-
“Nunya Doa Vɔvɔli”Gbetakpɔxɔ—2007 | July 15
-
-
Aleke nunya ƒe mía si susu kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuƒoƒo dzii? Fia nunyalaa gblɔ na mí be: ‘Ame si léa to ɖe nya ŋu la, eƒe asi sua nyui dzi; ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woayrae! Ame si si dzi nyanu le la, woyɔna be nugɔmesela; nya vivi dzia nufiame ɖe edzi. Gɔmesese enye agbevudo na ame si si wòle; ke bometsitsi enye tohenu na bometsilawo. Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nù dzea nunya, eye eƒe nuyiwo dzia nufiame ɖe dzi.’—Lododowo 16:20-23.
-
-
“Nunya Doa Vɔvɔli”Gbetakpɔxɔ—2007 | July 15
-
-
Mewɔ nuku o be woyɔ “amesi si dzi nyanu le la” be “nugɔmesela”! (Lododowo 16:21) Nyateƒee, “agbevudo” ye nugɔmesese nye na ame siwo si wòsu. Ke bometsilawo ya ɖe? ‘Wodoa vlo nunya kple amehehe.’ (Lododowo 1:7) Nu kae dona tso eme na wo ne wogbe Yehowa ƒe amehehe? Abe ale si wòdze le nya siwo do ŋgɔ me ene la, Salomo gblɔ be: “Bometsitsi enye tohenu na bometsilawo.” (Lododowo 16:22) Wogaxɔa amehehe bubuwo, siwo nyea tohehe vevie zi geɖe. Bometsilawo ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo, ŋukpe, kple dɔléle ava wo ɖokui dzi, alo aku kukpo gɔ̃ hã.
-