INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Alakpasubɔsubɔ—Wokpɔ Eƒe Nuwuwu Ðedzesi la Do Ŋgɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
    • Wobɔbɔ Babilon Ðe Anyi ɖe Ke Me

      3. Ƒo nu tso Babilon Xexemefiaɖuƒea ƒe gãnyenye ŋu?

      3 Se nya sia si Mawu ɖe gbeƒãe la ɖa: “Wò ɖetugbi, Babel nyɔnuvi, ɖi ɖe anyi, eye nabɔbɔ nɔ ke me! Bɔbɔ nɔ anyigba fiazikpui makpɔmakpɔe, wò Kaldea-nyɔnuvi! Elabena womagayɔ wò azɔ be fewunuwɔla kple atsyɔ̃nuwɔla vivivo o.” (Yesaya 47:1) Babilon kpɔ ŋusẽ hezu xexemefiaɖuƒe ƒe geɖe. Enye “fiaɖuƒewo ƒe nu vevi”—enɔ ɖoƒe vevi aɖe le mawusubɔsubɔ, asitsatsa, kple asrafo nyawo me. (Yesaya 13:19) Esi Babilon ƒe ŋusẽ ɖo eƒe kɔkɔƒe la, eƒe fiaɖuƒea keke ɖo keke anyiehe ɖaa ke va do liƒo kple Egipte. Eye esime wòɖu Yerusalem dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, edze abe ɖe Mawu ŋutɔ mete ŋu xe mɔ ɖe eƒe aʋadziɖuɖuwo nu o ene! Eyata ebu eɖokui be yenye “nyɔnuvi,” amesi dzi dukɔ bubu mate ŋu ava dze gbeɖe o.b

      4. Nukae adzɔ ɖe Babilon dzi?

      4 Gake woaxɔ ŋusẽ le “nyɔnuvi” dadala sia si nye xexemeŋusẽ si dzi womeɖu kpɔ o la si eye woana ‘wòabɔbɔ nɔ ke me’ atsɔ ado vloe. (Yesaya 26:5) Womagabui “fewunuwɔla kple atsyɔ̃nuwɔla” abe fianyɔnu si wotsɔa beléle tɔxɛ nana ene o. Eyata Yehowa de se be: “Ðo teƒo natu wɔ, ɖe moxevɔ ɖa, ɖe taɖedzi ɖa, ɖe ata ƒuƒlu, ne natso tɔ!” (Yesaya 47:2) Esi Babilon wɔ Yuda-dukɔ bliboa kluviwoe vɔ la, woana eya ŋutɔ hã nazu kluvi azɔ! Media kple Persia tɔ siwo aɖee ɖa le eƒe ŋusẽnɔƒea la azi edzi wòawɔ dɔ ɖigbɔwo na wo.

  • Alakpasubɔsubɔ—Wokpɔ Eƒe Nuwuwu Ðedzesi la Do Ŋgɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
    • b Le Hebrigbe me la, “Babel nyɔnuvi” nye nyagbɔgblɔ si fia Babilon alo Babilontɔwo. Enye “nyɔnuvi” elabena tso esime wòva zu xexemefiaɖuƒe la, ame aɖeke meva ɖu edzi ha eƒe nuwo kpɔ o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe