INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/15 axa 32
  • Wotsɔ Sikatogɛ ɖo Atsyɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wotsɔ Sikatogɛ ɖo Atsyɔ̃
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/15 axa 32

Wotsɔ Sikatogɛ ɖo Atsyɔ̃

TSO blema ke la, wodea bubu gã sikalekewɔnuwo ŋu le woƒe asixɔxɔ kple nyonyo ta. Esi Yosef zu dumegãwo ƒe tatɔ le Egipte la, Farao tsɔ sikakɔmenu nɛ. (Mose I, 41:42) Wotsɔ sikaŋɔtigɛ kple sikalɔnugɛ eve, siwo axɔ $1,400 (U.S.) le fifia ƒe asi nu la na Rebeka. (Mose I, 24:22) Ðikeke mele eme o be woxɔ nunana xɔasi siawo kple akpedada eye wodonɛ dzidzɔtɔe.

Biblia ƒo nu le kpɔɖeŋu sikalekewɔnu si xɔ asi sasasã wu esiwo Yosef kple Rebeka do la ŋu. Lododowo 25:12 gblɔ be: “Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu.” Nunana xɔasi ŋutɔŋutɔe aɖaŋuɖola la ana ne wòtu eƒe aɖaŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Nya dzi, tsɔ wu eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu dzi. Nukatae? Elabena afia be Yehowa ŋutɔ gbɔe aɖaŋuɖoɖoa tsona. Biblia gblɔ na mí be: “Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o! Elabena amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.” (Lododowo 3:11, 12) Ne esela tsɔ ɖokuibɔbɔ xɔ aɖaŋuɖoɖoa eye wòwɔ eŋudɔ la, ɖeko wòle abe sikatogɛ dom wòle ene. Ðeko wòle abe alesi Biblia me lododo si tso gbɔgbɔ me la gblɔe ene be: “Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi. Elabena eƒeƒle nyo wu klosaloƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta.”—Lododowo 3:13, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe