INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mina Míadzra Mía Dome Ðo”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 9, 10. Aleke gbegbee dzadzɛnɔnɔ le vevie le míaƒe tadedeagu na Yehowa me?

      9 Yehowa, Mawu nublanuikpɔla la, ƒo nu azɔ le vividoɖeameŋu me wòwɔ dɔ ɖe ame dzi. “Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ! Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, [miɖɔ ameteɖeanyila la ɖo, “NW”], midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!” (Yesaya 1:16, 17) Míekpɔ nu asieke siwo nye sedede, alo nusiwo wòle be woawɔ kokoko, siwo woyɔ kplɔ wo nɔewo ɖo le afisia. Ene gbãtɔawo gblɔ nusiwo mele be woawɔ o le gɔmesese sia nu be woku ɖe nuvɔ̃ ɖeɖeɖa ŋu; atɔ̃ mamlɛawo nye nu nyui siwo wòle be woawɔ bene woaxɔ Yehowa ƒe yayra.

      10 Tsilele kple ame ɖokui ŋu kɔkɔ nyea tadedeagu dzadzɛ ƒe akpa vevi aɖe ɣesiaɣi. (Mose II, 19:10, 11; 30:20; Korintotɔwo II, 7:1) Gake Yehowa di be ye subɔlawo ɖokui ŋu kɔkɔa nade to aɖo keke woƒe dzi gbɔ ke. Eƒe akpa vevitɔe nye alesi woanɔ kɔkɔe le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me, eye esiae Yehowa wɔnɛ. Sedede eve gbãtɔ siwo le kpukpui 16 lia me la menye nya ɖeka gbugbɔgblɔ ko o. Hebri-gbeŋutisenyala aɖe gblɔ be nya gbãtɔ si nye “mile tsi” la nye nu gbãtɔ si woawɔ le ame ɖokui ŋu kɔkɔa me, eye evelia si nye “miklɔ mia ɖokui ŋu” fia alesi woayi edzi adze agbagba be woakpɔtɔ anɔ dzadzɛ.

      11. Nukae wòle be míawɔ be míaɖe nuvɔ̃ ɖa, eye nukae mele be míawɔ gbeɖe o?

      11 Míate ŋu aɣla naneke ɖe Yehowa o. (Hiob 34:22; Lododowo 15:3; Hebritɔwo 4:13) Eyata nu ɖeka koe se si wòde be, “Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me” la ate ŋu afia—eyae nye be woadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Ema mefia be míadze agbagba be míaɣla nuvɔ̃ gãwo o, elabena ema wɔwɔ nye nuvɔ̃ le eɖokui si. Lododowo 28:13 xlɔ̃ nu mí be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.”

  • “Mina Míadzra Mía Dome Ðo”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 14. Nya tuameɖo kae wogblɔ le Yesaya 1:16, 17?

      14 Nya sẽŋu tuameɖo kawoe nye si Yehowa gblɔ le sedede asieke siawo me! Ɣeaɖewoɣi amesiwo wɔ nuvɔ̃ buna be maganya wɔ be yewoawɔ nu nyui o. Susu siawo ɖea dzi le ame ƒo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, womesɔ o. Yehowa nya—eye wòdi be míanya—be to Yeƒe kpekpeɖeŋu me la, nuvɔ̃wɔla ɖesiaɖe ate ŋu adzudzɔ eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, atrɔ eƒe nɔnɔme, ahawɔ nu nyui boŋ.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe