Ta Asiekelia
Yehowa Fiaa Nu Mí be Wòaɖe Vi na Mí
1. Aleke nunyalawo xɔa Yehowa ƒe nyawoe?
NE YEHOWA ƒo nu la, nunyalawo tsɔa bubu deto ɖoa toe hewɔna ɖe eƒe nyawo dzi. Nya sia nya si Yehowa gblɔ ɖea vi na mí, eye etsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me vevie. Le kpɔɖeŋu me, aleke gbegbee wòdoa dzidzɔ na míi enye si ne míebu alesi Yehowa ƒo nu na blemadukɔ si wòbla nu kpli la ŋu, si nye be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la.” (Yesaya 48:18) Ele be asixɔxɔ si dze le Mawu ƒe nufiafiawo ŋu naʋã mí míaɖo to eyama ahawɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi. Nyagblɔɖi siwo va eme xoxo ŋuti nuŋlɔɖi na ɖikeke aɖeke menɔa mía me ɖe alesi Yehowa ɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe yeƒe ŋugbedodowo dzii ŋu o.
2. Amekawoe woŋlɔ Yesaya ta 48 me nyawo na, eye amekawo hãe woate ŋu aɖe vi na?
2 Kpeɖodzi siwo li fia be Yudatɔ siwo woava kplɔ ayi aboyo me le Babilon ye woŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 48 lia me nyawo na. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbedasi aɖe le nya siawo me si dzi Kristotɔ siwo li egbea mate ŋu aŋe aɖaba aƒu o. Biblia gblɔ Babilon ƒe mumu ɖi le Yesaya ta 47 lia me. Azɔ Yehowa ƒo nu tso nusi le susu me nɛ ɖe Yudatɔ aboyome siwo le du ma me ŋu la ŋuti. Yehowa xa nu ɖe eƒe dukɔ tiatia la ƒe alakpanuwɔwɔ kple alesi wotsɔ dzimesesẽ gbe eƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse la ta. Ke hã edi be yeafia nu wo wòaɖe vi na wo. Ekpɔe do ŋgɔ be wo ŋu kɔɣi aɖe ava eye emegbe woagbugbɔ woƒe ame susɔe wɔnuteƒewo aɖo te le wo denyigba dzi.
3. Nukae gblẽ le Yuda ƒe tadedeagu ŋu?
3 Aleke gbegbee Yehowa ƒe dukɔa tra tso tadedeagu dzadzɛ gbɔe nye si! Nya siwo Yesaya tsɔ dze egɔmee la na wobua tame, si nye be: “Misee, Yakob ƒe aƒe, mi amesiwo tsɔ Israel ƒe ŋkɔ, eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsidzɔƒewo, mi amesiwo taa Yehowa ƒe ŋkɔ, eye miekafua Israel ƒe Mawu la, ke menye le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me o. Elabena woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokui ŋu, eye woɖoa dzi ɖe Israel ƒe Mawu, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la ŋu.” (Yesaya 48:1, 2) Alakpanuwɔwɔ kae nye si! Edze ƒã be ‘Yehowa ƒe ŋkɔ tata’ nye Mawu ƒe ŋkɔ zazã si nye ameŋkumenuwɔwɔ dzro ko. (Zefanya 1:5) Hafi woaɖe aboyo Yudatɔwo ayi Babilon la, Yerusalem si nye “du kɔkɔe” la mee wodea ta agu na Yehowa le. Gake anukwareɖiɖi menɔ woƒe tadedeagu me o. Woƒe dzi nɔ adzɔge ʋĩ tso Mawu gbɔ, eye woƒe tadedeagu nuwɔnawo menye le “nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me o.” Xɔse si nɔ blemafofowo si la menɔ wo si o.—Maleaxi 3:7.
4. Tadedeagu ka ƒomevie dzea Yehowa ŋu?
4 Yehowa ƒe nyawo ɖo ŋku edzi na mí be mele be tadedeagu nanye ameŋkumenuwɔwɔ dzro ko o. Ele be wòatso dzime. Ameŋkumesubɔsubɔ dzro ko—ɖewohĩ esi wowɔ be woatsɔ adze ame bubuwo ŋu alo be wòawɔ dɔ ɖe wo dzi—menye “mawusosroɖa” o. (Petro II, 3:11) Ame ɖokui yɔyɔ be Kristotɔ ɖeɖe mawɔe be ame ƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu o. (Timoteo II, 3:5) Ele vevie be amea nakpɔe adze sii be Yehowa li, gake gɔmedzedzea koe nye ma. Tadedeagu si tso dzi blibo me si dzi lɔlɔ̃ deto kple ŋudzedzekpɔkpɔ kpɔ ŋusẽ ɖoe Yehowa dina.—Kolosetɔwo 3:23.
Nya Yeyewo Gbɔgblɔ Ði
5. Nukawoe nye ‘blemanya’ siwo Yehowa gblɔ ɖi la dometɔ aɖewo?
5 Ðewohĩ ehiã be woaɖo ŋku nanewo dzi na Yudatɔ mawo siwo nɔ Babilon. Eyata Yehowa gaɖo ŋku edzi na wo be yee nye nyagblɔɖi ƒe Mawu vavã la: “Meɖe blemanyawo fia gbaɖegbe ke; nye nu me wodo tso, eye mena wosee; mewɔe zi ɖeka kpoyi, eye wova dzɔ.” (Yesaya 48:3) “Blemanyawo” nye nusiwo Mawu wɔ va yi xoxo, siwo ƒe ɖewoe nye ablɔɖe nana Israel-viwo tso Egipte kple alesi wòtsɔ Ŋugbedodonyigbaa na wo wòzu woƒe domenyinui. (Mose I, 13:14, 15; 15:13, 14) Mawu ƒe numee nyagblɔɖi siawo do tso; Mawu gbɔe wotso. Mawu naa amewo sea eƒe sededewo, eye ele be nya siwo wose naʋã wo woaɖo to. (Mose V, 28:15) Etsona zi ɖeka wɔa nusi wògblɔ ɖi. Nyateƒe si wònye be Yehowa nye Ŋusẽkatãtɔ la nye kpeɖodzi be eƒe tameɖoɖo ava eme.—Yosua 21:45; 23:14.
6. Aleke gbegbee Yudatɔwo zu ‘ame sẽto dzeaglãwoe’?
6 Yehowa ƒe dukɔa va zu ‘ame sẽto dzeaglãwo.’ (Psalmo 78:8) Egblɔe na wo kaŋ be: “Wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli.” (Yesaya 48:4) Yudatɔwo ƒe nɔnɔme sẽ abe ga ene—asi menya trɔna le wo ŋu o. Esia nye susu siwo ta Yehowa ɖea nuwo fiana hafi wova dzɔna la dometɔ ɖeka. Ne Yehowa mewɔe nenema o la, eƒe dukɔa agblɔ le nusiwo wòwɔ ŋu be: “Nye legbawoe wɔe, nye aklama kpakpɛwo kple nye legba kɔkɔwoe ɖoe.” (Yesaya 48:5) Ðe nya si gblɔm Yehowa le fifia la awɔ dɔ aɖe ɖe Yudatɔ mawɔnuteƒeawo dzia? Mawu gblɔ na wo be: “Èsee, eye nèɖe ŋku ɖe wo katã; ke miawo, ɖe miagbe boblododoea? Maɖe nu yeyewo afia wò tso azɔ kple nu ɣaɣla, siwo mènya o. Fifia wowɔe, eye menye tso blema o, eye mèse eŋu nya kpɔ vaseɖe fifi o, ne nagagblɔ be, yenyae tsã o.”—Yesaya 48:6, 7.
7. Nuka dzie wòle be Yudatɔ siwo woɖe aboyoe nava lɔ̃ ɖo, eye nukae woate ŋu akpɔ mɔ na?
7 Yesaya ŋlɔ Babilon ƒe mumu ŋuti nyagblɔɖia ɖi xoxoxo do ŋgɔ. Azɔ esi Yudatɔwo le aboyo me le Babilon la, wode se na wo le nyagblɔɖi me be woade ŋugble le nyagblɔɖia me vava ŋu. Ðe woate ŋu agbe be menye Yehowae nye nyagblɔɖi si va eme ƒe Mawu oa? Eye esi wònye Yudatɔwo kpɔe hesee be nyateƒe Mawue Yehowa nye la, ɖe mele be woawo hã nagblɔ nyateƒenya sia na ame bubuwo oa? Wogblɔ nu yeye siwo medzɔ haɖe o ɖi le Yehowa ƒe nya si wòɖe fia la me, si ƒe ɖewoe nye alesi Kores aɖu Babilon dzi kple ablɔɖe nana Yudatɔwo. (Yesaya 48:14-16) Edze abe ɖe nu dovoɖiname siawo dzɔ kpata ene. Ame aɖeke mate ŋu alé ŋku ɖe xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋu ko akpɔ wo do ŋgɔ o. Wodzɔ abe ɖe menye naneke gbɔe wotso o ene. Amekae na nusiawo dzɔ? Esi wònye Yehowa ye gblɔ wo ɖi anɔ ƒe 200 do ŋgɔ ta la, edze ƒã be eyae na wodzɔ.
8. Nu yeye kawoe Kristotɔwo le mɔ kpɔm na egbea, eye nukata woka ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖinya dzi bliboe?
8 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa naa eƒe nya vaa eme le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Nyagblɔɖi siwo va eme ɖo kpe eƒe Mawunyenye dzi, menye na Yudatɔ siwo nɔ anyi le blema ko o, ke na Kristotɔ siwo li egbea hã. Nyagblɔɖi gbogbo siwo va eme le ɣeyiɣi siwo va yi me—“blemanyawo”—ŋuti nuŋlɔɖi naa kakaɖedzi mí be nu yeye siwo Yehowa gblɔ ɖi—siwo nye “xaxa gã” la ƒe vava, “ameha gã” aɖe ƒe agbetsitsi le xaxa ma me, “anyigba yeye” la, kple bubu geɖewo—hã ava eme. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 15; 21:4, 5; Petro II, 3:13) Kakaɖedzi ma ʋãa dzidzɔdzɔetɔwo egbea be woaƒo nu tso eŋu veviedodotɔe. Woƒe seselelãme sɔ kple hakpala la tɔ, amesi gblɔ be: “Meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o.”—Psalmo 40:10.
Yehowa Ðo Asi Eɖokui Dzi
9. Aleke Israel-dukɔa nye ‘godzela tso dɔme kee’?
9 Esi Yudatɔwo mexɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖiwo dzi se o ta la, womeɖo to eƒe nuxlɔ̃amewo hã o. Esia tae wòyi edzi gblɔ na wo be: “Mèsee kpɔ alo nyae o, eye wò to meke ɖe eŋu tsã o, elabena menyae be, ame mawɔnuteƒe nènye, eye godzela woyɔna na wò tso dɔ me ke.” (Yesaya 48:8) Yuda do toku Yehowa ƒe dzidzɔnyawo. (Yesaya 29:10) Alesi Mawu ƒe ame siwo wòbla nu kpli wɔ nui la fia be wonye dukɔ ‘dzego tso dɔme ke.’ Israel-dukɔa dze aglã zi geɖe tso esime woɖo dukɔa anyi kple le eƒe ŋutinya katã me. Godzedze kple nuteƒemawɔmawɔ dzena le dukɔa ŋu ɣesiaɣi, eye menye nuvɔ̃ si wowɔna ɣeaɖewoɣi dzro ko o.—Psalmo 95:10; Maleaxi 2:11.
10. Nukata Yehowa aɖo asi eɖokui dzi?
10 Ðe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na wo oa? Ao. Togbɔ be Yuda nye godzela kple nuteƒemawɔla hã la, Yehowa ya nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla ɣesiaɣi. Aɖe eƒe dɔmedzoe dodo ɖe wo ŋu dzi akpɔtɔ le bubu si le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu ta. Egblɔ be: “Metsi nye dɔmedzoe nu le nye ŋkɔ ta, eye le tawò meɖo asi ɖokuinye dzi le nye kafukafu ŋuti, be magatsrɔ̃ wò o.” (Yesaya 48:9) Aleke gbegbee eƒe nuwɔna to vovo na wo tɔ enye si! Yehowa ƒe dukɔ, Israel kple Yuda siaa, mewɔ nuteƒe nɛ o. Gake Yehowa akɔ eƒe ŋkɔ ŋu eye wòawɔ nu le mɔ si ahe kafukafu kple bubu vɛ nɛ la nu. Esia ta matsrɔ̃ eƒe dukɔ tiatia la o.—Yoel 2:13, 14.
11. Nukata Mawu maɖe mɔ be woatsrɔ̃ eƒe amewo keŋkeŋ o?
11 Mawu ƒe mokanamea na dzidzɔdzɔetɔ siwo nɔ Yudatɔ aboyomewo dome la nyɔ le wo ɖokui me eye woɖoe be yewoawɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi. Nya siwo gbɔna gana kakaɖedzi amesiawo ŋutɔ, si nye be: “Kpɔ ɖa, melólo wò, ke menye abe klosalo ene o, eye medo wò kpɔ le hiã ƒe aŋɔɖakpo me. Le tanye, le tanye mawɔe, elabena aleke womehegblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔe o! Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ aɖeke o.” (Yesaya 48:10, 11) Nɔnɔme sesẽ siwo do wo kpɔ—abe “hiã ƒe aŋɔɖakpo” me ene—si ŋu Yehowa ɖe mɔ ɖo wòva eƒe amewo dzi la do wo kpɔ hekɔ wo ŋu, eye eɖe nusi nɔ woƒe dzime fia. Nusia tɔgbe dzɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ esime Mose gblɔ na wo tɔgbuiwo be: “Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò [to] gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzime, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo màwɔ wo dzi o.” (Mose V, 8:2) Togbɔ be dukɔa dzea aglã hã la, Yehowa metsrɔ̃ wo ɣemaɣi o, eye matsrɔ̃ dukɔa keŋkeŋ fifia hã o. Esia ana woado kɔkɔ eƒe ŋkɔ ahade bubu eŋu. Ne Babilontɔwo tsrɔ̃ eƒe amewo la, afia be mewɔ ɖe eƒe nubablaa dzi o eye wòana amewo nado vlo eƒe ŋkɔ. Adze abe ɖe ŋusẽ mele Israel ƒe Mawu la si be wòaxɔ na eƒe dukɔ o ene.—Xezekiel 20:9.
12. Aleke wokɔ Kristotɔ vavãwo ŋui le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi?
12 Eva hiã be woakɔ Yehowa ƒe amewo ŋu le egbeɣeyiɣiawo me hã. Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue la me tɔ geɖe subɔ Mawu le esi wodii le anukware me be yewoadze eŋu ta, gake susu gbegblẽwo nɔ ame aɖewo si, siwo ƒe ɖee nye didi be woaxɔ ŋkɔ. Ahiã be woakɔ ƒuƒoƒo sue ma ŋu hafi woaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã si wogblɔ ɖi be ayi edzi le nuwuɣia me la me. (Mateo 24:14) Nyagblɔɖila Maleaxi gblɔe ɖi be woawɔ ameŋukɔkɔdɔ sia tɔgbe ne Yehowa va eƒe gbedoxɔa me. (Maleaxi 3:1-4) Eƒe nyaawo va eme le ƒe 1918 me. Kristotɔ vavãwo to dodokpɔ si le abe dzo ene me esi xexemeʋa gbãtɔ ɖo eƒe sesẽƒe, eye dodokpɔ ma mee wotsɔ Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi kple eƒe ŋgɔnɔla aɖewo de gaxɔ me. Kristotɔ ɖianukware mawo ŋu kɔkɔ ɖe vi na wo. Esi Xexemeʋa I va yi la, woɖoe kplikpaa wu tsã be yewoasubɔ yewoƒe Mawu gã la le mɔ ɖesiaɖe si wòafia yewo la nu.
13. Aleke Yehowa ƒe amewo wɔ nu ɖe yometiti ŋui le ƒe siwo kplɔ xexemeʋa gbãtɔ ɖo me?
13 Tso ŋkeke mawo dzi la, Yehowa Ðasefowo dze ŋgɔ yometiti vɔ̃ɖitɔwo kekeake enuenu. Esia mewɔe be wokea ɖi wo Wɔla ƒe nya o. Ke boŋ wode dzesi nya si apostolo Petro ŋlɔ na Kristotɔ siwo yome woti le eƒe ŋkekea me la be: ‘Miexa nu le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me, bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me.’ (Petro I, 1:6, 7) Yometiti sesẽ megblẽa Kristotɔ vavãwo ƒe nuteƒewɔwɔ me o. Ðe wòɖea woƒe susu siwo wotsɔ le esubɔm ƒe nyonyome fiana boŋ. Ena woƒe xɔse va zua esi wodo kpɔ eye wòɖea alesi gbegbe wo ɖokui tsɔtsɔ na kple lɔlɔ̃ de toe fiana.— Lododowo 17:3.
“Nyee Nye Gbãtɔ, Eye Nyee Nye Mlɔetɔ Hã”
14. (a) Mɔ ka nue Yehowa nye “gbãtɔ” kple “mlɔetɔ” le? (b) Dɔ gã kawoe Yehowa tsɔ eƒe ‘asi’ wɔ?
14 Azɔ Yehowa tsɔ vividoɖeameŋu ƒo nu na dukɔ si wòbla nu kpli la be: “Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom! Nyee, nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã. Nye asie ɖo anyigba gɔme anyi, eye nye nuɖusie he dziƒo me; esi meyɔ wo la, wo katã wova tsi tre ɖi.” (Yesaya 48:12, 13) Mawu mele abe amegbetɔ ene o, elabena eli ɖaa eye metrɔna o. (Maleaxi 3:6) Yehowa gblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be: “Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu.” (Nyaɖeɖefia 22:13) Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖeke menɔ anyi do ŋgɔ na Yehowa o eye ɖeke makplɔe ɖo o. Enye Nuwokatãtaƒola kple Mavɔmavɔtɔ, eye eyae nye Wɔla la hã. Eƒe ‘asi’—si nye eƒe ŋusẽ si wòzãna—ye wòtsɔ ɖo anyigba gɔme anyi eye wòhe dziƒo si ɣletiviwo yɔ fũ la me. (Hiob 38:4; Psalmo 102:26) Ne eyɔ eƒe nuwɔwɔwo la, wonɔa klalo be yewoasubɔe.—Psalmo 147:4.
15. Mɔ ka nue Yehowa ‘lɔ̃’ Kores le eye tameɖoɖo ka tae?
15 Wokpe Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o siaa le mɔ vevi aɖe nu be: “Mi katã mikpe ta, ne miasee! Wo dometɔ kae gblɔ esia? Amesi Yehowa lɔ̃na la, aɖe eƒe lɔlɔ̃nu afia ɖe Babel kple eƒe alɔkpa afia ɖe Kaldeatɔwo ŋu. Nyee, nyee ƒo nu, meyɔe, eye mena wòva, eye eƒe mɔ adze edzi nɛ.” (Yesaya 48:14, 15) Yehowa ɖeɖeko sie ŋusẽ le wu amesiame eye ete ŋu gblɔa nusiwo ava dzɔ ɖi wòvaa eme pɛpɛpɛ. Legba maɖinuwo “dometɔ” aɖeke mate ŋu agblɔ nusiawo ɖi o. Yehowa, ke menye legbawo o, ye ‘lɔ̃’ Kores—si fia be Yehowa tiae ɖe tameɖoɖo tɔxɛ aɖe ŋu. (Yesaya 41:2; 44:28; 45:1, 13; 46:11) Ekpɔe do ŋgɔ be Kores ava kpɔ ŋusẽ le xexemenyawo me eye wòtiae be wòava ɖu Babilon dzi le etsɔme.
16, 17. (a) Nukata míate ŋu agblɔ be Mawu megblɔ eƒe nyawo ɖi le adzame o? (b) Aleke Yehowa na amewo nya eƒe tameɖoɖowoe egbea?
16 Yehowa yi edzi ƒo nu dɔmenyotɔe be: “Mite ɖe ŋunye, ne miasee; tso gɔmedzedzea me ke nyemeƒo nu le adza me o; mele eteƒe tso gbaɖegbe ke, esime wòva me.” (Yesaya 48:16a) Yehowa ƒe nyagblɔɖiwo menɔa ɣaɣla o eye menye ame ʋɛ aɖewo ko wòɖenɛ fiana o. Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo nɔa Mawu teƒe ƒoa nu kaŋ. (Yesaya 61:1) Wogblɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu fia le gaglãgbe. Le kpɔɖeŋu me, nya siwo dzɔ ku ɖe Kores ŋu la menye nya yeye na Mawu alo be mekpɔ wo do ŋgɔ o. Anɔ ƒe 200 do ŋgɔ la, Mawu gblɔ wo ɖi tẽ to Yesaya dzi.
17 Nenema ke Yehowa meɣlaa eƒe tameɖoɖowo egbea o. Ame miliɔn geɖe siwo le anyigba kple ƒukpo alafa geɖe dzi ɖea gbeƒã nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu si gbɔna ŋuti nuxlɔ̃amenya kple yayra siwo ava le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ŋuti nyanyuia ŋu na amewo tso aƒeme yi aƒeme, le ablɔwo dzi, kple afisiafi si woate ŋui. Mawu si gblɔa eƒe tameɖoɖowo fianae Yehowa nye vavã.
‘Ðo To Nye Seawo’
18. Nukae Yehowa di na eƒe amewo?
18 Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽ nyagblɔɖila la wògblɔ be: “Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbɔgbɔ la ɖom ɖa. Ale Yehowa, wò xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” (Yesaya 48:16b, 17) Ele be Yehowa ƒe belélename ɖeɖefia lɔlɔ̃tɔe alea nagana kakaɖedzi Israel-dukɔa be Mawu aɖe wo tso Babilon. Eyae nye woƒe Xɔnametɔ. (Yesaya 54:5) Yehowa ƒe dzimedidie nye be ƒomedodo nagava nɔ ye kple Israel-viwo dome eye woaɖo to yeƒe sededewo. Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ dzie wotu tadedeagu vavãtɔ ɖo. Israel-viwo mate ŋu azɔ mɔ nyuitɔ dzi ne womefia ‘mɔ si dzi woato’ la wo o.
19. Nya si tso dzime kae Yehowa gblɔ?
19 Woƒo nu tso Yehowa ƒe didi be yeƒe amewo naƒo asa na afɔku eye woase vivi le agbe me ŋu wònya se be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:18) Nya si tso dzime kae nye si Wɔla ŋusẽkatãtɔ la gblɔ! (Mose V, 5:26; Psalmo 81:14) Le esi teƒe be Israel-viwo nayi aboyo me la, woate ŋu anɔ ŋutifafa si asɔ gbɔ abe tɔsisi ene me. (Psalmo 119:165) Woƒe dzɔdzɔenyenye nuwɔnawo ate ŋu asɔ gbɔ abe ƒutsotsoewo ene. (Amos 5:24) Esi Yehowa tsɔ ɖe le eme na Israel-viwo ŋutɔŋutɔ ta la, eƒo koko na wo, eye wòfia mɔ si dzi woazɔ la wo lɔlɔ̃tɔe. Ðe woaɖo toe hafi!
20. (a) Nukae Mawu di na Israel togbɔ be wodze aglã hã? (b) Nukae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le eƒe nuwɔwɔ kple eƒe amewo me? (Kpɔ aɖaka si le axa 133.)
20 Yayra kawoe Israel akpɔ ne wotrɔ dzime? Yehowa gblɔ be: “Anye ne wò ƒome anɔ abe ke ene, eye wò dɔmeviwo abe kekui ene; eye womatsrɔ̃ wò ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.” (Yesaya 48:19) Yehowa ɖo ŋku ŋugbe si wòdo be Abraham ƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ “abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene” la dzi na dukɔa. (Mose I, 22:17; 32:13) Gake Abraham ƒe dzidzimevi siawo dze aglã, eye womedze axɔ ŋugbedodoa me vava o. Le nyateƒe me la, dukɔa ƒe nuwɔna gblẽ ale gbegbe be Yehowa ŋutɔ ƒe Se bia be woaɖe woƒe ŋkɔ ɖa. (Mose V, 28:45) Ke hã Yehowa medi be yeatsrɔ̃ yeƒe amewo o, eye medi be yeagblẽ wo ɖi keŋkeŋ hã o.
21. Yayra kawoe míate ŋu akpɔ egbea ne míedi Yehowa ƒe nufiame?
21 Gɔmeɖose si le nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia me la ka Yehowa subɔla siwo li egbea. Yehowae nye Agbedzɔƒe, eye enya alesi wòle be míazã míaƒe agbee wu amesiame. (Psalmo 36:10) Ena mɔfiafia mí, menye be wòagblẽ míaƒe vivisese me o, ke boŋ be wòaɖe vi na mí. Kristotɔ vavãwo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana to didi be Yehowa nafia nu yewo me. (Mixa 4:2) Eƒe mɔfiamewo kpɔa míaƒe gbɔgbɔmemenyenye kple ƒomedodo si le mía kplii dome ta, eye wokpɔa mía ta tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ me. Ne míese gɔmeɖose siwo dzi wotu Mawu ƒe sewo ɖo gɔme la, míekpɔnɛ be míaƒe nyonyo tae Yehowa fiaa nu mí ɖo. Míekpɔnɛ be “eƒe seawo mesesẽ o.” Eye womatsrɔ̃ mí o.—Yohanes I, 2:17; 5:3.
‘Miʋu Tso Babilon!’
22. Nukae wode dzi ƒo na Yudatɔ nuteƒewɔlawo be woawɔ, eye kakaɖedzinya kawoe wogblɔ na wo?
22 Ne Babilon mu la, ɖe Yudatɔ aɖewo aɖe dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ afia? Ðe woana ɖeɖekpɔkpɔ si tso Mawu gbɔ la naɖe vi na wo, woatrɔ ayi wo denyigba dzi, eye woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ aɖo anyia? Ẽ. Yehowa ƒe nya siwo kplɔe ɖo ɖee fia be eka ɖe edzi be nusia ava eme. “Mitsɔ aseyetsotso ʋu tso Babel, eye misi tso Kaldea-nyigba dzi! Migblɔ nusia, eye miɖe gbeƒãe, mihee yi anyigba ƒe mlɔenu ke; migblɔ be: Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob! Tsikɔ mewu wo, esi wòkplɔ wo to gbegbe o; ena tsi do tso agakpe me na wo, eye wòfe agakpe wòɖuɖu tsi.” (Yesaya 48:20, 21) Wode dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo le nyagblɔɖi me be woaʋu tso Babilon kaba. (Yeremya 50:8) Ele be woana amewo nase woƒe ɖeɖekpɔkpɔ la le anyigba ƒe mlɔenu ke. (Yeremya 31:10) Le ʋuʋu tso Egipte megbe la, Yehowa kpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le woƒe mɔzɔzɔ to gbedzi me. Nenema ke wòana nusiwo eƒe amewo ahiã la wo ne wotso Babilon yina wo de.—Mose V, 8:15, 16.
23. Amekawoe makpɔ ŋutifafa si tso Mawu gbɔ o?
23 Gɔmeɖose vevi bubu aɖe li si wòle be wòanɔ susu me na Yudatɔwo le Yehowa ƒe xɔnamedɔwo ŋu. Amesiwo dia dzɔdzɔenyenye akpe fu ɖe woƒe nuvɔ̃ ta ya, gake womatsrɔ̃ wo o. Gake mele alea le ame madzɔmadzɔwo gome o. “Yehowa be: Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.” (Yesaya 48:22) Nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo makpɔ ŋutifafa si Mawu dzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃a eyama la o. Menye nuvɔ̃wɔla dzimesẽlawo alo dzimaxɔsetɔwo tae wòawɔ xɔnamedɔwo ɖo o. Amesiwo si xɔse le ɖeɖeko tae wòawɔ nusiawo ɖo. (Tito 1:15, 16; Nyaɖeɖefia 22:14, 15) Ŋutifafa si tso Mawu gbɔ meli na ame vɔ̃ɖiwo o.
24. Nukae na Mawu ƒe amewo tso aseye le egbeɣeyiɣiwo me?
24 Israel-vi nuteƒewɔlawo kpɔ dzidzɔ gã aɖe esi mɔnukpɔkpɔ su wo si be woaʋu le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Le ƒe 1919 me la, ablɔɖe si Mawu na eƒe amewo tso Babilon ƒe aboyo me na wotso aseye. (Nyaɖeɖefia 11:11, 12) Mɔkpɔkpɔ yɔ wo me fũ, eye wozã mɔnukpɔkpɔa tsɔ keke woƒe dɔwɔnawo ɖe enui. Le nyateƒe me la, ebia dzideƒo be Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue ma nawɔ mɔnu yeye si ʋu ɖi ŋudɔ aɖe gbeƒã le xexe si lé fu wo me. Gake Yehowa kpe ɖe wo ŋu wolé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu. Ŋutinya ɖo kpe edzi be Yehowa yra wo.
25. Nukata wòle vevie be míalé to ɖe Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo ŋu?
25 Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia te gbe ɖe edzi be Yehowa fiaa nu mí ɖe míaƒe nyonyo ta. Ele vevie ŋutɔ be míalé to ɖe Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo ŋu nyuie. (Nyaɖeɖefia 15:2-4) Ne míeɖoa ŋku Mawu ƒe nunya kple lɔlɔ̃ dzi na mía ɖokui la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple nusi Yehowa be enyo. Eƒe sewo katã ɖea vi na mí.—Yesaya 48:17, 18.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 133]
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la Ðo Asi Eɖokui Dzi
Yehowa gblɔ na Israel-vi xɔsegbelawo be: “Metsi nye dɔmedzoe nu, . . . meɖo asi ɖokuinye dzi.” (Yesaya 48:9) Nya siawo tɔgbe kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be Mawu ɖoa kpɔɖeŋu deblibo ɖi le ŋusẽ ŋudɔmawɔmawɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu me. Enye nyateƒe be ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ wu Mawu o. Esia tae míegblɔna be enye Amesi kpɔ ŋusẽ wu kple Amesi ƒe ŋusẽ ƒo ɖesiaɖe ta ɖo. Esɔ be wòyɔ eɖokui be “Ŋusẽkatãtɔ.” (Mose I, 17:1) Menye ɖeko seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o ke ekpɔ ŋusẽ ɖe amesiame dzi le eƒe ɖoƒe si nye xexeame si wòwɔ la katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã ta. Esia tae ame aɖeke mate ŋu ado dzi alé eƒe asi alo agblɔ nɛ be, “nuka nye esi wɔm nèle hã” o.—Daniel 4:32.
Gake Mawu gbɔa dzi blewu, ne wòhiã be wòaɖe eƒe ŋusẽ afia eƒe futɔwo gɔ̃ hã. (Naxum 1:3) Yehowa ate ŋu ‘atsi eƒe dɔmedzoe nu’ eye esɔ be wogblɔ be ‘egbɔa dzi blewu’ elabena lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ—ke menye dɔmedzoe o. Ne eɖe eƒe dɔmedzoe fia la, enɔa dzɔdzɔe ɣesiaɣi, esɔna ɣesiaɣi, eye wòléa enu ɣesiaɣi.—Mose II, 34:6; Yohanes I, 4:8.
Nukata Yehowa wɔ nu alea? Elabena ewɔa eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta la ŋudɔ wòdana sɔna nyuie kple eƒe nɔnɔme ɖedzesi bubuawo—siwo nye nunya, dzɔdzɔenyenye, kple lɔlɔ̃. Ewɔa eƒe ŋusẽ ŋudɔ wòwɔa ɖeka kple nɔnɔme bubu siawo ɣesiaɣi.
[Nɔnɔmetata si le axa 122]
Yesaya ƒe gbugbɔɖoanyi gbedasia na mɔkpɔkpɔ Yudatɔ nuteƒewɔla siwo nɔ aboyo me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 124]
Yudatɔwo lɔ̃a dɔ siwo Yehowa wɔ ƒe bubu tsɔtsɔ na legbawo
1. Ishtar 2. Gli ŋu Nutata si wotsɔ kpe zɔzrɔ̃e wɔe le Babilon Gbɔlɔmɔ dzi 3. Marduk ƒe dzesi si nye ʋɔ driba
[Nɔnɔmetata si le axa 127]
“Aŋɔɖakpo” ate ŋu aɖee afia ne susu nyui alo gbegblẽe míetsɔ le Yehowa subɔm
[Nɔnɔmetata siwo le axa 128]
Kristotɔ vavãwo to yometiti vɔ̃ɖitɔwo kekeake me