‘Yehowa Ƒe Tameɖoɖo’ Mate Ŋu Ado Kpo Emevava O
“Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye . . . Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu!”—PSALMO 2:7, 8.
1. Vovototo kae le Mawu ƒe tameɖoɖo kple dukɔwo tɔ dome?
YEHOWA MAWU ɖo tame aɖe ɖe ameƒomea kple anyigba la ŋu. Tameɖoɖo aɖe le dukɔwo hã si. Gake aleke gbegbee tameɖoɖo siawo to vovo na wo nɔewo enye esi! Ele be míakpɔ mɔ be wòanɔ alea, elabena Mawu gblɔ be: “Alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.” Mawu ƒe tameɖoɖo ava eme godoo elabena eyi edzi gblɔ be: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la, nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:9-11.
2, 3. Nuka mee wokɔ le psalmo evelia me, gake nyabiabia kawoe fɔ ɖe te?
2 Psalmo evelia na eme kɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe eƒe Mesia Fia la ŋu ava eme. Gbɔgbɔ ʋã blema Israel-fia Dawid si kpa ha sia wògblɔe ɖi be ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe ava si me zitɔtɔ anɔ dukɔwo katã me. Woƒe dziɖulawo atsi tre ɖe Yehowa Mawu kple eƒe Amesiamina la ŋu. Ke hã, hakpala la dzi ha be: “Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye . . . Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!”—Psalmo 2:7, 8.
3 Nukae ‘Yehowa ƒe tameɖoɖo’ la fia na dukɔwo? Aleke wòku ɖe ameƒomea katã ŋui? Le nyateƒe me la, nukae nusiawo fia na mawuvɔ̃la siwo xlẽa psalmo evelia?
Zitɔtɔ Ðo Dukɔwo Dome
4. Aleke nàƒo nu tso nya vevi siwo le Psalmo 2:1, 2 me ŋu kpuie?
4 Esi hakpala la nɔ susu hem yi dukɔwo kple woƒe dziɖulawo ƒe nuwɔnawo dzi la, edze eƒe ha la gɔme ale: “Nukaŋuti dukɔwo le nyanyram, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro? Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe adaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.”—Psalmo 2:1, 2.a
5, 6. ‘Tame dzodzro’ ka ‘bum’ anyigba dzi dukɔwo le?
5 ‘Tame dzodzro’ ka ‘bum’ anyigba dzi dukɔ siwo li egbea le? Le esi dukɔwo naxɔ Mawu ƒe Amesiamina—Mesia, alo Kristo—teƒe la, wole “tame bum” alo le ŋugble dem tso woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽ ŋu. Psalmo evelia ƒe nya siawo va eme le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me hã esime Yudatɔwo kple Romatɔwo ƒe dziɖulawo wɔ ɖeka wu Mawu ƒe Fia si Wòɖo, si nye Yesu Kristo. Gake ƒe 1914 mee emevava gãtɔ dze egɔme esi woɖo Yesu Fiae le dziƒo. Tso ɣemaɣi ke la, anyigba dzi dunyahedziɖuɖu aɖeke melɔ̃ ɖe Mawu ƒe Fia si wòɖo la dzi o.
6 Nukae hakpala la wɔnɛ esime wòbia be ‘nukatae anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro’? Woƒe tameɖoɖo lae nye dzodzro; viɖe aɖeke mele eŋu o eye makpɔ dzidzedze o. Womate ŋu ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ va anyigba sia dzi o. Ke hã, woyi woƒe nuwɔnawo dzi keke ɖatsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, wowɔ ɖeka tsi tre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la kple eƒe Amesiamina la ŋu adãtɔe. Bometsitsi kae nye esi!
Yehowa ƒe Fia Aʋadziɖula La
7. Aleke Yesu yomedzela gbãtɔwo bui be Yesu ƒe nya gblɔmee Psalmo 2:1, 2 le, le gbedodoɖa aɖe me?
7 Yesu yomedzelawo bui be eŋu nyae wogblɔ le Psalmo 2:1, 2. Esi woti wo yome le woƒe xɔse ta la, wodo gbe ɖa be: “Aƒetɔ [Dziɖulagã Yehowa], wòe nye Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã la. Wò amesi gblɔ to gbɔgbɔ kɔkɔe la me le mía fofo Dawid, wò dɔla, ƒe nu me bena: ‘Nukaŋuti trɔ̃subɔlawo le nyanyram, eye dukɔwo le tame bum dzodzro? Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe Aƒetɔ [Yehowa] kple eƒe Kristo ŋu.’ Elabena vavã woƒo ƒu le du sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti; Herodes [Antipa] kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 4:24-27; Luka 23:1-12)b Ẽ, woɖo nugbe ɖe Mawu ƒe amesiamina Yesu ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me. Ke hã psalmo sia ava eme le mɔ bubu aɖe nu le ƒe alafa geɖe megbe.
8. Aleke Psalmo 2:3 ku ɖe dukɔ siwo li egbea ŋui?
8 Esime fia si nye amegbetɔ, abe Dawid ene, nɔ blema Israel nu la, trɔ̃subɔdukɔwo kple wo dzi ɖulawo wɔ ɖeka tsi tre ɖe Mawu kple amesiamina si wòɖo fiae la ŋu. Ke le míaƒe ɣeyiɣia me ya ɖe? Dukɔ siwo li egbea medi be yewoawɔ ɖe Yehowa kple eƒe Mesia la ƒe nudidiwo dzi o. Eyata woƒo nu tso wo ŋu be wole gbɔgblɔm be: “Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu!” (Psalmo 2:3) Dziɖulawo kple dukɔwo tsi tre ɖe se ɖesiaɖe si Mawu kple eƒe Amesiamina la de ŋu. Le nyateƒe me la, agbagba ɖesiaɖe si woadze be yewoatso ka siawo ahatsɔ ga siawo aƒu gbe la azu dzodzro.
Yehowa Le Alɔme Ðem le Wo Ŋu
9, 10. Nukatae Yehowa ɖea alɔme le dukɔwo ŋu?
9 Yehowa metsi dzi ɖe agbagba siwo dzem dukɔwo ƒe kplɔlawo le be yewoaɖo yewo ŋutɔwo ƒe dziɖuɖu anyi la ŋu o. Psalmo evelia yi edzi gblɔ be: “Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.” (Psalmo 2:4) Mawu yi edzi le eƒe tameɖoɖo dzi wɔm abe ɖe dziɖula siawo meɖi naneke o ene. Ekoa wo le woƒe bometsitsi ta eye wòɖea alɔme le wo ŋu. Woneƒo adegbe le nusi woɖo be yewoawɔ ŋu faa. Nu ɖikokoe koe wonye na Yehowa ya. Ekoa wo le woƒe tsitretsiɖeŋu si me naneke mado tso na wo o la ta.
10 Dawid ƒo nu tso futɔ amegbetɔwo kple dukɔwo ŋu le eƒe psalmo bubu me hedzi ha be: “Wò Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la nyɔ, eye natu fe na dukɔwo katã, megave nu vlo wɔla, siwo katã meɖia anukware o la, dometɔ aɖeke nu o! Wogbɔ le fiẽ le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsa glãla tsam le dua me. Kpɔ ɖa, nya le dodom le wo nu blobloblo be: Ame aɖeke mehele esem o ɖe? Yi le woƒe nuyiwo dzi. Ke wò, Yehowa, èle wo kom, eye nèle alɔme ɖem le dukɔwo katã ŋu.” (Psalmo 59:6-9) Yehowa koa dukɔwo le dada kple tɔtɔ si nɔa wo me ne wole woƒe bometsinuawo wɔm ɖe eŋu ta.
11. Nukae dzɔna ne dukɔwo dze agbagba be yewoagblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me?
11 Nya siwo le Psalmo 2 lia doa ŋusẽ míaƒe xɔse be Mawu ate ŋu akpɔ kuxi ɖesiaɖe gbɔ. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be awɔ eƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi eye magblẽ esubɔla wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o. (Psalmo 94:14) Ekema nukae dzɔna ne dukɔwo dze agbagba be yewoagblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖo me? Psalmo sia gblɔ be Mawu “aƒo nu kpli wo le eƒe dɔmedzoe me” abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi sesẽ aɖe ene. Gawu la, abe dzikedzo ƒe keklẽ sesẽ aɖe ene la, “[ado] ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me.”—Psalmo 2:5.
Woɖo Mawu ƒe Fia La
12. Fiaɖoɖo ka ŋue Psalmo 2:6 ku ɖo?
12 Ðikeke mele eme o be nusi Yehowa gagblɔ to hakpala la dzi la ɖe fu na dukɔwo. Mawu gblɔ be: “Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.” (Psalmo 2:6) Zion-to la nye togbɛ aɖe nɔ Yerusalem, afisi woɖo Dawid fiae ɖe Israel-dukɔa katã dzi le. Gake Mesia Fia sia manɔ fiazikpui aɖeke dzi le du ma me alo le anyigba ƒe teƒe bubu aɖeke o. Le nyateƒe me la, Yehowa ɖo Yesu Kristo wònye Mesia Fia si wòtia la xoxo le dziƒo Zion-to dzi.—Nyaɖeɖefia 14:1.
13. Nubabla kae Yehowa wɔ kple Via?
13 Mesia Fia la le nu ƒom azɔ. Egblɔ be: “Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa [amesi wɔ Fiaɖuƒea ƒe nubabla kple Via] gblɔ nam be: Vinye nènye, egbea medzi wò.” (Psalmo 2:7) Kristo ƒo nu tso Fiaɖuƒe la ŋu esime wògblɔ na eƒe apostolowo be: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.”—Luka 22:28, 29.
14. Nukatae woate ŋu agblɔ be fianyenye ƒe ɖoƒe le Yesu si le se nu?
14 Abe alesi wogblɔe ɖi le Psalmo 2:7 ene la, Yehowa na wonyae be Yesu nye ye Vi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me kple to efɔfɔ ɖe tsitre yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me. (Marko 1:9-11; Romatɔwo 1:4; Hebritɔwo 1:5; 5:5) Nyateƒee, Dziƒofiaɖuƒe la ƒe Fiae nye Mawu ƒe Tenuvi la. (Yohanes 3:16) Esi Yesu nye Fia Dawid ƒe dzidzimevi ta la, fianyenye ƒe ɖoƒe le esi le se nu. (Samuel II, 7:4-17; Mateo 1:6, 16) Le Psalmo sia ƒe nya nu la, Mawu gblɔ na Via be: “Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!”—Psalmo 2:8.
15. Nukatae Yesu bia be woatsɔ dukɔwo na ye woanye yeƒe domenyinu?
15 Yehowa ƒe ŋusẽ koe de ŋgɔ wu Fia la—Mawu ŋutɔ ƒe Vi la—tɔ. Yesu nye amesi Yehowa do kpɔ hekpɔe be ewɔa nuteƒe, eye woate ŋu aka ɖe edzi. Gawu la, domenyinyi le Yesu si esi wònye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi ta. Le nyateƒe me la, Yesu Kristoe “nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.” (Kolosetɔwo 1:15) Nusi ko wòawɔ enye be wòabia eye Mawu ‘natsɔ dukɔwo awɔ eƒe domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ etɔe.’ Yesu bia nusia, le esi wònye amesi ‘kpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu’ kple le esi wòdi vevie be yeawɔ ye Fofo si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃nu si ku ɖe anyigba la kple ameƒomea ŋu ta.—Lododowo 8:30, 31.
Tame si Yehowa Ðo ɖe Dukɔwo Ŋu
16, 17. Le Psalmo 2:9 ƒe nya nu la, nukae le dukɔwo lalam?
16 Esi wònye psalmo evelia le eme vam fifia le Yesu Kristo ƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ la me ta la, nukae le dukɔwo lalam? Eteƒe madidi o, Fia la awɔ Mawu ƒe nya sia dzi, be: “Àtsɔ gatikplɔ ato wo [dukɔwo] nyanyanya, eye agbã wo abe zemela ƒe ze ene!”—Psalmo 2:9.
17 Fiatikplɔ siwo nɔa fiawo si le blema la nyea dzesi be fianyenye ƒe ŋusẽ le wo si. Wotsɔ ga wɔ fiatikplɔ aɖewo, abe esi ŋu woƒo nu tsoe le psalmo sia me ene. Kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ si wozã le afisia la ɖe alesi gbegbe wòanɔ bɔbɔe na Kristo, Fia la be wòatsrɔ̃ dukɔwoe fia. Gatikplɔ tsɔtsɔ ƒo ze si zemela tsɔ anyi wɔe la sesĩe ana wòagbã gudugudu ale gbegbe be womagate ŋu adzrae ɖo o.
18, 19. Be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe anyigba dzi fiawo ŋu la, nukae wòhiã be woawɔ?
18 Ðe wozi dukɔwo ƒe dziɖulawo dzi be woakpɔ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa sia teƒea? Ao, elabena hakpala tsɔ nya siawo ƒo koko na wo be: “Eyata mi fiawo, midze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo!” (Psalmo 2:10) Wobia tso fiawo si be woaɖo to vevie, be woabu nya sia ŋu nyuie. Ele be woabu alesi woƒe ɖoɖowo nye nu dzodzroe, si to vovo na nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ hena ameƒomea ƒe viɖe, la ŋu.
19 Be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe anyigba dzi fiawo ŋu la, ele be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ. Woxlɔ̃ nu wo be ‘woasubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye woatso aseye kple dzodzo nyanyanya.’ (Psalmo 2:11) Nukae adzɔ ne wowɔe alea? Le esi zitɔtɔ nanɔ wo me alo woƒe susu natɔtɔ teƒe la, woate ŋu akpɔ dzidzɔ le mɔkpɔkpɔ si Mesia Fia la tsɔ ɖo wo ŋkume la ta. Ahiã be anyigba dzi fiawo naɖe asi le dada kple ɖokuidodoɖedzi si woɖena fiana le woƒe fiaɖuɖu me la ŋu. Gawu la, ahiã be woatrɔ kaba ahakpɔe adze sii be Yehowa ƒe dziɖulanyenye de ŋgɔ wu ɖesiaɖe eye be womate ŋu atsi tre ɖe Mawu kple eƒe Mesia Fia la ƒe ŋusẽ ŋu o.
“Migbugbɔ Nu Na Via”
20, 21. Be ‘woagbugbɔ nu na via’ gɔme ɖe?
20 Azɔ Psalmo 2 lia kpe dukɔwo ƒe dziɖulawo katã nublanuikpɔkpɔtɔe. Le esi woaƒo takpli le tsitretsiɖeŋu ta teƒe la, woxlɔ̃ nu wo be: “Migbugbɔ nu na via, be [Yehowa Mawu] magado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋɛ, eƒe dɔmedzoe nafla.” (Psalmo 2:12a) Ele be woaɖo to Yehowa, Aƒetɔ Dziɖulagã la ne eɖo tame. Esi Mawu ɖo Via fiae la, ele be anyigba dzi dziɖulawo nadzudzɔ ‘tame dzodzro bubu.’ Ðe wòle be woalɔ̃ ɖe Fia la ƒe fiaɖuɖu dzi enumake ahaɖo toe bliboe hafi.
21 Nukatae ‘woagbugbɔ nu na via’? Le ɣeyiɣi si me wonɔ ha sia me nyawo ŋlɔm la, nugbugbɔgbugbɔ nye xɔlɔ̃wɔwɔ ɖeɖefia eye wozãnɛ tsɔ doa dzaa na ame va aƒeme, afisi woawɔ amedzro nɛ le. Nugbugbɔgbugbɔ ate ŋu anye kukuɖeameŋu alo nuteƒewɔwɔ ɖeɖefia hã. (Samuel I, 10:1) Le psalmo evelia ƒe kpukpui sia me la, Mawu le se dem na dukɔwo be woagbugbɔ nu na ye Vi la, alo ado dzaa nɛ be eyae nye Fia si wosi ami na.
22. Nuxlɔ̃ame ka dzie wòle be dukɔwo ƒe dziɖulawo nawɔ ɖo?
22 Amesiwo gbe lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe Fia si wòtia ƒe ŋusẽ dzi la le Yehowa dzum. Womelɔ̃ ɖe Yehowa Mawu ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kpakple ŋutete si le esi be wòatia Fia nyuitɔ kekeake si aɖu ameƒomea dzi la dzi o. Dukɔwo ƒe dziɖulawo ava kpɔe be Mawu ƒe dɔmedzoe ava wo dzi kpoyi, esime wole agbagba dzem be yewoawɔ yewo ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo dzi. “Esusɔ ʋɛ, eƒe dɔmedzoe nafla,” alo ava kaba eye womate ŋu alé enu o. Ele be dukɔwo ƒe dziɖulawo naxɔ nuxlɔ̃ame sia ahawɔ nu ɖe enu. Agbe ƒe nyae esia wɔwɔ nye.
23. Ɣeyiɣi gali na amewo be woawɔ nuka?
23 Wowu psalmo wɔdɔɖeamedzi sia nu kple nya siawo, be: “Woayra amesiwo katã sii [Yehowa] tso la.” (Psalmo 2:12b) Ɣeyiɣi gali na amewo be woadi dedienɔƒe. Mɔnukpɔkpɔ sia li na dziɖulawo kple amesiwo le dukɔwo ƒe ɖoɖowo dzi dem kura gɔ̃ hã. Woate ŋu asi ava Yehowa, amesi naa sitsoƒe le eƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la gbɔ. Gake ele be woawɔ esia hafi Mesia Fiaɖuƒea natsrɔ̃ dukɔ tsitretsiɖeŋulawo.
24. Aleke míawɔ anɔ agbe si me dzidzeme geɖe wu le le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo kura gɔ̃ hã me?
24 Ne míesrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo vevie eye míewɔa woƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le míaƒe agbe me la, míate ŋu anɔ agbe si me dzidzeme geɖe le wu fifia gɔ̃ hã le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me. Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ na wokpɔa dzidzɔ le ƒomekadodowo me eye wovona tsoa dzimaɖitsitsi kple vɔvɔ̃ siwo gblẽa nu le xexea ŋu me. Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ naa kakaɖedzi nɔa mía si be míele mía Wɔla la ŋu dzem. Xexeame Katã Dziɖulagã la ɖeka koe ate ŋu ana kakaɖedzi le “agbe, si li fifi kple esi le vava ge” ne eɖe amesiwo tsia tre ɖe nusi nyo la ŋu to Fiaɖuƒe dziɖuɖua gbegbe dzi la ɖa ŋuti.—Timoteo I, 4:8.
25. Esi wònye ‘Yehowa ƒe tameɖoɖo’ mate ŋu ado kpo emevava o ta la, nukae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na be adzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me?
25 ‘Yehowa ƒe tameɖoɖo’ mate ŋu ado kpo eme vava o. Esi Mawue nye mía Wɔla ta la, enya nusi nye nyuitɔ kekeake na ameƒomea eye awɔ tame si wòɖo be yeatsɔ ŋutifafa, dzidzeme, kple dedienɔnɔ mavɔ siwo anɔ Via lɔlɔ̃a ƒe Fiaɖuƒea te ayra toɖolawoe la dzi. Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ tso míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o . . . ; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Eyata kakaɖedzi li be ɣeyiɣia de azɔ be ‘woagbugbɔ nu na Via’ eye woasubɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le gɔmedzedzea me la, Fia Dawid ye nye “amesiamina” la, eye “anyigba dzi fiawo” nye Filistitɔ dziɖula siwo na woƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka tsi tre ɖe eŋu.
b Mawunyakpukpui bubuwo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖee fia be Yesue nye Mawu ƒe Amesiamina si ŋu woƒo nu tsoe le psalmo evelia me. Míakpɔ esia kɔte ne míetsɔ Psalmo 2:7 sɔ kple Dɔwɔwɔwo 13:32, 33 kpakple Hebritɔwo 1:5; 5:5. Kpɔ Psalmo 2:9 kple Nyaɖeɖefia 2:27 hã.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• ‘Tame dzodzro’ ka ‘bum’ anyigba dzi dukɔwo le?
• Nukatae Yehowa ɖea alɔme le dukɔwo ŋu?
• Tame kae Yehowa ɖo ɖe dukɔwo ŋu?
• Be ‘woagbugbɔ nu na via’ gɔme ɖe?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Dawid dzi ha le Mesia Fia aʋadziɖula la ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Dziɖulawo kple Israel-viwo ɖo nugbe ɖe Yesu Kristo ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Woɖo Kristo Fiae ɖe dziƒo Zion-to dzi