-
Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’Te Ðe Yehowa Ŋu
-
-
‘Miaƒe nu vɔ̃wo afu abe sno ene’
10. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, nu ka ta mele be míabui be nu vɔ̃ mawo gakpɔtɔ ɖe ɖe mía ŋu le míaƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me o?
10 Ète kpɔ be yeaɖe ɖi aɖe si ɖe ɖe awu ɣi me kpɔa? Ðewohĩ togbɔ be nèwɔ ɖe sia ɖe si nàte ŋui hã, nu si ɖe ɖe eme la gbe ɖeɖe. De dzesi nya si Yehowa gblɔ le ŋutete si le esi be wòatsɔ ake ŋu le afi sia: “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene; ne wobiã abe nyagadzĩ ene hã la, woazu abe alẽfu ene.” (Yesaya 1:18) Nya si gɔme woɖe le afi sia be “biã helĩhelĩ” la fia nu si ƒe amadede biã hẽe.a Eye nya si gɔme woɖe be “nyagadzĩ” hã fia amadede si biã dzĩe ale gbegbe, si wotsɔ dea ama awuwoe. (Nahum 2:3) Míate ŋu ato mía ŋutɔwo míaƒe agbagbadzedzewo me aɖe nu vɔ̃ si ɖe ɖe mía ŋu la ɖa akpɔ gbeɖe o. Gake Yehowa ate ŋu ana nu vɔ̃ siwo biã hẽ abe nyagadzĩ ene la nafu tititi abe sno alo ɖetifu si womede amae o ene. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, mele be míabui be nu vɔ̃ mawo gakpɔtɔ ɖe ɖe mía ŋu le míaƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me o.
-
-
Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’Te Ðe Yehowa Ŋu
-
-
a Agbalẽnyala aɖe gblɔ be amadede si biã abe nyagadzĩ ene “nye amadede si ɖena ɖe nu me, alo tsia eme tegbee. Eɖanye zãmu, tsidzadza, alo nunyanya o, ɖeke mate ŋu aɖee ɖa o.”
-