Ta Blaeve Vɔ Evelia
Dzɔdzɔenyenye Mie ɖe Zion
1, 2. Tɔtrɔ kae ava na Israel kpuie, eye amekae ahee vɛ?
MIÐE gbeƒã ablɔɖe! Yehowa ɖoe be yeana ablɔɖe yeƒe amewo akplɔ wo agbɔ va wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Woagaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi abe alesi nuku miena ne tsi dza ɖe edzii ene. Ne ŋkeke ma ɖo la, kafukafuha dzidzi axɔ ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame teƒe, eye woatsɔ Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu aɖo atsyɔ̃ na ta siwo me konyifafa ƒe afi nɔ tsã.
2 Amekae ahe tɔtrɔ wɔnuku sia vɛ? Yehowa koe ate ŋu awɔ nu ma tɔgbe. (Psalmo 9:20, 21; Yesaya 40:25) Nyagblɔɖila Zefanya de se le nyagblɔɖi me be: “Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, do ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me! Yehowa ɖe wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa.” (Zefanya 3:14, 15) Dzidzɔkpɔɣi kae nye si wòanye! Ne Yehowa ƒo ame susɔe siawo nu ƒu be woatrɔ agbɔ tso Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, aɖi drɔ̃eƒenya na wo.—Psalmo 126:1.
3. Mɔ kawo nue Yesaya ta 61 lia me nyagblɔɖinyawo va eme le?
3 Wogblɔ gbugbɔɖoanyi sia ɖi le Yesaya ta 61 lia me. Gake togbɔ be nyagblɔɖi ma va eme le ƒe 537 D.M.Ŋ. me wòdze ƒã hã la, egava eme emegbe le mɔ si lolo wu nu. Emevava si de ŋgɔ wu la ku ɖe Yesu kple eyomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kpakple Yehowa ƒe ame siwo li le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu. Eyata aleke gbegbe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la le vevie enye si!
“Amenuveƒe”
4. Amekae wodɔ be wòagblɔ nyanyui le Yesaya 61:1 me vava gbãtɔ me, eye amekae wònye le emevava evelia me?
4 Yesaya ŋlɔ bena: “Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na [ɖokuibɔbɔlawo, “NW”]; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbeƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gae.” (Yesaya 61:1) Amekae nye amesi wodɔ be wòagblɔ nyanyui? Anɔ eme be ame mae nye Yesaya le emevava gbãtɔ me, amesi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ nyanyui ɖi na Babilon boyomewo. Gake Yesu he susu yi emevava vevitɔ kekeake dzi esi wòzã Yesaya ƒe nyawo na eɖokui. (Luka 4:16-21) Ẽ, wodɔ Yesu ɖa be wòava gblɔ nyanyui na ɖokuibɔbɔlawo, eye esia ta wotsɔ gbɔgbɔ si ami nɛ le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi.—Mateo 3:16, 17.
5. Amekawoe le gbeƒã ɖem nyanyuia anye ƒe 2,000 enye sia?
5 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu fia nu eyomedzelawo be woanye nyanyuigblɔlawo, alo nyanyuigbeƒãɖelawo. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na amesiawo dometɔ siwo anye ame 120 eye wova zu Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 14-42; Romatɔwo 8:14-16) Wode dɔ asi na woawo hã be woagblɔ nyanyuia na ɖokuibɔbɔlawo kple amesiwo ƒe dzi gbã. Ame 120 mawoe nye ame 144,000 siwo wova si ami na alea la ƒe gbãtɔwo. Ƒuƒoƒo sia ƒe ame susɔeawo gale dɔ dzi le anyigba dzi kokoko egbea. Eyata Yesu yomedzela amesiaminawo le ɖase ɖim le “dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse” ŋu anye ƒe 2,000 enye sia.—Dɔwɔwɔwo 20:21.
6. Amekawoe kpɔ gbɔdzɔe tso nyanyuia sese me le blema, ke egbea hã ɖe?
6 Yesaya ƒe gbedasi si tso gbɔgbɔ me la he gbɔdzɔe vɛ na Yudatɔ dzimetrɔla siwo nɔ Babilon. Le Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋkekeawo me la, ehe gbɔdzɔe vɛ na Yudatɔ siwo ƒe dzi gbã le Israel ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ta eye wonɔ ƒe alafa gbãtɔ me Yuda-subɔsubɔha ƒe alakpasubɔsubɔ kɔnuwo ƒe aboyo me. (Mateo 15:3-6) Egbea ame miliɔn geɖe siwo Kristodukɔa ƒe trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo kple kɔnyinyi siwo medea bubu Mawu ŋu o ƒe mɔ̃ ɖe la le “hũ ɖem, eye wole nu xam” ɖe ŋunyɔnu siwo yi edzi le mawusubɔsubɔ nuɖoanyi ma me ta. (Xezekiel 9:4) Woɖea amesiwo xɔa nyanyuia la le nɔnɔme wɔnublanui ma me. (Mateo 9:35-38) Woƒe nugɔmeseseŋku ʋuna nyuie ne wova srɔ̃ alesi woade ta agu na Yehowae le “gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”—Yohanes 4:24.
7, 8. (a) “Amenuveƒe” eveawoe nye kawo? (b) Yehowa ƒe ‘hlɔ̃biaŋkekewo’ kawoe li?
7 Ɣeyiɣi ɖoɖi le gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu. Wode dɔ Yesu kple eyomedzelawo si be: “[Miɖe] gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne [miafa] akɔ na konyifalawo katã.” (Yesaya 61:2) Ɣeyiɣi didi aɖee ƒe ɖeka nye, gake eƒe gɔmedzedze kple nuwuwu li. Yehowa ƒe “amenuveƒe” la nye ɣeyiɣi si wònaa mɔnukpɔkpɔ ame fafawo be woaxɔ yeƒe ablɔɖe si wole gbeƒã ɖemee.
8 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, amenuveƒe si woɖo na Yuda-dukɔa dze egɔme le ƒe 29 M.Ŋ. me esime Yesu dze eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa gɔme. Egblɔ na Yudatɔwo be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:17) Amenuveƒe ma nɔ anyi ʋuu vaseɖe Yehowa ƒe “hlɔ̃biaŋkeke” si ɖo eƒe sesẽaƒe le ƒe 70 M.Ŋ. me, esime Yehowa ɖe mɔ na Roma-ʋakɔwo be woatsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. (Mateo 24:3-22) Egbea míele amenuveƒe bubu si dze egɔme esi woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me la me. Amenuveƒe sia awu enu le hlɔ̃biaŋkeke bubu si akeke ta wu dzi esime Yehowa ahe tsɔtsrɔ̃ ava xexemenuɖoanyi blibo sia dzi le “xaxa gã” la me.—Mateo 24:21.
9. Amekawoe Yehowa ƒe amenuveƒea le vi ɖem na egbea?
9 Amekawoe Mawu ƒe amenuveƒea ɖea vi na egbea? Woawoe nye amesiwo xɔa gbedasia, ɖea ɖokuibɔbɔ fiana, eye wotsɔa veviedodo kpea asi ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu le “dukɔwo katã” me. (Marko 13:10) Amesiawo kpɔnɛ be nyanyuia faa akɔ na ame ŋutɔŋutɔ. Gake amesiwo gbea gbedasia, eye womewɔa Yehowa ƒe amenuveƒea ŋudɔ o ya adze ŋgɔ eƒe hlɔ̃biaŋkekea ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye kpuie.—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.
Gbɔgbɔmekutsetse Siwo Kafua Mawu
10. Dɔ kae nu gã si Yehowa wɔ na Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon la wɔ ɖe wo dzi?
10 Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon kpɔe dze sii be Yehowa wɔ nu gã aɖe na yewo. Woƒe konyifafa esime wonye aboyomewo la trɔ zu aseyetsotso kple kafukafu le esi wokpɔ ablɔɖe mlɔeba ta. Esia na Yesaya wɔ dɔ si wode esi le nyagblɔɖi me la de goe, si nye, “ne mata [kafukafuvɔ, “NW”] na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be ‘dzɔdzɔenyenye ƒe [ati gãwo, “NW”],’ ‘Yehowa ƒe atibɔ,’ si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.”—Yesaya 61:3.
11. Amekawoe wòsɔ be wokafu Yehowa ɖe nu gã si wòwɔ ta le ƒe alafa gbãtɔ me?
11 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yudatɔ siwo lɔ̃ be woaɖe yewo tso alakpasubɔsubɔ ƒe aboyo me la hã kafu Mawu ɖe nu gã si wòwɔ na wo ta. “Kafukafuvɔ” xɔ ɖe woƒe gbɔgbɔ si nu ti kɔ na la teƒe esime woɖe wo tso dukɔ si ku le gbɔgbɔ me la me. Tɔtrɔ sia va na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zi gbãtɔ esi wotrɔ woƒe konyifafa ɖe eƒe ku ta wòzu dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ami si woƒe Aƒetɔ si wofɔ ɖe tsitre la tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si na wo la ta. Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, tɔtrɔ ma tɔgbe va na ame 3,000 siwo nye ɖokuibɔbɔla siwo xɔ Kristotɔ siwo wosi ami na yeyee la ƒe gbeƒãɖeɖea hexɔ nyɔnyrɔ le le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. (Dɔwɔwɔwo 2:41) Aleke gbegbe wònyoe nye si be woaka ɖe edzi be Yehowa yra yewo! Le esi teƒe be ‘woafa konyi ɖe Zion ta’ la, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la boŋ eye “dzidzɔmi,” si tsi tre ɖi na amesiwo Yehowa yra ŋutɔ ƒe aseyetsotso, la do ŋusẽ wo.—Hebritɔwo 1:9.
12, 13. (a) Amekawoe nye “dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo” le Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la dome le ƒe 537 D.M.Ŋ. me? (b) Amekawoe nye “dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo” tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?
12 Yehowa tsɔ “dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo” yra eƒe amewoe. Amekawoe nye ati gã siawo? Le ƒe siwo kplɔ ƒe 537 D.M.Ŋ. ɖo me la, woawoe nye amesiwo srɔ̃ Mawu ƒe Nya hede ŋugble le eŋu eye wonɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. (Psalmo 1:1-3; Yesaya 44:2-4; Yeremya 17:7, 8) Ŋutsu siwo dometɔ aɖewoe nye Ezra, Xagai, Zaxarya, kple Nunɔlagã Yosua zu “ati gãwo”—amesiwo nɔ megbe na nyateƒea sesĩe eye wokpɔ dukɔa ta tso gbɔgbɔmeɖiƒoƒo me.
13 Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi heyina la, Mawu do “dzɔdzɔenyenye ƒe ati gã” siawo tɔgbe—Kristotɔ amesiamina siwo ƒo dzi le—ɖe eƒe dukɔ yeye si nye “Mawu ƒe Israel” la ƒe gbɔgbɔmenyigba dzi. (Galatiatɔwo 6:16) Le ƒe alafa geɖe megbe la, “ati” siawo ƒe xexlẽme va nye 144,000, eye wotsea dzɔdzɔenyenyeku siwo ɖoa atsyɔ̃, alo hea kafukafu vɛ, na Yehowa Mawu. (Nyaɖeɖefia 14:3) “Ati” gã siawo ƒe susɔeawo tsi nyuie esime ƒeawo va nɔ yiyim tso ƒe 1919 me, esime Yehowa gbɔ agbe Mawu ƒe Israel ƒe ame susɔeawo tso woƒe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔmea me. Esi Yehowa dea gbɔgbɔmetsi geɖe wo ta la, esusɔ vie ko woazu dzɔdzɔenyenyeti tsekuwo ƒe ave.—Yesaya 27:6.
14, 15. Dɔ kawo gɔmee Yehowa subɔla siwo wona ablɔɖee la dze tso (a) ƒe 537 D.M.Ŋ. me? (b) ƒe 33 M.Ŋ. me? (d) ƒe 1919 me?
14 Yesaya yi edzi te gbe ɖe dɔ si “ati” siawo wɔna dzi be: “Woatso blemaƒedowo, woafɔ gbaɖegbe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woagbugbɔ du gbagbãwo kple tsãtɔwo ƒe glikpowo atso.” (Yesaya 61:4) Yudatɔ nuteƒewɔla siwo trɔ gbɔ tso Babilon gbugbɔ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ si zu glikpo gbaɖegbe ke la tso le Persia-fia Kores ƒe sededea nu. Wowɔ gbugbɔɖoanyidɔwo le ƒe siwo kplɔ ƒe 33 M.Ŋ. kple ƒe 1919 ɖo hã me.
15 Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo lé blanui vevie le eléle, ʋɔnu si wodrɔ̃e, kple eƒe ku ta. (Mateo 26:31) Gake woƒe nɔnɔme trɔ esi wòɖe eɖokui fia wo le eƒe tsitretsitsi vɔ megbe. Eye esi wonya kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe wo dzi ko la, wobiã ŋku ɖe dɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu, “le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Woto esia me dze tadedeagu dzadzɛ gbugbɔɖoanyi gɔme. Tso ƒe 1919 me yina la, Yesu Kristo na nɔvia amesiaminawo ƒe ame susɔeawo gbugbɔ “tsãtɔwo ƒe glikpowo” tso le mɔ ma tɔgbe ke nu. Ƒe alafa geɖe enye sia si Kristodukɔa ƒe osɔfowo do kpo sidzedze Yehowa fiafia amewo, wofiaa amegbetɔ ƒe kɔnyinyi kple nufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o. Kristotɔ amesiaminawo ɖe nuwɔna siwo me alakpasubɔsubɔ dze le ɖa le woƒe hameawo me ale be tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi nate ŋu atsɔ afɔ. Eye wodze nusi ava zu ɖaseɖiɖidɔ gãtɔ kekeake si wowɔ le xexeame kpɔ la gɔme.—Marko 13:10.
16. Amekawoe kpena ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu le woƒe gbugbɔɖoanyidɔa wɔwɔ me, eye dɔ kawoe wode asi na wo?
16 Dɔ nyadri aɖee wònye. Aleke Mawu ƒe Israel la me tɔ susɔea siwo mesɔ gbɔ o la ate ŋu awɔ dɔ siae? Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Yesaya wògblɔ be: “Du bubu me tɔwo atsi tre ɖi anyi miaƒe lãhawo, eye amedzro viwo anye miaƒe agbledelawo kple miaƒe weingbledelawo.” (Yesaya 61:5) Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” lae va nye kpɔɖeŋu ƒe amedzro kple du bubu me tɔ siawo.a (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:11, 16) Wometsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe siaa ami na wo be woaxɔ domenyinyi le dziƒo o. Ke boŋ woƒe mɔkpɔkpɔe nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ke hã wolɔ̃ Yehowa eye wotsɔ gbɔgbɔ me lẽkpɔkplɔ, agbledede, kple weingbledede dɔwo de wo si. Menye dɔ tsɛwoe wɔna siawo nye o. Dɔwɔla siawo naa kpekpeɖeŋu le amewo kpɔkplɔ, wo nyinyi, kple wo nuƒoƒoƒudɔa me le Mawu ƒe Israel la me tɔ susɔeawo ƒe mɔfiafia te.—Luka 10:2; Dɔwɔwɔwo 20:28; Petro I, 5:2; Nyaɖeɖefia 14:15, 16.
17. (a) Ŋkɔ kae woatsɔ na amesiwo nye Mawu ƒe Israel la? (b) Vɔsa ka koe nye esi hiã hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke?
17 Ke Mawu ƒe Israel ya ɖe? Yehowa to Yesaya dzi gblɔ na wo be: “Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be “Yehowa ƒe nunɔlawo,” eye woayɔ mi be “mía Mawu ƒe subɔlawo”; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.” (Yesaya 61:6) Le blema Israel la, Yehowa wɔ ɖoɖo be Lewi-toa me nunɔlawo nasa vɔ ɖe nunɔlawo ŋutɔ kple wo hati Israel-viwo ta. Gake le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yehowa dzudzɔ Lewi-toa me nunɔlawo zazã hewɔ ɖoɖo yeye aɖe si nyo wu. Exɔ Yesu ƒe agbe deblibo wònye vɔsa ɖe ameƒomea ƒe nuvɔ̃ ta. Vɔsa bubu aɖeke megahiã tso ɣemaɣi o. Yesu ƒe vɔsa la sɔ ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.—Yohanes 14:6; Kolosetɔwo 2:13, 14; Hebritɔwo 9:11-14, 24.
18. Nunɔla kawoe Mawu ƒe Israel la nye, eye nukae nye woƒe dɔ?
18 Ekema mɔ ka nue Mawu ƒe Israel la me tɔwo nye “Yehowa ƒe nunɔlawo” le? Apostolo Petro gblɔ ɖe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe ehati Kristotɔ amesiaminawo me be: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.” (Petro I, 2:9) Eyata Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa nye nunɔla siwo si wode dɔ tɔxɛ aɖee: eyae nye be woagblɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afia dukɔwo. Woanye eƒe ɖasefowo. (Yesaya 43:10-12) Kristotɔ amesiaminawo wɔ dɔ vevi sia nuteƒewɔwɔtɔe le ŋkeke mamlɛawo katã me. Esia na ame miliɔn geɖe va wɔ ɖeka kpli wo le ɖaseɖiɖi tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu me.
19. Dɔ kae mɔnukpɔkpɔ asu Kristotɔ amesiaminawo si be woawɔ?
19 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ le Mawu ƒe Israel la me tɔwo si be woazu nunɔlawo le mɔ bubu aɖe nu. Ne woku la, wofɔa wo ɖe tsitre yia makumakugbenɔnɔ me le gbɔgbɔ me le dziƒo. Menye dziɖulawo koe wova zuna kple Yesu le eƒe Fiaɖuƒea me o ke wozua Mawu ƒe nunɔlawo hã. (Nyaɖeɖefia 5:10; 20:6) Esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa ƒe viɖewo ŋudɔ na ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo le anyigba dzi. Wogayɔ wo be ‘atiwo’ le apostolo Yohanes ƒe ŋutega si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ta 22 me la me. Wokpɔ ‘ati’ 144,000 la katã le dziƒo, eye wotsea ‘ku wuieve, eye wotsena ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.’ (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Nunɔladɔ wɔnuku kae nye si wònye!
Ŋukpe Kple Vlododo, Emegbe Dzidzɔkpɔkpɔ
20. Togbɔ be wotsi tre ɖe fia nunɔlaawo ŋu hã la, yayra kae le wo lalam?
20 Tso esime Yehowa ƒe amenuveƒea dze egɔme tso ƒe 1914 me la, tsitretsitsi ɖe fia nunɔlaawo ŋu dzi koe Kristodukɔa ƒe osɔfowo le. (Nyaɖeɖefia 12:17) Gake mlɔeba la, agbagba siwo katã wodze be woatɔ te gbeƒãɖeɖe nyanyuia la medzea edzi o. Wogblɔ esia ɖi le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me be: “Le woƒe ŋukpe eve ƒokpli kple woƒe vlododo, si nye woƒe gome ta la woaxɔ teƒeɖoɖo eve nu le woƒe anyigba dzi, eye woakpɔ dzidzɔ tegbee.”—Yesaya 61:7.
21. Aleke wòdzɔe be Kristotɔ amesiaminawo va xɔ yayra eve ƒokpli?
21 Le Xexemeʋa I wɔɣi la, amesiamina susɔeawo do go ŋukpe kple vlodoame le Kristodukɔ dukɔmevinyahelawo si me. Osɔfowo nɔ amesiwo tsɔ aʋatsonutsotsowo ɖe nɔvi nuteƒewɔla enyi siwo nɔ Brooklyn dɔwɔƒegã la ŋu be wonye aglãdzelawo la dome. Wode nɔvi siawo gaxɔ me madzemadzee ɣleti asieke. Mlɔeba le ƒe 1919 ƒe adame la, woɖe wo le gaxɔ me eye emegbe wote fli ɖe nya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu me. Eyata tame si woɖo be woatɔ te gbeƒãɖeɖedɔa la medze edzi o. Le esi teƒe be Yehowa naɖe mɔ ŋukpe mavɔ nalé esubɔlawo la, ena ablɔɖe wo boŋ eye wògaɖo wo te le woƒe gbɔgbɔmenɔƒe, si nye “woƒe anyigba dzi.” Woxɔ yayra eve ƒokpli le afima. Yehowa ƒe yayra siwo woxɔ la sɔ gbɔ wu fu siwo katã wokpe. Enye nusita woatso aseye ɖo nyateƒe!
22, 23. Aleke Kristotɔ amesiaminawo srɔ̃ Yehowae, eye aleke wòɖo eteƒe na woe?
22 Nya si Yehowa gagblɔ ganye nu bubu si ta Kristotɔ siwo li egbea nakpɔ dzidzɔ ɖo: “Elabena nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa fu nuhaha vɔ̃ɖi; matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ, eye mabla nu mavɔ kpli wo.” (Yesaya 61:8) Amesiamina susɔeawo to Biblia sɔsrɔ̃ me va nya alesi woalɔ̃ dzɔdzɔenyenye ahalé fu nuvɔ̃ɖiwɔwɔe. (Lododowo 6:12-19; 11:20) Wosrɔ̃ alesi woatsɔ “woƒe yiwo atu kodziwoe,” esi womedea akpa aɖeke dzi le ameƒomea ƒe aʋawɔwɔwo kple dunyahehe me zitɔtɔwo me o. (Yesaya 2:4) Woɖe asi le nuwɔna siwo medea bubu Mawu ŋu o, siwo ƒe ɖewoe nye ameŋugbegblẽ, ahasiwɔwɔ, fififi, kple ahamumu la hã ŋu.—Galatiatɔwo 5:19-21.
23 Esi Kristotɔ amesiaminawo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye abe woƒe Wɔla la ke ene ta la, Yehowa tu “woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ.” ‘Fetu’ sia ƒe ɖee nye nubabla mavɔ—nubabla yeyea—si ƒe nya Yesu gblɔ na eyomedzelawo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me. Nubabla sia dzie wòto be wova zu gbɔgbɔmedukɔ, si nye Mawu ƒe ame tɔxɛwo. (Yeremya 31:31-34; Luka 22:20) Ðoɖo sia mee Yehowa awɔ Yesu ƒe tafevɔsaa ƒe viɖewo katã ŋudɔ le, si ƒe ɖee nye nuvɔ̃ tsɔtsɔ ke amesiaminawo kple ameƒomea me tɔ nuteƒewɔla bubuawo katã.
Aseyetsotso le Yehowa ƒe Yayrawo Me
24. Amekawoe nye ‘dzidzimevi’ siwo tso dukɔwo me siwo va be woayra yewo, eye aleke wowɔ va zu “dzidzimeviwo”?
24 Dukɔwo me tɔ aɖewo kpɔ alesi Yehowa le eƒe amewo yramee. Wogblɔ esia ɖi le ŋugbe si Yehowa do me be: “Woanya wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le anyigba dzi dukɔwo dome. Amesiwo katã kpɔ wo la, adze si wo be, ƒome, si Yehowa yra la wonye.” (Yesaya 61:9) Mawu ƒe Israel la me tɔwo, Kristotɔ amesiaminawo le dɔ dzi le dukɔwo dome le Yehowa ƒe amenuveƒea me. Egbea amesiwo xɔ woƒe subɔsubɔdɔa ƒe xexlẽme ɖo miliɔn geɖe. Alesi amesiwo tso dukɔwo me wɔa dɔ kple Mawu ƒe Israel la kplikplikpli na mɔnukpɔkpɔ su wo si be woava zu ‘dzidzimevi siwo Yehowa yra.’ Ameƒomea katã dea dzesi dzidzɔ si kpɔm wole la.
25, 26. Aleke Kristotɔwo katã wɔ ɖeka kple nya si wogblɔ le Yesaya 61:10?
25 Kristotɔwo katã, amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa, le mɔ kpɔm be yewoakafu Yehowa ayi ɖe mavɔmavɔ me. Wowɔ ɖeka kple nyagblɔɖila Yesaya tso dzi blibo me, esi gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.”—Yesaya 61:10.
26 Kristotɔ amesiaminawo do “dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya” eye woɖoe kplikpaa be yewoanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe le Yehowa ŋkume. (Korintotɔwo II, 11:1, 2) Esi Yehowa bu wo ame dzɔdzɔewoe bene woanyi dziƒogbenɔnɔ dome ta la, womagatrɔ ayi Babilon Gã la ƒe nɔƒe si zu aƒedo, afisi woɖe wo tsoe la akpɔ gbeɖe o. (Romatɔwo 5:9; 8:30) Xɔnamevɔ la xɔ asi na wo ale gbegbe. Woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo hã ɖoe kplikpaa nenema ke be yewoanɔ agbe ɖe Yehowa Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe dzidzenu kɔkɔawo nu. Esi “wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me” ta la, wobu wo ame dzɔdzɔewoe eye woatsi agbe le “xaxa gã” la me. (Nyaɖeɖefia 7:14; Yakobo 2:23, 25) Eye vaseɖe esime ɣemaɣi naɖo la, wosrɔ̃a woƒe zɔhɛ amesiaminawo le Babilon Gã la ƒe ɖiƒoamenu ɖesiaɖe tsitsri me.
27. (a) Nu vevi kae ‘amie’ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me? (b) Aleke dzɔdzɔenyenye le miemiem xoxo le ameƒomea mee?
27 Egbea Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ be yewole gbɔgbɔmeparadiso me. Eteƒe madidi o woava nɔ Paradiso ŋutɔŋutɔ me. Míetsɔ míaƒe dzi katã le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma, esi ŋu woƒo nu tsoe nyuie le Yesaya ta 61 ƒe nya mamlɛwo me be: “Elabena alesi anyigba nana nuwo miena, eye abɔ nana nukuwo dzenae la, nenema Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku mee.” (Yesaya 61:11) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ‘dzɔdzɔenyenye amie’ ɖe anyigba dzi. Amegbetɔwo ado aʋadziɖuɣli, eye dzɔdzɔenyenye akeke ta aɖo anyigba ƒe seƒe ke. (Yesaya 26:9) Gake mele be míalala be ŋutikɔkɔe ŋkeke ma nava hafi míagblɔ kafukafunyawo le dukɔwo katã ŋkume o. Dzɔdzɔenyenye le miemiem xoxo ɖe ame miliɔn geɖe siwo kafua dziƒo Mawu la heɖea gbeƒã eƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia la dome. Fifia gɔ̃ hã la, míaƒe xɔse kple míaƒe mɔkpɔkpɔ nye nusiwo ta wòle be míatso aseye ɖo le mía Mawu ƒe yayrawo ta.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ate ŋu anye be Yesaya 61:5 va eme le blema, elabena amesiwo menye Yudatɔwo o nɔ dzɔdzɔme Yudatɔwo dome esime wogbɔ va Yerusalem eye anɔ eme be wokpe asi ɖe anyigba la gbugbɔdzraɖo ŋu. (Ezra 2:43-58) Gake tso kpukpui 6 lia dzi la, edze abe Mawu ƒe Israel la ɖeɖeko ŋue nyagblɔɖia ku ɖo ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 323]
Nyanyui le Yesaya si wòagblɔ na Yudatɔ aboyomewo
[Nɔnɔmetata si le axa 331]
Tso ƒe 33 M.Ŋ. me dzi heyina la, Yehowa do ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ati gã’ 144,000
[Nɔnɔmetata si le axa 334]
Dzɔdzɔenyenye amie ɖe anyigba la dzi