Ðe Dɔ si Nèwɔna Ti Wòa?
ANƆ eme be gaƒoƒo enyie nèwɔa dɔ. Ɣeyiɣi gbogbo kple ŋusẽ geɖe aɖee nye ma si mana nàkpɔ vovo anɔ tame bum be nu ti kɔ na ye o! Ke hã dɔ geɖe siwo wowɔna le ƒe alafa 20 lia sia me nye dɔɖekatɔgbe wɔwɔ eye nu boo aɖeke menɔa eme si ŋu dɔwɔla akpɔ dzidzɔ ɖo o.
Eyata ate ŋu aɖe vi geɖe na wò ne ètrɔ asi le dɔ si nèwɔna ŋu be ewɔwɔ navivi nuwò. Ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu tso dɔ si nèwɔna me, eye àsrɔ̃ alesi nàna dɔ ɖesiaɖe si nava wɔ le etsɔme la wɔwɔ navivi nuwò. Ekema mina míalé ŋku ɖe mɔ siwo dzi míato awɔ esia la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
Do Vivi Ðe Wò Dɔ Ŋu
Eŋutinunyala aɖewo kafui be nàwɔ dɔ abe ɖe wòle nuwò vivim ene. Ne èwɔe nenema la, ate ŋu ana wòava vivi nuwò nyateƒe.
Ðewohĩ àgblɔ be, “Gake nyemate ŋu ado vivi ɖe dɔ ŋu awɔ gbeɖe o!’ Ate ŋu anye be ɖoɖo ɖeka aɖe nue nèwɔa dɔ ɖo ɣesiaɣi, si ƒe ɖee nye nusi wɔwɔ toa dɔwɔla vovovowo ƒe asi me. Alo ɖewohĩ ètsɔ ƒe gbogbo aɖewo wɔ wò dɔa ale gbegbe be èbui be manya wɔ be yeagado vivi ɖe ewɔwɔ ŋu o. Gake nu bɔbɔe aɖewo wɔwɔ abe alɔgbɔnukoko kple tsitrenɔnɔ kã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdo vivi ɖe wò dɔ ŋu.
Ate ŋu ade dziwò hã ne ètsɔ wò susu katã ɖo nusi wɔm nèle ŋu. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, mègazu mɔ̃ si wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu ko o, eye mèganɔ dɔ wɔm aganɔ tame bum le ŋdɔnuɖuɣi, kwasiɖanuwuwu, alo dɔ bubu si wòle be nàgawɔ gɔ̃ hã ŋu o. Zi geɖe la, enyona wu be nàna wò susu katã nanɔ dɔ si wɔm nèle ŋu. Nukae dona tsoa eme? Àte ŋu ava se vivi na dɔa eye awɔ na wò hã be ɣeyiɣia va le yiyim kabakaba.
Nenemae wòdzɔna zi geɖe ne èle nane si doa dzidzɔ na wò ŋutɔŋutɔ la wɔm. Ate ŋu adzɔ nenema ne èzi ɖokuiwò dzi tsɔ wò susu katã ɖo dɔ si wɔwɔ medzɔa dzi na wò tututu o la wɔwɔ ŋu.
Wɔ Wò Ŋutete Katã
Wɔ wò ŋutete katã. Ewɔwɔ nenema ana nàkpɔ dzidzeme le dɔa wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, aɖaŋuɖoɖo sia to vovo na nya si ame geɖe gblɔna be ne dɔa mele nuwò vivim o la, dze agbagba nàwɔ ʋee aɖe si nàte ŋui ko. Gake aɖabaŋeŋe ƒu nu dzi, megbelelehehe, kple agbagbamadzemadze axɔ ŋusẽ le asiwò godoo eye wòadzi wò dzimaɖitsitsi kple nutikɔname ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi la, ne nu tena ɖe ame aɖe dzi, wòtsia dzi, eye ɖeɖi tea eŋu ɣesiaɣi si wòagbɔ tso dɔ me la, ke ate ŋu anye be esi medoa vevie dɔ wɔna o tae wòle fua kpem.
Biblia gblɔ be dɔ wɔwɔ kutrikukutɔe na gbɔɖeme vivina wu gɔ̃ hã. “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa?” (Nyagblɔla 2:24) Esia aɖi tsigãdzinya na ame aɖewo, gake ame bubuwo tsɔa gɔmeɖose sia si sɔ ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la wɔa dɔe. Wolɔ̃ ɖe edzi be ‘naneke menyo wu’ be yewoaɖu nusi yewokpɔ tso yewoƒe dɔsesẽwɔwɔ me o. Agbalẽ si nye The Joy of Working (Dzidzɔ si Le Dɔwɔwɔ Me) lɔ̃ ɖe edzi be: “Dɔ si wowɔ nyuie na ame kpɔa ememe dzidzeme geɖe.”
Eyata wɔ dɔ nyuie alesi nàte ŋui, eye ɖewohĩ ana ŋusẽ naɖo ŋuwò. Wɔ geɖe wu alesi wobia tso asiwò ko eye ɖewohĩ ana dzi nadzɔ wò wu. Wɔ dɔ siwo le vevie gbã, eye ana nàse vivi le ŋdɔnuɖuɣiwo kple kwasiɖanuwuwuwo wu amesi nɔa dɔa wɔwɔ dam ɖe ɣeyiɣi bubuwo dzi.—Tsɔe sɔ kple Ester 10:2; Romatɔwo 12:11; Timoteo II, 2:15.
Le esi teƒe nànɔ ho ʋlim kple ame bubuwo la, dze agbagba boŋ nàdzi wò ŋutete ɖe edzi. (Galatiatɔwo 6:4) Ðo dzidzenu siwo nye taɖodzinu yeyewo. Dze agbagba nàwɔ dɔ wòaganyo wu. Nyɔnu aɖe si ƒe dɔe nye be wòanɔ awuwo ƒe akpa ɖeka aɖe ko tɔm ɣesiaɣi, si nye dɔ si ame aɖewo abu be ewɔwɔ ati ame akpa la, ɖoa ɣeyiɣi ɖe eŋu tsɔ doa dzidzɔ na eɖokui. Eléa ŋku ɖe agbɔsɔsɔ si wòte ŋu tɔna le gaƒoƒo ɖesiaɖe me ŋu, eye edzea agbagba be yeadzii ɖe edzi. Esea vivi na eƒe dɔa ŋutɔ elabena edzea agbagba be yeawɔ dɔ alesi yeate ŋui.—Lododowo 31:31.
“Ðo Atsyɔ̃” na Wò Dɔa
Ðɔkta siwo nye Dennis T. Jaffe kple Cynthia D. Scott kafui be: “Bu wò dɔa be enye xɔ si me le ƒuƒlu. Èʋu yi eme eye èlé ŋku ɖe eƒe nɔnɔme kple alesi wotui ŋu. Azɔ àdi be yeado atsyã nɛ ɖe wò ŋutɔ wò didi nu. Èbu alesi nàɖo nuwo ɖe afimae ŋu, eye nètrɔ xɔa me wòzu wò nɔƒe. Ezu tɔwò alesi nèdii le esi nèɖo nuwo alesi dze ŋuwò ta.”
Ðoɖo kple mɔfiamewo kpena ɖe dɔ siwo wodea asi na wò ƒe akpa gãtɔ ŋu. Nusi wobia tso asiwò la ko wɔwɔ le abe aƒe ƒuƒlu me nɔnɔ ene. Naneke mele eme si sɔ ɖe wò ŋutɔ wò didi nu o. Gake ne ètrɔ asi le alesi wowɔa dɔa ŋu ɖe wò didi nu la, àte ŋu ase vivi nɛ geɖe ŋutɔ. Amesiame kple alesi “wòatrɔ asi” le dɔ aɖe wɔwɔ ŋui. Nuɖukplɔ̃ŋusubɔla aɖe aɖo ŋku nuɖuɖu si asisiwo lɔ̃a ƒeƒle dzi. Ame bubu ya anye dɔmenyotɔ kple amebula. Wo ame evea wosea vivi na woƒe dɔ elabena wode nane si dze woa ŋutɔwo ŋu la ewɔwɔ me.
