Ta Enyilia
Yehowa Mawu Le Eƒe Gbedoxɔ Kɔkɔe la Me
1, 2. (a) Ɣekaɣie Yesaya kpɔ gbedoxɔ ŋuti ŋutega la? (b) Nukata Yehowa ƒe amenuveve va dzo le Fia Uziya dzi?
“LE ƑE si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gã aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ.” (Yesaya 6:1) Nyagblɔɖila la ƒe nya siawoe wotsɔ dze Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 6 lia gɔmee. Ƒe 778 D.M.Ŋ. mee.
2 Nu dze dzi na Uziya ŋutɔ le ƒe 52 siwo me wònye Yuda-fia la ƒe akpa gãtɔ me. Esi wòwɔ “nusi dze Yehowa ŋu” ta la, Mawu nɔ megbe nɛ le eƒe aʋawɔwɔwo, xɔtudɔwo, kple agbledɔwo me. Gake eɖe mɔ eƒe dzidzedzekpɔkpɔa va gblẽ nu le eŋu. Mlɔeba la, eƒe dzi va nɔ dadam, eye “meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi.” Le eƒe dada kple dzikudodo ɖe nunɔla siwo ka mo nɛ ŋu ta la, anyi ƒo ɖe Uziya ŋu wòtsɔ kui. (Kronika II, 26:3-22) Ɣeyiɣi sia me lɔƒoe Yesaya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme.
3. (a) Ðe Yesaya kpɔ Yehowa ŋutɔŋutɔa? Ðe eme. (b) Nukae Yesaya kpɔ, eye nukata wona wòkpɔe?
3 Womegblɔ afisi Yesaya nɔ hafi kpɔ ŋutega la na mí o. Gake edze ƒã be nusi wòkpɔ kple ŋku la nye ŋutega, ke menye be ɖe wòkpɔ Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔŋutɔ o, elabena “ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18; Mose II, 33:20) Ke hã enye ŋɔdzi be woakpɔ Yehowa, si nye Wɔla la, le ŋutega me. Xexeame Katã Dziɖula kple dziɖuɖu dzɔdzɔewo katã Tsoƒe la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ aɖe si fia eƒe ɖoƒe si nye Fia mavɔtɔ kple Ʋɔnudrɔ̃la la dzi! Eƒe awu ʋlaya gã la toga yɔ gbedoxɔa taŋ. Wonɔ nyagblɔɖidɔ si aɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe ŋusẽ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ afia la dem asi na Yesaya. Woana wòakpɔ ŋutega le Mawu ƒe kɔkɔenyenye ŋu atsɔ adzrae ɖo ɖe dɔa ŋu.
4. (a) Nukata wòle be Yehowa ƒe nɔnɔme siwo wokpɔ le ŋutega me eye woŋlɔ ɖe Biblia me la nanye kpɔɖeŋu? (b) Nukae Yesaya ƒe ŋutegaa na míenya le Yehowa ŋu?
4 Yesaya meƒo nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme ŋu le eƒe ŋutega la me o—si to vovo na ŋutega siwo Xezekiel, Daniel, kple Yohanes gblɔ be yewokpɔ. (Xezekiel 1:26-28; Daniel 7:9, 10; Nyaɖeɖefia 4:2, 3) Eye nya si amesiawo dometɔ ɖesiaɖe gblɔ le nusi wokpɔ le dziƒo ŋu la to vovo. Gake ele be ŋutega siawo ƒe nɔnɔme kple taɖodzinu nanɔ susu me na mí. Menye alesi Yehowa le ŋutɔŋutɔ fiamee wole o. Amegbetɔ ƒe ŋku mate ŋu akpɔ gbɔgbɔmenuwo o, eye amegbetɔ ƒe susu si mede ŋgɔ boo o la mate ŋu ase alesi gbɔgbɔnutome le gɔme o. Eyata nya siwo wòle be wòaɖo amewo gbɔe ŋutegaawo ɖe fia ɖe amegbetɔ ƒe gɔmesese nu. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 1:1.) Mehiã be woaɖɔ Mawu ƒe dzedzeme le Yesaya ƒe ŋutega la me o. Ŋutegaa na Yesaya nya be Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me eye be ele kɔkɔe eye eƒe afiatsotsowo le dzɔdzɔe.
Serafiwo
5. (a) Amekawoe nye serafiwo, eye nukae nya ma fia? (b) Nukata serafiwo tsyɔa nu ŋkume kple afɔ?
5 See ɖa! Yesaya yi edzi be: “Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee.” (Yesaya 6:2) Yesaya ta 6 lia me koe woƒo nu tso serafiwo ŋu le le Biblia me. Anɔ eme be wonye mawudɔla siwo le Yehowa subɔm le ɖoƒe siwo kɔkɔ ŋutɔ kple bubunɔƒe deŋgɔwo, elabena Yehowa ƒe dziƒofiazikpuia ŋue wole. Woawo mele abe Fia dadala Uziya ene o, ke boŋ wotsɔ ɖokuibɔbɔ kple ŋuɖɔɖɔɖo le woƒe ɖoƒewo. Le esi wole Dziɖulagã si le dziƒo ƒe ŋkume ta la, wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume; eye bubu si wodea teƒe kɔkɔea ŋu na wotsɔ eve bubu tsyɔ afɔ. Esi serafiwo te ɖe Xexeame Katã Dziɖulagã ŋu ta la, woɣlaa wo ɖokui ŋutɔ ale be woagahe susu ɖa le Mawu ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe dzi o. Nya “serafiwo,” si gɔmee nye “amesiwo le abe dzo ene” alo “amesiwo le bibim,” la fia be woklẽna, ke hã woɣlaa woƒe ŋkume tso Yehowa ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe si nu sẽ wu la nu.
6. Ðoƒe kae serafiwo le le Yehowa ŋkume?
6 Serafiwo zãa woƒe aʋala eve susɔeawo tsɔ dzonae, eye ɖikeke mele eme o be wotsɔnɛ saa agba, alo ‘tsia tre,’ ɖe wo nɔƒewo. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 31:15.) Nufialagã Franz Delitzsch gblɔ le woƒe ɖoƒe ŋu be: “Le nyateƒe me la, serafiwo manɔ afisi kɔ gbɔ Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi ƒe ta ŋu o, ke boŋ wonɔa agba sam le Eƒe awu ʋlaya si yɔ akpataa me dzi.” (Commentary on the Old Testament) Gɔmesese le nya sia ŋu. ‘Wole Yehowa tame,’ menye be ɖe wonye gã nɛ ta o, ke le gɔmesesea nu be wokpɔa esinu, woɖoa toe, hesubɔnɛ.
7. (a) Dɔ kae serafiwo wɔna? (b) Nukata serafiwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe kɔkɔenyenye zi etɔ̃?
7 Fifia se nya si gblɔm serafi mawo siwo wona mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe le ɖa! “Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!” (Yesaya 6:3) Woƒe dɔe nye be woakpɔ egbɔ be woɖe gbeƒã Yehowa ƒe kɔkɔenyenye eye be amewo de dzesi eƒe ŋutikɔkɔe le xexe bliboa katã si ƒe akpa aɖee nye anyigba la me. Wokpɔa eƒe ŋutikɔkɔe le nusiwo katã wòwɔ me eye eteƒe madidi o anyigbadzinɔlawo katã ava kpɔe adze sii. (Mose IV, 14:21; Psalmo 19:2-4; Xabakuk 2:14) Nya si wogblɔ zi gbɔ zi etɔ̃ be “kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe” la menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe kpeɖodzi o. Ke boŋ enye gbe tete ɖe Mawu ƒe kɔkɔenyenye dzi zi gbɔ zi etɔ̃. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 4:8.) Yehowa le kɔkɔe le mɔ si ƒo ɖesiaɖe ta nu.
8. Nukae dona tsoa serafiawo ƒe gbeƒãɖeɖewo me?
8 Togbɔ be womeyɔ serafiwo ƒe xexlẽme o hã la, ate ŋu anye be serafiwo ƒe ƒuƒoƒowoe le fiazikpuia gbɔ. Wotsɔa hadzidzi vivi gbugbɔ gblɔa Mawu ƒe kɔkɔenyenye kple ŋutikɔkɔe ɖe wo nɔewo yome. Emetsonu kae míekpɔ? Se nya si Yesaya yi edzi gblɔ ɖa: “Ɣlidola la ƒe gbe na kpuiawo ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ.” (Yesaya 6:4) Le Biblia me la, dzudzɔ alo alilikpo nyea kpeɖodzi si wokpɔna kple ŋku be Mawu le teƒe aɖe. (Mose II, 19:18; 40:34, 35; Fiawo I, 8:10, 11; Nyaɖeɖefia 15:5-8) Efia ŋutikɔkɔe si ŋu mí nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo míate ŋu ate ɖo o.
Medze O, Gake Wokɔ Eŋu
9. (a) Dɔ kae ŋutega la wɔ ɖe Yesaya dzi? (b) Vovototo kae dze le Yesaya kple Fia Uziya dome?
9 Yehowa ƒe fiazikpui ŋuti ŋutega sia kpɔ ŋusẽ ɖe Yesaya dzi vevie. Eŋlɔ bena: “Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome; elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.” (Yesaya 6:5) Vovototo gã kae nye si le Yesaya kple Fia Uziya dome! Uziya tsɔ akpasesẽ va wɔ nunɔla siwo wosi ami na ƒe dɔ hege ɖe gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒea mawumavɔ̃mavɔ̃e. Togbɔ be Uziya kpɔ sikakaɖitiawo, sikadzudzɔdovɔsamlekpuia, kple kplɔ̃ siwo dzi “Anyinɔnɔ ƒe abolo” la nɔna hã la, mekpɔ Yehowa ƒe amenuveve loo alo xɔ dɔdasi tɔxɛ aɖe tso egbɔ o. (Fiawo I, 7:48-50; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Gake nyagblɔɖila Yesaya ya meŋe aɖaba ƒu nunɔlawo dzi loo alo da le gbedoxɔ me ɖoɖowo dzi o. Ke hã ekpɔ ŋutega le Yehowa si le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me ŋu eye Mawu ŋutɔ de dɔ asi nɛ tsɔ de bubu eŋui. Togbɔ be serafiawo mekpɔa gbedoxɔa ƒe Aƒetɔ si le fiazikpui dzi la edziedzi o hã la, woɖe mɔ na Yesaya le ŋutegaa me be wòakpɔ “fia Yehowa Zebaot”!
10. Nukata ŋɔdzi lé Yesaya esi wòkpɔ ŋutega la?
10 Vovototo si Yesaya kpɔ le Mawu ƒe kɔkɔenyenye kple eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃menyenye dome na wòkpɔe be ye ŋu mekɔ kura o. Evɔ̃ hesusu be yele kuku ge. (Mose II, 33:20) Ese be serafiwo tsɔ nuyi dzadzɛwo le Mawu kafumee, gake eya ŋutɔ ƒe nuyiwo medza o eye alesi amesiwo dome wòle hesea woƒe nuƒoƒo ƒe nuyiwo ŋu mekɔ o la gaƒo ɖi etɔ ɖe edzi. Yehowa le kɔkɔe, eye ele be esubɔlawo hã nanɔ nenema. (Petro I, 1:15, 16) Togbɔ be wotia Yesaya xoxo wònye Mawu ƒe nyanuɖela hã la, eƒe nuvɔ̃menyenye si wòkpɔ dze sii la wɔ dɔ ɖe edzi eye nuyi dzadzɛ si wòle be wòanɔ Fia kɔkɔe si ƒe ŋutikɔkɔe sɔ gbɔ ƒe nyanuɖela si la menɔ esi o. Aleke dziƒotɔwo wɔ nu ɖe eŋui?
11. (a) Nukae serafi aɖe wɔ, eye nukae nuwɔna sia tsi tre ɖi na? (b) Aleke ŋugbledede le nya si serafi la gblɔ na Yesaya ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne mí Mawu subɔlawo míebui be míedze o?
