-
Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va EmeYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
“Kpɔ ɖa! Nye subɔla si metia, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dze ŋunye! Matsɔ nye gbɔgbɔ la ada ɖe edzi, eye ana dukɔwo nase nu si dzɔdzɔenyenye fia la gɔme. Mawɔ dzre o, mado ɣli o, eye ame aɖeke mase eƒe gbe le ablɔwo dzi hã o. Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o, eye matsi ɖovu bibi si le tsitsim la o, va se ɖe esime wòna dzɔdzɔenyenye ɖu dzi. Vavãe, eƒe ŋkɔ ana mɔkpɔkpɔ dukɔwo.”—Mateo 12:18-21; Yesaya 42:1-4.
-
-
Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va EmeYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
Nya si nye “mawɔ dzre o, mado ɣli o, eye ame aɖeke mase eƒe gbe le ablɔwo dzi hã o” la gɔme ɖe? Ne Yesu da gbe le amewo ŋu la, melɔ̃na be ameawo, alo gbɔgbɔ vɔ̃awo nana “woadze si ye o.” (Marko 3:12) Medi be amewo nato gbeƒã si woɖe hoo le ablɔwo dzi alo nya siwo ŋu woɖe ami ɖo si amewo anɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo la dzi ase ye ŋkɔ o.
-