Biblia me Nyateƒea Gbɔgblɔ le Portugal
LÃÐEƲU dzeani akpe geɖe kaka ɖe Portugal ƒe Atlantik-ƒuta si didi kilometa 800 tso Caminha le dzigbe yi Vila Real de Santo Antônio le anyigbe. Lãɖelawo ‘nɔ ʋuwo me zɔ atsiaƒu dzi’ ƒe alafa geɖe, si wɔe be tɔmelã va zu Portugaltɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖe.—Psalmo 107:23.
Le ƒe 70 siwo va yi me la, lãɖeɖe ƒomevi bubu nɔ edzi yim le Portugal. Yehowa Ðasefowo ƒe ŋku biã ɖe nyanyuia tsɔtsɔ yi na kpɔɖeŋu ƒe tɔmelã akpe geɖe ŋu. (Mateo 4:19) Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 44,650 ye wokpɔ le May 1995 me—si nye ame 1 na dukɔmevi 210 ɖesiaɖe. Le dugã aɖewo me la, enye dukɔmeviwo ƒe agbɔsɔsɔ ma ƒe afã.
Esi dɔwɔlawo sɔ gbɔ ta la, wokpea anyigbamamã si me woɖia ɖase le le teƒe geɖe ɖo le abe kwasiɖa ɖesiaɖe me ene. Eyata Portugal Ðasefoawo le ŋudzɔ vevie ɖe mɔnu vovovowo zazã ŋu ale be woate ŋu agblɔ woƒe Biblia me mɔkpɔkpɔa na ame bubuwo. Ẽ, wokpɔ alesi wòle vevie be woana woanya Biblia me nyateƒea to mɔ ɖesiaɖe si asɔ dzi la dze sii.—Korintotɔwo I, 9:20-23.
Kpekpe Ðe Amesiwo Tsɔa Ðe le Mawusubɔsubɔ me Ŋu
Amexexlẽ si wowɔ le Portugal le ƒe 1991 me ɖee fia be amesiwo xɔ tso ƒe 18 yina la dometɔ 70 le alafa me gblɔ be Roma Katolikotɔwoe yewo nye. Togbɔ be ele alea hã la, ameawo ƒe Biblia me sidzedze le sue ŋutɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Jornal de Notícias de dzesii be: “Esiae nye Katoliko xexea ƒe afɔku gãtɔ ɖeka: Biblia manyamanya!” Nukatae wòle alea? Portugal nyadzɔdzɔgbalẽ Expresso fia asi ŋuɖoɖoa. Esi agbalẽa nɔ nu ƒom tso nunɔla 500 siwo wɔ kpekpe le Fátima ŋuti la, egblɔ be: “Le ŋgɔnɔlawo ƒe nya nu la, ehiã be nunɔla naɖe eɖokui ɖa tso nuwɔna gbogbo aɖewo me ale be wòate ŋu agbugbɔ aɖɔ eƒe dɔa ɖo bliboe abe ‘gbeƒãɖela’ ene. . . . Ne nunɔla tsɔ eƒe luʋɔ blibo de Nyanyuigbeƒãɖeɖe me la, makpɔ vovo ɖe nuwɔna bubu aɖeke ŋu o.”
Gake Yehowa Ðasefo siwo le Portugal ya to vovo kura eye woƒe ŋku biã ɖe Biblia me nyateƒea fiafia ŋu to mɔ ɖesiaɖe si anya wɔ dzi. Le esia ta Biblia me sidzedze le Katolikotɔ anukwaretɔ geɖe si sum.
Katolikotɔ veviedonulae Carlota nye eye wòganye sɔhɛwo ƒe habɔbɔ me nɔla le subɔsubɔ ƒe ɖekawɔha aɖe me. Enye nufiala le abɔdzokposuku si me Antônio si nye Ðasefo hã nɔ dɔ wɔm le. Esi Antônio nye gbesiagbe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela ta la, edzea agbagba ɣesiaɣi be yeaƒo nu tso Biblia me nyateƒea ŋu na eƒe dɔwɔhatiwo le ŋdɔnuɖuɣi. Gbeɖeka Carlota bia nyae tso dzomavɔ ƒe dzixɔse kple Maria subɔsubɔ ŋu. Antônio ɖe nusi Biblia fia tso nya siawo ŋu me nɛ, eye emae nye Biblia me numedzodzro geɖe ƒe gɔmedzedze. Esi Carlota de eƒe kpekpe gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpata si le wo gbɔ me la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Gake ɣeyiɣi si wodea kpekpeawo wɔ ɖeka kple subɔsubɔha si me wòle la tɔ. Ekpɔe be ele be yeawɔ tiatia. Nukae wòawɔ?
Carlota ƒo sɔhɛwo ƒe habɔbɔa katã nu ƒu eye wòɖe nusita wòle dodom le eme la me na wo tso Biblia me. Wo katã wohe nya ɖe tiatia si wòwɔ ŋu, negbe ɖetugbi si nye Stela, amesi nɔ to ɖom vevie ko. Emegbe esi Carlota ƒo nu kple Stela la, ebia nya geɖe tso afisi agbe dzɔ tso kple tameɖoɖo si le eŋu la ŋuti. Carlota tsɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?a nɛ eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.
Le ɣeyiɣi ma me Carlota wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me nyuie, xɔ nyɔnyrɔ̃ le June 1991 me, eye wòdze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le ɣleti ade megbe. Le May 1992 me la, eya kple Antônio woɖe wo nɔewo, eye wo ame evea woyi mɔɖeɖedɔa dzi le nutoa me hame aɖe si me hiahiã le me. Ke Stela ya ɖe? Exɔ nyɔnyrɔ̃ le May 1993 me eye fiafia enye gbesiagbe mɔɖela.
Ðekakpui Francisco doa vevie mawusubɔsubɔ ŋutɔ. Edea Misa Kwasiɖagbe ŋdi ɖesiaɖe eye wòxlẽa Rosario le ŋdɔ me. Eyae nye subɔsubɔnu kɔkɔewo dzi kpɔla, eye wòkpena ɖe nunɔla ŋu le Misa wɔɣi. Edo gbe ɖa na Mawu gɔ̃ hã be yeava zu “ame kɔkɔe” gbaɖegbe!
Francisco di vevie be Biblia nanɔ ye si, eye exɔlɔ̃ aɖe ɣe ɖe nɛ gbeɖeka. Ewɔ nuku nɛ esi wòkpɔ be ŋkɔ le Mawu si, si nye Yehowa. (Mose II, 6:3; Psalmo 83:19) Esi wòxlẽe le Mose II, 20:4, 5 be Mawu tsri legbawo zazã le subɔsubɔ me la, egawɔ nuku nɛ kura wu! Esi wòkpɔe be gbedoxɔa me yɔ fũ kple legbawo ta la, edo gbe ɖa na Mawu vevie be wòakpe ɖe ye ŋu yease nuwɔna tɔtɔame siawo katã gɔme. Ŋkeke geɖe megbe la, edo go ame aɖe si nye eƒe sukuhati tsã eye wòbiae nusita wòdzudzɔ fiẽ me sukunusrɔ̃ƒe dede.
Exɔlɔ̃a ɖo eŋu be: “Mele fiẽ me suku si nyo wu dem fifia.”
Francisco bia be: “Suku kae nye ma, eye nuka srɔ̃m nèle?” Menɔ mɔ kpɔm na nyaŋuɖoɖo si xɔlɔ̃a nɛ kura o.
Exɔlɔ̃a gblɔ nɛ be: “Mele Biblia srɔ̃m le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Àdi be yeayi kplima?”
Francisco mekpɔ mɔ na nusi teƒe wòkpɔ le eƒe kpekpe gbãtɔa dede me kura o—dzidzɔkpɔkpɔ, nukomoɖoɖo; amewo nɔ dze ɖom kple wo nɔewo le vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ me; ɖeviwo bɔbɔ nɔ wo dzilawo gbɔ eye wonɔ to ɖom nya si gblɔm wole.
Francisco gblɔ be: “Nye, si nye amedzro blibo, enye ma nɔ esem le ɖokuinye me be menye ƒomea ƒe akpa aɖe!” Eyi edzi de kpekpeawo edziedzi tso ɣemaɣi. Fifia Francisco nye hamemegã le hamea me, eye hekpe ɖe srɔ̃a kple wo vi eve ŋu la, ele dzidzɔ kpɔm ɖe Fiaɖuƒe ŋuti ŋugbedodo wɔnuku siwo le Mawu ƒe Nya la me ŋu.
Nyateƒea Gbɔgblɔ na Ƒometɔwo
Manuela si nye gbesiagbe mɔɖela le Lisbon-nutoa me ɖe gbɔgbɔ me tɔmelã geɖe le eƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖe na amesiame dɔmenyotɔe, kple na eƒe ƒometɔwo hã me ta. Amesiawo dometɔ ɖekae nye nɔviaŋutsu José Eduardo, si xɔ hehe le avuwɔwɔ kple lãnuwo zazã me. Eda se dzi zi geɖe ale gbegbe be wokplɔe yi ʋɔnui mlɔeba hetsɔ nya vovovo 22 ɖe eŋu eye wobu fɔe dee gaxɔ me ƒe 20. Ewɔa nu vlo ale gbegbe be ehati gaxɔmenɔla bubuwo gɔ̃ hã vɔ̃na nɛ, eyata wodee ameɖekɛgaxɔ si ŋu dzɔm wole vevie la me.
Manuela srãa José Eduardo kpɔna dzigbɔɖitɔe ƒe adre sɔŋ, gake egbea eƒe Biblia me gbedasia ɣesiaɣi. Mlɔeba, esi wota agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? la, exɔe eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Ewɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le eƒe nuwɔna me enumake. Le kwasiɖa ɖeka megbe la, eya ŋutɔ ɖi ɖase na gaxɔmenɔla 200, eye na ame 600 bubuwo le kwasiɖa si gakplɔe ɖo me. Woɖe mɔ nɛ be wòava srã gaxɔmenɔla siwo le gaxɔ bubuwo me kpɔ gɔ̃ hã. Le tɔtrɔ ɖedzesi siwo wòwɔ le eƒe nuwɔna me ta la, woɖiɖi gaxɔmenɔnɔa va ƒe 15. Esi wònɔ afima ƒe 10 la, woɖe asi le eŋu be wòadzo gake woanɔ ŋku lém ɖe eŋu. Ƒe atɔ̃ enye si va yi tso ɣemaɣi, eye fifia José Eduardo nye Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃, wònye subɔsubɔdɔwɔla le hame si me wòle me. Esia nye alesi “amegãxi anɔ alẽvi gbɔ” vavã!—Yesaya 11:6.
Esi Manuela do vevie ɖaseɖiɖi na eƒe ƒomea ta la, enye dzidzɔ nɛ be wòte ŋu kpe ɖe srɔ̃aŋutsu kple eƒe ƒomea me tɔ ene bubu ŋu be wova sẽ ŋu le Yehowa subɔsubɔ me. Srɔ̃aŋutsu nye subɔsubɔdɔwɔla fifia.
“Manyã Wo Ðe Nu Ado Go Afɔtsɔtsɔe”
Lisbon ƒe golɔgoe aɖe mee Maria do Carmo nɔ esi Ðasefowo va egbɔ. Nya si wòse do dzidzɔ nɛ eye wòbia srɔ̃a Antônio nenye be aɖe mɔ woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye le aƒeme. Eɖo eŋu be: “Ne èkatsɛ! Ne mekpɔ Yehowa Ðasefowo le míaƒe aƒeme la, manyã wo ɖe nu ado go afɔtsɔtsɔe.” Edzɔ hã be Antônio nye avuwɔwɔfiala eye enye amesi xɔ ɖoƒe kɔkɔ etɔ̃lia le eme. Eyata Maria do Carmo ɖoe be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃a le teƒe bubu.
Emegbe eva hiã be Antônio nazɔ mɔ ava xɔ hehe ŋkeke enyi le avuwɔwɔ me le England, eye Maria do Carmo tsɔ agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo de eƒe mɔzɔkplo me dzaa.b Esi ɣeyiɣi geɖe nɔ Antônio si le mɔzɔzɔa me ta la, exlẽ agbalẽa. Esi wòtrɔ gbɔna aƒe la, ahomya sesẽ aɖe ʋuʋu yameʋua vevie, eye esesẽ ŋutɔ hafi wòte ŋu dze ɖe anyigba. Emae nye zi gbãtɔ si Antônio do gbe ɖa na Yehowa le eƒe agbe me.
Esime Antônio ɖo aƒeme la, Ðasefo si nɔ nu srɔ̃m kple srɔ̃a kpee be wòava kpekpea. Elɔ̃ ɖe edzi eye wòkpɔe be amesiame doa vivi ɖe ame ŋu. Wowɔ ɖoɖo ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋu eye le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, Antônio kpɔe be ele be yeawɔ nyametsotso aɖewo. Emetsonue nye be edzudzɔ avuwɔwɔ eye wòdze egɔme nɔ alesi eƒe nusrɔ̃viwo anɔ agbe le ŋutifafa me fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me la fiam wo. Wo dometɔ ɖeka, si hã xɔ ɖoƒe kɔkɔ la, va zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ̃ fifia.
Antônio ya xɔ nyɔnyrɔ̃ le April 1991 me. Edze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme le gbesigbe wòxɔ nyɔnyrɔ̃ ƒe ŋufɔke. Ezu gbesiagbe mɔɖela le ɣleti ade megbe, eye eteƒe medidi o enɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 12 wɔm. Woɖoe subɔsubɔdɔwɔla le hamea me le July 1993 me.
Le Anyigbamamã si me Wowɔa Dɔ le Edziedzi
Le dukɔa ƒe akpa geɖe la, wokpea anyigbamamã la ɖo le abe kwasiɖa ɖesiaɖe ene me. Aleke Ðasefoawo te ŋu wɔa woƒe “lãɖeɖedɔa” dzidzedzetɔe?
João dzea agbagba be yeaɖo amesiame gbɔ le aƒe ɖesiaɖe me. Esi wòyi nyɔnu aɖe gbɔ la, ebia nenye be ame bubuwo le aƒea me. Nyɔnua ɖo eŋu be ye srɔ̃ kple ye viŋutsu eve li, gake mate ŋu ado go wo bɔbɔe o elabena wodea dɔ me eye zã dona hafi wogbɔna. Le esia ta João zɔ yi ŋgɔ eye wòyi ame bubu siwo le nutoa me gbɔ. Anye gaƒoƒo ɖeka kple afã megbe la, ŋutsu aɖe te tui.
Ŋutsua gblɔ na João be: “Ègblɔ be yedi be yeaƒo nu kplim. Meɖe kuku gblɔ nusi dim nèle mase.”
Esia wɔ nuku na João eye wòɖo eŋu be: “Taflatse, ewɔ abe nyemedze si wò o ene. Wòe nye ameka?”
“Nyee nye Antônio, eye mele mɔdodoa ƒe akpa kemɛ. Ègblɔ na danye be èdi be yeaƒo nu kple ƒomea me tɔ mamleawo, eyatae meva be mabia nusi dim nèle.”
João ɖi ɖase na Antônio nyuie eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Le nusɔsrɔ̃ evelia megbe la, Antônio bia nenye be yewoate ŋu asrɔ̃e zi eve le kwasiɖa ɖeka me. Le ɣleti ene ko megbe la, eva kpe ɖe João ŋu wodze gbeƒãɖeɖe nyanyuia gɔme le aƒe siwo te ɖe etɔ ŋu me. Exɔ nyɔnyrɔ̃ le ɣleti etɔ̃ si gakplɔe ɖo me. Dadaa hã dze Biblia la sɔsrɔ̃ gɔme nyitsɔ laa. Aleke gbegbe wòle vevie be míadze agbagba aƒo nu na amesiwo katã le aƒea me le subɔsubɔdɔa wɔwɔ mee nye si!
Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siawo fia be gbɔgbɔ me lãɖeɖe geɖe kpɔtɔ li woawɔ le Portugal ƒe tsiwo me. Yehowa yra Ðasefo veviedonula siwo le afima le Biblia-nusɔsrɔ̃ akpe geɖe siwo le ŋgɔ yim wɔwɔ me. Esi woyi edzi le mɔnu geɖe wu dim be woana amewo katã nanya Biblia me nyateƒea la, apostolo Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Filipi la le eme vam le Portugal egbea vavã: ‘Le mɔ sia mɔ dzi la, woɖea gbeƒã Kristo.’—Filipitɔwo 1:18.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Anyigbatata si le axa 23]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
SPANIA
PORTUGAL
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Ðasefo siwo le Portugal wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ be woafia Biblia me nyateƒea