Aleke Woaɖe Afɔkua Dzi Akpɔtɔe?
DZIŊUƲUKAMEDƆ do ƒome kple nu geɖe siwo tso domenyinyi, nutome, kple ame ƒe agbenɔnɔ gbɔ. Dziŋuʋukamedɔ kple dzidɔ ate ŋu atso ƒe geɖe si wotsɔ nɔ afɔku siwo tso nusiawo dometɔ ɖeka alo geɖe me gbɔ.
Tsitsi, Ŋutsu alo Nyɔnu Nyenye, Kple Domenyinyi
Ne ame le tsitsim la, dzidɔ ƒe amedzidzedze hã dzina ɖe edzi. Amesiwo dzi dzidɔ dzena dometɔ siwo ade 55 le alafa me xɔ wu ƒe 65. Amesiwo dzidɔ wuna dometɔ siwo ade 80 le alafa me xɔ ƒe 65 alo tsi wu nenema.
Ate ŋu adze ŋutsu siwo mexɔ ƒe 50 haɖe o dzi bɔbɔe wu nyɔnu siwo xɔ ƒe ma ke. Ne nyɔnu tso gbɔto vɔ megbe la, alesi wòle bɔbɔe be wòadze edzi la dzina ɖe edzi elabena lãmetsiŋusẽ si nye estrogen si kpɔa eta la dzi ɖena kpɔtɔ ŋutɔ. Ame aɖewo bu akɔnta be atike siwo wozãna ɖe estrogen teƒe ɖea dzidɔxɔxɔ ƒe afɔkua dzi kpɔtɔna zi 40 le alafa me alo esi wu nenema le nyɔnuwo gome, togbɔ be ate ŋu ana dɔdzẽ aɖewo xɔxɔ ƒe afɔku nadzi ɖe edzi hã.
Domenyinyi ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe. Ate ŋu adze amesiwo dzilawo mexɔ ƒe 50 hafi dzidɔ dze wo dzi o la dzi bɔbɔe wu. Ne edze dzilaawo dzi le ƒe 50 xɔxɔ megbe hã la, egale bɔbɔe wu be wòadze megbeviwo dzi. Ne dzidɔ dze ame aɖewo dzi kpɔ le ƒomea me la, ke ate ŋu adzɔ bɔbɔe wu be woƒe dzidzimeviwo hã nado go kuxi mawo tɔgbe.
Nusi Cholesterol Wɔna
Cholesterol si nye lãmemi ƒomevi aɖe la hiã hafi woanɔ agbe. Aklã lae wɔnɛ, eye ʋua tsɔnɛ yina na lãmenugbagbeviwo to lãmenusuesue siwo woyɔ be lipoprotein dzi. Lipoprotein ƒomevi eve ye li siwo nye sueawo (LDL cholesterol) kple gãawo (HDL cholesterol). Cholesterol va zua nusi hea dzidɔ vɛ ne LDL cholesterol sɔ gbɔ ɖe ʋua me akpa.
Wobu be HDL kpɔa ame ta elabena eɖea cholesterol le lãmekawo me gbugbɔnɛ yia aklã la me, afisi wotrɔnɛ heɖenɛ ɖa le ametia me. Ne LDL sɔ gbɔ eye HDL mesɔ gbɔ o la, efia be dzidɔ ƒe afɔkua lolo. Ne woɖiɖi LDL ƒe agbɔsɔsɔ la, ate ŋu ana afɔkua dzi naɖe akpɔtɔ geɖe. Ðoɖowɔwɔ ɖe nuɖuɖu ŋu nye nu vevi aɖe le edada me, eye kamedede hã ate ŋu ade ame dzi. Atike vovovowo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu, gake ɖewo zazã hea kuxi bubuwo vɛ.a
Wokafu nuɖuɖu si me cholesterol kple ami totowo mele fũ o ɖuɖu. Nuɖuɖu siwo me ami matomatowo sɔ gbɔ ɖo, abe canola-mi alo amititsetse ƒe ami ene ɖuɖu ɖe esiwo me ami totowo le abe bɔta ene teƒe ate ŋu aɖe LDL dzi akpɔtɔ ahadzi HDL ɖe edzi. Gake American Journal of Public Health de dzesii be agblemenukumemi si me hydrogen le alo wotsɔ sue aɖe ko wɔ siwo le margarine kple agblemenukumemi siwo ŋu wotrɔ asi le ƒe akpa gãtɔ me la ate ŋu ana LDL nadzi ɖe edzi eye wòaɖiɖi HDL. Wokafu koklo alo dɔku lã si me ami mesɔ gbɔ ɖo o la hã ɖuɖu ɖe ʋulã siwo me ami le fũ teƒe.
Numekuku ɖee fia be vitamin E, beta-carotene, kple vitamin C ate ŋu aɖe ʋukawo me akpadede dzi akpɔtɔ le lãwo me. Wogblɔ le numekuku aɖe me be nusiawo ate ŋu aɖe dzidɔ ƒe amedzidzedze dzi akpɔtɔ le amegbetɔwo hã me. Amagbe kple atikutsetse siwo me beta-carotene kple carotene-nu bubuwo kpakple vitamin C le fũ, abe tomato, amagbewo, atadi, karɔt, anagote, kple adzamatre ene, ɖuɖu gbesiagbe ate ŋu akpɔ ame ta tso dziŋuʋukamedɔ si me.
Wogblɔ be vitamin B6 kple magnesium hã nyo. Nukuwo abe mɔli, oat, kple ayi, bɔbɔ, kpakple numiemie aɖewo ƒe ku kple ne aɖewo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wobui be tɔmelã aɖewo abe sama, ʋetim, adruku, kple kpokpoku ene ɖuɖu zi eve teti kwasiɖa sia kwasiɖa ate ŋu aɖe dziŋuʋukamedɔ ƒe afɔku dzi akpɔtɔ, elabena lãmetsi si nye omega-3 si lóloa ami totoewo sɔ gbɔ ɖe wo me fũ.
Teƒeɖekanɔnɔ
Ele bɔbɔe be dzidɔ nadze amesiwo nɔa teƒe ɖeka ɣesiaɣi la dzi wu ame bubuwo. Womewɔa ŋusẽdɔ boo aɖeke le ŋkekea me o eye womedea kame edziedzi hã o. Zi geɖe la, dzidɔ dzea amesiawo dzi ne wowɔ dɔ sesẽ abe abɔmeŋɔŋlɔ, duƒuƒu, agba kpekpewo kɔkɔ, alo sno lɔlɔ ene vɔ megbe. Gake afɔkua dzi ɖena kpɔtɔ na amesiwo dea kame edziedzi.
Azɔlizɔzɔ kabakaba aɖabaƒoƒo 20 vaseɖe 30 zi etɔ̃ alo zi ene kwasiɖa sia kwasiɖa ate ŋu ana eƒe amedzidzedzea ƒe afɔkua dzi naɖe akpɔtɔ. Kamedede edziedzi naa ŋutete si dzia tsɔ wɔa dɔe la nyona ɖe edzi, eɖea ame ƒe kpekpeme dzi kpɔtɔna, eye ate ŋu aɖe cholesterol agbɔsɔsɔwo kple ŋusẽ si ʋua tsɔ sinae dzi akpɔtɔ.
Ʋusɔgbɔdɔ, Lolo Akpa, Kple Suklidɔ
Ʋusɔgbɔdɔ ate ŋu agblẽ nu le ʋukameyiwo ŋu eye wòana LDL cholesterol nage ɖe ʋukameyi falɛfalɛ la me ahana afima nate akpadede. Ne akpadedea le lolom ɖe edzi la, exea mɔ ɖe ʋu ƒe sisi nu geɖe wu eye wònaa ŋusẽ si ʋua tsɔ toa ʋukawo me nu sẽna ɖe edzi.
Ele be woado ame kpɔ alé ŋku ɖe eƒe ʋu ƒe sisi ŋu edziedzi elabena ate ŋu adzɔ be dzesi aɖeke madze ana woanya be kuxi aɖe li o. Dzidzenu ɖeka ɖesiaɖe si aɖe le ŋusẽ si dzia tsɔ hea ʋui (xexlẽme etetɔ) dzi la, ate ŋu aɖe dzidɔ ƒe amedzidzedze dzi akpɔtɔ zi 2 vaseɖe 3 le alafa me. Atikewɔwɔ be woatsɔ aɖe ŋusẽ si ʋua tsɔ sinae dzi akpɔtɔ ate ŋu aɖe vi. Ðoɖowɔwɔ ɖe nuɖuɖu ŋu, kple dze si womaɖu fũ o le ame aɖewo gome, kple kamedede edziedzi be woaɖe ame ƒe lolome dzi akpɔtɔ hã ate ŋu alé ʋusɔgbɔdɔ nu.
Lolo akpa hea ʋusɔgbɔdɔ vɛ eye wòna wodea ami akpa. Alesi woawɔ be womalolo akpa o alo woaɖe ame ƒe lolome dzi akpɔtɔ ye nye mɔ si dzi koŋ woato axe mɔ ɖe suklidɔ nu. Suklidɔ hoa ʋukamedɔ eye wòdzia dzidɔ ƒe amedzidzedze ƒe afɔkua ɖe edzi.
Atamanono
Sigaretnono te ŋu hea ʋukamedɔ vɛ vevie. Le United States la, eya gbɔe dzidɔ si me wotsina katã ƒe 20 le alafa me kple nyɔnu siwo mexɔ ƒe 55 haɖe o dometɔ 50 le alafa me ƒe dzidɔ tsona tẽ. Sigaretnono dzia ʋusɔgbɔdɔ ɖe edzi eye wòdea aɖinuwo, abe nicotine kple carbon monoxide ene, ʋua me. Aɖinu siawo hã gblẽa ʋukaawo.
Atamanolawo dea amesiwo dome wononɛ le hã afɔku me. Numekukuwo ɖee fia be atamamanola siwo le enolawo gbɔ ate ŋu adze dzidɔ bɔbɔe. Eyata ne ame aɖe dzudzɔ atamanono la, eɖea afɔku si le eya ŋutɔ ŋu dzi kpɔtɔna eye ate ŋu axɔ eƒe lɔlɔ̃tɔ siwo menonɛ o gɔ̃ hã ɖe agbe.
Nuteɖeamedzi
Ne nu te ɖe amesiwo ŋu dziŋuʋukamedɔ le dzi vevie le seselelãme alo susu me la, wodzea ŋgɔ dzidɔ ƒe amedzidzedze ƒe afɔku gã kple dzidɔ ƒe amewuwu kpata wu amesiwo ƒe ʋukawo ŋu nu megblẽ le o. Numekuku aɖe ɖee fia be nuteɖeamedzi ate ŋu ana ʋuka siwo me de akpa nate kpe, eye esia aɖe ŋusẽ si ʋua tsɔ sinae dzi akpɔtɔ zi gbɔ zi 27 sɔŋ le alafa me. Wokpɔe be ʋuka siwo me dɔléle mele boo o hã te kpe vevie. Wokpɔe le numekuku bubu me be nuteɖeamedzi vevie ate ŋu awɔe be akpadede si le ʋukameyiwo ŋu la nawó, si ana dzidɔ nadze ame dzi.
Consumer Reports on Health gblɔ be: “Edze abe ame aɖewo nɔa agbe le nɔnɔme gbegblẽ aɖe me ene. Wodia vodada le ame ŋu, wodoa dziku, eye nu vea wo kabakaba. Ame akpa gãtɔ ŋea aɖaba ƒua nya suesuewo dzi, gake ŋlɔmiwɔlawo ya tsona ɖe eŋu wògbɔa eme.” Dzikudodo ɣesiaɣi kple fuléleame naa ʋua sina kabakaba ɖe edzi, dzi la tsona kabakaba wu, eye wònaa aklã la ɖea cholesterol ɖe ʋua me. Esia gblẽa nu le ʋuka siwo le dzia ŋu la ŋuti eye wòhea dziŋuʋukamedɔ vɛ. Wogblɔ be dzikudodo na dzidɔ ƒe amedzidzedze ƒe afɔkua dzina ɖe edzi zi gbɔ zi eve, eye esia zua afɔku si ate ŋu adzɔ kpata le gaƒoƒo eve ya teti me. Kpekpeɖeŋu kae li?
Le The New York Times ƒe nya nu la, Ðk. Murray Mittleman gblɔ be ɖewohĩ amesiwo dze agbagba be yewoalé yewo ɖokui kpoo le seselelãme gome masɔmasɔwo me ate ŋu aɖe dzidɔ ƒe afɔkua dzi akpɔtɔ. Esia sɔ kple nya siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ƒe alafa geɖe enye sia be: “Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.”—Lododowo 14:30.
Apostolo Paulo nya alesi wònɔna ne nu te ɖe ame dzi. Eƒo nu tso dzimaɖitsitsi siwo ɖe kpe nɛ gbesiagbe ŋu. (Korintotɔwo II, 11:24-28) Gake Mawu na kpekpeɖeŋui eye eŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.
Togbɔ be nu bubuwo gali siwo ate ŋu ahe dzidɔ vɛ hã la, esiwo me míedzro le afisia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòade dzesi afɔkua ale be wòate ŋu aɖe afɔ si sɔ. Gake ame aɖewo menya alesi wònɔna na amesiwo wòle na be woanɔ nusiwo dzidɔ he vɛ me la o. Afikae woate ŋu ahaya ase ɖo?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyɔ! medea atikewɔwɔ, kamedede, alo nuɖuɖu ƒe ɖoɖowo wɔwɔ ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi o gake enaa wo ŋuti nyatakaka siwo ŋu wowɔ numekuku le nyuie. Amesiame nawɔ nyametsotso le nusi eya ŋutɔ awɔ ŋu.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Atamanono, dzikudodo kabakaba, aminuwo ɖuɖu, kple teƒeɖekanɔnɔ ana dzidɔ nadze ame dzi bɔbɔe