TA WUIEVE
Àte Ŋu Aɖu Kuxi Siwo Gblẽa Nu le Ƒome Ŋu Dzi
1. Kuxi siwo womeʋu goe o kawoe le ƒome aɖewo me?
ÐEKO woklɔ ʋu xoxo la, si nu nɛ vɔ koe nye sia. Ele dzo dam mlamlamla na amesiwo tso eme va yina eye wòdze ʋu yeyee na wo. Gake le aŋɔsisia te la, ɣebia ƒe nugbegblẽ vivivi le ʋua ƒe gakpowo ɖum. Nusia tɔgbe ke dzɔna le ƒome aɖewo me. Togbɔ be le gotagome adze abe ɖe nusianu le edzi yim nyuie ene hã la, vɔvɔ̃ kple vevesese ate ŋu abe ɖe nukomowo te. Le aƒea me ŋutɔŋutɔ le egodotɔwo ƒe manyamanya me la, nusiwo gblẽa nu vivivi la nɔa ƒomea ƒe ŋutifafa me gblẽm. Kuxi siwo ate ŋu agblẽ nu alea dometɔ evee nye ahatsunono kple ŋutasesẽnuwɔwɔ.
NUSI AHATSUNONO GBLẼNA
2. (a) Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le ahanono ŋu? (b) Nukae ahanomunɔtɔnyenye fia?
2 Biblia mede se ɖe ahanono ɖe ŋku ŋu nu o, gake edee ɖe ahamumu nu. (Lododowo 23:20, 21; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Timoteo I, 5:23; Tito 2:2, 3) Gake be woanye ahanomunɔtɔ la yi ŋgɔ wu ahamumu ko; enye ahanono ŋu bubu ɣesiaɣi kple ɖokuidzimateŋuɖu le enono me. Ahanomunɔtɔwo ate ŋu anye ame tsitsiwo. Nublanuitɔe la, woate ŋu anye ɖeviwo hã.
3, 4. Ƒo nu tso nusiwo ahatsunono gblẽna le ahanomunɔtɔwo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu la ŋuti.
3 Tso gbaɖegbe ke la, Biblia fia be ahanono ɖe madzemadze dzi ate ŋu agblẽ ƒome ƒe ŋutifafa me. (Mose V, 21:18-21) Ahatsunono gblẽa nu le ƒome bliboa katã ŋu abe ɣebia ƒe gakpo ɖuɖu vivivi ene. Ahanomunɔtɔa srɔ̃ ƒe susu katã anɔ alesi tututu wòawɔ wòadzudzɔ ahaa nono alo alesi wòanɔ te ɖe eƒe nɔnɔme si te ŋu trɔna kpata zi ɖeka la nu ŋu.a Nyɔnua adze agbagba atsɔ ahaa aɣla, alo atsɔe aƒu gbe, atsɔ eƒe ga aɣla, eye wòaɖe kuku nɛ be wòabu eƒe lɔlɔ̃ na ƒomea, eya ŋutɔ ƒe agbe, kple kura gɔ̃ hã Mawu ŋu—gake enono dzi koe ahanomunɔtɔa anɔ. Ne nyɔnua dze agbagba ʋuu be yeana wòaɖe eƒe ahanonoa dzi akpɔtɔ do kpoe la, etɔtɔna eye wòwɔna nɛ be naneke meli yeate ŋu awɔ le eŋu o. Vɔvɔ̃, dziku, fɔbubuameɖokui, mavomavotsitsi, dzodzodzoetsitsi, kple bubumademadeameɖokuiŋu ava nɔ fu ɖem nɛ.
4 Ðeviwo hã ŋu mefa tso wo dzila ƒe ahatsunonoa ƒe nugbegblẽwo me o. Woƒoa wo dometɔ aɖewo kutɔkutɔe. Wodɔa bubuwo gbɔ. Woate ŋu abu fɔ wo ɖokui gɔ̃ hã ɖe wo dzila la ƒe ahatsunonoa ta. Zi geɖe la, alesi ahanomunɔtɔa ƒe nɔnɔme te ŋu trɔna kabakaba naa womegate ŋu kana ɖe ame bubuwo dzi o. Gake esi ɖeviawo mete ŋu ɖea dzi ɖi gblɔa nusi le dzɔdzɔm le aƒea me o ta la, wote ŋu va zia woƒe seselelãmewo dzi ɖe wo ɖokui me, eye zi geɖe la, esia gblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu. (Lododowo 17:22) Kakaɖedzimanɔamesi alo bubumademadeameɖokuiŋu sia tsia ɖevi siawo si wotsɔna tsinae.
NUKAE ƑOMEA ATE ŊU AWƆ?
5. Aleke woate ŋu atrɔ asi le ahatsunono ŋui, eye nukatae wònye nu sesẽ?
5 Togbɔ be eŋunyala geɖe gblɔna be womate ŋu ada ahanomunɔtɔwo ƒe ahatsunono na wo o hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be woate ŋu atrɔ asi le eŋu wòaka ɖe eme vie ne wowɔ ɖe etsitsri kura ƒe ɖoɖo dzi. (Tsɔe sɔ kple Mateo 5:29.) Gake gbɔgblɔ be woakpe ɖe ahanomunɔtɔa ŋu mesesẽ o, ewɔwɔe nye nya la, elabena zi geɖe la, melɔ̃na ɖe edzi be nane le fu ɖem na ye o. Ke hã ne ƒomea me tɔwo tso wɔ nane tso alesi ahatsunonoa le nu gblẽm le wo ŋui ŋuti la, ahanomunɔtɔa ate ŋu ava kpɔe dze sii be nane le fu ɖem na ye. Ðɔkta aɖe si kpɔ nuteƒe le kpekpe ɖe ahanomunɔtɔwo kple woƒe ƒomewo ŋu me gblɔ be: “Mesusu be nu vevitɔe nye be ƒomea me tɔwo nayi woƒe gbesiagbedɔwo dzi le mɔ si aɖe vi na wo wu nu. Ahanomunɔtɔa va nɔa dzesi dem vovototo gã si le eya kple ƒomea me tɔ susɔeawo dome la ɖe edzi.”
6. Afikae ƒome siwo me ahanomunɔtɔ le ate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuitɔwo kekeake le?
6 Ne ame aɖe nye ahanomunɔtɔ le miaƒe ƒomea me la, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me ate ŋu akpe ɖe mia ŋu be mianɔ agbe le mɔ nyuitɔ kekeake si aɖe vi na mi wu nu. (Yesaya 48:17; Timoteo II, 3:16, 17) Mibu gɔmeɖose aɖewo siwo kpe ɖe ƒomewo ŋu be wokpɔ ahatsunonokuxia gbɔ dzidzedzetɔe la ŋu kpɔ.
7. Ne ƒomea me tɔ aɖe nye ahanomunɔtɔ la, ameka ƒe vodadae?
7 Midzudzɔ fɔbubua katã xɔxɔ ƒu akɔ. Biblia gblɔ be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba,” eye, “mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Galatiatɔwo 6:5; Romatɔwo 14:12) Ahanomunɔtɔa adi be yeana wòawɔ na ƒomea me tɔwo be woawoe na. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu agblɔ be: “Ðe mielé be nam la, anye ne nyemanɔ aha nom o.” Ne edze be ame bubuwo lɔ̃ ɖe edzi nɛ la, ke wole dzi dem ƒo nɛ be neyi enono dzi. Gake ne nɔnɔmewo alo ame bubuwo le nu gblẽm le mía ŋu la, mía dometɔ ɖesiaɖe dzie nusi míewɔna ƒe agba le—ahanomunɔtɔwo hã le eme.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:12.
8. Mɔ siwo nu woate ŋu akpe ɖe ahanomunɔtɔ ŋu le be wòadze ŋgɔ nusiwo eƒe kuxia he vɛ dometɔ aɖewo ɖe?
8 Megawɔ na mi be ele be yewoaxe mɔ ɖe nusiwo ahanomunɔtɔa ƒe ahatsunonoa gblẽna nu ɣesiaɣi o. Lo aɖe si Biblia do le amesi dzi kuna helĩhelĩ ŋu la sɔ na ahanomunɔtɔ hã, be: “Ne èbe, yeaxɔ nɛ la, ɖeko [nànɔ xɔxɔ nɛ dzi ɖaa, NW].” (Lododowo 19:19) Mina ahanomunɔtɔa nakpɔ nusiwo eƒe ahanonoa gblẽna. Mina eya ŋutɔ nadzra teƒe siwo wògblẽ la ɖo alo aƒo ka na eƒe dɔtɔ gbesigbe wògamui ƒe ŋufɔke.
9, 10. Nukatae wòle be ahanomunɔtɔwo ƒe ƒomewo nalɔ̃ woakpe ɖe wo ŋu, eye amekawo ƒe kpekpeɖeŋu koŋ ye wòle be woadi?
9 Mixɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ. Lododowo 17:17 gblɔ be: ‘Xɔlɔ̃ vavãtɔ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le xaxaɣi.’ Ne ame aɖe nye ahanomunɔtɔ le miaƒe ƒomea me la, ke miele xaxa me. Miehiã kpekpeɖeŋu. Migahe ɖe megbe le ‘xɔlɔ̃ vavãwo’ ƒe kpekpeɖeŋu biabia me o. (Lododowo 18:24) Nuƒoƒo na ame bubu siwo se kuxia gɔme alo to nɔnɔme ma tɔgbe me kpɔ la ate ŋu ana miase nusi wòle be miawɔ kple nusi mele be miawɔ o ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Gake mida sɔ. Miɖo dze tso eŋu na amesiwo dzi mieka ɖo, amesiwo aɣla miaƒe “nya ɣaɣla” na mi.—Lododowo 11:13.
10 Misrɔ̃ alesi miaka ɖe Kristotɔ hamemegãwo dzii. Hamemegã siwo le Kristo-hamea me ate ŋu anye kpekpeɖeŋutsoƒe vevi aɖe na mi. Wotsɔ Mawu ƒe Nya la ŋutsu tsitsi siawoe eye wokpɔ nuteƒe le etsɔtsɔ wɔ dɔe me. Woate ŋu anɔ abe “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:2) Menye hame bliboa ta koe Kristotɔ hamemegãwo kpɔna tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me o, ke wofaa akɔ na amesiwo ŋu kuxiwo le hã, wodoa ŋusẽ wo, eye wotsɔa ɖe le eme na wo. Mina woƒe kpekpeɖeŋua naɖe vi na mi bliboe.
11, 12. Amekae naa kpekpeɖeŋu gãtɔ kekeake ahanomunɔtɔwo ƒe ƒomewo, eye aleke wònaa kpekpeɖeŋu mae?
11 Ƒo wo katã ta la, mixɔ ŋusẽdodo tso Yehowa gbɔ. Biblia tsɔ vividodoɖeameŋu ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Ne ewɔ na mi be miaƒe dzi gbã gudugudu eye woƒo miaƒe gbɔgbɔ ƒu anyi le fukpekpe siwo le ƒometɔ si nye ahanomunɔtɔ gbɔ nɔnɔ me ta la, minyae be ‘Yehowa tsɔ ɖe mia gbɔ.’ Ese alesi nuwo sesẽe le miaƒe ƒomea me la me.—Petro I, 5:6, 7.
12 Nusi Yehowa gblɔ le eƒe Nya la me dzixɔxɔse ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miadze ŋgɔ dzodzodzoetsitsi. (Psalmo 130:3, 4; Mateo 6:25-34; Yohanes I, 3:19, 20) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu akpe ɖe mia ŋu be miaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si ate ŋu ado ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ la mi be mianɔ te ɖe wo nu gbesiagbe, la ƒe kpekpeɖeŋu.—Korintotɔwo II, 4:7.b
13. Kuxi kae nye evelia si gblẽa nu le ƒome geɖe ŋu?
13 Ahatsunono ate ŋu ahe kuxi bubu si gblẽa nu le ƒome ŋu vɛ—ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme.
NUSI ŊUTASESẼNUWƆWƆ LE AƑEME GBLẼNA
14. Ɣekaɣie ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme dze egɔme, eye aleke wòle egbea?
14 Ŋutasesẽnu gbãtɔ si wowɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me nye ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme si ku ɖe nɔviŋutsu eve siwo nye Kain kple Abel ŋu. (Mose I, 4:8) Tso ɣemaɣi ke va de asi na fifia la, ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme ƒomevi vovovo gblẽ nu le ameƒomea ŋu. Ŋutsu siwo ƒoa wo srɔ̃wo kutɔkutɔe, nyɔnu siwo xlãa nu ɖe wo ɖe srɔ̃ŋutsuwo, dzila siwo tsɔa tagbɔsesẽ ƒoa wo vi suewo, kple vi tsitsi siwo tua nu kple wo dzila siwo zu ame tsitsiwo va li.
15. Aleke ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme gblẽa nu le ƒomea me tɔwo ƒe seselelãme ŋui?
15 Ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme ƒe nugblẽƒe yi ŋgɔ boo wu abi kuku teƒewo ko. Nyɔnu aɖe si srɔ̃a ƒona vevie la gblɔ be: “Fɔbubuameɖokui kple ŋukpe gã aɖe léa ame. Zi geɖe le ŋdi me la, ɖeko wòadzro wò be yeatsi aba dzi, eye wòawɔ na wò be manye drɔ̃e baɖa aɖee yeku dzro o.” Ðevi siwo kpɔa aƒeme ŋutasesẽnuwo teƒe alo wowɔnɛ ɖe wo ŋu la ŋutɔ ate ŋu ava zu ŋutasẽlawo le woƒe tsitsime ne ƒome ɖo wo si.
16, 17. Nukae nye ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖe ame ƒe seselelãme ŋu, eye aleke wògblẽa nu le ƒomea me tɔwo ŋui?
16 Menye ƒoƒo ko dzie ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme se ɖo o. Zi geɖe la, dzudzue ŋutasesẽnua nyena. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” Aƒeme “yitɔame” mawo ƒe ɖewoe nye ahamaŋkɔwo yɔyɔ na ame kple bublu ɖe ame ta, kpakple nyahehe ɖe ame ŋu atraɖii, dzu vevee dzudzu na ame, kple ŋɔdzidodoname. Ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖe ame ƒeseselelãme ŋu medzena wokpɔna o eye zi geɖe la, ame bubuwo menyaa naneke le eŋu o.
17 Esi wɔ nublanui ŋutɔe nye nusi agblẽ nu le ɖevi ƒe seselelãme ŋu vevie wɔwɔ ɖe eŋu—nyahehe ɖe ɖevia ŋu kple gbɔɖiɖi eƒe ŋutete, nunya, alo eƒe asixɔxɔ ɣesiaɣi. Ðevi dzudzu alea ate ŋu ana magaka ɖe eɖokui dzi o. Nyateƒee, ɖevi ɖesiaɖe hiã hehe. Gake Biblia gblɔ na vifofowo be: “Migado dziku na mia viwo, bene dzika natso wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.
MƆXEXE ÐE AƑEME ŊUTASESẼNUWƆWƆ NU
18. Afikae aƒeme ŋutasesẽnu dzea egɔme tsonɛ, eye nukae Biblia fia be eyae nye mɔ si dzi woato adzudzɔ ewɔwɔ?
18 Dzi kple susu mee aƒeme ŋutasesẽnuwo wɔwɔ dzea egɔme tsonɛ; alesi míewɔa nui dzea egɔme tsoa alesi míebua tamee dzi. (Yakobo 1:14, 15) Bene ŋutasẽla nadzudzɔ ŋutasesẽ la, ele be wòatrɔ eƒe susu. (Romatɔwo 12:2) Anya wɔa? Ẽ. Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòatrɔ amewo. Ate ŋu aho nukpɔsusu gblẽnu ‘siwo ƒo ke ɖe to sesĩe’ gɔ̃ hã le ame me. (Korintotɔwo II, 10:4; Hebritɔwo 4:12) Biblia me sidzedze vavãtɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ alesi míebua tamee ale gbegbe be woagblɔ le mía ŋu be míedo amenyenye yeye.—Efesotɔwo 4:22-24; Kolosetɔwo 3:8-10.
19. Aleke wòle be Kristotɔ nabu srɔ̃a eye wòawɔ nu ɖe eŋui?
19 Alesi nèbua srɔ̃wòe. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “[Ele] na ŋutsuwo be woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃a la, elɔ̃a eɖokui.” (Efesotɔwo 5:28) Biblia gagblɔ be ŋutsu ‘nade bubu srɔ̃a ŋu abe amesi nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ ene.’ (Petro I, 3:7) Woxlɔ̃ nu nyɔnuwo be ‘woalɔ̃ wo srɔ̃wo’ eye ‘woasi wo ɖa.’ (Tito 2:4; Efesotɔwo 5:33) Ðikekemanɔmee la, ŋutsu mawuvɔ̃la aɖeke mate ŋu ato anukware be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu le nyateƒe me ne eƒoa nyɔnua alo dzunɛ o. Eye nyɔnu si doa ɣli ɖe srɔ̃a ta alo gblɔa amedaɖeanyinya nɛ, alo nyrana ɖee ɣesiaɣi la mate ŋu agblɔ be yelɔ̃ ŋutsua eye yedea bubu eŋu o.
20. Amekae dzilawo abu akɔnta na le wo viwo ŋu, eye nukata mele be dzilawo nadi nusi kɔkɔ wu wo viwo ƒe ŋutete tso wo si o?
20 Nukpɔsusu si da sɔ le ɖeviwo ŋu. Ðeviwo dze na wo dzilawo ƒe lɔlɔ̃ kple ŋkuléleɖeŋu, ẽ, wohiã wo. Mawu ƒe Nya la yɔ ɖeviwo be wonye “domenyinu tso Yehowa gbɔ” kple “fetu.” (Psalmo 127:3) Yehowa abia beléle na domenyinu ma ƒe akɔnta le dzilawo si. Biblia ƒo nu tso “ɖevimenuwo” kple ɖevimenɔnɔ ƒe “bometsitsi” ŋu. (Korintotɔwo I, 13:11; Lododowo 22:15) Mele be newɔ nuku na dzilawo ne wokpɔ bometsinuwo le wo viwo ŋu o. Menye ame tsitsie ɖevi dzaawo nye o. Mele be dzilawo nadi nu geɖe wu esi sɔ na ƒe si ɖevi xɔ, ƒome si me wòtso ƒe nɔnɔmewo, kple eƒe ŋutete tso esi o.—Kpɔ Mose I, 33:12-14.
21. Nukae nye mawuvɔvɔ̃ me nukpɔsusu le alesi woabu dzila tsitsiwo kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu ŋuti?
21 Alesi woabu dzila tsitsiwoe. Mose III, 19:32 gblɔ be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.” Eyata Mawu ƒe Se la de dzi ƒo be woabu ame tsitsiwo eye woade asixɔxɔ gã wo ŋu. Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe ne dzila tsitsi la ɖea fu na ame alo ne ezu dɔnɔ eye ɖewohĩ eƒe azɔli kple tamebubu nɔa dɔ̃ o. Togbɔ be anɔ nenema hã la, woɖo ŋku edzi na ɖeviwo be “woaɖo eteƒe na wo dzilawo.” (Timoteo I, 5:4) Afia be woawɔ nu ɖe wo ŋu le asixɔxɔdedeameŋu kple bubu mɔ nu, eye ɖewohĩ woana gakpekpeɖeŋu gɔ̃ hã wo. Fufiafia ame dzila tsitsiwo alo nuƒododo na wo le mɔ bubuwo nu tsi tre ɖe alesi Biblia gblɔ na mí be míawɔ nu ɖe wo ŋui ŋu kura.
22. Nukae nye nɔnɔme vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu be woaɖu ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme dzi, eye aleke woate ŋu aɖee fiae?
22 Srɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Lododowo 29:11 gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala [faa] enu.” Aleke nàwɔ aɖu wò gbɔgbɔ dzi? Le nana be nuteɖeamedziwo nadzi ɖe edzi ayɔ mewò teƒe la, tso nàkpɔ kuxi siwo do mo ɖa gbɔ kaba. (Efesotɔwo 4:26, 27) Dzo le afisi nya la dzɔ le ne èkpɔ be yeƒe dzi di be yeaho. Do gbe ɖa nàbia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nàtse ɖokuidziɖuɖɖu ƒe ku la. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Tsotso aɖaɖi tsa vie alo dɔ aɖe wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɖu wò seselelãmewo dzi. (Lododowo 17:14, 27) Dze agbagba be ‘nu meganɔ dzi kum na wò kabakaba o.’—Lododowo 14:29.
MÍAKLÃA ALO MÍANƆ MÍA NƆEWO GBƆ?
23. Nukae ate ŋu adzɔ ne Kristo-hamea me tɔ aɖe wɔa nu le dɔmedzoe me zi geɖe, ɖewohĩ wòƒoa eƒe ƒomea hã, hegbe dzimetɔtrɔ?
23 Biblia yɔ “kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, . . . dɔmedzoedodowo” de dɔwɔwɔ siwo ŋu Mawu tsi tre ɖo la dome eye wògblɔ be “amesiwo wɔ ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Eyata woate ŋu aɖe amesi gblɔna be Kristotɔe yenye evɔ wòlɔ̃a dɔmedzoe tsɔtsɔ wɔ nui hegbea dzimetɔtrɔ, ɖewohĩ wòƒoa srɔ̃a alo viawo hã, la le Kristo-hamea me. (Tsɔe sɔ kple Yohanes II, 9, 10.) Esia wɔwɔ ana tagbɔsẽlawo manɔ hamea me o.—Korintotɔwo I, 5:6, 7; Galatiatɔwo 5:9.
24. (a) Nukae amesiwo wo srɔ̃wo ƒona ate ŋu atso nya me be yewoawɔ? (b) Aleke xɔlɔ̃ kple hamemegã fafanamelawo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔ si ŋu wosẽa ŋuta le ŋui, gake nukae mele be woawɔ o?
24 Ke Kristotɔ siwo srɔ̃wo tsɔ tagbɔsesẽ le wo ƒom fifia eye womefiaa tɔtrɔdzesi aɖeke o ɖe? Wo dometɔ aɖewo tiae be yewoanɔ yewo srɔ̃ tagbɔsesẽtɔa gbɔ ko le susu ɖeka eve aɖewo ta. Bubuwo tiae be yewoadzo, kple susu be yewoƒe ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me lãmesẽ—ɖewohĩ yewoƒe agbe gɔ̃ hã—le afɔku me. Nusi amesi ŋu wole ŋuta sem le le aƒeme ɖo be yeawɔ le nɔnɔme siawo me nye amea ŋutɔ ƒe nyametsotso le Yehowa gbɔ. (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Xɔlɔ̃, ƒometɔ, alo Kristotɔ hamemegã fafanamelawo adi be yewoana kpekpeɖeŋu ahaɖo aɖaŋu, gake mele be woazi amea dzi be wòaɖe afɔ si alo ekeme o. Enye ŋutsua alo nyɔnua ŋutɔ ƒe nyametsotso.—Romatɔwo 14:4; Galatiatɔwo 6:5.
KUXI GBLẼNUWO ƑE NUWUWU
25. Tame kae Yehowa ɖo ɖe ƒomea ŋu?
25 Esime Yehowa te Adam kple Xawa ƒo ƒui le srɔ̃ɖeɖe me la, menye eƒe tameɖoɖo gbeɖe be kuxi siwo gblẽa nu abe ahatsunono alo ŋutasesẽnuwɔwɔ ene nanɔ nu gblẽm le eŋu o. (Efesotɔwo 3:14, 15) Ðe wòɖoe be ƒomea nanye afisi lɔlɔ̃ kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖo, eye woakpɔ amesiame ƒe susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Gake le nuvɔ̃medzedze vɔ megbe la, mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ƒomegbenɔnɔ trɔ gbo o.—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 8:9.
26. Etsɔme kae li na amesiwo dzea agbagba nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu?
26 Dzidzɔtɔe la, Yehowa meɖe asi le tame si wòɖo ɖe ƒomea ŋu la ŋu o. Edo ŋugbe be yeahe ŋutifafaxexe yeye si me amewo “[anɔ] anyi aɖe dzi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o” vɛ. (Xezekiel 34:28) Ɣemaɣi ahatsunono, ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme, kple kuxi bubu siwo gblẽa nu le ƒomewo ŋu egbea la azu gbaɖegbenyawo. Ne amewo ko nu la, “ŋutifafa gbogbo” si me wole tae, ke menye ɖe wole ekom tsɔ le vɔvɔ̃ alo fukpekpe dzi tsyɔmee o.—Psalmo 37:11.
a Togbɔ be ŋutsue míezã na ahanomunɔtɔ hã la, gɔmeɖose siwo le afisia la wɔa dɔ ne nyɔnue ahanomunɔtɔa nye.
b Le dukɔ aɖewo me la, dɔdaƒewo, kɔdziwo, kple hehenanaɖoɖo siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be woatsɔ akpe ɖe ahanomunɔtɔwo kple woƒe ƒomewo ŋu li. Enye nusi ŋu amewo ŋutɔ natso nya me le be yewoadi kpekpeɖeŋu siawo alo yewomadii o. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa medaa asi ɖe dɔdadamɔnu si alo ekeme dzi o. Gake ŋuɖɔɖɔɖo hiã bene womagawɔ nusiwo anye dada le Ŋɔŋlɔawo dzi le kpekpeɖeŋu sia didi me o.