INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nya Ɣaɣla Kɔkɔe aɖe Ðeɖe Ðe Go
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 2. (a) Dzesideŋkɔ kae Yesu tsɔ ɖe eɖokui fia? (b) Nuka gblɔm Yehowa le esime wògblɔ be: “Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ”? (d) Nuka dzie Yesu ƒe dzesideŋkɔ “gbãtɔ kple mlɔetɔ” he susu yii?

      2 Gake mele be bubu ƒe vɔvɔ̃ si le mía me la natrɔ zu vɔvɔ̃ manyomanyo o. Yesu de dzi ƒo na Yohanes, abe alesi apostoloa yi edzi gblɔe ene. “Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ kple amesi le agbe.” (Nyaɖeɖefia 1:17b, 18a) Le Yesaya 44:6 me la Yehowa ƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe nɔƒe abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ɖeka kolia la ene ŋu esime wògblɔ be: “Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.”a Esi Yesu yɔ dzesideŋkɔ “gbãtɔ kple mlɔetɔ” na eɖokui la, mele gbɔgblɔm be yele tasɔsɔ me kple Yehowa, Wɔla Gã la o. Dzesideŋkɔ si Mawu tsɔ nɛ wòsɔ la zãm wòle. Le Yesaya me la, Yehowa nɔ nu ƒom tso Eƒe nɔƒe si ɖeke mesɔ kplii o abe Mawu vavã la ene ŋu. Eyae nye Mawu mavɔmavɔtɔ la, eye Mawu aɖeke mekpe ɖe eŋu o vavã. (Timoteo I, 1:17) Le Nyaɖeɖefia me la, Yesu le nu ƒom tso dzesideŋkɔ si wotsɔ nɛ la ŋu henɔ susu hem yi eƒe tsitretsitsi si ɖeke mesɔ kplii o la dzi.

  • Nya Ɣaɣla Kɔkɔe aɖe Ðeɖe Ðe Go
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • a Le Hebri-nuŋɔŋlɔ gbãtɔa me le Yesaya 44:⁠6 la, asitɔnudzinyakui aɖeke mekpe ɖe nya si nye “gbãtɔ” kple “mlɔetɔ” ŋu o, gake le nya si Yesu gblɔ le eɖokui ŋu le Hela-nuŋɔŋlɔ gbãtɔa me le Nyaɖeɖefia 1:17 me la, asitɔnudzinyakuia li. Eyata le gbeŋutise nu la, Nyaɖeɖefia 1:17 fia dzesideŋkɔ, gake Yesaya 44:⁠6 le nu ƒom tso Yehowa ƒe Mawunyenye ŋuti.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe