Woɖe Vovo be Woanye Yehowa Kafula Kpɔdzidzɔwo le Xexeame Katã
“Mikafu Yehowa! Mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui!”—PSALMO 113:1.
1, 2. (a) Abe alesi Psalmo 113:1-3 gblɔe ene la, amekae dze na míaƒe kafukafu dzonɔamemetɔe? (b) Nya kae wòsɔ be míabia?
YEHOWA MAWU ye nye dziƒo kple anyigba Wɔla Wɔnuku la, míaƒe Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Edze le go sia go me na míaƒe dzonɔameme kafukafu. Esia tae wode se na mí le Psalmo 113:1-3 be: “Mikafu Yehowa! Mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia vaseɖe mavɔ me! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!”
2 Nusia wɔwɔ doa dzidzɔ na mí Mawu ƒe Ðasefowo. Aleke gbegbe wòvivii enye esi be esusɔ vie ko Yehowa Mawu nana dzidzɔ kafukafuha sia si dzim míele egbea la naxɔ anyigba bliboa katã dzi! (Psalmo 22:28) Ðe wò gbe le ɖiɖim le xexeame katã ƒe hadziha gã sia mea? Ne ele ɖiɖim la, aleke gbegbe dzi adzɔ wòe nye si be nèɖe ɖokuiwò ɖe vovo tso dzidzɔmakpɔmakpɔxexe sia si me mã kakɛkakɛe me!
3. (a) Nukae na Yehowa ƒe amewo to vovo etɔxɛe? (b) Mɔ kawo nue míeɖe ɖe vovo le?
3 Míaƒe Yehowa kafukafu ɖekae ɖe mí ɖe vovo etɔxɛe kura. Míaƒe nuƒoƒo kple nufiafia nye ɖeka eye mɔ mawo ke nu míetona gblɔa ‘Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ gbogboawo’ fiana. (Psalmo 145:7) Nyateƒee, woɖe mí amesiwo tsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la ɖe vovo na Yehowa, mía Mawu la, ƒe subɔsubɔ. Mawu gblɔ na eƒe blemadukɔ Israel be woaɖe wo ɖokui ɖe vovo tso dukɔ siwo ƒo xlã wo gbɔ eye womegana dukɔ mawo ƒe nuwɔnawo naƒo ɖi wo o. (Mose II, 34:12-16) Ewɔ sewo na eƒe amewo si akpe ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me. Nenema ke egbea Yehowa na Biblia, eƒe Nya Kɔkɔe la mí. Emenyawo fiaa alesi míawɔ aɖe mía ɖokui ɖa tso xexe sia gbɔ la mí. (Korintotɔwo II, 6:17; Timoteo II, 3:16, 17) Míaƒe ɖeɖe ɖe vovo menye mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga ava nɔ ŋutsu nunɔlawo ƒe saɖagaƒewo me alo nyɔnu nunɔlawo tɔ me, abe alesi Babilon Gã la ƒe ŋutsu kple nyɔnu saɖaganunɔlawo wɔnɛ ene o. Le Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, míekafua Mawu le dutoƒo.
Srɔ̃ Yehowa Kafula Vevitɔ
4. Aleke Yesu ɖo Yehowa kafukafu ƒe kpɔɖeŋu ɖii?
4 Yesu ƒe ŋku medzo le eƒe taɖodzinu si nye be yeakafu Yehowa la dzi kpɔ gbeɖe o. Eye esia wɔe be wòɖe vovo tso xexeame gbɔ. Ekafu Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la le ƒuƒoƒewo kple le Yerusalem-gbedoxɔ me. Eɖanye le todzi alo ƒuta o, afisiafi si Yesu akpɔ amehawo woaƒo ƒu ɖo ko la, eɖea gbeƒã Yehowa ƒe nyateƒeawo na wo le gaglãgbe. Egblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò.” (Mateo 11:25) Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu le Pontio Pilato ŋkume gɔ̃ hã la, eɖi ɖase be: “Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Yesu nya alesi gbegbe eƒe dɔa le vevie. Afisiafi si Yesu nɔ la, eɖi ɖase le Yehowa ŋu eye wòkafui le dutoƒo.
5. Ameka ŋue Psalmo 22:22 me nyawo ku ɖo, nukae le be wòanye míaƒe nɔnɔme ɖe eŋu?
5 Wogblɔ nya sia ɖi le Yehowa Kafula Vevitɔ ŋu le Psalmo 22:23 be: “Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒãe na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome.” Eye le Hebritɔwo 2:11, 12 la, apostolo Paulo zã kpukpui siawo me nyawo na Aƒetɔ Yesu kple amesiwo ŋu Yehowa Mawu kɔ be woaxɔ dziƒoŋutikɔkɔe. Abe eya ene la, mekpea ŋu na woawo hã be woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ le amehawo dome o. Ðe susu sia ke nɔa mía si ne míeyi míaƒe hame kpekpewoa? Míaƒe susu kple nuyi zazã tsɔ kpɔ gome le kpekpeawo me kafua Yehowa. Gake ema dzi koe míaƒe Yehowa kafukafu sea?
6. Dɔ kae Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo, eye aleke kekelia lɔ̃lawo kafua Mawui?
6 Mateo 5:14-16 me nyawo fia be Aƒetɔ Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woana woƒe kekeli naklẽ bene amewo nakafu Yehowa. Egblɔ be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli. . . . Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” Kekelia lɔ̃lawo kafua Mawu. Ðe wowɔ esia to nyanyui gbɔgblɔ kple dɔmenyonunana amewo ko mea? Ao, alesi wowɔa ɖeka kafua Yehowa me boŋ dzie wotona wɔnɛ. Ẽ, kekelia lɔ̃lawo tsɔa wo ɖokui ɖea adzɔgbe na Mawu zua ekafula kpɔdzidzɔwo. Èɖe afɔ sia si me dzidzɔkpɔkpɔ le la?
Dzidzɔ si Tsoa Yehowa Kafukafu Me
7. Nukatae dzi dzɔa Yehowa kafulawo ale gbegbe, eye dzidzɔ kae zu wo tɔ le ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?
7 Nukatae Yehowa kafulawo kpɔa dzidzɔ alea gbegbe ɖo? Esi dzidzɔ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetseawo dometɔ ɖeka tae. Eyae woyɔ le lɔlɔ̃ yɔyɔ vɔ megbe teti le Galatiatɔwo 5:22. Yesu ƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo tse Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒe ku sia. Le ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, esime Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo ade 120 dzi la, wo katã wodze Yehowa kafukafu gɔme le gbegbɔgblɔ vovovo me. Yudatɔ mawuvɔ̃la siwo tso dukɔ vovovo me va Yerusalem la ‘ƒe nu ku eye wotsi yaa.’ Wodo ɣli be: “Míese wole Mawu ƒe nu dzɔtsuwo gblɔm le mía ŋutɔwo degbe me”! (Dɔwɔwɔwo 2:1-11) Vi kae gbevovovodolawo ƒe Yehowa kafukafu si wɔ nuku sia ɖe? Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ siwo ade ame 3,000 se Mesia la ŋuti Fiaɖuƒe nyanyuia. Woxɔ nyɔnyrɔ, wona gbɔgbɔ kɔkɔea wo, eye woawo hã tsɔ didi vevie kpe ɖe Yehowa kafula kpɔdzidzɔwo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 2:37-42) Yayra kae nye si wònye!
8. Le Pentekostea megbe la, nukae Kristotɔwo wɔ si dzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi?
8 Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.” (Dɔwɔwɔwo 2:46, 47) Woƒe hadede kple nuɖuɖu tae wonɔ dzidzɔ kpɔm nenema gbegbe ɖoa? Ao, nusi koŋ na wonɔ dzidzɔa kpɔm ye nye Yehowa Mawu kafukafu gbesiagbe. Eye woƒe dzidzɔ la gadzi ɖe edzi esi wokpɔ ame akpe geɖe woxɔ woƒe xɔxɔnya la. Alea ke wòle le míawo hã gome egbea.
Yehowa Kafula Kpɔdzidzɔwo le Dukɔwo Katã Me
9. (a) Ɣekaɣie Mawu dze mɔnukpɔkpɔ nana dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo gɔme be woase nyanyuia, eye aleke wòwɔe? (b) Nukatae wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Kornelio kple etɔwo dzi do ŋgɔ na woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ?
9 Yehowa medi be dɔ si wɔm ye subɔlawo le si nye nana be kekelia naklẽ la natsi dukɔ ɖeka ko me o. Eyata tso ƒe 36 M.Ŋ. me heyina la, ena mɔnukpɔkpɔ dukɔwo katã me tɔwo be woase yeƒe nyanyuia. Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Petro yi ɖe Dukɔwo me tɔ asrafomegã aɖe ƒeme le Kaisarea. Eva ke ɖe Kornelio kple exɔlɔ̃ kplikplikpliwo kpakple eƒe ƒomea ŋu le afima. Esi woke to nyuie nɔ Petro ƒe nyawo sem la, woxɔ Yesu dzi se le woƒe dzime. Aleke míewɔ nya? Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea va Dukɔwo me tɔ mawo siwo zu xɔsetɔwo dzi tae. Le ɖoɖoa nu la, nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe hafi woxɔa Mawu ƒe nunana si nye gbɔgbɔ kɔkɔea, gake le afisia ya Yehowa ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe amesiawo siwo menye Yudatɔwo o ŋu fia do ŋgɔ na woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Ne ɖe menye nenemae Yehowa wɔe o la, anye ne Petro mate ŋu aka ɖe edzi be fifia Mawu le Dukɔwo me tɔwo xɔm be woanye Ye subɔlawo eye be wodze axɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me o.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35, 47, 48.
10. Aleke wogblɔe ɖi tso blema ke be dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo akafu Yehowae?
10 Tso blema ke la, Yehowa gblɔe ɖi be dukɔwo katã me tɔwo akafu ye. Ekafula kpɔdzidzɔwo anɔ dukɔ sia dukɔ me. Apostolo Paulo yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖiwo me tsɔ ɖo kpe nya sia dzii. Egblɔ na Kristo-hame si nɔ Roma si me tɔwo tso dukɔ vovovo me be: “Mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu. Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la, eye bena trɔ̃subɔlawo [dukɔwo, NW] kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti; abe alesi woŋlɔ ɖi ene [le Psalmo 18:50] ene bena: ‘Esiaŋuti makafu wò le [dukɔwo] dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.’ Eye wògagblɔ [le Mose V, 32:43] be: ‘Dzi nedzɔ mi [dukɔwo hekpe ɖe eƒe amewo ŋuti, NW].’ Eye wògagblɔ [le Psalmo 117:1] bena: ‘Mikafu [Yehowa, mi dukɔwo katã, eye amewo katã nekafui,’ NW].”—Romatɔwo 15:7-11.
11. Aleke Mawu kpe ɖe dukɔwo katã me tɔwo ŋui be woasrɔ̃ yeƒe nyateƒeawo, eye nukae do tso eme?
11 Amewo mate ŋu awɔ ɖeka akafu Yehowa o negbe ɖe woda woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Yesu Kristo, amesi Mawu tia be wòaɖu dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo dzi la dzi hafi. Mawu wɔ dukɔwo dome nufiafia ɖoɖo aɖe bene wòakpe ɖe wo ŋu woakpɔ Eƒe nyateƒeawo ƒe asixɔxɔ adze sii. Ele mɔfiame nam to eƒe dɔla nuteƒewɔla ƒe ha la dzi. (Mateo 24:45-47) Nukae le dodom tso eme? Amesiwo wu miliɔn atɔ̃ tsɔ dzidzɔ le Yehowa ƒe kafukafuha dzim le anyigba siwo wu 230 dzi. Eye egale ame miliɔn bubu geɖe dzrom be yewo hã yewoadzii. Kpɔ ame gbogbo siwo de Ŋkuɖodzia ɖuƒe le ƒe 1996 me ɖa: ame 12,921,933. Ewɔ nuku!
Wogblɔ Ameha Gã aɖe si Atsɔ Dzidzɔ Akafu Yehowae ƒe Nya Ði
12. Ŋutega ʋãme kae apostolo Yohanes kpɔ, eye aleke wòva emee?
12 Apostolo Yohanes kpɔ “ameha gã” aɖe si tso dukɔ sia dukɔ me le ŋutega me. (Nyaɖeɖefia 7:9) Nukae nye kafukafuha siwo ameha sia le dzidzim kpe ɖe Mawu ƒe amesiamina susɔeawo ŋu la ƒe tanya? Yohanes gblɔe na mí be eyae nye: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” (Nyaɖeɖefia 7:10) Wole gbeƒã ɖem nya sia le xexeame ƒe afisiafi. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me la, míeʋuʋua deʋayawo esi míetsɔa ɖekawɔwɔ lɔ̃na ɖe edzi be Mawue nye Xexeame Katã Dziɖulagã la eye míeʋua eme dzidzɔtɔe le dziƒo kple anyigba ŋkume be eya kple Via, Alẽvi Yesu Kristo, gbɔe míaƒe xɔname ‘tso.’ Dzi kae nye si dzɔ apostolo Yohanes esi wòkpɔ ameha gã la le ŋutega me! Eye dzi kae nye si dzɔa mí egbea be míakpɔ nusi Yohanes kpɔ, eye kura gɔ̃ hã míanye wo me tɔwo!
13. Nukae ɖe Yehowa ƒe amewo ɖe vovo tso xexeame gbɔ?
13 Enye dada na mí Yehowa subɔlawo be eƒe ŋkɔ le mía ŋu. (Yesaya 43:10, 12) Esi míenye Yehowa ƒe Ðasefowo la, ena míeɖe vovo tso xexe sia gbɔ. Dzidzɔ kae nye si wònye be Mawu ƒe ŋkɔ xɔasi la nanɔ mía ŋu eye eƒe lɔlɔ̃nu si ƒo bubu ɖesiaɖe ta la wɔwɔ nanye míaƒe agbemetaɖodzinu! Yehowa ƒe tameɖoɖo vevi si nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu ahaʋli yeƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ta to Fiaɖuƒea dzi la na gɔmesese le míaƒe agbe ŋu. Eye ekpe ɖe mía ŋu be míele akpa aɖe wɔm le Mawu ƒe tameɖoɖo vevi si ku ɖe eƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒe ŋu me. Ewɔ esia le mɔ etɔ̃ nu.
Etsɔ Nyateƒea De Asi na Mí
14, 15. (a) Mɔ siwo nu Yehowa kpe ɖe mía ŋu be míele akpa aɖe na eƒe tameɖoɖo si ƒo ɖesiaɖe ta si ku ɖe eƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒe ŋu dometɔ ɖekae nye ka? (b) Aleke Fiaɖuƒe si woɖo anyi le ƒe 1914 me to vovo na esi womu le ƒe 607 D.M.Ŋ. mee?
14 Gbã la, Yehowa tsɔ nyateƒea de asi na eƒe amewo. Nyateƒe si do dzidzɔ na ame wu si woɖe fiae nye be eƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me. (Nyaɖeɖefia 12:10) Dziƒodziɖuɖu sia to vovo tso fiaɖuƒe si nye vɔvɔli nɛ si nɔ Yerusalem, afisi woɖoa fia siwo tso Dawid ƒe dzidzimea me zi dzi le la gbɔ. Womu fiaɖuƒe ma, eye tso ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Dukɔwo me tɔwo ƒe xexemedziɖuɖuwo ɖu Yerusalem dzi bliboe. Fiaɖuƒe yeye si Yehowa ɖo le ƒe 1914 me la nye dziƒodziɖuɖu si mayi ɖe ame aɖeke te akpɔ gbeɖe o negbe Yehowa te ko, eye womate ŋu amui aƒu anyi hã akpɔ o. (Daniel 2:44) Eƒe dziɖuɖu hã to vovo. Aleke? Nyaɖeɖefia 11:15 ɖo eŋu be: “Gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
15 ‘Mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo ƒe fiaɖuƒe’ la kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe xexeame katã dzi. Yehowa ƒe dziɖulanyenye ɖeɖefia yeye sia, si me Via, Mesia Fia la kple Yesu nɔvi 144,000, amesiwo dometɔ akpa gãtɔ wofɔ ɖe tsitre yi ɖe dziƒoŋutikɔkɔe me xoxo, la menye nusi nye agbalẽ me nya—nufiafia aɖe si me nusrɔ̃viwo adi be yewoadzro—ko o. Kura o, dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Dziƒofiaɖuƒe sia nye. Eye dzidzɔmɔkpɔkpɔ si wònye na mí be míanɔ agbe tegbee le blibodede me le eƒe dziɖuɖu te la ɖeɖe nye nusita wòle be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ɖo. Esi wotsɔ nyateƒe siawo siwo le Yehowa ƒe Nya la me de asi na mí la, eʋãa mí míegblɔa eŋunya nyui fiana ɣesiaɣi. (Psalmo 56:11) Ðe nèwɔa esia ɣesiaɣi hegblɔnɛ na amesiame be Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe la le dzi ɖum le dziƒoa?
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Kple Xexeame Katã ƒe Habɔbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu
16, 17. Mɔ kawoe nye evelia kple etɔ̃lia siwo dzi Mawu to kpe ɖe mía ŋu be míele akpa aɖe na eƒe tameɖoɖo?
