Ta Ewolia
Fiaɖuƒe si “Matsrɔ̃ Gbeɖegbeɖe O”
1. Nyateƒenya kae xexeme nudzɔdzɔwo na wòdze kɔte le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me?
XEXEAME ƒe gbesiagbenudzɔdzɔwo naa wòdzena kɔte be amegbetɔwo meke ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu esi wogbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye si ƒo ɖesiaɖe ta eye woawo ŋutɔ dze agbagba be yewoaɖu yewo ɖokui dzi o. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mehe viɖe vɛ na ameƒomea sɔsɔe o. Togbɔ be amewo trɔ asi le woƒe dzɔdzɔmeŋutinunya me sidzedze ŋu wòde ŋgɔ ale gbegbe hã la, womete ŋu kpe dɔléle alo ku dzi o, womete ŋu ɖee ɖa na ame ɖeka pɛ hã o. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu ɖe aʋawɔwɔ, ŋutasesẽ, hlɔ̃dodo, nufitifitiwɔwɔ, alo hiãkame ɖa o. Dziɖuɖu siwo tea ame ɖe anyi gale amewo dzi ɖum kokoko le dukɔ geɖe me. (Nyagblɔla 8:9) Mɔ̃ɖaŋununya, ŋukeklẽ, kple nuwo manyamanya na be woƒo ɖi anyigba, tsi, kple ya. Dziɖuɖumegãwo ƒe ganyawo gbɔ makpɔmakpɔ nyuie na wòsesẽna na ame geɖewo be woakpɔ agbemenuhiahiã veviwo. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe akpewo na nyateƒenya sia dze kɔte, be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.
2. Nukae nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia?
2 Nukae nye egbɔkpɔnu? Mawu ƒe Fiaɖuƒeae, eye eyae Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Wogayɔ Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea le Petro II, 3:13 be “dziƒo yeye,” si aɖu “anyigba yeye,” si nye amegbetɔwo ƒe habɔbɔ dzɔdzɔe dzi. Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea le vevie ale gbegbe be eyae Yesu tsɔ wɔ nyati vevitɔe le eƒe gbeƒãɖeɖe me. (Mateo 4:17) Efia afisi wòle be míadae ɖo le míaƒe agbenɔnɔ me, esi wòxlɔ̃ nu vevie be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.”—Mateo 6:33.
3. Nukatae nusɔsrɔ̃ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu hiã kpata ale gbegbe fifia?
3 Nusɔsrɔ̃ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu hiã kpata ale gbegbe fifia, elabena esusɔ vie ko Fiaɖuƒe ma atso be wòatrɔ dziɖuɖu si aɖu anyigba sia dzi tegbee. Daniel 2:44 gblɔ ɖi be: “Le fia mawo [dziɖuɖu siwo le dzi ɖum fifia] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [ɖe dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o [amegbetɔwo magaɖu anyigba la dzi akpɔ gbeɖe o]; agbã [fifi] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Eyata Fiaɖuƒea atsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi blibo sia katã ɖa ale wòahe ŋkeke mamlɛ siawo ava nuwuwui. Ekema ame aɖeke magaʋli anyigba la dzi ɖuɖu kple dziƒo Fiaɖuƒea o. Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye si be gbɔɖeme si wòahe vɛ la tu aƒe ŋutɔ fifia!
4. Nukae dzɔ le dziƒo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu le ƒe 1914 me, eye nukatae nu ma le vevie na mí?
4 Le ƒe 1914 me la, woɖo Kristo Yesu Fiae eye wona ŋusẽe be ‘wòaɖu dzi le eƒe futɔwo titina.’ (Psalmo 110:1, 2) Le ƒe ma ke me la, fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Ɣeyiɣi ma ke mee nudzɔdzɔ siwo Daniel kpɔ le nyagblɔɖi ŋutega me dzɔ ŋutɔŋutɔ le dziƒo. Yehowa Mawu, ‘Amesi Li tso Keke Gbaɖegbe Ʋĩ Ke,’ tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu” na Amegbetɔvi Yesu Kristo, bene “dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo [nasubɔe.]” Daniel ŋlɔ tsɔ ƒo nu tso ŋutega ma ŋu be: “Eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” (Daniel 7:13, 14) Dziƒo Fiaɖuƒe sia si le Kristo Yesu si me dzie Mawu ato ana nu nyui siwo mele xexlẽ me o siwo nɔ eƒe tameɖoɖo me esime wòwɔ atsu kple asi gbãtɔ ɖe Paradiso me la nava eme na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo.
5. Fiaɖuƒea ŋuti nya vevi kawoe ka mí vevie, eye nukatae?
5 Enye wò didi be yeanye Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒea? Ne enyee la, ekema àdi be yeanya ɖoɖo si nu woɖo nuwo ɖo le dziƒo dziɖuɖu sia me kple alesi wòwɔa dɔe. Àdi be yeanya nusi wɔm wòle fifia, nusi wòava wɔ le etsɔme, kple nusi wòdi tso asiwò. Ne èva le nu srɔ̃m tsitotsito tso Fiaɖuƒea ŋu la, ana nàkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ahada akpe ɖe eta geɖe wu. Ne èbɔbɔ ɖokuiwò ɖe eƒe dziɖuɖu te la, adzra wò ɖo nyuie wu nàgblɔ nu wɔnuku siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo.—Psalmo 48:13, 14.
Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziɖulawo
6. (a) Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖe amesi ƒe dziɖulanyenye woɖe fia to Mesia Fiaɖuƒea dzi la fiae? (b) Aleke wòle be nusi míesrɔ̃na le Fiaɖuƒea ŋu nawɔ dɔ ɖe mía dzii?
6 Nu gbãtɔ siwo míakpɔ le nusɔsrɔ̃ tso eŋu tsitotsito me dometɔ ɖekae nye be Yehowa ŋutɔ ƒe dziɖulanyenye ɖeɖe fiae Mesia Fiaɖuƒea nye. Yehowae nye amesi tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu” na Via. Esi wona ŋusẽ Mawu ƒe Vi la be wòzu Fia dze dziɖuɖu gɔme la, esɔ be wose woɖe gbeƒãe le dziƒo be: “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ [Yehowa Mawu] kple eƒe Kristo la tɔ, eye [Yehowa aɖu] fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖeɖefia 11:15) Eyata nusianu si míasrɔ̃ le Fiaɖuƒe sia kple nusiwo wɔm wòle ŋu ate ŋu ate mí ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu kplikplikpli wu. Ele be nusi míasrɔ̃ la naʋã mí míadi be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe dziɖulanyenye si ƒo ɖesiaɖe ta la te tegbee.
7. Nukatae wòdzɔ dzi na mí ale gbegbe be Yesu Kristoe nye Dziɖula si nye Yehowa Teƒenɔla?
7 Bu alesi wotsɔ Yesu Kristo ɖo zi dzii wònye Dziɖula si nye Yehowa Teƒenɔla hã ŋu kpɔ. Yesu, amesi nye Dɔnunɔla si Mawu zã le anyigba kple amegbetɔwo wɔwɔ me, nya míaƒe nuhiahiãwo nyuie wu mía dometɔ ɖesiaɖe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tso amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, eɖee fia be ‘yelɔ̃ amegbetɔviwo vevie.’ (Lododowo 8:30, 31; Kolosetɔwo 1:15-17) Eƒe lɔlɔ̃ na amegbetɔwo lolo ale gbegbe be eya ŋutɔ va anyigba dzi va tsɔ eƒe agbe na tafee ɖe mía ta. (Yohanes 3:16) Eto esia me na mɔ si nu woato aɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku si me eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu mía si la mí.—Mateo 20:28.
8. (a) To vovo na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu la, nukatae Mawu ƒe dziɖuɖua anɔ anyi ɖaa? (b) Ƒomedodo kae le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kple dziƒo dziɖuɖua dome?
8 Dziɖuɖu like si nɔa anyi ɖaae Mawu Fiaɖuƒea nye. Kakaɖedzi blibo le eƒe anyinɔnɔ ɖaa ŋu elabena Yehowa ŋutɔ mekuna o. (Psalmo 146:3-5, 10) To vovo na amegbetɔ siwo nye fiawo la, makumakunyenye le Yesu Kristo, amesi si me Mawu tsɔ fianyenye la dee, hã si. (Romatɔwo 6:9; Timoteo I, 6:15, 16) Ame 144,000 bubu siwo nye Mawu ƒe subɔla wɔnuteƒe siwo tso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me” hã anɔ fiazikpuiwo dzi kple Kristo le dziƒo. Wona makumakunyenye amesiawo hã. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4; Korintotɔwo I, 15:42-44, 53) Amesiawo dometɔ akpa gãtɔ le dziƒo xoxo, eye wo dometɔ susɔe siwo gakpɔtɔ le anyigba dzie nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si li fifia, amesiwo tsɔa nuteƒewɔwɔ doa Fiaɖuƒe ma ƒe nuwo ɖe ŋgɔ le afisia.—Mateo 24:45-47.
9, 10. (a) Nusiwo hea mama vɛ eye wokpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi kawoe Fiaɖuƒea aɖe ɖa? (b) Ne míedi be míazu Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo o la, ŋusẽkpɔɖeamedzinu gbegblẽ kawo nue wòle be míasi le?
9 Esusɔ vie ko Yehowa naɖo eƒe ametsrɔ̃lawo ɖa le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi bene woakɔ anyigba sia ŋu. Woatsrɔ̃ amesiwo bua ɖoe be yewomaxɔ eƒe dziɖulanyenye o eye wodoa vlo ɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le siwo wòwɔ to Yesu Kristo dzi la ɖa tegbee. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Emae anye Yehowa ƒe ŋkeke la, si nye ɣeyiɣi si wokpɔ mɔ na ɣeyiɣi didi aɖee nye sia bene wòaʋli eƒe Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã nyenye ta. “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne . . . wòatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi.” (Yesaya 13:9) “Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbee, aƒedoɖigbe kple nugblẽgbee, blukɔ kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee.”—Zefanya 1:15.
10 Woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã kpakple woƒe aʋakɔ siwo dzi xexe sia me dziɖula makpɔmakpɔ vɔ̃ɖi la kpɔ ŋusẽ ɖo la ɖa tegbetegbee. Woatsrɔ̃ amesiwo katã to ɖokuitɔdidi, anukwaremaɖimaɖi, kple agbegbegblẽnɔnɔ dzi ɖee fia be xexe sia me ƒe akpa dzie yewole hã ɖa. Woatu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo bene kadodo aɖeke maganɔ wo kple anyigbadzinɔlawo dome o, woatu wo ɖe aʋli me, afisi womagate ŋu awɔ naneke le o, ƒe akpe ɖeka. Ekema Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ anyigba la ƒe nyawo gbɔ bliboe. Gbɔɖeme kae nye si wòanye na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo katã!—Nyaɖeɖefia 18:21, 24; 19:11-16, 19-21; 20:1, 2.
Fiaɖuƒea ƒe Taɖodzinuwo—Alesi Woɖo Wo Gbɔe
11. (a) Aleke Mesia Fiaɖuƒea ana Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba la nava emee? (b) Nukae Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu awɔ na amesiwo katã anɔ anyigba la dzi ɣemaɣi?
11 Mesia Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba la nava eme bliboe. (Mose I, 1:28; 2:8, 9, 15 ) Vaseɖe egbegbe la, ameƒomea gbe tameɖoɖo ma ƒe akpa dzi nɔnɔ. Gake “xexeme, si le vava ge” la katã anɔ Amegbetɔvi Yesu Kristo te. Amesiwo katã atsi agbe le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va nuɖoanyi xoxo sia dzi me la awɔ dɔ ɖekae le Kristo Fia la te, eye anye dzidzɔ na wo be yewoawɔ nusianu si wòagblɔ na yewo, ale be anyigba katã nazu paradiso. (Hebritɔwo 2:5-9) Ameƒomea katã aɖu woƒe asinudɔwɔwɔwo eye woase vivi na anyigba la ƒe kutsetse gbogboawo bliboe.—Psalmo 72:1, 7, 8, 16-19; Yesaya 65:21, 22.
12. Aleke woakpe ɖe Fiaɖuƒea teviwo ŋu be woade blibo le susu kple ŋutilã mee?
12 Esime Mawu wɔ Adam kple Xawa la, ewɔ wo ame deblibowoe, eye eƒe tameɖoɖo na woe nye be woƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba la dzi, wo katã woade blibo le susu kple ŋutilã me. Tameɖoɖo ma ava eme le mɔ wɔnuku aɖe nu le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Esia bia be woaɖe nuvɔ̃ me tsonuwo katã ɖa, eye le susu ma ta menye Fia koe Kristo nye o ke enye Nunɔlagã hã. Atsɔ dzigbɔɖi akpe ɖe etevi siwo ɖoa to ŋu be eya ŋutɔ ƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe la ƒe asixɔxɔ si ɖea nuvɔ̃ ɖa la naɖe vi na wo.
13. Yayra siwo woate ŋu akpɔ ŋutɔŋutɔ kawoe anɔ anyi le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?
13 Yayra wɔnuku siwo woate ŋu akpɔ ŋutɔŋutɔ le ametia ŋu ava na anyigbadzinɔlawo le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” (Yesaya 35:5, 6) Ŋutigbalẽ siwo lé ayi le tsitsi kple dɔléle ta azrɔ̃ srasrasrã wu ɖevi ƒe ŋutigbalẽ, eye ŋusẽ blibo axɔ ɖe lãmegbɔdzɔgbɔdzɔ si li ɖaa teƒe. “Dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.” (Hiob 33:25) Ŋkeke li gbɔna si ame aɖeke magagblɔ be, ‘Mele dɔ lém o.’ Nukatae? Elabena woaɖe nuvɔ̃ kple nu dziŋɔ siwo wòhena vɛ la ƒe agba le amegbetɔ siwo nye Mawu vɔ̃lawo dzi. (Yesaya 33:24; Luka 13:11-13) Ẽ, “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
14. Nukawo hãe amegbetɔ ƒe blibodede ahe vɛ?
14 Gake menye ŋutilã kple susu me ƒe lãmesẽ me nɔnɔ koe blibodede ahe vɛ o. Afia be woaɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo afia alesi dze hã, elabena ‘Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ mí ɖo, eye míeɖii.’ (Mose I, 1:26) Bene wòava eme alea la, ahiã hehexɔxɔ geɖe. Le xexe yeyea me la, ‘dzɔdzɔenyenye anɔ anyi.’ Eyata abe alesi Yesaya gblɔe ɖi ene la, ‘xexeame nɔlawo asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye.’ (Petro II, 3:13; Yesaya 26:9) Nɔnɔme sia hea ŋutifafa vɛ—le ŋutigbalẽ ƒe amadede vovovo me tɔwo katã dome, le havi siwo dome le kplikplikpli dome, le ame ƒe ƒomea me tɔwo katã dome, eye ƒo wo katã ta la, le ame kple Mawu ŋutɔ dome. (Psalmo 85:11-14; Yesaya 32:17) Woafia nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu amesiwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye la vivivi. Ne lɔlɔ̃ na Yehowa yi edzi le ke lim le woƒe dzi me la, woazɔ eƒe mɔwo dzi le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Woate ŋu agblɔ abe alesi Yesu gblɔe ene be, ‘Mewɔa nusi dzea Fofonye ŋu ɖaa.’ (Yohanes 8:29) Aleke gbegbe míahase vivi na agbee nye si esime wòava eme alea na ameƒomea katã!
Eƒe Dɔwɔwɔ Siwo Le Dzedzem Xoxo
15. Zã nyabiase siwo le memama sia me nàtsɔ aƒo nu tso nusiwo Fiaɖuƒea wɔ kple nusiwo wòle be míanɔ wɔwɔm fifia ŋui.
15 Nu wɔnuku siwo Mawu Fiaɖuƒea kple eteviwo wɔ la li woate ŋu akpɔ. Nyabiase kple mawunyakpukpui siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nusiawo siwo wowɔ dometɔ aɖewo dzi, tsɔ kpe ɖe nusiwo Fiaɖuƒea teviwo katã ate ŋu awɔ eye wòle be woanɔ wɔwɔm fifia la ŋu.
Amekawo ŋue Fiaɖuƒea tso ɖo gbã, eye nukae do tso eme? (Nyaɖeɖefia 12:7-10, 12)
Ƒuƒoƒo ka me tɔwo ƒe ame susɔeawo nuƒoƒoƒu ŋue Kristo trɔ susu ɖo esime woɖoe zi dzi? (Nyaɖeɖefia 14:1-3)
Dɔ kae Yesu gblɔ ɖi be yeawɔ le xaxa gã la ƒe gɔmedzedze megbe, abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 25:31-33 ene?
Dɔ si do ŋgɔ nɛ ka wɔm wole egbea? Amekawoe le gome kpɔm le eme? (Psalmo 110:3; Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 14:6, 7)
Nukatae tsitretsiɖeŋula siwo nye dunyahelawo kple subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu tɔ te gbeƒãɖeɖedɔa o? (Zaxarya 4:6; Dɔwɔwɔwo 5:38, 39)
Tɔtrɔ kawoe va le amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la ƒe agbenɔnɔ me? (Yesaya 2:4; Korintotɔwo I, 6:9-11)
Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu
16. (a) Ɣeyiɣi didi kae Kristo atsɔ aɖu dzii? (b) Nu wɔnuku kawoe woawɔ ɣemaɣi kple le emegbe?
16 Ne wode Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me vɔ la, Yesu Kristo kple eƒe hatidziɖula 144,000 la aɖu fia eye woanye nunɔlawo hã ƒe akpe ɖeka la. (Nyaɖeɖefia 20:6) Le ɣeyiɣi ma me la, woakpe ɖe ameƒomea ŋu woaɖo blibodede gbɔ, eye woaɖe Adam ƒe nuvɔ̃ kple eƒe ku ɖa tegbee. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu, esime Yesu awu dɔ si wode asi nɛ be wòanye Mesia Fia Nunɔla la nu dzidzedzetɔe vɔ la, ‘atsɔ fiaɖuƒe la ana’ Fofoa, “bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.” (Korintotɔwo I, 15:24-28) Le ɣemaɣi la, woagaɖe asi le Satana ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe be wòado ameƒome si woɖe la akpɔ le woƒe megbenɔnɔ na Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye gome. Ne wowu dodokpɔ mamlɛ ma nu la, Yehowa atsrɔ̃ Satana kple edzidela dzeaglãwo. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Amesiwo nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye—gome si le esi be wòaɖu dzi—ƒe akpa dzi la aɖe woƒe nuteƒewɔwɔ matrɔmatrɔ na dziɖulanyenye ma afia bliboe. Ekema woana ƒomedodo si sɔ si wòle be wòanɔ wo kple Yehowa dome la naɖo wo dome azɔ, eye wòaxɔ wo woanye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo, amesiwo dzi Mawu da asi ɖo na agbe mavɔ nɔnɔ.—Romatɔwo 8:21.
17. (a) Nukae adzɔ ɖe Fiaɖuƒea dzi le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu? (b) Gɔmesese ka nue Fiaɖuƒea “matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o” le?
17 Eyata Yesu ŋutɔ ƒe wɔƒe kple ame 144,000 la tɔ ku ɖe anyigba la ŋu atrɔ. Dɔ kae woava de asi na wo emegbe? Biblia megblɔe na mí o. Gake ne míenɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, míanɔ agbe le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu bene míakpɔ nusi ƒe tame Yehowa ɖo na wo kpakple na eƒe xexeme wɔnuku bliboa katã. Ke hã Kristo ƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua ‘anɔ anyi tegbee’ eye eƒe Fiaɖuƒea “magbã o.” (Daniel 7:14) Le gɔmesese ka nu? Wo dometɔ ɖekae nye be dziɖuŋusẽa mayi ɖe ame bubu siwo ƒe taɖodzinuwo to vovo la si me o elabena Yehowae anye Dziɖula. Fiaɖuƒea “matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe” hã “o” elabena dɔ siwo wòwɔ la anɔ anyi tegbee. (Daniel 2:44) Eye woade bubu Mesia Fia Nunɔla la kple eƒe hati fia nunɔlawo ŋu tegbee ɖe dɔ si wowɔ nuteƒewɔwɔtɔe na Yehowa ta.
Numetoto
• Nukatae Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia? Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la dze dziɖuɖu gɔme?
• Nukae dzɔ dzi na wò etɔxɛe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple nusiwo wòawɔ ŋu?
• Fiaɖuƒea ƒe dɔwɔwɔ kawoe míate ŋu akpɔ xoxo, eye akpa kae wòle be míawɔ le nusiawo me?
[Nɔnɔmetata si le axa 92, 93]
Dukɔwo katã asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te