11 Le esi teƒe be serafiawo nanyã Yesaya si le tsɛ ɖa le Yehowa ŋkume la, wokpe ɖe eŋu boŋ. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete Serafiwo dometɔ ɖeka dzo va gbɔnye, eye wòlé kpe xɔdzo hẽ, si wòtsɔ [abè] ɖe le vɔsamlekpuia me la, ɖe asi; eye wòtsɔe lili nu nam gblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia ka nuyi ŋu na wò, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wolé avu wò nuvɔ̃wo.” (Yesaya 6:6, 7) Dzo te ŋu kɔa nu ŋu le kpɔɖeŋumɔnu. Esime serafi la tsɔ kpe xɔdzo si wòɖe tso vɔsamlekpuia ƒe dzo kɔkɔe la me nɔ Yesaya ƒe nu lilim la, ena kakaɖedzi Yesaya be wolé avu le eƒe nuvɔ̃wo ŋu alesi dze be wòate ŋu axɔ Mawu ƒe amenuveve kple dɔdasi. Aleke gbegbe esia gana kakaɖedzi mí enye si! Míawo hã míenye nuvɔ̃mewo eye míedze ate ɖe Mawu ŋu o. Gake wonɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ dzi ɖe mí eye míate ŋu axɔ Mawu ƒe amenuveve ahate ɖe eŋu le gbedodoɖa me.—Korintotɔwo II, 5:18, 21; Yohanes I, 4:10.
12. Vɔsamlekpui kae Yesaya kpɔ, eye nukae dzo te ŋu wɔna?
12 Nusi gaɖo ŋku edzi na mí be ŋutegae nya sia nye lae nye ‘vɔsamlekpui’ si woyɔ. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 8:3; 9:13.) Vɔsamlekpui evee nɔ Yerusalem-gbedoxɔa me. Dzudzɔdovɔsamlekpui sue la nɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea ƒe xɔmetsovɔ la ŋgɔ tututu, eye vɔsamlekpui gã si me dzo bina le ɖaa la hã nɔ kɔkɔeƒea ƒe mɔnu la ŋkume. (Mose III, 6:12, 13; 16:12, 13) Gake kpɔɖeŋunuwoe anyigba dzi vɔsamlekpui siawo nye, eye wotsi tre ɖi na nusiwo lolo wu. (Hebritɔwo 8:5; 9:23; 10:5-10) Dzo si tso dziƒo ye fia numevɔsa si nɔ vɔsamlekpuia dzi esime Fia Salomo nɔ gbedoxɔa ŋu kɔm. (Kronika II, 7:1-3) Eye fifia dzo si woɖe tso vɔsamlekpui vavãtɔ si le dziƒo mee wotsɔ ɖe nu makɔmakɔwo ɖa le Yesaya ƒe nuyi ŋui.
13. Nya kae Yehowa bia, eye amekae wòbu kpe ɖe eɖokui ŋu esi wògblɔ be “mí”?
13 Mina míase nyaa kpli Yesaya. “Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megbɔ bena: Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Edze ƒã be ɖe Yehowa bia nyaa be Yesaya naɖo eŋu, elabena amegbetɔ bubu aɖeke megadze le ŋutega la me o. Ðikeke mele eme o be wonɔ Yesaya kpem be wòava zu Yehowa ƒe dɔtsɔla. Gake nukata Yehowa bia be, “Ameka ayi na mí?” Esi Yehowa trɔ “amekae madɔ” si me ŋkɔnyateƒenɔnya ɖekatɔ dze le wòzu “ayi na mí” si me ŋkɔnyateƒenɔnya geɖetɔ dze le la, efia be ebu ame ɖeka ya teti kpe ɖe eɖokui ŋu. Amekae? Ðe menye amesiae nye eƒe Tenuvi, amesi va zu ame Yesu Kristo la oa? Nyateƒee, Vi sia ke Mawu gblɔ na be, “Na míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme.” (Mose I, 1:26, NW; Lododowo 8:30, 31) Ẽ, Yehowa ƒe Tenuvia le eŋu le eƒe dziƒonɔƒea.—Yohanes 1:14.
14. Aleke Yesaya wɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpea dzii, eye kpɔɖeŋu kae wòɖo na mí?
14 Yesaya mehe ɖe megbe le eŋuɖoɖo me o! Eɖanye gbe ka ke woatsɔ ade esi o, eɖo eŋu enumake be: “Nyee nye esi, dɔm!” Eye mebia nusi wòakpɔ le dɔa wɔwɔ me hã o. Lɔlɔ̃nu faa ƒe nɔnɔme si wòɖe fia la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Mawu subɔlawo katã egbea, amesiwo wode dɔ asi na be woaɖe gbeƒã ‘nyanyuia le xexe blibo la katã me.’ (Mateo 24:14) Abe Yesaya ene la, wokuna ɖe woƒe dɔdasia ŋu ‘ɖia ɖase na dukɔwo katã,’ togbɔ be ame geɖe mexɔa nya la o hã. Eye abe Yesaya ene la, wotsɔa kakaɖedzi yia ŋgɔe, elabena wonyae be amesi le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeakee de dɔ asi na yewo.
Yesaya ƒe Dɔdasi
15, 16. (a) Nya kae wobe Yesaya nagblɔ na “dukɔ sia,” eye aleke woaxɔ nya lae? (b) Ðe wòanye Yesaya ƒe vodada tae dukɔa awɔ nu nenemaa? Ðe eme.
15 Yehowa ɖe nya si Yesaya ava gblɔ kple alesi wole nyaawo xɔ gee fia be: “Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke migase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o. Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ ta me, eye eƒe lãme nahaya o.” (Yesaya 6:9, 10) Ðe esia fia be Yesaya aƒo nu na Yudatɔwo tẽ ŋumaɖɔɖotɔe atsɔ aɖe dzi le wo ƒo, ale be nya nakpɔtɔ anɔ wo kple Yehowa domea? Menye nenema kura o! Dukɔ sia nye Yesaya ŋutɔ ƒe ame siwo wòlɔ̃na. Gake Yehowa ƒe nyawo ɖe alesi dukɔa axɔ eƒe gbedasiae fia, eɖanye aleke ke Yesaya tsɔ nuteƒewɔwɔ wɔ eƒe dɔae o.
16 Dukɔa gbɔe vodadaa tso. Yesaya aƒo nu na wo zi gbɔ zi geɖe woanɔ “nusese dzi ko,” gake womaxɔ nya la alo ase nu gɔme o. Ame akpa gãtɔ adze aglã agbe nyaa dzi wɔwɔ, abe ɖe woƒe ŋku gbã eye to ku na wo keŋkeŋ ene. Ne Yesaya yi “dukɔ sia” gbɔ edziedzi la, ana woaɖee afia be yewomedi be yewoase nu gɔme o. Woaɖee afia be yewomaxɔ Yesaya ƒe gbedasi—si nye Mawu ƒe gbedasi—la ɖe susu kple dzi me o. Aleke gbegbe nya sia sɔ na amewo egbea! Ame gbogbo aɖewo gbea toɖoɖo Yehowa Ðasefowo ne wole gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna ŋuti nyanyuia.
17. Nukae Yesaya wɔnɛ esime wòbia be “vaseɖe ɣekaɣie”?
17 Nyaa ɖe fu na Yesaya: “Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe, vaseɖe esime Yehowa nakplɔ amewo adzoe, eye gbegbewo nasɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” (Yesaya 6:11, 12) Esi Yesaya bia be, “vaseɖe ɣekaɣie?” la, menye ɖe wònɔ biabiam be ɣekaɣie yeayi edzi aɖe gbeƒã na dukɔ masetonua ase ɖo o. Ke boŋ dukɔa ŋue wòtsi dzi ɖo eye wòbia ɣeyiɣi si woƒe gbɔgbɔmenɔnɔme gbegblẽa ayi edzi kple ɣeyiɣi si woagbe bubu dede Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu le anyigba dzi ase ɖo. (Kpɔ Psalmo 74:9-11.) Eyata ɣekaɣie nugɔmemasemase ƒe nɔnɔmea ayi edzi ase ɖo?
18. Ɣekaɣie dukɔa ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme gbegblẽa ayi edzi ava se ɖo, eye ɖe Yesaya anɔ agbe akpɔ nyagblɔɖia me vava bliboea?
