Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
JULY 6-12
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 6-7
Israel ŋutsuawo hã ƒe nɔnɔme trɔ. Gbãa, woxɔe se be Yehowa ye dɔ Mose, gake esi Farao de se be woana woagawɔ dɔ sesẽ ɖe edzi la, woto nyatoƒoe ale gbegbe be dzi ɖe le Mose ƒo wòfa konyi na Yehowa. (2Mo 4:29-31; 5:19-23) Dziƒoʋĩtɔ la do ŋusẽ Mose esi wòɖee fia be yeana gɔmesese blibo si le yeƒe ŋkɔ Yehowa ŋu, si gɔme Abraham, Isak kple Yakob mese o la, nava eme azɔ ne yeɖe Israel-viwo eye yena wova zu dukɔ gã aɖe le ŋugbedodonyigbaa dzi. (2Mo 6:1-8) Nya mawo gɔ̃ hã mena Israel ŋutsuawo ɖo to Mose o. Gake le fuwɔame asiekelia megbe la, wova de Mose dzi bliboe, wɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ale gbegbe be esi fuwɔame ewolia wu enu la, Mose te ŋu ƒo wo nu ƒu eye wòkplɔ wo dzoe le “ɖoɖo nu abe asrafohawo ene.”—2Mo 13:18.
Wodo ɖe Egipte fia Farao ŋkume. Mose kple Aron koŋ ye Yehowa zã tsɔ kpe ŋgo kple Egiptetɔwo ƒe mawuawo. Farao zã Yane kple Yambre (2Ti 3:8) siwo nye akunyawɔlawo ƒe tatɔwo tsɔ yɔ Egipte mawuwo katã be woava kpe Yehowa ƒe ŋusẽ dzi. Togbɔ be Farao gasẽ dzi me le nukunu gbãtɔ si Mose gblɔ na Aron be wòawɔ le eŋkume megbe gɔ̃ hã, nukunu ma na míekpɔe be ŋusẽ le Yehowa si boo wu Egipte mawuwo. (2Mo 7:8-13) Le fuwɔame etɔ̃lia megbe la, akunyawɔlawo gɔ̃ hã gblɔ be, “Esia la Mawu ƒe asibidɛ ye!” Le fuwɔame si me ƒoƒoe te amewo le me la, ƒoƒoea te akunyawɔlaawo hã eye nɔnɔmea kpe ke wo ale gbegbe be womete ŋu do ɖe Farao ŋkume be yewoatsi tsitre ɖe Mose ŋu o.—2Mo 8:16-19; 9:10-12.
Fuwɔameawo na ame aɖewo xɔ Mawu dzi se gake ame bubuwo ya sẽ dzi me. Mose kple Aron ye ɖe gbeƒã Fuwɔame Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe. Fuwɔameawo va eme abe ale si woɖe gbeƒã woe ene, eye esia ɖo kpe edzi be Yehowa teƒenɔlae Mose nye. Yehowa ƒe ŋkɔ ɖi le Egipte eye ame geɖe ƒo nu tso eŋu, esia wɔe be Israel-viwo kple Egiptetɔ aɖewo va xɔ Mawu dzi se gake ame bubuwo, abe Farao kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpakple ame siwo le edzi, ya sẽ dzi me. (2Mo 9:16; 11:10; 12:29-39) Egiptetɔwo nyae be Yehowa ye nɔ ʋɔnu drɔ̃m yewoƒe mawuawo ke menye ɖe yewodze agɔ le yewoƒe mawuawo dzi o. Kaka fuwɔame asieke nava yi la, “Farao ƒe subɔviwo kple eƒe dukɔ la de bubu Mose [hã] ŋu ŋutɔ le Egipte-nyigba la dzi.”—2Mo 11:3.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Wode dɔ asi na Mose togbɔ be ŋu kpenɛ hã. Mose ŋutɔ gblɔ be ŋu kpea ye eye nu menya ƒona na ye o. Ƒe 40 do ŋgɔa, Mose tso le eɖokui si be yeaɖe Israel-viwo, gake fifia eƒe nɔnɔme trɔ kura wu ale si wònɔ va yi. Menɔ lɔlɔ̃m be yeawɔ dɔ si Yehowa de ye si la o eye wògblɔ be woadɔ ame bubu. Togbɔ be esia na Mawu do dziku hã la, megbe Mose o ke boŋ etsɔ nɔvia Aron kpe ɖe eŋu be wòanye eƒe nyanuɖela. Ale Mose va zu Mawu teƒenɔla. Esi Mose nye Mawu teƒenɔla ta la, eva zu abe “Mawu” ene na Aron, ame si va nye eya hã teƒenɔla. Edze be Mawu tsɔ mɔfiame kple sedede siwo wogblɔ na Israel metsitsiwo kple esiwo katã wogblɔ na Farao la na Mose, eye eya hã gblɔ wo na Aron, ale be esi woyi Farao (si va xɔ ɖe Farao si nu Mose si le ƒe 40 aɖewoe nye ema teƒe) ŋkume la, Aron ye ƒo nu. (2Mo 2:23; 4:10-17) Emegbe Yehowa gblɔ be Aron nye Mose ƒe “nyagblɔɖila,” si fia be, ale si ko Mose nye Mawu ƒe nyagblɔɖila eye wòfia mɔe ene la, nenema kee Mose hã afia mɔ Aron. Azɔ hã, Mawu gblɔ na Mose be yewɔe abe “Mawu ene na Farao,” si fia be yena ŋusẽe ɖe Farao dzi, ale be wòagavɔ̃ na Egipte fia la o.—2Mo 7:1, 2.
JULY 13-19
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 8-9
Yehowa Mawu gbɔa dzi ɖi ne ele nu wɔm kple ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo eye metsrɔ̃a wo enumake o ne wodze na ku gɔ̃ hã. (1Mo 15:16; 2Pe 3:9) Esia wɔnɛ be ame aɖewo trɔa woƒe nɔnɔme ale be Mawu kpɔa nublanui na wo (Yos 2:8-14; 6:22, 23; 9:3-15;), gake ame bubuwo ya gasẽa dzi me ɖe edzi, eye wotsia tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu. (5Mo 2:30-33; Yos 11:19, 20) Esi Yehowa mexea mɔ na ame aɖe si ƒe dzi me sẽ o ta la, wogblɔna tso eŋu be ‘eɖea mɔ amewo ƒe dzi me sẽna’ alo ‘enana amewo ƒe dzi me sẽna.’ Ne etsrɔ̃ ame siwo ƒe dzi me sẽ mlɔeba la, enana eƒe ŋusẽ gã la dzena ƒãa eye amewo va dzea si eƒe ŋkɔ.—Tsɔe sɔ kple 2Mo 4:21; Yh 12:40; Ro 9:14-18.
Azɔ hã, Yehowa Mawu wɔa nɔnɔmeawo ŋu dɔ ale gbegbe be ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã nana eƒe tameɖoɖo vaa eme evɔ woawo ŋutɔwo menyana o. Togbɔ be wotsia tsitre ɖe Mawu ŋu hã, eɖea mɔ ɖe woƒe nuwɔnaa ŋu va se ɖe afi aɖe, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ekpɔa esubɔlawo ya ta be woayi edzi awɔ nuteƒe, eye etea ŋu nana ame vɔ̃ɖi siawo gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawo nana eƒe dzɔdzɔenyenye va dzena gaglã. (Ro 3:3-5, 23-26; 8:35-39; Ps 76:10) Biblia ɖo kpe nya sia dzi le Lododowo 16:4 afi si gblɔ be: “Yehowa wɔ nu sia nu hena eƒe tameɖoɖo me vava, ale be ame vɔ̃ɖi gɔ̃ hã natsrɔ̃ le vɔ̃dzɔgbe.”
Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Farao, ame si gbɔ Yehowa dɔ Mose kple Aron ɖo be wòaɖe asi le Israel-vi siwo nye eƒe kluviwo la ŋu. Menye Mawue na Egipte fia sia ƒe tame sẽ o, gake eɖe asi le eŋu, metsrɔ̃e ɖa enumake o, eye wòna nɔnɔmeawo na Farao ŋutɔ ɖee fia be yenye dzimesesẽtɔ si dze na ku. Nu si ta Yehowa metsrɔ̃e enumake o la dze le 2 Mose 9:16. Afi ma gblɔ be: “Susu si tae mena nèle agbe ɖoe nye be, maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.”
Fuwɔame ewo siwo va Egipte kple vevietɔ Farao kpakple eƒe aʋakɔwo tsɔtsrɔ̃ le Ƒudzĩa me la ɖee fia be ŋusẽ triakɔ le Yehowa si. (2Mo 7:14–12:30; Ps 78:43-51; 136:15) Eye le ƒe geɖe megbe la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la ganɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ sia ŋu, si wɔe be Mawu ƒe ŋkɔ ɖi le anyigba bliboa dzi. (Yos 2:10, 11; 1Sa 4:8) Ne ɖee Yehowa Mawu tsrɔ̃ Farao enumake la, anye ne ŋusẽ gã si wòɖe fia si he ŋutikɔkɔe va nɛ kple ale si wòxɔ na eƒe amewo la maɖe dzesi nenema o.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Fuwɔame enelia si va Egiptetɔwo dzi, si nye gbãtɔ si meɖe fu na Israel-vi siwo nɔ Gosen-nyigba dzi o la, nye nudzodzoe si mele nyanya tututu o. Eya ta woɖea Hebrigbe me nya gbãtɔ si wozã le Ŋɔŋlɔawo me na nudzodzoe sia la gɔme vovovoe. (2Mo 8:21, 22, 24, 29, 31; Ps 78:45; 105:31) Hebrigbe me nya ʽA·rovʹ ye wozã na nudzodzoe ma eye woɖea egɔme vovovoe be “togbato” (JB, NW, Ro), “adoŋgo” (Yg), “nudzodzoewo” (AS, KJ, RS), “mu” (AT), kple “tagbatsu,” ƒomevi aɖe (LXX).
Eʋegbe nya si wozã be “togbato” la fia togbato ƒomevi vovovowo, abe adzɔ̃e kple bubuawo ene. Adzɔ̃e nɔewo noa ʋu le lãme na amewo kple lãwo siaa. Togbato ƒomevi aɖe li, ne eɖu amewo alo lãwo la, eɖaa azi ɖe lãme na wo eye aziawo trɔna zua ŋɔvi le lãme na wo; esiwo ɖua amegbetɔwo la nɔa anyigba xɔdzowo dzi. Eya ta ne togbatowoe Yehowa zã le fuwɔame enelia sia me la, ke manye fu vie Egiptetɔwo kple woƒe lãhawo siaa kpe o, eye ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ku.
JULY 20-26
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 10-11
Ebia xɔse kple dzideƒo hafi woado ɖe Farao ŋkume. Yehowa ye do ŋusẽ Mose kple Aron eye wòkpe ɖe wo ŋu kple eƒe gbɔgbɔa be wote ŋu wɔ dɔ gã si wòde wo si la. Kpɔ Farao ame si nye fia si si ŋusẽ le wu le anyigba dzi ɣemaɣi la ƒe fiasã me le susu me ɖaa. Farao dadala si wobuna be enye mawu lae nye ema nɔ anyi ɖe eƒe fiasã si woɖo atsyɔ̃ na eteƒe mekɔ o la me, aɖaŋuɖolawo, asrafowo, dzɔlawo kple subɔviwo le eŋu. Azɔ hã, ame siwo xɔa ŋgɔ le subɔsubɔnyawo me kple akunyawɔlawo, siwo koŋ tsi tre ɖe Mose ŋu la le afi ma. To vovo na Farao la, ame siawoe nye ŋusẽtɔ gãtɔ siwo le Egipte-nyigba dzi. Ame siawo gbegbee de megbe na Farao wole Egipte mawuwo dzi. Farao sia ŋkumee Mose kple Aron do ɖo menye zi ɖeka o, ke boŋ zi geɖe, eye ɣesiaɣi si woyi la, Farao ƒe dzi me gasẽna ɖe edzi elabe eɖoe be yemaɖe asi le yeƒe kluvi, Hebri vi, dɔ sesẽ wɔlawo ŋu o. Le nyateƒe me la, esi Mose kple Aron gblɔ fuwɔame enyilia vɔ la, wonya wo ɖa le Farao ŋkume, eye le fuwɔame asiekelia megbe la, Farao de se na wo be womegado ɖe ye ŋkume azɔ o, ne woka atse va la, yeawu wo.—2Mo 10:11, 28.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Yehowa ɖe ŋusẽ gã wɔnuku aɖe fia tsɔ ɖe Israel-viwo eye wòto esia dzi do eƒe ŋkɔ ɖe dzi. Esi woto Ƒudzĩa me do ɖe eƒe ɣedzeƒe go dzi dedie la, Mose xɔ ŋgɔ na Israel-viwo wodzi ha, eye nɔvia Miriam, si nye nyɔnunyagblɔɖila la tsɔ axatsɛ ɖe asi eye nyɔnuwo katã hã tsɔ axatsɛ ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo le haa xem na ŋutsuawo. (2Mo 15:1, 20, 21) Azɔ ko Israel-viwo vo tso woƒe futɔwo si me keŋkeŋ. Esi wodzo le Egipte la, Yehowa meɖe mɔ be ame alo lã aɖeke nawɔ vɔ̃ wo o; avu gɔ̃ hã mewó alo do eƒe aɖe ɖa ɖe Israel-viwo ŋu o. (2Mo 11:7) Togbɔ be ŋutinyaa megblɔ be Farao ŋutɔ hã kplɔ eƒe aʋakɔawo ɖo ge ɖe atsiaƒua me tsrɔ̃ o hã la, Psalmo 136:15 gblɔ be Yehowa “ʋuʋu Farao kple eƒe aʋakɔ la kɔ ɖe Ƒudzĩ la me.”
JULY 27–AUGUST 2
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 12
Nu siwo wowɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi la dometɔ aɖewo va eme ɖe Yesu dzi. Wo dometɔ ɖeka si va eme ɖe Yesu dzie nye ʋu si Israel-viwo sisi ɖe woƒe ʋɔtrutiwo ŋu le Egipte, si wɔe be mawudɔlaa metsrɔ̃ woƒe ŋgɔgbeviwo ya o. Paulo gblɔ be Kristotɔ amesiaminawo nye ŋgɔgbeviwo (Heb 12:23), eye Kristo ɖe wo to eƒe ʋu dzi. (1Te 1:10; Ef 1:7) Mele be woagbã Ŋutitotolẽvia ƒe ƒu aɖeke o. Wogblɔe ɖi be womaŋe Yesu ƒe ƒu aɖeke o, eye esia va eme le eƒe kuɣi. (Ps 34:20; Yh 19:36) Eya ta Ŋutitotoŋkekenyui si Yudatɔwo ɖu hena ƒe gbogbo la nye nu siwo Sea gblɔ be wonye vɔvɔli na nu siwo ava va eme ɖe Yesu Kristo, ame si nye “Mawu ƒe Alẽvi” la dzi la dometɔ ɖeka.—Heb 10:1; Yh 1:29.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
Fuwɔame ewo siwo katã va Egiptetɔwo dzi la nye ʋɔnudɔdrɔ̃ woƒe mawuwo, vevietɔ ewolia si me woƒe ŋgɔgbeviwo ku le. (2Mo 12:12) Elabe agbo (alẽtsu) nye lã kɔkɔe na mawu Ra, eya ta Egiptetɔwo abu Ŋutitotolẽvi la ƒe ʋu si Israel-viwo sisi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la be enye busunuwɔwɔ. Azɔ hã, wobua nyitsu lã kɔkɔe, eya ta nyitsuwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒe ku anye gbɔɖiɖi woƒe mawu si nye Osiris. Wobua Farao ŋutɔ be enye mawu Ra ƒe vi. Eya ta esi Farao ŋutɔ ƒe ŋgɔgbevi ku ta la, eɖee fia be Ra kple Farao siaa mele ɖeke me o.
Nane si ɖe dzesi le ‘takpekpe kɔkɔe’ siawo katã ŋue nye be womewɔa dɔ sesẽ aɖeke le wo dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo ƒe ŋkeke gbãtɔ kple adrelia nyea “takpekpe kɔkɔewo.” Yehowa gblɔ tso ŋkeke mawo ŋu be: “Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o. Negbe nu si wòhiã be ame sia ame naɖu la koe miaɖa.” (2Mo 12:15, 16) Ke hã, le “takpekpe kɔkɔewo” dzi la, nunɔlawo nɔa dɔ dzi nɔa vɔwo sam na Yehowa (Le 23:37, 38), eye esia menye se si wòde na dukɔa be woagawɔ woƒe gbe sia gbe dɔwo le ŋkeke mawo dzi o la dzi dada o. Eye menye vovoɣie ŋkeke mawo nye na Israel-viwo o, ke boŋ enye ɣeyiɣi si woazã atsɔ ado ŋusẽ woƒe xɔse. Le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ŋkekea dzi la, woƒoa ƒu ɖe dutoƒo be yewoasubɔ eye woafia nu yewo. Mawu ƒe Nyaa si woxlẽna na wo le dutoƒo eye woɖea wo me na wo la tua wo ɖo, eye eva nɔ alea le ƒuƒoƒewo le ƒe alafa gbãtɔ me. (Dw 15:21) Eya ta togbɔ be womewɔa dɔ sesẽ aɖeke le Sabat ŋkekea alo “takpekpe kɔkɔewo” dzi o hã la, wozãa ɣeyiɣi mawo tsɔ doa gbe ɖa eye wodea ŋugble le Wɔla la kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.