Nɔ Nusɔsrɔ̃ Dzi
Mɔ bubu si dzi nàto ase vivi na dɔ enye nusɔsrɔ̃. Agbalẽ si nye Tension Turnaround (Mɔxexe Ðe Nuteɖeamedzi Nu) ɖe eme be ne míele tsitsim la, ŋutete si míaƒe ahɔhɔ̃a tsɔ trɔa asi le nyatakakawo ŋui la dzina ɖe edzi. Esia tae nusiwo doa dzidzɔ na mí tsã la te ŋu tia mí fifia. Egbɔkpɔnue nye be nàna ahɔhɔ̃a nakpɔ nyatakaka yeye si dzronɛ la to nu yeyewo sɔsrɔ̃ me.
Nu geɖe sɔsrɔ̃ le wò dɔa ŋu ate ŋu awɔe be woana dɔ si wɔwɔ dzɔa dzi na ame wu la wò. Gake ne medzɔ nenema o hã la, nua sɔsrɔ̃ ɖeɖe ana nàse vivi na wò dɔa eye àkpɔ dzidzeme le ewɔwɔ me. Agbalẽŋlɔla siwo nye Charles Cameron kple Suzanne Elusorr ɖee fia be: “Menye ɖeko nusɔsrɔ̃ naa kakaɖedzi geɖe wu sua asiwò to wò ŋutetewo dzidzi ɖe edzi me o, ke ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi nèbua nuwoe le agbe me hã dzi: eyae nye be àva kpɔe be woate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ, woate ŋu aɖu nɔnɔme sesẽwo dzi, woate ŋu aɖe vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ, eye be nu geɖe anya wɔ wu alesi nèsusui.”
Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Gake mesrɔ̃ nusianu si wòle be manya le nye dɔa ŋu xoxoxo ɖe!’ Ne ele nenema la, ɖe nàte ŋu asrɔ̃ nu tso nusiwo medo ƒome kple wò dɔa tẽ o ŋua? Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖoe be yeasrɔ̃ nu geɖe tso amewo dome ƒomedodowo ŋu alo tso wò dɔwɔnuwo ŋu. Ðewohĩ àte ŋu asrɔ̃ alesi nàŋlɔ dɔwɔƒe ƒe nyatakanamegbalẽvi alo alesi nàkpɔ kpekpe kple dɔwɔlawo dzii nyuie wu. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso nuwɔwɔ kple dɔdzikpɔlawo ƒe mɔ nyuitɔwo kekeake ŋu.
Aleke nàwɔ asrɔ̃ nusiawo? Ate ŋu anye be nufiaɖoɖowo le dɔwɔha si nèwɔa dɔ na si si me nàte ŋu asrɔ̃ nu le. Alo ɖewohĩ agbalẽ siwo tututu hiã wò la anɔ agbalẽdzraɖoƒe aɖe. Gake mègaŋe aɖaba ƒu nusiwo medzena gaglãa o siwo me nàte ŋu asrɔ̃ nu tsoe dzi o. Ŋkuléle ɖe amewo ŋu ne wole dɔ wɔm kple dzesidede woƒe ŋutete kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ate ŋu anye nusɔsrɔ̃. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso wò vodadawo me, eye àte ŋu asrɔ̃ nu tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo hã me, ne èdzro nusiwo nète ŋu wɔ nyuie me. Nusiwo nàsrɔ̃ tso wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo kple ŋkuléle ɖe ame bubuwo ŋu me ate ŋu afia nusiwo ɖewohĩ màkpɔ axlẽ le agbalẽ me alo asee le hehexɔnusrɔ̃ƒe akpɔ o la wò.
Aɖaŋuɖoɖo Mamlɛ Aɖewo
Mɔ bubu aɖe li si ŋu nàte ŋu abu le dɔwɔwɔ ŋu. Ðewohĩ àbui be ele be woave ye nu wu—be wona mɔnukpɔkpɔ geɖe ame bubuwo eye womena mɔnukpɔkpɔ ye ya be yeawɔ dɔ si ŋutɔŋutɔ yedina be yeawɔ la o. Ðewohĩ àɖo dze tso eŋu fũ na ame bubu siwo lɔ̃ ɖe wò susua dzi, eye àkpɔ kakaɖedzi be wò nyawo katã le eteƒe.
Gake ɖewohĩ manye nyateƒe o. Ame geɖe siwo sea vivi na woƒe dɔ la ŋutɔe srɔ̃ ewɔwɔ nenema. Amesi sea vivi le aƒewo tata me ate ŋu ava se vivi le bɔs kuku me hã. Nukatae? Elabena alesi wòwɔa dɔa na wòkpɔa dzidzɔ kple dzidzeme.
Eyata ɖe nukpɔsusu si na nu tia kɔ na wò le dɔwɔŋkekeawo me wu kwasiɖanuwuwuwo la ɖa. Mègagblẽ ɣeyiɣi ɖe nusiwo me nèdo kpo nu le me dzodzro ŋu, anɔ nu bubu si me nàgava do kpo nu le ŋu bum ahatsi dzi ɖe alesi ame bubuwo kpɔa wòe ŋu o. Lé ŋku ɖe dɔ si dze ŋgɔwò boŋ ŋu. Tsɔ wò susu katã ɖo eŋu. Dze agbagba nànyrɔ ɖokuiwò katã ɖe eme abe alesi nàwɔ le modzakaɖedɔ si dzɔa dzi na wò wɔwɔ me ene. Dze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui ɖe ewɔwɔ ŋu, eye dzi nedzɔ wò ɖe dɔ si nète ŋu wɔ nyuie ŋu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mègaɖe Asi le Wò Dɔ Ŋu O
Biblia gblɔ le Lododowo 27:23, 24 be: “Wò alẽwo ƒe nɔnɔme nenɔ nyanya na wò, eye lé ŋku ɖe wò lãhawo ŋu; elabena kesinɔnu menɔa anyi ɖaa o, alo ɖe fiakuku nɔa anyi na dzidzimeawo katãa?” Nya mawo gɔme ɖe?
Efia be ne wokpɔ nu xɔasiwo (kesinɔnu) kple bubunɔƒewo (fiakuku) hã la, zi geɖe la ɣeyiɣi kpui aɖe ko wonɔa anyi. Eyata nunya wònye alẽkplɔla ɖena fiana le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ne ena eƒe ŋku nanɔ eƒe alẽwo dzi kpɔkpɔ ŋu vevie, si fia be ‘ena eƒe dzi le eƒe lãhawo ŋu.’ Abe alesi kpukpui etɔ̃ siwo kplɔe ɖo fia ene la, esia ana ŋutilãmenu geɖe nanɔ dɔwɔla la kple eƒe ƒomea si.—Lododowo 27:25-27.
Ke egbea ya ɖe? Zi geɖe la, amewo ƒe dzi nɔa dzidzedzekpɔkpɔ alo bubunɔƒe nɔnɔ, si wokpɔa mɔ be ana yewoaɖe asi le dɔ si wɔm yewole fifia ŋu la ŋu. Ame aɖewo tɔ nye ɖoɖo nyui si wowɔ; ame bubuwo tɔ ya nye nukpɔkpɔ le susu me ko. Le nɔnɔme evea siaa me la, nunya mele eme be ame naɖe asi le eƒe dɔwɔɖui ŋu alo ado vloe o. Gadɔ si ŋu kakaɖedzi le ye wònye, eye ɖewohĩ akpɔtɔ anɔ nenema. Nunya le eme wu sã be ame natsɔ eƒe dzi aɖo eƒe “lãhawo” ŋu, eye wòana eƒe susu katã nanɔ eƒe dɔwɔɖui si ŋu wònɔa agbe ɖo ŋu. Ewɔwɔ nenema ate ŋu ana ŋutilãmenuhiahiãwo nasu ame si fifia kple le etsɔme.