INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Yehowa Naa Nunya”
    Gbetakpɔxɔ—1999 | November 15
    • Blema Israel Fia nunyala Salomo gblɔ vifofo lɔ̃ame ƒe nya siwo gbɔna be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.”—Lododowo 2:1-5.

  • “Yehowa Naa Nunya”
    Gbetakpɔxɔ—1999 | November 15
    • Nunya enye ŋutete si anɔ ame si be wòazã sidzedze si Mawu nana la nyuie. Eye aleke gbegbe nunya bɔ ɖe Biblia mee nye si! Ẽ, nya siwo me nunya le le eme, abe esiwo woŋlɔ ɖe Lododowo kple Nyagblɔla ƒe agbalẽwo me ene, eye ehiã be míaƒu to anyi ɖe nya siawo ŋu. Azɔ hã, míakpɔ kpɔɖeŋu geɖe siwo fia Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ŋuti viɖewo kple afɔku siwo le wo dzi dada me la le Biblia me. (Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nyagblɔɖila Elisa ƒe subɔvi, Gexazi ŋuklẽla la ƒe nuŋlɔɖia ŋu kpɔ. (Fiawo II, 5:20-27) Ðe mefia nunya si le ŋukeklẽ tsitsri me la mí oa? Ke nu wɔnublanui si va dzɔ esi Yakob vinyɔnu Dina ɖina tsa yia ‘Kanaan-dua me nyɔnuviwo’ gbɔ, esi wòsusu be magblẽ naneke le ye ŋu o ya ɖe? (Mose I, 34:1-31) Ðe míekpɔ bometsitsi si le hadede vɔ̃wo me la dze sii enumake oa?—Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33.

      Be woaƒu to anyi ɖe nunya ŋu bia be sidzedze kple gɔmesese nasu ame si. Le nyagɔmeɖegbalẽ si nye Webster’s Revised Unabridged Dicitionary ƒe nya nu la, sidzedze nye “susua ƒe ŋusẽ alo ŋutete si wòtsɔna kpɔa vovototo si le nuwo dome dzea sii.” Mawu me sidzedze nye ŋutete si anɔ ame si be wòate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome ahatia mɔ nyuitɔa. Ne ‘míebi míaƒe dzi’ ɖe sidzedze ŋuti o, alo míetsi dzi be wòasu mía si o la, aleke míate ŋu anɔ ‘mɔ si kplɔa ame yia agbe me’ dzii? (Mateo 7:14; tsɔe sɔ kple Mose V, 30:19, 20.) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple etsɔtsɔ wɔ dɔe naa sidzedze sua ame si.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe