ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME
Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuteɖeamedzi Nu
Be nàte ŋu anɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu dzidzedzetɔe la, ele be nàbu wò lãmesẽ, ale si nèwɔa nu kple ame bubuwo, wò taɖodzinuwo kple nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ, siwo nye nu siwo le vevie na wò wu le agbe me la ŋu. Nyati sia aƒo nu tso mɔfiame ŋutɔŋutɔ siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu nyuie wu eye be nàɖe edzi akpɔtɔ gɔ̃ hã la ŋu.
Bu Ŋkeke Ðe Sia Ðe Ko Ƒe Hiahiãwo Ŋu
“Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.”—MATEO 6:34.
Nu si wòfia: Gbe sia gbe dzimaɖitsitsi nye agbea ƒe akpa aɖe. Gake mègatsɔ etsɔ ƒe dzimaɖitsitsiwo kpe ɖe egbe tɔwo ŋu o. Bu ŋkeke ɖe sia ɖe ko ƒe hiahiãwo ŋu.
Nuteɖeamedzi ate ŋu ana ame natsi dzimaɖi. Eya ta te esia kpɔ: Gbã la, se egɔme be màte ŋu aƒo asa na nuteɖeamedzi aɖewo ya o. Ðeko dzitsitsi ɖe nu siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o la, adzi wò nuteɖeamedzia ɖe edzi. Evelia, zi geɖe la nu siwo ŋu míetsia dzi ɖo la, medzɔna ŋutɔŋutɔ o.
Ðo Taɖodzinu Siwo Le Bɔbɔe
“Nunya si tso dziƒo la, . . . esea nu gɔme.”—YAKOBO 3:17.
Nu si wòfia: Mèganye ame si dia blibodede o. Mègaɖo taɖodzinu siwo gbɔ manya ɖo na wò ŋutɔ alo ame bubuwo o.
Da sɔ, ɖo taɖodzinu siwo le bɔbɔe, nya afi si wò ŋutɔ kple ame bubuwo sia ƒe ŋutetewo se ɖo. Ne èwɔ esiawo la, ke àɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ eye nu nyuiwo ado tso eme. Azɔ hã, tsɔ nanewo wɔ nukokoe. Ne nanewo meyi edzi nyuie o gɔ̃ hã gake nètsɔe wɔ nukokoe la, ana nàɖe nuteɖeamedzia dzi akpɔtɔ eye wòana wò dzi nadze eme.
Nya Nu Siwo Nana Nu Tena Ðe Dziwò
“Nugɔmesela gbɔa dzi ɖi blewu.”—LODODOWO 17:27.
Nu si wòfia: Seselelãme gbegblẽwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua nuwoe dzi, eya ta gbɔ dzi ɖi blewu.
De dzesi nu siwo nana nu tena ɖe dziwò kple ale si nèwɔa nui. Le kpɔɖeŋu me, ne nu te ɖe dziwò la, de dzesi wò nuŋububuwo, seselelãmewo kple nuwɔnawo, eye àte ŋu aŋlɔ wo ɖi gɔ̃ hã. Ne èva nya ale si nèwɔa nui ne nu te ɖe dziwò la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe nuteɖeamedzia nu nyuie wu. Azɔ hã, de ŋugble tso mɔ siwo dzi nàto aɖe nu siwo nana nu tena ɖe dziwò le agbe me la ɖa kura. Ne manyawɔ be nàɖe wo ɖa o la, di mɔ siwo dzi nàto anɔ te ɖe wo nu, ɖewohĩ anyo be nàwɔ ɖoɖo ɖe wò dɔwo alo wò ɣeyiɣi ŋu nyuie.
Trɔ ale si nèbua nuwo ŋui. Nu siwo nana nu tena ɖe dziwò la, mana nu nate ɖe ame bubu dzi o. Esia ate ŋu atso ale si nèbua nuwoe gbɔ. Bu aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ siawo ŋu kpɔ:
Mèganɔ susu vɔ̃wo bum ɖe amewo ŋu kabakaba o. Ame aɖe ate ŋu ava tso ŋgɔ na wò le fli me. Ne èbu eƒe nuwɔnaa be enye ameŋumabumabu la, ana wò dzi naho. Ðe ema teƒe la, nu ka tae màbui be susu nyui aɖe tae wòwɔe ɖo o? Anɔ eme hã be susu nyui aɖe tae!
Susu nyui nenɔ asiwò ɖe nɔnɔmea ŋu. Ne èle lalam be yeakpɔ ɖɔkta alo le yameʋudzeƒe ɣeyiɣi didi aɖe la, anɔ bɔbɔe be nàdo dzi alala ne èzã ɣeyiɣi ma tsɔ xlẽ nane, awɔ ɖoɖo ɖe dɔ ŋu alo atsɔ axlẽ wò emailwo.
Kpɔ nu yi ŋgɔe. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe kuxi sia ava do ga ɖe edzi le ŋkeke aɖewo megbea?’ De dzesi kuxi siwo nye sueawo alo esiwo anɔ anyi ɣeyiɣi kpuie aɖe kple esiwo nye ŋkubiãnyawo.
Na Wò Nuwo Nanɔ Ðoɖo Nu
“Mina nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.”—1 KORINTOTƆWO 14:40.
Nu si wòfia: Dze agbagba nàna wò nuwo nanɔ ɖoɖo nu.
Edzɔa dzi na mí ne nuwo le ɖoɖo nu. Nu ɖeka aɖe si ate ŋu ana nuwo manɔ ɖoɖo nu o, eye wòana nu nate ɖe mía dzi ye nye ne míehea megbelele, esia awɔe be dɔ nali kɔ ɖe mía dzi. Ðe manyo be nàte aɖaŋuɖoɖo eve siawo kpɔ oa?
Wɔ ɖoɖo aɖe koŋ eye nàzɔ ɖe edzi.
De dzesi nu siwo nana nèhea megbelele eye nàwɔ nane tso wo ŋu.
Da Sɔ Le Agbe Me
“Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.”—NYAGBLƆLA 4:6.
Nu si wòfia: Ame siwo vuna ɖe dɔ ŋu fũu la, mekpɔa viɖe aɖeke tsoa woƒe “dɔ sesẽ wɔwɔ . . . asiʋlo eve” la me o. Edzɔna be ɣeyiɣi alo lãmesẽ gɔ̃ hã meva nɔa wo si be woase vivi na nu si ŋu wokpe fu ɖo o.
Susu nyui nenɔ asiwò ɖe dɔ kple ga ŋu. Ne ga geɖe le ame si la, mefia be akpɔ dzidzɔ geɖe alo nu mate ɖe edzi o. Le nyateƒe me la, ate ŋu ana ame makpɔ dzidzɔ o eye nu nate ɖe edzi boŋ. Nyagblɔla 5:12 gblɔ be: “Nu gbogbo siwo le kesinɔtɔ si la menana wòdɔa alɔ̃ o.” Eya ta nɔ agbe ɖe nu si le asiwò la nu.
Di ɣeyiɣi nàɖi ɖe eme. Ne èwɔa nu siwo doa dzidzɔ na wò la, àɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ. Ke hã, modzaka siwo nànɔ anyi ko aɖe, abe Television kpɔkpɔ ene made dziwò o.
Zã mɔɖaŋunuwo nyuie. Ƒo asa na email, text message kple internet dzi hahoo kadodowo zazã edziedzi. Mèganɔ email siwo ku ɖe dɔ ŋu xlẽm ne mèle dɔ me o, negbe ɖe wòhiã vevie ko hafi.
Kpɔ Wò Lãmesẽ Ta
“Ŋutilãmamla nyo.”—1 TIMOTEO 4:8.
Nu si wòfia: Kamedede edziedzi nana míenɔa lãmesẽ me.
Wɔ nu siwo ade wò lãmesẽ dzi. Kamedede ate ŋu ade wo lãmesẽ dzi eye wòana wò ametia nanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu. Ðu nu siwo me nunyiame le, eye nànɔ nu ɖum ɖe ɖoɖo nu. Dze agbagba nàɖi ɖe eme wòasu wò.
Ƒo asa na nuteɖeamedzi “gbɔkpɔnu” siwo gblẽa nu le ame ŋu abe atamanono, atike vɔ̃ɖi zazã kple aha tsu nono ene. Mlɔeba la, ɖeko nu siawo agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu eye woana naɖo ko.
Ne wò nuteɖeamedzia wu tsɔtsɔ na wò la, ekema yi kɔdzi. Megakpe ŋu na wò be nàbia kpekpeɖeŋu tso ɖɔkta gbɔ o.
Tsɔ Nu Vevitɔ Ðo Nɔƒe Gbãtɔ
‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’—FILIPITƆWO 1:10.
Nu si wòfia: Bu nu siwo le vevie na wò wu la ŋu.
Ŋlɔ wò dɔwo ɖi eye esiwo le vevie wu la nava gbã. Esia akpe ɖe ŋuwò nàlé fɔ ɖe dɔ siwo le vevie wu la ŋu, eye ana nàkpɔ esiwo ŋu nàɖe asi le alo ade asi na ame bubu kple esiwo me nàte fli ɖo.
Ŋlɔ ale si nèzã wò ɣeyiɣiwo le kwasiɖa ɖeka me la ɖi. Eye nàdi mɔ siwo dzi nàgazã wò ɣeyiɣiwo le nyuie wu. Ne èzãa wò ɣeyiɣiwo nyuie la, mana nu nate ɖe dziwò o.
Wɔ ɖoɖo ɖe ɖiɖiɖeme ŋu. Miniti ʋɛ aɖewo ƒe ɖiɖiɖeme ate ŋu ade agbe yeye mewò eye wòaɖe wò nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ.
Di Kpekpeɖeŋu
“Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.”—LODODOWO 12:25.
Nu si wòfia: Nya siwo amewo agblɔ veveseɖeamenutɔe alo dɔmenyotɔe la, ate ŋu ana agbe naɖo mewò.
Ðo dze tso eŋu na ame aɖe si sea nu gɔme. Xɔ̃ si dzi nèka ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nuwo bubui alo nàkpɔ egbɔkpɔnu aɖe si dzi nèŋe aɖaba ƒu. Eye ne èƒo nu tso eŋu ko la, ana nàvo le ɖokuiwò me.
Bia kpekpeɖeŋu. Ðe nàte ŋu ade dɔ asi na ame bubuwo alo ana woakpe ɖe ŋuwòa?
Ne wò dɔwɔhati aɖee nana nu tena ɖe dziwò la, di mɔ siwo dzi nàto aɖɔ nuwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu atsɔ aɖaŋudzedze ana amea nanya ale si eƒe nuwɔna nana nèsena le ɖokuiwò mea? (Lododowo 17:27) Ne wò agbagbadzedzea medze edzi o la, ɖe nàte ŋu aɖe ɣeyiɣi si nèzãna le amea gbɔ dzi akpɔtɔa?
Kpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ
“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—MATEO 5:3.
Nu si wòfia: Menye nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe koe amegbetɔwo hiã na o. Ehiã be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã gbɔ. Be míakpɔ dzidzɔ la, ele be míatsi dzi ɖe hiahiã ma gbɔ kpɔkpɔ ŋu.
Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ŋutɔ. Mawu le kpewòm be ‘nàdro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe ye dzi, elabena eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Gbedodoɖa kple ŋugbledede le nu siwo tua ame ɖo ŋu la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ŋutifafa si ana wò dzi nadze eme.—Filipitɔwo 4:6, 7.
Nɔ nu siwo ana nàte ɖe Mawu ŋu geɖe wu la xlẽm. Mɔfiame siwo ŋu míeƒo nu tsoe le magazine sia me la tso Biblia, si woŋlɔ be wòakpe ɖe mía ŋu míate ɖe Mawu ŋu la me. Mɔfiame mawo nana ‘nunya vavãtɔ kple tamebubuŋutete’ sua ame si. (Lododowo 3:21) Ðe manyo be nàɖoe wò taɖodzinu anɔ Biblia xlẽm oa? Ðewohĩ àte ŋu adze egɔme kple Lododowo ƒe agbalẽa.