-
Yehowa—“Mawu Dzɔdzɔetɔ Kple Ðela”Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
24, 25. (a) Nukae Yehowa kpe amewo be woawɔ, eye nukata kakaɖedzi li be eƒe ŋugbedodowo ava eme? (b) Nukae Yehowa di tso amewo si wòsɔ nyuie?
24 Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ʋãe wòkpe amewo be: “Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o. Meta ɖokuinye, nya vavã do tso nye nu me, eye matrɔ o be: Klowo katã atɔ anyi nam, eye aɖewo katã aka atam nam ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo. Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.”—Yesaya 45:22-25.
-
-
Yehowa—“Mawu Dzɔdzɔetɔ Kple Ðela”Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
26. Aleke “ameha gã” si tso dukɔwo katã me le wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe amekpekpe be woava ye gbɔ la dzii?
26 Gake menye aboyome siwo nɔ Babilon koe Mawu kpe be woava ye gbɔ o. (Dɔwɔwɔwo 14:14, 15; 15:19; Timoteo I, 2:3, 4) Amekpekpe sia gali, eye “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ” me la wɔ ɖe edzi hegblɔ be: “Xɔname nanye mía Mawu . . . kple alẽvi [Yesu] tɔ.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; 15:4) Ƒe sia ƒe ame akpe alafa geɖe vaa Mawu gbɔ va kpena ɖe ameha gã la ŋu, eye wolɔ̃ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi heɖea gbeƒãe le gaglãgbe be yewotsɔ yewo ɖokui nɛ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wodoa alɔ gbɔgbɔ me Israel, si nye “Abraham ƒe ƒome” la. (Galatiatɔwo 3:29) Woɖea woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la fiana to gbeƒãɖeɖee me be: “Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ.”a Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, eyɔ nya tso Yesaya 45:23 le Septuagint la me tsɔ fia be amesiame si le agbe ava lɔ̃ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi mlɔeba ahakafu eƒe ŋkɔ ɖaa.—Romatɔwo 14:11; Filipitɔwo 2:9-11; Nyaɖeɖefia 21:22-27.
-
-
Yehowa—“Mawu Dzɔdzɔetɔ Kple Ðela”Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
a New World Translation Biblia la zã nyagbɔgblɔ “dzɔdzɔenyenye blibo” elabena Hebrigbe me nya si wozã na “dzɔdzɔenyenye” la nye agbɔsɔsɔtɔ. Xexlẽme agbɔsɔsɔtɔ si wozã le afisia la fia alesi gbegbe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye sɔ gbɔe.
-