Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Nana Kakaɖedzi Sua Mía Si
“Yehowa senɛ, ne meyɔe.”—PS. 4:4.
1, 2. (a) Nɔnɔme sesẽ kae va David dzi si na eƒe agbe ɖo afɔku me? (b) Psalmo kawo mee míadzro?
FIA DAVID nɔ Israel dzi ɖum hena ƒe aɖewo, gake fifia, nɔnɔme sesẽ aɖe si na eƒe agbe ɖo afɔku me la dze ŋgɔe. Viaŋutsu, Absalom, si ɖo nugbe ɖe eŋu la wɔ eɖokui fiae, eye esia ƒoe ɖe David nu be wòasi adzo le Yerusalem. Exɔlɔ̃ vevi aɖe si dzi wòka ɖo hã fia eyomemɔ, eye fifia, nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo koe kplɔe ɖo, eye wònɔ avi fam henɔ afɔ ƒuƒlu zɔm le Amitoa dzi. Eye nu si gavɔ̃ɖi wu ye nye be, Simei, si tso ƒome aɖe me le Fia Saul ƒe aƒe me la, fɔ kpewo nɔ David dam henɔ ke hlẽm ɖe yame nɔ ɖiŋu dom nɛ.—2 Sam. 15:30, 31; 16:5-14.
2 Ðe nɔnɔme sesẽ siawo ana David natsɔ vevesese kple ŋukpe ayi tsiẽƒea? Ao, elabena eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Esia dze ƒãa le Psalmo 3 lia, si David ŋutɔ ŋlɔ ku ɖe eƒe sisi le Absalom nu ŋu la me. Eya kee ŋlɔ Psalmo 4 lia hã. Psalmo eve siawo siaa ɖee fia be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo heɖoa wo ŋu. (Ps. 3:5; 4:4) Psalmo siawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa li kple esubɔla wɔnuteƒewo zã kple keli hekpena ɖe wo ŋu, enaa ŋutifafa wo, eye wònaa wonɔa dedie hã. (Ps. 3:6; 4:9) Eya ta mina míadzro psalmo siawo me ne míakpɔ ale si wòaʋã mí be míaka ɖe Mawu dzi ahaɖo ŋu ɖe eŋui ɖa.
Ne ‘Ame Geɖewo Tso Ðe Mía Ŋu’
3. Abe ale si Psalmo 3:2, 3 ɖee fia ene la, aleke nɔnɔmea nɔ na David?
3 Amedɔdɔ aɖe va gblɔ na David be: ‘Israel-ŋutsuwo ƒe dzi trɔ ɖe Absalom ŋu.’ (2 Sam. 15:13) Esi David nɔ ŋugble dem le ale si Absalom wɔ te ŋu fi ame gbogbo mawo ƒe dzi ŋu la, ebia be: ‘Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye. Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔname aɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o!’ (Ps. 3:2, 3) Israel vi geɖe susui be Yehowa maɖe David tso vɔ̃ si Absalom kple edzidelawo ɖo ɖe eŋu la me o.
4, 5. (a) Nu ka dzie David ka ɖo? (b) Nu kae nyagbɔgblɔ si nye “wòe fɔ nye ta ɖe dzi” la fia?
4 Kakaɖedzi nɔ David si, elabena eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe. Edzi ha be: ‘Ke wò, Yehowa, ènye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.’ (Ps. 3:4) David ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ye ta abe ale si ko akpoxɔnu kpɔa asrafo ta ene. Ɛ̃, fia tsitsi la nɔ sisim, etsyɔ nu ta hede mo to le ŋukpe ta. Gake Dziƒoʋĩtɔ la atrɔ David ƒe nɔnɔmea wòazu ŋutikɔkɔe blibo nɛ. Yehowa akpe ɖe eŋu wòadzɔ kã, afɔ mo dzi, eye wòagado eƒe ta ɖe dzi ake abe tsã ene. David do gbe ɖa na Mawu kple kakaɖedzi be aɖo gbedodoɖa ŋu na ye. Ðe nèkana ɖe Yehowa dzi nenema?
5 Esi David gblɔ be “wòe fɔ nye ta ɖe dzi” la, enɔ gbɔgblɔm be Yehowa gbɔe kpekpeɖeŋu si yele mɔ kpɔm na atso ava. Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe eme be: “Ke wò, Oo, AƑETƆ, wòe nyea nye akpoxɔnu tso vɔ̃ me ɣesiaɣi; ènaa dziɖuɖum, eye ènaa dzi gaɖoa ƒonye.” (Today’s English Version) Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nyagbɔgblɔ si nye “wòe fɔ nye ta ɖe dzi” la ŋu be: “Ne Mawu fɔ . . . ame aɖe ƒe ‘ta’ ɖe dzi la, Enaa mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi yɔa amea me fũu.” Esi wonya David ɖa tso Israel ƒe fiazikpuia dzi ta la, esia awɔe be dzi naɖe le eƒo godoo. Ke hã ‘eƒe ta fɔfɔ ɖe dzi’ awɔe be dzi nagaɖo eƒo ake, kakaɖedzi asu esi, eye wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe.
‘Yehowa Atɔ!’
6. Nu ka tae David gblɔ be Yehowa aɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu tso eƒe to kɔkɔe la dzi?
6 Esi David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye kakaɖedzi geɖe su esi la, eyi edzi gblɔ be: ‘Metsɔ gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi.’ (Ps. 3:5) Le wɔwɔ ɖe David ƒe mɔfiafia dzi me la, wotsɔ nubablaɖakaa, si nyea dzesi be Mawu li kple eƒe amewo la, yi Zion To la dzi. (Mixlẽ 2 Samuel 15:23-25.) Ekema esɔ nyuie be David gblɔ be Yehowa aɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu tso eƒe to kɔkɔe la dzi.
7. Nu ka tae David mevɔ̃ o?
7 Esi David ka ɖe edzi be Mawu aɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu na ye godoo ta la, mevɔ̃ o. Ke boŋ edzi ha be: ‘Memlɔ anyi, eye medɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowa lém ɖe asi.’ (Ps. 3:6) Le zã me, si nye ɣeyiɣi si me futɔwo tea ŋu dzea ame dzi le vo me bɔbɔe kura gɔ̃ hã la, David mevɔ̃na na alɔ̃dɔdɔ o. Eka ɖe edzi be yeafɔ godoo, elabena nu siwo me wòto le agbe me la na wòka ɖe edzi bliboe be yeate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ametakpɔkpɔ deblibo la ŋu. Nenema kee wòava me na míawo hã, ne míeléa ŋku ɖe ‘Yehowa ƒe mɔwo ŋu,’ eye míete ɖa le eya amea ŋu gbeɖe o.—Mixlẽ 2 Samuel 22:21, 22.
8. Aleke Psalmo 27:1-4 ɖee fia be David ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu?
8 Ale si David ka ɖe Mawu dzi heɖo ŋu ɖe eŋu bliboe la gadze le eƒe psalmo bubuwo me; eye nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la dze le wo dometɔ ɖeka me be: ‘Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ame ka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam? . . . Ne aʋakɔ ƒu asaɖa ɖe ŋunye hã la, dzika matso ƒonye o. . . . Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbedoxɔ me.’ (Ps. 27:1-4) Ne wò hã èsena le ɖokuiwò me alea eye wò nɔnɔmea ɖe mɔ la, ànɔ kpekpewo dem edziedzi kple nɔviwò siwo nye Yehowa subɔla vavãwo.—Heb. 10:23-25.
9, 10. Togbɔ be David gblɔ nya siwo dze le Psalmo 3:7, 8 hã la, nu ka tae nàgblɔ be vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe ƒe gbɔgbɔ menɔ eme o?
9 Togbɔ be enɔ na David be wòado dzi le Absalom ƒe nugbeɖoɖoa kpakple ame bubu geɖewo ƒe nuteƒemawɔmawɔ nɛ ta hã la, edzi ha be: ‘Ame akpe nane, siwo ho ɖe to ɖem godoo la, mele ŋɔ dzim nam o. Tso, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam! Elabena wòe ƒo tome na nye futɔwo katã, eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.’—Ps. 3:7, 8.
10 Vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe ƒe gbɔgbɔ mele David me o. Ne ahiã be ‘woaƒo tome’ na eƒe futɔwo la, ke Mawue awɔe. Fia David ŋutɔ tsɔ eƒe asi ŋlɔ Se blibo la na eɖokui eye wònya be Yehowa gblɔ le eme be: “Tɔnye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo.” (5 Mose 17:14, 15, 18; 32:35) Mawu ŋutɔ kee akpɔ egbɔ be ‘woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖuwo.’ Woƒe aɖuwo ŋeŋe fia be wòaxɔ ŋusẽ le wo si be woagawɔ vɔ̃ o. Yehowa nya ame siwo nye ame vɔ̃ɖiwo, elabena ‘ekpɔa keke dzi me ke.’ (1 Sam. 16:7, 8a) Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Mawu na xɔse kple ŋusẽ mí be míatsi tsitre sesĩe ɖe Satana, si nye vɔ̃ɖitɔ gãtɔ, si woatsɔ ade aʋli me kpuie abe dzata aɖutututɔ si le gbe ɖem ene, si menyo na naneke wu tsɔtsrɔ̃ o la ŋu!—1 Pet. 5:8, 9; Nyaɖ. 20:1, 2, 7-10.
“Yehowa Si Me Xɔname Le”
11. Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa ɖe míaƒe haxɔsetɔwo ta?
11 David nyae be Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana yeakpɔ gbɔdzɔe si yehiã vevie la. Gake hakpalaa menɔ eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu bum o. Ke nu kae nye eƒe susu ku ɖe dukɔ si ŋu Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo la ŋu? Esɔ ŋutɔ be David wu eƒe ha si gbɔgbɔ ʋãe wòkpa la nu be: ‘Yehowa si me xɔname le. Wò yayra neva wò dukɔ dzi!’ (Ps. 3:9) Enye nyateƒe be kuxi gã nyadriwo nɔ David dzi, gake Yehowa ƒe dukɔ bliboa ƒe nyonyo nɔ susu me nɛ eye eka ɖe edzi be Mawu ayra wo. Ðe manyo be míawo hã míaƒe susu nanɔ míaƒe haxɔsetɔwo ƒe nyonyo ŋu oa? Mina míanɔ ŋku ɖom wo dzi le míaƒe gbedodoɖawo me ahanɔ Yehowa biam be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la wo ale be woate ŋu alé dzi ɖe ƒo, eye woagblɔ nya nyui la kple kakaɖedzi.—Ef. 6:17-20.
12, 13. Nu kae dzɔ ɖe Absalom dzi, eye alekee David wɔ nui?
12 Absalom ku ŋukpetɔe—esia nye nuxlɔ̃ame na ame sia ame si wɔa nu madzemadze ɖe ame bubuwo ŋu, vevietɔ ɖe ame siwo Mawu si ami na abe David ene la ŋu. (Mixlẽ Lododowo 3:31-35.) Wova kpe aʋa mlɔeba, eye woɖu Absalom ƒe aʋakɔwo dzi. Esi Absalom ŋutɔ nɔ tedzisɔ aɖe dom nɔ sisim la, eƒe taɖa kpekee la ku klẽti gã aɖe si ƒe alɔwo vu va anyi me la. Etsi atia ŋu eye eƒe afɔ menɔ anyi kam o—meku o, gake wɔna vɔ le eŋu. Eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Yoab tsɔ akplɔ etɔ̃ va tɔ eƒe dzi nu wòku.—2 Sam. 18:6-17.
13 Ðe David kpɔ dzidzɔ esi wòse nu si dzɔ ɖe viaŋutsua dzia? Ao. Ke boŋ enɔ avi fam nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm henɔ gbɔgblɔm be: “Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!” (2 Sam. 18:24-33) Yoab ƒe nyawo koe te ŋu na David dzudzɔ eƒe nuxaxa vevie la. Alekee Absalom, si nɔƒe gã didi gbã ŋku na wòle aʋa wɔm kple fofoa—Yehowa ƒe amesiamina—la ƒe agbe wu enu kpata eye wòhe gbegblẽ va eɖokui dzie nye esi!—2 Sam. 19:2-9; Lod. 12:21; 24:21, 22.
David Gaɖe Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Fia Ake
14. Nya kae míate ŋu agblɔ tso Psalmo 4 lia kpakpa ŋu?
14 Abe Psalmo 3 lia ke ene la, Psalmo 4 lia hã nye David ƒe kokoƒoƒo si nye eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe ƒe kpeɖodzi. (Ps. 3:5; 4:4) Ðewohĩ ɖe David kpa ha sia tsɔ ɖe eƒe dzidzeme kple akpedada gblɔ na Mawu le Absalom ƒe nugbeɖoɖoa ƒe kpododo nu megbe. Alo ɖewohĩ ɖe wòŋlɔ hakpanya siawo kple susu be Lewi vi hadzilawo nadzii. Eɖanye wo dometɔ ka tae o, ŋugbledede le ha sia me nyawo ŋu ate ŋu ana míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me nagasẽ ɖe edzi.
15. Nu ka tae míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ado gbe ɖa na Yehowa to Via dzi?
15 David gaɖe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu bliboe fia ake eye wògaɖe kakaɖedzi si gbegbe le esi be Mawu aɖo to yeƒe gbedodoɖa la fia. Edzi ha be: ‘Ne meyɔ wò la, tɔ nam, nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu, wò ame si na alɔmeɖeƒem le xaxa me; ve nunye, eye nàse nye gbedodoɖa!’ (Ps. 4:2) Kakaɖedzi ma ke ate ŋu asu míawo hã si ne míewɔa nu dzɔdzɔe. Nyanya be Yehowa, “dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu” la, yraa ame dzɔdzɔewo ate ŋu ana míatsɔ kakaɖedzi ado gbe ɖa nɛ to Via dzi, le Yesu ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se me. (Yoh. 3:16, 36) Dzidzeme ka gbegbee nye esi esia nana míekpɔna!
16. Nu ka tae wòanya nɔ eme be dzi va ɖe le David ƒo?
16 Ɣeaɖewoɣi la, nudzɔdzɔ aɖe ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo eye kakaɖedzi maganɔ mía si o. David anya se le eɖokui me alea hena ɣeyiɣi aɖe, elabena edzi ha be: ‘Mi ŋutsu ƒe viwo, zi nenie miaɖi gbɔ nye bubu, yakanu nanɔ mia ŋu nyom, eye mianɔ aʋatso yome dim?’ (Ps. 4:3) Edze ƒãa be nyagbɔgblɔ “ŋutsu ƒe viwo” ku ɖe ameƒomea ŋu, ke hã menye wo kafum wònɔ o. ‘Yakanuwo nɔ’ David ƒe futɔwo ‘ŋu nyom.’ Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe eme ale: “Va se ɖe ɣekaɣie alakpanyawo anɔ mia ŋu nyom eye mianɔ alakpamawuwo yome tim?” (New International Version) Ne dzi ɖe le mía ƒo le ame bubuwo ƒe nuwɔna ta gɔ̃ hã la, mina míayi edzi anɔ koko ƒom na Mawu vavã ɖeka la, eye míaɖee afia be míeɖo ŋu ɖe eŋu bliboe.
17. Ðe ale si míate ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 4:4 me nyawo la me.
17 David ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu dze ƒãa le eƒe nya siawo me: ‘Ke minyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe.’ (Ps. 4:4) Dzinɔameƒo kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe hiã hafi míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ahiã na nɔnɔme nyui siawo ne woɖe ƒomea me tɔ aɖe si zu nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime la le hamea me. Mawu dea bubu ame siwo wɔa nuteƒe nɛ heléa eƒe sewo me ɖe asi la ŋu. Nenema kee nuteƒewɔwɔ kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe nana dzidzɔ geɖe nɔa eƒe amewo dome.—Ps. 84:12, 13.
18. Le ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 4:5 me nyawo la, nu kae wòle be míawɔ ne woƒo nu na mí alo wɔ nu ɖe mía ŋu ameŋumabumabutɔe?
18 Ke ne ame aɖe wɔ nu alo gblɔ nya aɖe si do dziku na mí ya ɖe? Míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míewɔ ɖe nya si David gblɔ be, ‘Dzi neku mi, ke migawɔ nu vɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!’ la dzi. (Ps. 4:5) Ne woƒo nu na mí alo wɔ nu ɖe mía ŋu ameŋumabumabutɔe la, migana míawɔ nu vɔ̃ to wɔɖenuiwɔwɔ me o. (Rom. 12:17-19) Míate ŋu aƒo nu le dzi me le míaƒe aba dzi. Ne míedo gbe ɖa le nyaa ŋu la, ate ŋu awɔe be míava se nu si dzɔ la gɔme bubui kura eye wòaʋã mí míatsɔe ake le lɔlɔ̃ ta. (1 Pet. 4:8) Enyo ŋutɔ be míade dzesii be apostolo Paulo ɖo aɖaŋu le nya sia ŋu, eye wòdze ƒãa be Psalmo 4:5 dzie wòtui ɖo, esi wògblɔ be: “Mibi dzi, gake migawɔ nu vɔ̃ o; miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o, eye migaɖe mɔ na Abosam hã o.”—Ef. 4:26, 27.
19. Alekee Psalmo 4:6 me nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le gbɔgbɔmevɔ siwo míesana gome?
19 Esi David nɔ gbe tem ɖe ale si gbegbe wòhiã be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu dzi la, edzi ha be: ‘Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!’ (Ps. 4:6) Ne susu nyuiwoe ʋã Israel viwo hafi wosa vɔ na Mawu la, eya ko hafi wòdea asixɔxɔ woƒe vɔsawo ŋu. (Yes. 1:11-17) Eya ta hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe gbɔgbɔmevɔsawo ŋu la, ele be susu nyuiwo nanɔ míawo hã si eye míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe hafi míasa vɔ mawo.—Mixlẽ Lododowo 3:5, 6; Hebritɔwo 13:15, 16.
20. Nu kae ‘Yehowa ƒe ŋkume kekeli’ fia?
20 David yi edzi be: ‘Ame geɖewo le gbɔgblɔm be: Ame ka ana míakpɔ nu nyui kple ŋku? Oo, Yehowa, na wò ŋkume kekeli naklẽ ɖe mía dzi!’ (Ps. 4:7) ‘Yehowa ƒe ŋkume kekeli’ fia Mawu ƒe amenuveve. (Ps. 89:16) Eya ta esi David do gbe ɖa be, ‘Na wò ŋkume kekeli naklẽ ɖe mía dzi’ la, nu si wòwɔnɛ ye nye, ‘ve mía nu.’ Esi míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, evea mía nu, eye míekpɔa dzidzɔ geɖe ne míetsɔ kakaɖedzi wɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
21. Ne míekpɔa gome le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ si wɔm wole egbea me bliboe la, nu kae asu mía si godoo?
21 Esi David nɔ mɔ kpɔm na dzidzɔ si Mawu nana, si gbɔa esi wokpɔna le nuŋeɣiwo ŋu la, edzi ha na Yehowa be: ‘Ède dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wain bɔ ɖe wo si.’ (Ps. 4:8) Míate ŋu aka ɖe edzi be dzidzɔ vavãtɔ asu mía si ne míekpɔa gome le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ si le edzi yim egbea la me bliboe. (Luka 10:2) Esi amesiaminawo ƒe ‘dukɔ dziɖedzi la’ le ŋgɔ xɔm la, míele dzidzɔ kpɔm fifia esi ‘nuŋelawo’ ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi. (Yes. 9:2) Ðe nèle gome kpɔm le nuŋeŋedɔ dodzidzɔname sia me bliboe vavã?
Miyi Ŋgɔ Kakaɖedzitɔe, Eye Miɖo Ŋu Ðe Mawu Ŋu Bliboe
22. Le Psalmo 4:9 ƒe nya nu la, alekee nuwo nɔna na Israel viwo ne wolé Mawu ƒe Sea me ɖe asi?
22 David wu psalmo sia nu kple nya siawo be: ‘Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake; elabena wò Yehowa ɖeɖe ko ana manɔ dedie.’ (Ps. 4:9) Ne Israel viwo lé Yehowa ƒe Sea me ɖe asi la, ŋutifafa nɔa woa kplii dome, eye wonɔa dedie. Le kpɔɖeŋu me, ‘Yuda kple Israel dome ame sia ame nɔ anyi bɔkɔɔ’ le Salomo ƒe dziɖuɣi. (1 Fia. 5:5) Ame siwo ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la nɔa ŋutifafa me ne dukɔ siwo ƒo xlã wo la lé fu wo gɔ̃ hã. Abe David ene la, míedɔa alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena Mawu na míenɔa dedie.
23. Ne míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe la, yayra kawoe asu mía si?
23 Mina míayi edzi anɔ dɔ si Yehowa de mía si la wɔm kakaɖedzitɔe. Mina míanɔ gbe dom ɖa hã le xɔse me, ale be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la” nasu mía si. (Flp. 4:6, 7) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi míekpɔna tso esia me! Eye míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi, ne míeyia edzi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Kuxi kawoe va David dzi le Absalom ta?
• Alekee Psalmo 3 lia naa kakaɖedzi sua mía si?
• Mɔ kawo nue Psalmo 4 lia ate ŋu ana míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me nasẽ ɖe edzi le?
• Alekee ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu bliboe ate ŋu aɖe vi na mí?
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Esi David si dzo le Absalom ta gɔ̃ hã la, eyi edzi ka ɖe Yehowa dzi
[Nɔnɔmetatawo si le axa 32]
Ðe nèɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboea?