu azã atsɔ aɖee afia be míate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Yehowa di be yeanye Xɔ̃wò, eye akpe ɖe ŋuwò be wò kplii dome nanɔ kplikplikpli.

      Numetoto

      • Aleke Yehowa kpena ɖe exɔlɔ̃wo ŋui?

      • Nu ka tae Yehowa biana tso exɔlɔ̃wo si be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me?

      • Ðe nèsusu be Yehowa biaa nu geɖe fũu akpa tso exɔlɔ̃wo sia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Ne ènye Mawu xɔlɔ̃ la, aleke esia ate ŋu aɖe vi na wò?

      “Yehowa—Mawu Si Wòle Be Nàdze Sii” (Gbetakpɔxɔ, February 15, 2003)

      Xlẽ nu tso ale si nàwɔ anye Mawu xɔlɔ̃ ŋu.

      “Aleke Mawɔ Anye Mawu Xɔlɔ̃?” (Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 2 Lia, ta 35)

      Xlẽ nu tso nu si tae nyɔnu aɖe se le eɖokui me be xɔlɔ̃dzedze Yehowa xɔ ye ɖe agbe la ŋu.

      “Nyemedi Be Maku O!” (Gbetakpɔxɔ No. 1 2017)

      Le odio sia me la, àse nya siwo ɖekakpui kple ɖetugbuiwo gblɔ tso ale si wosena le wo ɖokuiwo me tso Yehowa ŋu la ŋu.

      Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Mawu Xɔlɔ̃? (1:46)

  • Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • 6. Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva zua Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo

      Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva zua ƒome gã ɖeka si le xexea me godoo la me tɔwo. Togbɔ be míetso dukɔ vovovowo me eye míaƒe dekɔnuwo to vovo hã, míaƒe dzixɔsewo le ɖeka eye míewɔna ɖe se kple mɔfiame siwo le Biblia me dzi. Mixlẽ Psalmo 25:14 kple 1 Petro 2:17, eye miadzro biabia sia me:

      • Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, aleke eya kple Yehowa kpakple ame siwo subɔnɛ la dome anɔ?

      Nɔnɔmetata vovovoawo: Dzi le nɔvinyɔnu aɖe dzɔm esi wòle ƒomedodo nyui si le eya kple ame bubu siwo le hamea me dome la ŋu bum. 1. Ele eƒe dzimenyawo gblɔm na nɔvinyɔnu aɖe. 2. Ele kpekpem ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu be wòazɔ. 3. Eya kple exɔlɔ̃ siwo xɔ ƒe vovovowo la le nu ɖum. 4. Eya kple nɔvinyɔnu bubu aɖe wole gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe. 5. Eya kple Ðasefo eve siwo nye dukɔ bubu me tɔwo la le foto ɖem le takpekpe gã aɖe me.
  • Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • 2. Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme fifia?

      Yehowa wɔ mí le mɔ aɖe nu be míehiã eƒe mɔfiafia, esia tae míedina be míadze sii eye míasubɔe ɖo. (Xlẽ Mateo 5:3-6.) Yehowa di be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kpli ye dome, ‘míazɔ le yeƒe mɔwo katã dzi ahalɔ̃ ye,’ eye míasubɔ ye kple “dzi blibo.” (5 Mose 10:12; Psalmo 25:14) Ne míewɔe alea la, míakpɔ dzidzɔ vavã, togbɔ be míele kuxiwo me tom gɔ̃ hã. Ne míesubɔa Yehowa la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme, elabe míenyae be míele agbe nɔm abe ale si wòdi tso mía si ene.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe