-
“Migaɖo Ŋu Ðe Amegãwo Ŋu O”Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
2 Yuda mate ŋu aɖe vodada na ame aɖeke o elabena eya ŋutɔ gbɔe wòtso. Womate ŋu agblɔe wòasɔ be esi Yehowa gblẽ yewo ɖi alo gbe nubabla si wòwɔ kple dukɔa dzi wɔwɔ tae wotsrɔ̃ yewo o. Wɔla la medana le eƒe ŋugbedodowo dzi o. (Yeremya 31:32; Daniel 9:27; Nyaɖeɖefia 15:4) Yehowa bia nya Yudatɔwo tsɔ te gbe ɖe nya sia dzii be: “Afika mia dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le?” (Yesaya 50:1a) Le Mose ƒe Sea te la, ele be ŋutsu si gbe srɔ̃a nana gbegbegbalẽe. Esia ana mɔ nyɔnua be wòaɖe ŋutsu bubu faa. (Mose V, 24:1, 2) Le kpɔɖeŋumɔ nu la, Yehowa na gbegbegbalẽ sia tɔgbe Yuda nɔvi si nye Israel-fiaɖuƒea, gake mena ɖeke Yuda ya o.a Ekpɔtɔ nye ‘srɔ̃a.’ (Yeremya 3:8, 14) Edze ƒã be Yuda mekpɔ mɔ ade ha kple trɔ̃subɔdukɔwo o. Ƒomedodo akpɔtɔ anɔ wo kple Yehowa dome “vaseɖe esime amesi tɔ wònye [Mesia la] nava.”—Mose I, 49:10.
3. Susu ka tae Yehowa tsɔ eƒe amewo “dzra”?
3 Yehowa gabia Yuda be: “Ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na?” (Yesaya 50:1b) Womakplɔ Yudatɔwo ayi aboyo me le Babilon be woatsɔ wo axe fe si Yehowa nyi o. Yehowa mele abe Israel-vi dahe si wòle be wòadzra viawo na fetɔ atsɔ axe fee ene o. (Mose II, 21:7) Ke boŋ Yehowa tɔ asi nusi tututu tae eƒe amewo azu kluviwo la dzi be: “Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.” (Yesaya 50:1d) Yudatɔwoe gblẽ Yehowa ɖi; eya megblẽ wo ɖi o.
-
-
“Migaɖo Ŋu Ðe Amegãwo Ŋu O”Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
a Le Yesaya ta 50 ƒe kpukpui etɔ̃ gbãtɔawo me la, Yehowa ƒo nu tso Yuda-dukɔ bliboa ŋu be enye ye srɔ̃ eye emetɔwo nye ye viwo.
-