16 Mɔ evelia si nu Mawu kpe ɖe mía ŋu be míele akpa aɖe na eƒe tameɖoɖo si ƒo ɖesiaɖe tae nye be enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí, si kpena ɖe mía ŋu be míetsea eƒe ku nyuiawo le míaƒe agbenɔnɔ me bene míaƒe nu nadze eŋu. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Hekpe ɖe eŋu la, Paulo ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la . . . míexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.” (Korintotɔwo I, 2:12) Ne míewɔa nu wòsɔna ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ la ƒe mɔfiafia nu la, mí katã míate ŋu anya nu nyui siwo wònyo dɔme tsɔ na mí fifia la eye míase wo gɔme—eƒe ŋugbedodowo, sewo, gɔmeɖosewo, kple bubuawo.—Tsɔe sɔ kple Mateo 13:11.
17 Mɔ etɔ̃lia si nu Mawu le kpekpem ɖe mía ŋu le ye nye be míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa kple tadedeaguɖoɖo nyui si Yehowa wɔ la le mía si. Apostolo Petro ƒo nu le eŋu esi wòde dzi ƒo na mí be ‘míalɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.’ (Petro I, 2:17) Mía nɔvi ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe dukɔwo dome ƒome la kpena ɖe mía ŋu be míasubɔ Yehowa le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ gã aɖe me, abe alesi Psalmo 100:2 de eƒe see na mí ene be: “Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me!” Kpukpui 4 lia gblɔ yi edzi be: “Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafu ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ!” Eyata eɖanye gbeƒã ɖem míele le gaglãgbe alo míaƒe kpekpeawoe míeva o, dzi ate ŋu adzɔ mí. Ŋutifafa kple dedienɔnɔ gã kae nye si míekpɔ le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo!
Kafu Yehowa Kple Dzidzɔ
18. Nukatae míate ŋu akpɔ dzidzɔ le Yehowa kafukafu me togbɔ be yometiti alo kuxi bubuwo aɖe fu na mí hã?
18 Nɔnɔme sesẽ, yometiti, alo fukpekpe bubu kawoe anɔ fu ɖem na mí o, mina dzi nadzɔ mí be míele Yehowa ƒe tadedeagu ƒe aƒe la me. (Yesaya 2:2, 3) Miɖo ŋku edzi be dzi ƒe nɔnɔmee dzidzɔ nye. Mía nɔvi Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na mí nye Yehowa kafula kpɔdzidzɔwo togbɔ be wokpe fu geɖewo eye wobu woƒe nunɔamesiwo hã. (Hebritɔwo 10:34) Mía hati xɔsetɔ egbetɔwo hã sɔ kple wo.—Mateo 5:10-12.
19. (a) Nuxlɔ̃ame si wogblɔ zi geɖe kae ʋãa mí be míakafu Yehowa? (b) Nuka dzie míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ nɔ te ɖo, eye nuka ƒe tamee míeɖo kplikpaa?
19 Edzɔa dzi na mí Yehowa subɔlawo katã be míawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo be míakafui dzi. Nyagbɔgblɔ “Haleluya” alo “Mikafu Yah” dze le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me zi gbɔ zi geɖe. (Nyaɖeɖefia 19:1-6) Le Psalmo 150 ƒe kpukpui adeawo me la, zi gbɔ zi 13 ye wogblɔ na mí be míakafu Yehowa. Esia nye xexeme bliboa kpekpe be woawɔ ɖeka adzi Yehowa ƒe kafukafuha. Míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ nɔ te ɖe míaƒe Haleluya hadziha sia me nɔnɔ dzi! Nyateƒee, amesiwo ko anɔ agbe mavɔe nye amesiwo anɔ Yehowa kafum ɖaa. Eyata míeɖoe kplikpaa be míaku ɖe eƒe xexeame katã ƒe habɔbɔ wɔnuteƒe la ŋu goŋgoŋ esime nuwuwua le aƒe tum. Ekema míate ŋu akpɔ mɔ be míakpɔ Psalmo 150 me nya mamlɛawo nava eme bliboe be: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!”
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae na Yehowa ƒe amewo to vovo etɔxɛe?
◻ Nukatae Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ geɖe?
◻ Nukae na míeɖe vovo tso xexeame gbɔ?
◻ Mɔ etɔ̃ kawo nue Mawu kpe ɖe mía ŋu le be míele akpa aɖe na eƒe tameɖoɖo si ƒo ɖesiaɖe ta?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yesu ɖi ɖase le Yehowa ŋu le afisiafi si wònɔ eye wòkafui le gaglãgbe