18 Nublanuitɔe la, alesi Yehowa ɖo eŋui fia be dukɔa ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme gbegblẽa ayi edzi vaseɖe esime wokpɔ tomaɖomaɖo Mawu me tsonu siwo katã wogblɔ le eƒe nubablaa me. (Mose III, 26:21-33; Mose V, 28:49-68) Woatsrɔ̃ dukɔa, woakplɔ ameawo adzoe, eye anyigba la azu aƒedo. Yesaya manɔ agbe akpɔ eteƒe esime Babilon-ʋakɔ ava tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa le ƒe 607 D.M.Ŋ. me o, togbɔ be ayi edzi agblɔ nya ɖi ƒe 40 kple edzivɔ, wòaɖo Fia Uziya ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi Xizkiya ƒe fiaɖuɣi hã. Ke hã Yesaya ayi edzi awɔ eƒe dɔa nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe esime wòaku eye ƒe siwo wu 100 nava yi hafi afɔku ma nava dzɔ ɖe dukɔa dzi.
19. Togbɔ be woamu dukɔa aƒu anyi abe ati ene hã la, kakaɖedzi kae Mawu na Yesaya?
19 Tsɔtsrɔ̃ si ana Yuda ‘nagbã azu aƒedo’ la ava godoo, gake mefia be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o. (Fiawo II, 25:1-26) Yehowa na kakaɖedzi Yesaya be: “Ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.” (Yesaya 6:13) Ẽ, “akpa ewolia, . . . ƒome kɔkɔe,” asusɔ abe ati gã si wolã ƒu anyi ƒe takpoea ke ene. Ðikeke mele eme o be kakaɖedzinya sia fa akɔ na Yesaya—elabena woakpɔ ame susɔe kɔkɔewo le eƒe amewo dome. Togbɔ be dukɔa afiã zi geɖe, abe ati gã si wolã wòzu nake ene hã la, Israel ƒe kpɔɖeŋuti la ƒe takpoe vevi aɖe asusɔ. Anye ƒome, alo dzidzime, kɔkɔe na Yehowa. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agadze, eye atia agatsi ake.—Tsɔe sɔ kple Hiob 14:7-9; Daniel 4:23.
20. Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa mamlɛa va eme zi gbãtɔe?
20 Ðe nyagblɔɖia me nyawo va emea? Ẽ. Esi Yuda-nyigba la zu aƒedo ƒe 70 megbe la, ame susɔe aɖewo siwo vɔ̃a Mawu trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon. Wogbugbɔ gbedoxɔa tu, wogatso dua, eye wogaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi le anyigba la dzi. Alesi wogbugbɔ Yudatɔwo ɖo anyi le wo denyigba si Mawu tsɔ na wo dzi la na nya sia si Yehowa na Yesaya gblɔ ɖi la va eme zi evelia. Nukae wòanye?—Ezra 1:1-4.
Emevava Bubuwo
21-23. (a) Amekawo dzie Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme ɖo le ƒe alafa gbãtɔ me, eye aleke wòva emee? (b) Amekawoe nye “ƒome kɔkɔe” la le ƒe alafa gbãtɔ me, eye aleke wokpɔ wo tae?
21 Yesaya ƒe nyagblɔɖidɔa nye dɔ si Mesia, Yesu Kristo, ava wɔ le ƒe siwo ade 800 megbe la ƒe vɔvɔli. (Yesaya 8:18; 61:1, 2; Luka 4:16-21; Hebritɔwo 2:13, 14) Togbɔ be Yesu ƒe ɖoƒe lolo wu Yesaya tɔ hã la, eya hã lɔ̃ faa be ye Fofo si le dziƒo nadɔ ye, eye egblɔ be: “Kpɔ ɖa, megbɔna, be mawɔ wò lɔlɔ̃nu!”—Hebritɔwo 10:5-9; Psalmo 40:7-9.
22 Abe Yesaya ene la, Yesu wɔ dɔ si wotsɔ de esi nuteƒewɔwɔtɔe eye amewo wɔ nu ɖe eya hã ƒe nyawo ŋu nenema ke. Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me melɔ̃ be yewoaxɔ gbedasia o abe alesi amesiwo nyagblɔɖila Yesaya ɖe gbeƒã na hã wɔ ene. (Yesaya 1:4) Yesu zã kpɔɖeŋuwo le eƒe subɔsubɔdɔa me. Esia na eƒe nusrɔ̃lawo bia be: “Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me?” Yesu ɖo eŋu be: “Miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o. Eyata mele nu ƒom na wo le lododowo me ɖo, elabena wole nu kpɔm, eye womekpɔa nu o; wole nu sem, eye womesea nu ahayi egɔme se ge o. Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: ‘Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; miakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o; elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.’”—Mateo 13:10, 11, 13-15; Marko 4:10-12; Luka 8:9, 10.
23 Yesu yɔ Yesaya ƒe nyawo tsɔ ɖee fia be nyagblɔɖia va eme le yeƒe ŋkekea me. Ameawo ƒe akpa gãtɔ ƒe dzi le abe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me la tɔ ene. Womia ŋku eye woxe to ɖe eƒe gbedasia ŋu si wɔe be wotsrɔ̃ woawo hã. (Mateo 23:35-38; 24:1, 2) Esia va eme esime Roma-ʋakɔ siwo nɔ Aʋafia Titus te ho ɖe Yerusalem ŋu le ƒe 70 M.Ŋ. me eye wotsrɔ̃ dua kple eƒe gbedoxɔa. Ke hã ame aɖewo ɖo to Yesu eye wova zu eƒe nusrɔ̃lawo. Yesu gblɔ be amesiawo nye ‘dzidzɔtɔwo.’ (Mateo 13:16-23, 51) Ena nyanya wo be ne wokpɔ be “aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu” la, ele be ‘woasi ayi towo dzi.’ (Luka 21:20-22) Aleae wòdzɔe be woxɔ “ƒome kɔkɔe” si va zu gbɔgbɔmedukɔ si nye “Mawu ƒe Israel” la ɖe agbe.a—Galatiatɔwo 6:16.
24. Amekawo ŋue Paulo zã Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖo, eye nukae esia ɖe fia?
24 Anɔ ƒe 60 M.Ŋ. me lɔƒo la, wosika apostolo Paulo ɖe aƒeme le Roma. Afimae wòwɔ ɖoɖo kpe kple “amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome” kpakple ame bubuwo, eye wòɖi ‘ɖase na wo nyuie le Mawu fiaɖuƒe la ŋuti.’ Esi wo dometɔ geɖe gbe Paulo ƒe nyawo xɔxɔ la, eɖe eme be esia nye Yesaya ƒe nyagblɔɖia me vava. (Dɔwɔwɔwo 28:17-27; Yesaya 6:9, 10) Eyata Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ Yesaya ƒe dɔa tɔgbe.
25. Nukae Mawu ƒe egbeŋkekea me Ðasefowo kpɔ dze sii, eye aleke wowɔa nu ɖe eŋui?
25 Nenema ke egbea Yehowa Ðasefowo kpɔe dze sii be Yehowa Mawu le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me. (Maleaxi 3:1) Abe Yesaya ene la, wogblɔna be: “Nyee nye esi, dɔm!” Wotsɔa veviedodo gblɔa nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu si gbɔna ŋuti nuxlɔ̃amegbedasia. Gake abe alesi Yesu ɖee fia ene la, ame ʋɛ aɖewo koe ʋua ŋku be yewoakpɔ nu kple to be yewoase nu ne yewoatsi agbe. (Mateo 7:13, 14) Nyateƒee, dzidzɔtɔwoe nye amesiwo dzraa woƒe dzi ɖo be yewoase nu be ‘yewoƒe lãme nahaya’!—Yesaya 6:8, 10.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yudatɔwo ƒe aglãdzedze na Roma-ʋakɔ si nɔ Cestius Gallus ƒe kpɔkplɔ te ɖe to ɖe Yerusalem ŋu eye woge ɖe dua me va ɖo keke gbedoxɔa ƒe gliwo gbɔ ke. Emegbe wotrɔ dzo esi na be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te ŋu si yi Perea-towo dzi hafi Romatɔwo gatrɔ va le ƒe 70 M.Ŋ. me.
[Nɔnɔmetata si le axa 94]
“Nyee nye esi, dɔm!”
[Nɔnɔmetata si le axa 97]
“Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo”