Ðe Kesinɔnuwo Ate Ŋu Ana Dzi Nadzɔ Wòa?
Fia Salomo nya asixɔxɔ si le ga ŋu. Eŋlɔ be: “Ðe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.” (Nyagblɔla 10:19) Nuɖuɖu kple xɔlɔ̃wo ate ŋu ado dzidzɔ na ame ŋutɔ, gake èhiã ga hafi nàte ŋu akpɔ nuɖuɖu alo nunono. Esi wònye gae wozãna hafi kpɔa ŋutilãmenuwo ta la, eyae “wotsɔna kpɔa nuwo katãe.”
TOGBƆ be kesinɔtɔ gã ŋutɔe Salomo nye hã la, enyae be seɖoƒe li na kesinɔnu ƒe wɔƒe. Enya be menye ŋutilãmenuwo didi fũ ye ʋua dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ʋɔtru na ame o. Eŋlɔ be: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.”—Nyagblɔla 5:9.
Tsɔe be kesinɔtɔ aɖe ƒe kesinɔnuwo dzi ɖe edzi. Salomo gblɔ be: “Ne kesinɔnu dzi ɖe dzi la, eɖulawo hã dzina ɖe edzi.” (Nyagblɔla 5:10) Ne amea ƒe “kesinɔnu,” alo nunɔamesiwo dzi ɖe edzi la, ehiãa ame geɖe be woakpɔ wo dzi. Ele be wòaxe fe na nudzraɖolawo, nudzikpɔlawo, subɔviwo, dzɔlawo, kple ame bubuwo—katã ɖe woƒe dɔwɔwɔwo ta. Esia hã gahiã ga geɖe ɖe edzi.
Nu mawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi tẽ. Hela ŋutinyaŋlɔla Xenophon si nɔ anyi le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me ŋlɔ hiãtɔ aɖe si va zu kesinɔtɔ ƒe nyawo da ɖi be:
“Nukata koŋ miesusu be . . . esi nu geɖe le asinye ta, mele dzidzɔ kpɔm wu?” Eyi edzi be: “Mienya be mena mekpɔ dzidzɔ suetɔ kekeake aɖu nu eye mano nu wu alesi wònɔ nam esi menye hiãtɔ o. Viɖe si ko mekpɔ tso nu geɖe si le asinye mee nye be ezi dzinye be makpɔ ame geɖe dzi, mama nu geɖe na ame bubuwo, eye wòva da agba ɖe dzinye be makpɔ ame geɖe dzi wu tsã. Fifia aƒemetɔ geɖe kpɔa asinyenu be mana nuɖuɖu yewo, mana nunono ame geɖe, eye matɔ awu na ame geɖe, ame aɖewo hã hiã dɔyɔlawo; ame aɖewo vaa gbɔnye va toa gli nam be lãklewo lé yewoƒe alẽwo, alo yewoƒe nyitsuwo va ge dze ʋe me, alo agblɔ be dɔ aɖe va ge ɖe nyiawo dome. Eyata ewɔ nam . . . abe ɖe nunɔamesi geɖe si le asinye na be agba geɖe va dze dzinye fifia wu esime nu ʋee aɖewo nɔ asinye ene.”
Susu bubu si ta amewo tia kesinɔnuwo yome ale gbegbee nye nusi Yesu Kristo yɔ be “kesinɔnuwo ƒe beble” la hea wo. (Mateo 13:22) Eble wo elabena womekpɔa dzidzeme alo dzidzɔ si wodina tso kesinɔnu siawo si ŋu wobiãa ŋku ɖo la me gbeɖe o. Wosusunɛ be nusi kesinɔnu ʋee mete ŋu wɔ o la, kesinɔnu geɖe ate ŋu awɔe. Ale woyia edzi nɔa geɖe dim ɣeawokatãɣi.
Galɔlɔ̃ Menaa Wokpɔa Dzidzɔ O
Esi kesinɔtɔ tsi dzi ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu ta la, ate ŋu ana madɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme nyuie le zã me o. Salomo ŋlɔ be: “Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.”—Nyagblɔla 5:11.
Ne wotsia dzi fũ akpa gbɔ eme ɖe alesi ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu abui ŋu la, agblẽ nu geɖe le ame ŋu wu alɔ̃madɔmadɔ ko. Esi Salomo nɔ nu ƒom tso nuvela ŋu la eŋlɔ be: “Eɖu eƒe ŋkekewo katã le viviti, dzibibi geɖe, fukpekpe kple dziku me.” (Nyagblɔla 5:16) Le esi teƒe be eƒe kesinɔnuwo nana dzi nadzɔe la, eɖua nu le ‘dzibibi’ boŋ me, abe ɖe ga si wòaɖe aƒle nuɖuɖu kura gɔ̃ hã le evem ene. Susu me ƒe akɔmadzeanyi ma ate ŋu ana lãmesẽ manɔ ame si o. Gawu la, lãmegbegblẽ ana be nuvela la ƒe dzimaɖitsitsia nadzi ɖe edzi, elabena enana be megate ŋu ƒoa ga geɖe nu ƒu o.
Ðewohĩ esia ana nàɖo ŋku nya si apostolo Paulo ŋlɔ la dzi bena: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di . . . eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” (Timoteo I, 6:9, 10) Le gadidi me la, amewo baa ame, daa alakpa, fiaa fi, wɔa wo ɖokui gbolowoe, eye wowua ame kura gɔ̃ hã. Nusi doa go tsoa emee nye be ame tsɔa seselelãme, ŋutilã me, kple gbɔgbɔ me vevesese ŋɔa eɖokui flofloflo ɖe agbagbadzedze be kesinɔnuwo nasu ye si yeazu kesinɔtɔ ɖaa ta. Ðe wòwɔ na wò be esia nye mɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔa? Kura o!
Nusi Le Mía Si Nasɔ Gbɔ na Mí
Nya bubuwo gale Salomo si wòagblɔ tso nukpɔsusu si da sɔ tso kesinɔnuwo ŋu la ŋuti. Eŋlɔ be: “Alesi ko wòle tso dadaa ƒe dɔ me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wòle va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o. Kpɔ ɖa, nusi nyea mekpɔ be, enyo, eye wòdze ani la, enye be, ame naɖu nu ano nu, eye wòaɖu agbe ɖe eƒe agbagba, siwo katã wòdze le ɣea te la ŋuti le eƒe agbe me ŋkeke, siwo katã Mawu tsɔ nɛ la me; elabena esia nye eƒe gome.”—Nyagblɔla 5:14, 17.
Nya siawo fia be dzidzɔkpɔkpɔ menɔ te ɖe kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na ɣeyiɣi si mava tu mí akpɔ gbeɖe o la dzi o. Enyo sã wu be dzi nadzɔ mí ɖe míaƒe agbagbadzedze me tsonuwo ŋu eye míana woadze mía ŋu. Apostolo Paulo ɖe nukpɔsusu ma tɔgbe ke gblɔ le eƒe lɛta si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ na Timoteo me be: “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:7, 8; tsɔe sɔ kple Luka 12:16-21.
Nusi Gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kesinɔnu kple mawumenunya geɖe nɔ Salomo si. Gake egblɔ be dzidzɔkpɔkpɔ do ƒome kple nunya, ke menye kple ga o. Egblɔ be: “Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi. Elabena eƒeƒle nyo wu klosalo ƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta. Exɔ asi wu adzagba, eye wò nu veviwo katã mede enu o. Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me. Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa. Agbeti wònye na amesiwo lée ɖe asi, eye woayra amesi vàe goŋgoŋ la.”—Lododowo 3:13-18.
Nukatae nunya xɔ asi wu ŋutilãmenunɔamesiwo? Salomo ŋlɔ be: “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:12) Togbɔ be ga kpɔa ame ta le mɔ aɖewo nu eye wòkpena ɖe amesi si wòle la ŋu be wòate ŋu aƒle nusiwo hiãe hã la, nunya ate ŋu akpɔ ame ta be maƒo eɖokui ɖe nuwɔna siwo me afɔku le me be wòagblẽ nu le eƒe agbe ŋu o. Menye ɖeko nunya vavãtɔ ate ŋu aɖe ame tso ku kpata me ko o, ke esi wònye Mawu vɔvɔ̃ adodoea dzie wotui ɖo ta la, akplɔ ame ayi agbe mavɔ kpɔkpɔ mee.
Nukatae mawumenunya kplɔa ame yia dzidzɔkpɔkpɔ mee? Elabena Yehowa Mawu gbɔ koe dzidzɔ vavãtɔ ate ŋu atso ava. Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be toɖoɖo Dziƒoʋĩtɔ me koe woate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ le. Dzidzɔkpɔkpɔ si nɔa anyi ɖaa nɔ te ɖe ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu dzi. (Mateo 5:3-10) Ne míetsɔ nusiwo míesrɔ̃ to Biblia sɔsrɔ̃ me de dɔwɔwɔ me la, ana míatu “nunya, si tso dziƒo la” ɖo. (Yakobo 3:17) Dzidzɔkpɔkpɔ si kesinɔnuwo mate ŋu ahe vɛ o lae wòana mí.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 4, 5]
Fia Salomo nya nusi naa dzi dzɔa ame. Wò hã ènyaea?