Ta Blaeve Vɔ Ðekɛlia
Tadedeagu Vavãtɔ Le Ta Kekem le Xexeame Katã
1. Gbedasi dedziƒoname kae le Yesaya ta 60 lia me?
WOŊLƆ Yesaya ta 60 lia wònye nudzɔdzɔ ʋãme aɖe. Wohe míaƒe susu yi nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe dzi le kpukpui gbãtɔawo me. Nudzɔdzɔ aɖewo kplɔ wo nɔewo ɖo kabakaba, eye wokplɔ mí va ɖo woƒe nuwuwu si ʋãa ame lae. Wozã nya viviwo tsɔ ƒo nu tso tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi ɖe blema Yerusalem kple tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke egbea ŋui tsitotsito le ta sia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wofia asi yayra mavɔ siwo wodzra ɖo ɖi na Mawu subɔla wɔnuteƒewo katã hã. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ akpa aɖe le Yesaya ƒe nyagblɔɖi ƒe akpa dodzidzɔname sia me vava me. Eyata mina míadzro eme nyuie akpɔ.
Kekeli Klẽ le Viviti la Me
2. Se kae wode na nyɔnu aɖe si mlɔ viviti me, eye nukata wòhiã kpata be wòawɔ ɖe edzi?
2 Wogblɔ nya siwo wotsɔ ʋu Yesaya ƒe ta sia nui la na nyɔnu aɖe si ƒe nɔnɔme wɔ nublanui. Anɔ eme be emlɔ anyigba tsɔ ŋkume bu anyi le viviti me. Kasia kekeli do le vivitia me enumake esi Yehowa to Yesaya dzi yɔe be: “Nyɔnu, tso naklẽ, elabena wò kekeli va, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò!” (Yesaya 60:1, “NW”) Ẽ, ele be ‘nyɔnua’ natsi tre ahaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia! Nukata nya sia hiã kpata? Nyagblɔɖia yi edzi be: “Viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo, ke wò la, Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe ado ɖe dziwò.” (Yesaya 60:2) Ele be ‘nyɔnua naklẽ’ na amesiwo dome wòle, amesiwo gale asi tsam viviti me. Nukae ado tso eme? “Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.” (Yesaya 60:3) Nya gbãtɔ siawo ɖe nusi me woava dzro tsitotsito wu le kpukpui siwo kplɔe ɖo me la fia—eyae nye be ele be tadedeagu vavãtɔ nakeke ta le xexeame katã!
3. (a) Amekae nye “nyɔnu” la? (b) Nukata ‘nyɔnua’ mlɔ viviti me?
3 Togbɔ be etsɔme nudzɔdzɔwo ŋue Yehowa le nu ƒom tsoe hã la, egblɔ na ‘nyɔnua’ be eƒe kekeli “va.” Wogblɔe alea tsɔ te gbe ɖe kakaɖedzi si le nyagblɔɖia me vava ŋu dzii. “Nyɔnu” si wowɔnɛ ye nye Zion, alo Yerusalem, si nye Yuda ƒe fiadu. (Yesaya 52:1, 2; 60:14) Dua tsi tre ɖi na dukɔ bliboa. Esi nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ la, wokpɔ ‘nyɔnua’ wòmlɔ viviti me, afisi wòle tso esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Gake le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Yudatɔ aboyomenɔlawo ƒe ame susɔe wɔnuteƒewo trɔ yi Yerusalem va gbugbɔ tadedeagu dzadzɛ ɖo anyi. Yehowa na kekeli klẽ ɖe “nyɔnu” sia dzi mlɔeba, eye eƒe ame siwo wogbugbɔ ɖo te la, va zu numekɔkɔtsoƒe le dukɔ siwo le gbɔgbɔmeviviti me la dome.
Emevava si Lolo Wu
4. Amekawoe le “nyɔnu” la teƒe le anyigba dzi egbea, eye amekawo hã ŋue nyagblɔɖia me nyawo ku ɖo ne wokekee ɖe enu?
4 Menye alesi nyagblɔɖinya siawo va eme ɖe blema Yerusalem dzi me koe míetsɔ ɖe le o. Egbea “Mawu ƒe Israel” lae nye Yehowa ƒe dziƒo “nyɔnu” la teƒenɔla siwo le anyigba dzi. (Galatiatɔwo 6:16) Le gbɔgbɔmedukɔ sia ƒe anyinɔnɔ tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi vaseɖe fifia la, emenɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖo ame 144,000 siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, amesiwo “woƒle tso anyigba dzi” be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Ame 144,000 siwo le agbe le anyigba dzi le “ŋkeke mamlɛawo” me ŋu koŋue Yesaya ta 60 lia me vava le míaƒe ɣeyiɣia me ku ɖo. (Timoteo II, 3:1) Nyagblɔɖia ku ɖe Kristotɔ amesiamina siawo ƒe zɔhɛ siwo nye “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” la hã ŋu.—Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:11, 16.
5. Ɣekaɣie Mawu ƒe Israel me tɔ siwo kpɔtɔ la kpɔe be yewomlɔ viviti me, eye ɣekaɣie Yehowa ƒe kekeli klẽ ɖe wo dzi?
5 Le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze la, Mawu ƒe Israel la me tɔ siwo gakpɔtɔ ɖe anyigba dzi kpɔe be le kpɔɖeŋumɔ nu la, yewomlɔ anyi tsɔ ŋkume tsyɔ anyi le viviti me ɣeyiɣi kpui aɖe. Esime xexemeʋa gbãtɔ wu enu la, wonɔ nɔnɔme si wogblɔ le kpɔɖeŋumɔ nu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la me—woƒe ŋutilã kukuwo nɔ “du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ du sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte.” (Nyaɖeɖefia 11:8) Gake le ƒe 1919 me la, Yehowa na eƒe kekeli klẽ ɖe wo dzi. Esia na wotsi tre heɖe Mawu ƒe kekeli fia vɔvɔ̃manɔmee, eye woɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia kple dzideƒo.—Mateo 5:14-16; 24:14.
6. Aleke xexeametɔwo ƒe akpa gãtɔ xɔ Yesu ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋuti gbeƒãɖeɖe lae, gake amekawoe wohe va Yehowa ƒe kekelia gbɔe?
6 Ameƒomea ƒe akpa gãtɔ si dzi Satana, amesi nye ‘xexe sia me dziɖulawo’ ƒe tatɔ, kpɔ ŋusẽ ɖo la gbe Yesu Kristo, “xexeame ƒe kekeli” la, ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋuti gbeƒãɖeɖea. (Efesotɔwo 6:12; Yohanes 8:12; Korintotɔwo II, 4:3, 4) Ke hã wohe ame miliɔn geɖe siwo nye “fiawo” (amesiwo va zua Dziƒofiaɖuƒea domenyila siwo wosi ami na) kple “dukɔwo” (alẽ bubuawo ƒe ameha gã la) va Yehowa ƒe kekelia gbɔe.
Takekea He Dzidzɔkpɔkpɔ Vɛ
7. Nu dodzidzɔname kae ‘nyɔnua’ kpɔ?
7 Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso nya vevi si ŋu Yesaya 60:3 ƒo nu le ŋu la, egade se bubu na “nyɔnu” la be: “Fɔ kɔ dzi nakpɔ nu godoo va kpe.” Esi ‘nyɔnua’ fɔ kɔ dzi la, ekpɔ nu dodzidzɔname aɖe—ekpɔ viawo wotrɔ gbɔna wo denyigba dzi! “Wo katã woƒo ta kpli gbɔna gbɔwò! Wò ŋutsuviwo atso didiƒe ava, eye woakpa wò nyɔnuviwo ɖe axada me.” (Yesaya 60:4) Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea le dukɔwo dome si dze egɔme le ƒe 1919 me na amesiamina siwo nye ‘ŋutsuvi’ kple ‘nyɔnuvi’ akpe geɖe va kpe ɖe Mawu ƒe Israel la ŋu. Afɔ siawoe Yehowa ɖe be yeana ame xexlẽme si woyɔ be woaɖu fia kple Kristo la nade.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10.
8. Nukae do dzidzɔ na Mawu ƒe Israel la tso ƒe 1919 me?
8 Dzidziɖedzi sia he dzidzɔ vɛ. “Ekema àkpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò.” (Yesaya 60:5) Amesiaminawo nuƒoƒoƒu le ƒe 1920-awo kple 1930-awo me na Mawu ƒe Israel la kpɔ dzidzɔ geɖe. Ke hã nu bubu aɖe li si hã na wokpɔa dzidzɔ. Vevietɔ tso ƒe 1930-awo ƒe domedome la, amesiwo nye ameƒomea si ɖe eɖokui ɖa tso Mawu ŋu ƒe “atsiaƒu” la ƒe akpa aɖe tsã la do tso dukɔwo katã me be yewoasubɔ ɖekae kple Mawu ƒe Israel la. (Yesaya 57:20; Xagai 2:7) Amesiawo meva subɔa Mawu alesi dze woa ŋutɔwo ŋu o. Ke boŋ wovaa Mawu ƒe “nyɔnu” la gbɔ eye wova zua Mawu ƒe alẽha si wɔ ɖeka la me tɔwo. Esia na be Mawu subɔlawo katã kpɔa gome le tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke me.
Dukɔwo Va Ƒo Ƒu ɖe Yerusalem
9, 10. Amekawoe wokpɔ wova le ƒu ƒom ɖe Yerusalem, eye aleke Yehowa xɔ woe?
9 Yehowa zã nusiwo Yesaya ŋɔlimetɔwo nya nyuie tsɔ wɔ takekea ƒe kpɔɖeŋui. “Nyɔnu” sia nɔ Zion-to dzi si nye kɔkɔƒe, afisi nuwo adze nɛ le nyuie la helé ŋku ɖe ɣedzeƒenutome gbã. Nukae wòkpɔ? “Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatsɔ sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe kafukafu.” (Yesaya 60:6) Kposɔha siwo asitsala mɔzɔla siwo tso to vovovo me zãna la nɔa mɔ siwo ɖo ta Yerusalem dzi. (Mose I, 37:25, 28; Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:1, 5; Fiawo I, 10:1, 2) Kposɔawo xɔa afisiafi, abe alesi tsiɖɔɖɔ xɔa anyigba katã dzii ene! Kposɔawo he nunana xɔasiwo vɛ, si fia be ŋutifafafɔ dzie asitsalaawo le. Wodi be yewoasubɔ Yehowa eye yewoatsɔ nu nyuitɔ kekeake si yewoate ŋu akpɔ la anae.
10 Menye asitsala siawo ɖeɖekoe le mɔa zɔm o. “Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò.” Ẽ, to siwo me tɔwo nye lãnyilawo hã le mɔa dzi yina ɖe Yerusalem. Wotsɔ nunana—alẽhawo—siwo nye woƒe nu xɔasitɔ kekeake vɛ eye wotsɔ wo ɖokui na be yewoanye subɔlawo. Aleke Yehowa axɔ woe? Egblɔ be: “Woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.” (Yesaya 60:7) Yehowa xɔa woƒe nunanawo, eye woazã wo le tadedeagu dzadzɛ me.—Yesaya 56:7; Yeremya 49:28, 29.
11, 12. (a) Nukae ‘nyɔnua’ kpɔ esi wòtrɔ kpɔ ɣetoɖoƒe gome? (b) Nukata ame geɖe le du dzi yina ɖe Yerusalem?
11 Azɔ Yehowa gblɔ na ‘nyɔnua’ be wòatrɔ akpɔ ɣetoɖoƒenutome, eye wòbia be: “Amekawoe nye esiawo, siwo le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene? Yehowa ŋutɔ ɖo eŋu be: “Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye [Tarsis-ʋuwo, “NW”] do ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò.”—Yesaya 60:8, 9.
12 Tsɔe be yetɔ ɖe ‘nyɔnua’ gbɔ hele ɣetoɖoƒe gome kpɔm ɖaa to Ƒugã la dzi. Nukae nèkpɔ? Èkpɔ nu ɣi suesue gbogbo aɖewo siwo le ƒua dzi tso adzɔge gbɔna kple du. Wole dzedzem abe xeviwo ene, gake esi wogogo wò la, èkpɔ be tɔdziʋu siwo keke woƒe abalawoe wonye. “Adzɔge” ke wotso va.a (Yesaya 49:12) Tɔdziʋu siwo le du dzi ɖo ta Zion la sɔ gbɔ ale gbegbe be woɖi ahɔ̃ne siwo gbɔna aƒe. Nukata tɔdziʋuawo le du dzi nenema? Wodi vevie be yewoatsɔ yewo me nɔla siwo nye Yehowa subɔla siwo tso didiƒe tɔdziʋudzeƒewo la vɛ. Le nyateƒe me la, amedzro yeye siwo va le ɖoɖom—Israel-viwo kple amedzroviwo siaa, ɣedzeƒe alo ɣetoɖoƒe tsolawo, kple kpuiƒe alo didiƒe tsolawo—le du dzi yina Yerusalem be yewoatsɔ yewoƒe nusianu aɖe adzɔgbee na Yehowa, woƒe Mawu, la ƒe ŋkɔ.—Yesaya 55:5.
13. Amekawoe nye “ŋutsuviwo” kple “nyɔnuviwo” le míaƒe ɣeyiɣia me, eye amekawoe nye “dukɔwo ƒe kesinɔnuwo”?
13 Aleke gbegbe Yesaya 60:4-9 ɖɔ xexeame katã ƒe takeke si yi edzi tso esime Yehowa ƒe “nyɔnu” la tso heklẽ le xexe sia ƒe viviti me la nyuie enye si! Dziƒo Zion ƒe “ŋutsuviwo” kple “nyɔnuviwo,” amesiwo va zu Kristotɔ amesiaminawo ye va gbã. Le ƒe 1931 me la, amesiawo ɖee fia le gaglãgbe be yewonye Yehowa Ðasefowo. Emegbe ɖokuibɔbɔla gbogbo aɖewo, siwo nye “dukɔwo ƒe kesinɔnuwo” kple “atsiaƒu me nu xɔasiwo,” nɔ du dzi va wɔ ɖeka kple Kristo nɔvi susɔeawo.b Egbea Yehowa subɔla siawo katã siwo tso anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi kple nɔnɔme vovovowo me la wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Israel la le woƒe Aƒetɔ Dziɖulagã, Yehowa, kafukafu me, kpakple le eƒe ŋkɔ dodo ɖe dzi be eyae nye ŋkɔ si ƒo ɖesiaɖe ta le xexeame katã me.
14. Aleke amedzroawo ‘va Mawu ƒe vɔsamlekpui dzii’?
14 Gake nukae wòfia be amedzro siawo siwo tso dukɔwo me la ‘va Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi’? Vɔsamlekpui dzie wodaa vɔsanu ɖo. Apostolo Paulo zã nyagbɔgblɔ si me vɔsasa dze le esi wòŋlɔ bena: “Mexlɔ̃ nu mi . . . bena, miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.” (Romatɔwo 12:1) Kristotɔ vavãwo lɔ̃na faa tsɔa wo ɖokui nana. (Luka 9:23, 24) Wotsɔa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutetewo doa tadedeagu dzadzɛtɔ ɖe ŋgɔe. (Romatɔwo 6:13) Wotoa esia wɔwɔ me tsɔa kafukafuvɔsa siwo dze naa Mawu. (Hebritɔwo 13:15) Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na amee nye si be Yehowa subɔla miliɔn geɖe siwo li egbea, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, tsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ na woa ŋutɔwo ƒe didiwo! Woɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ vavãtɔ fiana.—Mateo 6:33; Korintotɔwo II, 5:15.
Amedzroawo Kpɔ Gome le Takekea Me
15. (a) Aleke Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ fia amedzroviwoe le blema? (b) Aleke “amedzroviwo” kpɔ gome le tadedeagu vavãtɔ tutuɖo me le míaƒe ɣeyiɣia mee?
15 Amedzroawo tsɔ woƒe nunɔamesiwo kple woa ŋutɔwo ƒe dɔwɔwɔ kpe ɖe Yehowa ƒe “nyɔnu” la ŋui. “Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò; elabena le nye dɔmedzoe me meƒo wò, eye makpɔ nublanui na wò le nye amenuveve me.” (Yesaya 60:10) Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ fia le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me esime amedzroviwo na kpekpeɖeŋu le xɔtutudɔa me le Yerusalem. (Ezra 3:7; Nexemya 3:26) Le emevava gãtɔ me egbea la, “amedzroviwo,” siwo nye ameha gã la, kpena ɖe amesiamina susɔeawo ŋu le tadedeagu dzadzɛtɔ tutuɖo me. Wonaa kpekpeɖeŋu le Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo tutuɖo ɖe woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo me eye wotoa esia me tua Kristo-hamewo ɖo hedoa ŋusẽ Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe ‘gli’ siwo le abe du ene. (Korintotɔwo I, 3:10-15) Wotua xɔ ŋutɔŋutɔwo hã, wowɔa dɔ sesĩe tua Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple Betel-ƒewo. Wotoa esia me wɔa ɖeka kple wo nɔvi amesiaminawo le Yehowa ƒe habɔbɔ si le ta kekem ɖe edzi la ƒe nuhiãhiãwo gbɔ kpɔkpɔ me.—Yesaya 61:5.
16, 17. (a) Aleke Mawu ƒe habɔbɔa ƒe “agbowo” le ʋuʋu ɖii? (b) Aleke “fiawo” wɔ subɔsubɔdɔe na Zion? (d) Nukae adzɔ ɖe amesiwo tena kpɔ be yewoado ‘agbo’ siwo Yehowa di be woanɔ ʋuʋu ɖi la dzi?
16 Gbɔgbɔmexɔtuɖoɖoa wɔe be ‘amedzrovi’ akpe alafa geɖe dzea hadede gɔme kple Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe sia ƒe, eye mɔa gale ʋuʋu ɖi be ame geɖe nava. Yehowa gblɔ be: “Wò agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na wò, eye woƒe fiawo nanɔ wo nu.” (Yesaya 60:11) Gake amekawoe nye ‘fia’ siwo le ŋgɔ xɔm le dukɔwo ƒe kesinɔnuwo hem va Zion? ‘Le blema la, Yehowa ʋã dziɖula aɖewo ƒe dzi ‘wowɔ subɔsubɔdɔwo’ na Zion. Le kpɔɖeŋu me, Kores xɔ ŋgɔ le Yudatɔwo ɖoɖo ɖe Yerusalem be woagbugbɔ gbedoxɔa atu me. Emegbe Artaxsasta ɖe mɔ le kesinɔnuwo ŋu eye wòɖo Nexemya ɖa be woagbugbɔ Yerusalem gliawo aɖo. (Ezra 1:2, 3; Nexemya 2:1-8) Nyateƒee, “fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me.” (Lododowo 21:1) Mía Mawu la ate ŋu aʋã fia sẽŋuwo gɔ̃ hã be woawɔ nusi wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.
17 Le míaƒe ɣeyiɣia me la, ‘fia’ alo dziɖula geɖewo dze agbagba be yewoado Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe “agbowo.” Gake bubuwo wɔ subɔsubɔdɔ na Zion esi wowɔ nyametsotso siwo na ‘agbo’ mawo le ʋuʋu ɖi. (Romatɔwo 13:4) Le ƒe 1919 me la, dziɖulawo ɖe asi le Joseph F. Rutherford kple eƒe zɔhɛwo ŋu tso gaxɔ si me wode wo madzemadzee la me. (Nyaɖeɖefia 11:13) Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ‘no’ yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ ƒe tsi si Satana tu le enyanya tso dziƒo vɔ megbe. (Nyaɖeɖefia 12:16) Dziɖuɖu aɖewo ʋli mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta, eye ɣeaɖewoɣi la, Yehowa Ðasefowo ta koŋue woʋlinɛ ɖo. Subɔsubɔdɔ sia na wòle bɔbɔe wu na ameha siwo nye ame fafawo be woato ‘agbo’ siawo siwo le ʋuʋu ɖi me age ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa me. Ke tsitretsiɖeŋula siwo dzea agbagba be yewoado ‘agbo mawo’ ya ɖe? Madze edzi na wo akpɔ gbeɖe o. Yehowa gblɔ le wo ŋu be: “Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.” (Yesaya 60:12) Amesiwo katã wɔa avu kple Mawu ƒe “nyɔnu” la—woɖanye ame ɖekaɖekawo loo alo habɔbɔwo o—atsrɔ̃ le Harmagedon-ʋa si gbɔna me, ne edidi ƒãe nye ma.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.
18. (a) Nukae ŋugbedodo si nye be atiwo ada ama nyuie le Israel la fia? (b) Nukae nye “[Yehowa ƒe] afɔ nɔƒe” egbea?
18 Le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti nuxlɔ̃ame sia gbɔgblɔ vɔ megbe la, nyagblɔɖia gatrɔ ɖe aseyetsotso kple nudzedziname ŋuti ŋugbedodowo ŋu ake. Yehowa gblɔ na “nyɔnu” la be: “Woahe Libanon ƒe atsyɔ̃, sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa vɛ na wò, ne natsɔ aɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe ƒe nɔƒe, eye nade bubu nye afɔ nɔƒe ŋu.” (Yesaya 60:13) Ati damawo tsi tre ɖi na atsyɔ̃ kple dzidziɖedzi. (Yesaya 41:19; 55:13) Nya “kɔkɔeƒe” kple “nye afɔ nɔƒe” siwo le kpukpui sia me nye Yerusalem-gbedoxɔa. (Kronika I, 28:2; Psalmo 99:5) Gake apostolo Paulo ɖe nu me be Yerusalem-gbedoxɔa nye gbɔgbɔmegbedoxɔ si lolo wu ƒe kpɔɖeŋu, si nye ɖoɖo si dzi woato ate ɖe Yehowa ŋu le tadedeagu me to Kristo ƒe vɔsa dzi la ƒe vɔvɔli. (Hebritɔwo 8:1-5; 9:2-10, 23) Egbea Yehowa dea ŋutikɔkɔe ‘eƒe afɔ nɔƒe,’ si nye gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi la ŋu. Ena wòva dze ani ale gbegbe be ehea amesiwo tso dukɔwo katã me be woakpɔ gome le tadedeagu vavãtɔ me le afima.—Yesaya 2:1-4; Xagai 2:7.
19. Nuka dzie woazi tsitretsiɖeŋulawo dzi woalɔ̃ ɖo, eye ne etsi megbe ƒã la, ɣekaɣie woalɔ̃ ɖe edzi?
19 Azɔ Yehowa gatrɔ susu ɖe amesiwo tsi tre ɖe eŋu la ŋu eye wògblɔ be: “Amesiwo sẽ ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be ‘Yehowa ƒe du,’ ‘Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion.’” (Yesaya 60:14) Ẽ, ne tsitretsiɖeŋulawo kpɔ Mawu ƒe amewo ƒe dzidziɖedzi gã la kple yayra si agbenɔnɔ ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu hena vɛ la, aʋã wo dometɔ aɖewo woade ta agu eye woado ɣli ayɔ “nyɔnu” la. Efia be woazi wo dzi—ne etsi megbe ƒã le Harmagedon me—woalɔ̃ ɖe edzi be vavãe, amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwoe nye Mawu ƒe dziƒohabɔbɔ, “Yehowa ƒe du, Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion” la teƒenɔlawo.
Nusiwo Li la Ŋudɔwɔwɔ
20. Tɔtrɔ gã kae va na ‘nyɔnua’?
20 Aleke gbegbe Yehowa ƒe “nyɔnu” la ƒe nɔnɔme atrɔe enye si! Yehowa gblɔ be: “Esi wogblẽ wò ɖi, wogbe wò nya, eye ame aɖeke meto ŋuwò yi o ta la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee kple dzidzɔ na ƒomeawo katã. Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ne nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.”—Yesaya 60:15, 16.
21. (a) Aleke blema Yerusalem va zu “atsyɔ̃e”? (b) Yayra kawoe Yehowa subɔla amesiaminawo kpɔ tso ƒe 1919 me, eye aleke wono ‘dukɔwo ƒe notsii’?
21 Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, blema Yerusalem meganɔ anyi o ƒe 70 sɔŋ, eye ‘ame aɖeke meto eme yi o.’ Gake tso ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Yehowa na amewo gava nɔ dua me, eye wòna wòzu ‘atsyɔ̃.’ Nenema ke le xexemeʋa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mawu ƒe Israel la to aƒedozuzu ƒe ɣeyiɣi aɖe si me wokpɔe le be ‘wogblẽ yewo ɖi keŋkeŋ’ la me. Gake le ƒe 1919 me la, Yehowa xɔ esubɔla amesiaminawo tso aboyo me, eye tso ɣemaɣi la, etsɔ takeke kple gbɔgbɔmenudzedziname si ɖeke mesɔ kplii o la yra woe. Eƒe amewo no “dukɔwo ƒe notsi,” esi wozã dukɔwo ƒe nuwo ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe ŋgɔyiyi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, egbegbe mɔ̃ɖaŋununya ŋudɔwɔwɔ le nunya me na wote ŋu ɖea Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me hetaa wo hã. Esia na be ƒe sia ƒe, ame akpe alafa geɖe srɔ̃a Biblia kple Yehowa Ðasefowo eye wova kpɔnɛ be Yehowa ye nye yewo Ðela kple Xɔnametɔ, to Kristo dzi.—Dɔwɔwɔwo 5:31; Yohanes I, 4:14.
Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Habɔbɔa ƒe Dɔwɔɖoɖowo Me
22. Ŋgɔyiyi tɔxɛ ka ƒe ŋugbee Yehowa do?
22 Wowɔ ŋgɔyiyi le hakplɔɖoɖowo hã me tsɔ kpe ɖe dzidziɖedzi si Yehowa ƒe amewo kpɔ hã ŋu. Yehowa gblɔ be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” (Yesaya 60:17) Sika zazã ɖe akɔbli teƒe nye ŋgɔyiyi, eye alea wòle le nu bubu siwo woyɔ le afisia la hã gome. Yehowa ƒe amewo yi edzi le ŋgɔyiyi wɔm le habɔbɔa ƒe dɔwɔɖoɖowo me le ŋkeke mamlɛawo katã me wòwɔ ɖeka kple esia.
23, 24. Ŋgɔyiyi ka kpɔmee Yehowa ƒe amewo le le habɔbɔa ƒe ɖoɖowo me tso ƒe 1919 me?
23 Va ɖo ƒe 1919 me la, hamemegãwo kple hamemegãtevi siwo wodaa akɔ tiana le demokrasimɔ nu la nɔ hamewo me. Tso ƒe ma me la, wotiaa subɔsubɔdɔnunɔla le teokrasimɔ nu be wòakpɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa dzi le hamea me, gake le teƒe aɖewo la, hamemegã siwo woda akɔ tia la dometɔ aɖewo tsia tre ɖe subɔsubɔdɔnunɔla la ŋu. Nuwo va trɔ le ƒe 1932 me. Woto Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ magazinea dzi gblɔ na hamewo be woadzudzɔ akɔdada atia hamemegãwo kple hamemegãteviwo. Nusi woawɔ boŋue nye be woatia subɔsubɔkɔmiti si awɔ dɔ kple subɔsubɔdɔnunɔla la. Ŋgɔyiyi gã aɖee nye ema.
24 Le ƒe 1938 me la, wogawɔ “sika” geɖe ŋudɔ esi woɖoe be woato teokrasimɔ nu aɖo subɔlawo katã le hamea me. Wotsɔ hamea dzikpɔkpɔ de ƒuƒoƒosubɔla (si wova yɔ emegbe be hamesubɔla) kple subɔla vovovo siwo kpena ɖe eŋu, amesiwo katã woɖo le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe dzikpɔkpɔ te la si.c (Mateo 24:45-47) Gake le ƒe 1972 me la, wokpɔe be hamedzikpɔkpɔmɔnu si sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nue nye be hamemegãwo ƒe ha nakpɔ nyawo gbɔ ke menye ame ɖeka ko o. (Filipitɔwo 1:1) Wowɔ tɔtrɔ bubuwo le hamea me kple Dziɖuha la siaa me. Tɔtrɔ mamlɛ sia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le October 7, 2000, dzi, esi woɖe gbeƒãe be Dziɖuha la me tɔ siwo nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ si woɖo le Pennsylvania kple eƒe dɔwɔha bubuwo ƒe dɔdzikpɔlawo la lɔ̃ faa be yewoaɖe asi le yewoƒe ɖoƒewo ŋu. Esia na Dziɖuha la, si le dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela teƒe la te ŋu kpɔa ‘Mawu ƒe hame’ la kple alẽ bubu siwo dea ha kplii la ƒe gbɔgbɔmenyawo gbɔ nyuie wu. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ðoɖo siawo katã na nuwo nyo ɖe edzi. Wonye ŋusẽdodo na Yehowa ƒe habɔbɔa, kple yayra na esubɔlawo.
25. Ameka gbɔe ŋgɔyiyi si Yehowa ƒe amewo kpɔ le habɔbɔa ƒe dɔwɔɖoɖowo me tso, eye vi kawoe wòɖe?
25 Ameka gbɔe ŋgɔyiyi siawo tso? Amegbetɔ aɖewo ƒe bibi ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe habɔbɔ ŋu me alo woƒe susu deŋgɔ gbɔe wotsoa? Ao, elabena Yehowa gblɔ be: “Mahe sika vɛ.” Mawu ƒe mɔfiafia gbɔe ŋgɔyiyi siawo katã tso. Ne Yehowa ƒe amewo wɔ ɖe eƒe mɔfiame dzi trɔ asi le nuwo ŋu la, eɖea vi na wo. Esia naa ŋutifafa nɔa wo dome, eye woƒe dzɔdzɔenyenye lɔlɔ̃ ʋãa wo wosubɔnɛ.
26. Kristotɔ vavãwo ƒe dzesidenu kae tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã dea dzesii?
26 Ŋutifafa si tso Mawu gbɔ te ŋu trɔa amewo. Yehowa do ŋugbe be: “Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be ‘xɔname’ kple wò agbowo be ‘kafukafu.’” (Yesaya 60:18) Alea tututue wòle! Tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã lɔ̃na ɖe edzi be ŋutifafa nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi vevi aɖe. (Mixa 4:3) Ŋutifafa sia si le wo kple Mawu dome kpakple esi le Yehowa Ðasefoawo ŋutɔ dome naa Kristotɔwo ƒe kpekpeƒe ɖesiaɖe nyea gbɔɖemeƒe fakɔname le ŋutasesẽxexe sia me. (Petro I, 2:17) Enye ŋutifafa si gbegbe anɔ anyi ne anyigbadzinɔlawo katã zu “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo” la ƒe kpɔɖeŋu.—Yesaya 11:9; 54:13.
Mawu ƒe Ŋudzedzekpɔɖeameŋu Ŋutikɔkɔe Kekeli
27. Kekeli kae klẽna ɖe Yehowa ƒe “nyɔnu” la dzi ɖaa?
27 Yehowa ƒo nu tso alesi kekeli si klẽna ɖe Yerusalem nu sẽe ŋu esi wògblɔ be: “Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo. Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò dzinu magaɖo xɔ o, elabena Yehowa lanye wò kekeli tegbee, eye wò nuxaɣi nu va yi.” (Yesaya 60:19, 20) Yehowa ayi edzi anye “kekeli tegbee” na “nyɔnu” sia. “Magaɖo to” abe ɣe ene alo ‘aɖo xɔ’ abe dzinu ene akpɔ gbeɖe o.d Eƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu kekeli si nɔa anyi ɖaa la klẽna ɖe Kristotɔ amesiamina siwo nye Mawu ƒe “nyɔnu” la teƒenɔla amegbetɔwo dzi. Wo kple ameha gã la le gbɔgbɔmekekeli gã sia si nu xexe sia me ƒe dunyahehe alo ganya ƒe nɔnɔmewo mate ŋu atsi gbeɖe o me. Eye woka ɖe etsɔme nyui si Yehowa tsɔ ɖo wo ŋkume la dzi.—Romatɔwo 2:7; Nyaɖeɖefia 21:3-5.
28. (a) Ŋugbe kae wodo le Yerusalemtɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ ŋu? (b) Nukae va zu Kristotɔ amesiaminawo tɔ le ƒe 1919 me? (d) Ɣekaɣie anyigba anye ame dzɔdzɔewo tɔ ava se ɖo?
28 Yehowa yi edzi gblɔ le Yerusalemtɔwo ŋu be: “Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.” (Yesaya 60:21) Esime dzɔdzɔme Israel trɔ gbɔ tso Babilon la, ‘anyigba la zu wo tɔ.’ Gake le wo gome la, ɣeyiɣi “tegbee” si wozã la va wu enu ɖe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me esime Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem kple Yuda-dukɔa. Le ƒe 1919 me la, Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔeawo do tso gbɔgbɔmeboyo me eye gbɔgbɔmenyigba aɖe va zu wo tɔ. (Yesaya 66:8) Gbɔgbɔmedzidzedzekpɔkpɔ si ɖi paradiso si anɔ anyi ɖaa ye le woƒe anyigba, alo nɔƒe, sia. Gbɔgbɔ me Israel ƒe ha la abe ƒuƒoƒo ene mazu nuteƒemawɔlawo abe blema Israel ene o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesaya ƒe nyagblɔɖia ava eme le ŋutilã me gome hã ne anyigba va zu paradiso ŋutɔŋutɔ si dzi “ŋutifafa gbogbo” le. Ekema anyigba la azu ame dzɔdzɔe siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la tɔ tegbee.—Psalmo 37:11, 29.
29, 30. Aleke “ame suewo” wɔ va zu ame “akpe”?
29 Míate ŋu akpɔ ŋugbedodo vevi aɖe le Yesaya ta 60 lia ƒe nuwuwu, eye Yehowa tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ ɖo kpe edzii. Egblɔ be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” (Yesaya 60:22) Esime wogaɖo amesiamina siwo ka hlẽ la te eye woyi dɔa dzi le ƒe 1919 me la, wonye “ame suewo.”e Gake woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi esi wokplɔ gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo vɛ va kpe ɖe wo ŋu. Eye dzidziɖedzia va ɖe dzesi ŋutɔ esi ameha gã la nuƒoƒoƒu dze egɔme.
30 Eteƒe medidi o ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye si le Mawu ƒe amewo dome he dzianukwaretɔ gbogbo aɖewo ŋutɔ si wɔe be “ame suewo” dzi ɖe edzi va zu “dukɔ sesẽ” ŋutɔŋutɔ. Fifi laa la, emetɔwo sɔ gbɔ wu xexemedukɔ nɔɖokuisiwo dometɔ geɖe me tɔwo. Edze ƒã be Yehowa to Yesu Kristo dzi fia mɔ Fiaɖuƒedɔa hedo tsɔtsɔe. Aleke dzi dzɔa míi enye si be míakpɔ alesi tadedeagu vavãtɔ le ta kekem le xexeame katã eye be míakpɔ gome le eme! Nyateƒee, enye dzidzɔ be míakpɔe be dzidziɖedzi sia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa, amesi gblɔ nusiawo ɖi xoxoxo do ŋgɔ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Anye be afisi woyɔna be Spain fifia lae Tarsis nɔ. Gake numekugbalẽ aɖewo gblɔ be nyagbɔgblɔ “Tarsis-ʋuwo” fia tɔdziʋu si ƒomevi wonye—“ƒudziʋu siwo dzi abala kɔkɔwo nɔna”—siwo “ate ŋu ayi Tarsis,” ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, wonye tɔdziʋu siwo wobu be wosesẽ azɔ ƒudzimɔ didiwo ayi didiƒe ʋudzeƒewo.—Fiawo I, 22:49.
b Togbɔ be Kristotɔ veviedola siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le de ha kple Mawu ƒe Israel la do ŋgɔ na ƒe 1930 hã la, woƒe xexlẽme te dzidzi ɖe edzi etɔxɛe le ƒe 1930-awo me.
c Woyɔa hame ɣemaɣi be ƒuƒoƒo.
d Apostolo Yohanes zã nya mawo tɔgbe ke tsɔ ƒo nu tso “Yerusalem yeye,” si nye ame 144,000 la le woƒe dziƒoŋutikɔkɔe me ŋu. (Nyaɖeɖefia 3:12; 21:10, 22-26) Esia sɔ, elabena “Yerusalem yeye” la tsi tre ɖi na Mawu ƒe Israel la me tɔwo katã le woƒe dziƒoteƒeɖoɖoa xɔxɔ vɔ megbe, esime woa kple Yesu Kristo woava zu Mawu ƒe “nyɔnu,” si nye “dziƒo Yerusalem” la ƒe akpa vevitɔ.—Galatiatɔwo 4:26.
e Le ƒe 1918 me la, amesiwo kpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nya la me ɣleti sia ɣleti ƒe xexlẽme mede ame 4,000 le mama dedie nu o.
[Nɔnɔmetata si le axa 305]
Woɖe gbe na ‘nyɔnua’ be ‘wòatso’
[Nɔnɔmetata si le axa 312, 313]
“Tarsis-ʋuwo” tsɔ Yehowa subɔlawo vɛ