INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mawu Enye Lɔlɔ̃”
    Gbetakpɔxɔ—2003 | July 1
    • 16. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí la, nukatae míaɖe dzi ɖi be ebua mí be mía ŋuti kɔ emegbe?

      16 Ète kpɔ be yeaɖe ɖi aɖe si ɖe ɖe awu ɣi me ɖa kpɔa? Ðewohĩ togbɔ be nèwɔ ɖesiaɖe si nàte ŋui hã, nusi ɖe ɖe eme la gbe ɖeɖe. De dzesi nya si Yehowa gblɔ le ŋutete si le esi be wòatsɔ ake ŋu le afisia: ‘Ne miaƒe nuvɔ̃wo biã abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wobiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.’ (Yesaya 1:18) Nya si gɔme woɖe le afisia be “nyagadzĩ” la fia nusi ƒe amadede biã hɛ.a “Aɖabɛ” hã nye amadede si biã dzẽ ale gbegbe si wotsɔ dea ama awuwoe. Míate ŋu ato mía ŋutɔwo míaƒe agbagbadzedzewo me aɖe nuvɔ̃ si ɖe ɖe mía ŋu la ɖa akpɔ gbeɖe o. Gake Yehowa ate ŋu ana nuvɔ̃ siwo biã hɛ abe nyagadzĩ kple aɖabɛ ene la nafu tititi abe sno alo ɖetifu si womede amae o ene. Eyata ne Yehowa tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí la, mele be míabui be nuvɔ̃ mawo gakpɔtɔ le mía ŋu le míaƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me o.

  • “Mawu Enye Lɔlɔ̃”
    Gbetakpɔxɔ—2003 | July 1
    • a Agbalẽnyala aɖe gblɔ be nyagadzĩ “meklona o, alo mekpãna o. Zãmu alo tsidzadza, alo enyanyã, alo eŋudɔwɔwɔ ɣeyiɣi didi, mate ŋu ana wòaklo gbeɖe o.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe