Alesi Míado Ŋusẽ Míaƒe Kaka Ðe Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Dzii
“Be naɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ta, mele nu fiam wò egbea ɖo he!”—LODODOWO 22:19.
1, 2. (a) Nukata Yehowa Ðasefowo kana ɖe Yehowa dzi? (Lododowo 22:19) (b) Nukae ɖee fia be ele be ame ɖekaɖeka aɖewo nado ŋusẽ woƒe kaka ɖe Yehowa dzi?
WOTSƆ sidzedze si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu yra Kristotɔ vavãtɔwoe. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe naa gbɔgbɔ me “nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45) Sidzedze si sua wo si zua gɔmeɖokpe sẽŋu si dzi wotua kaka ɖe Mawu dzi ɖo. Eyata Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒoa ɖea kaka ɖe Yehowa kple eƒe dzɔdzɔenyenye dzi fiana wòɖea dzesi.
2 Gake edze abe ele be Ðasefo ɖekaɖeka aɖewo nado ŋusẽ woƒe kakaɖedzi sia ene. Habɔbɔa xɔa lɛtawo ɣeaɖewoɣi siwo me nyawo fiana be womeka ɖe numeɖeɖe siwo wòna le eƒe agbalẽwo me dzi tututu o. Ðikeke siawo ate ŋu atso asitɔtrɔ le alesi míese nyawo gɔmee tsã ŋu gbɔ, alo ɖewohĩ wonye nya siwo ka nyabialawo tẽ, vevietɔ esi wɔ dɔ ɖe woƒe seselelãme dzi.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 6:60, 61.
3. Nukae ate ŋu adzɔ ɖe Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã dzi, eye nukatae?
3 Yehowa subɔla vavã gɔ̃ hã kpɔa Nyagblɔla 9:11 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzea sii be: “Megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” Aleke esia ate ŋu anye nyateƒe ne míekekee ɖe enu alo le gbɔgbɔ me gome? Ðewohĩ míedze si Kristotɔ aɖewo siwo tsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe kabakaba, woʋli nyateƒea ta vevie, wodze aɖaŋu le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me, eye wodo vevie nu le sidzedze vavãtɔ didi me. Ke hã le “azãgbe kple nuɖiɖeame” ta ɖewohĩ fifia wo dometɔ aɖewo kpɔe be yewomegate ŋu wɔa geɖe o le afɔku alo tsitsi ta. Ðewohĩ woanɔ eŋu bum ne woayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me esi womaɖɔ ku akpɔ o.
4, 5. Nukata susu aɖeke meli si ta wòle be Kristotɔwo nadzudzɔ kaka ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzi o?
4 Ne Kristotɔ srɔ̃ ku la, veve si wòsena kple nusi gbegbe wòbu la ŋu bubu tena ɖe edzi. Ðewohĩ woa kple srɔ̃a tsɔ ƒewo alo ƒe bla nanewo subɔ Yehowa ɖekae. Srɔ̃tɔ si le agbe la nyae be ku tea fli ɖe srɔ̃ɖenubabla la me.a (Korintotɔwo I, 7:39) Fifia be eƒe kakaɖedzi me nagagblẽ o la, ele be wòayi edzi aɖu eƒe seselelãmewo dzi.—Tsɔe sɔ kple Marko 16:8.
5 Nunya ka gbegbee nye si wònye be míabu mía srɔ̃, dzila, mía vi, alo Kristotɔ xɔlɔ̃ vevi aɖe ƒe ku be enye mɔnukpɔkpɔ si míatsɔ aɖe míaƒe kaka ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzi afia! Ne nuwo bu na mí gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa menye madzɔmadzɔtɔ o. Kakaɖedzi nenɔ mía si be dzi adzɔ amesiame si akpɔ agbe mavɔ—eɖanye to agbetsitsi alo tsitretsitsi me o. Hakpala la gblɔ le Mawu ŋu be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe. Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.”—Psalmo 145:16-19.
Ne Míesusu be Míekpe Fu Dzodzro
6, 7. (a) Nukata ɖewohĩ gɔmesese bubu va su Ðasefo siwo kpe fu tsã la dometɔ aɖewo si fifia? (b) Nukata mele be míabu Yehowa be enye madzɔmadzɔtɔ le esi wòɖe mɔ wokpe fu alea va yi ta o?
6 Tsã la, Ðasefo aɖewo kpe fu le esi wogbe gomekpɔkpɔ le nuwɔna aɖe si ŋu ɖewohĩ woƒe dzitsinya ɖe mɔ ɖo na wo fifia la ta. Le kpɔɖeŋu me ɖewohĩ ɣeaɖeɣi va yi la, nenemae wotso nya me le dumeviwo ƒe dɔ ƒomevi aɖewo ŋu. Fifia nɔvi aɖe ate ŋu akpɔe be yeate ŋu awɔ dɔ siawo esi magblẽ yeƒe Kristotɔ ƒe akpaɖekedzimademade me le fifi nuɖoanyi sia me o.
7 Ðe wònye nu madzɔmadzɔ Yehowa wɔ be wòɖe mɔ wòkpe fu le esi wògbe nusi ɖewohĩ wòate ŋu awɔ faa fifia la wɔwɔ ta? Amesiwo to nɔnɔme ma me ƒe akpa gãtɔ mebunɛ nenema o. Ke boŋ wokpɔa dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔ su yewo si be yewoɖee fia le gaglãgbe wòdze ƒã be yewoɖoe kplikpaa be yewoanɔ te le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me. (Tsɔe sɔ kple Hiob 27:5.) Nukata wòave ame aɖe be yeɖo to yeƒe dzitsinya le Yehowa ƒe akpa dzi nɔnɔ sesĩe me? Woto Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ le alesi wose wo gɔmee nu alo wɔwɔ ɖe nusi woƒe dzitsinya gblɔ na wo dzi nuteƒewɔwɔtɔe me ɖee fia be yewodze anye Yehowa xɔlɔ̃wo. Edze ƒã be nunya le eme be míatsri nuwɔna si aɖe fu na ame ƒe dzitsinya alo esi ate ŋu azu nukikli na ame bubuwo. Míate ŋu abu kpɔɖeŋu si apostolo Paulo ɖo le esia gome ŋu.—Korintotɔwo I, 8:12, 13; 10:31-33.
8. Nukata mehiã be Yudatɔ Kristotɔ siwo lé Sea me ɖe asi tsã la natɔ gbe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye o?
8 Be Yudatɔwo ƒe nu nadze Yehowa ŋu la, wobia tso wo si be woawɔ ɖe Se Ewoawo kple se hamehame 600 bubuwo hã dzi. Emegbe le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me la, womegabia tso ame si be wòawɔ se siawo dzi hafi ate ŋu asubɔ Yehowa o, womebiae tso ŋutilã me Yudatɔwo gɔ̃ hã si o. Se siwo megabla wo o la dometɔ aɖewo ku ɖe aʋatsotso, Sabat ɖuɖu, lãwo tsɔtsɔ sa vɔe, kple nuɖuɖu ŋuti sedede aɖewo ŋu. (Korintotɔwo I, 7:19; 10:25; Kolosetɔwo 2:16, 17; Hebritɔwo 10:1, 11-14) Wona ablɔɖe Yudatɔ—kple apostoloawo hã—siwo va zu Kristotɔwo tso se siwo dzi wobia tso wo si be woawɔ ɖo esime wonɔ Se ƒe nubabla te la dzi wɔwɔ me. Ðe wogblɔ be Mawu ƒe ɖoɖoa mesɔ o le esi wòbia tso wo si tsã be woawɔ nusiwo megava hiã fifia o ta? Ao, wokpɔ dzidzɔ le esi wova se Yehowa ƒe tameɖoɖo me ɖe edzi ta.—Dɔwɔwɔwo 16:4, 5.
9. Nukae dzɔ ɖe Ðasefo aɖewo dzi, gake nukata mele be wòave wo o?
9 Le egbeŋkekeawo me la, Ðasefo aɖewo li siwo lé nukpɔsusu aɖewo me ɖe asi goŋgoŋ le nusiwo woawɔ alo nusi womawɔ o ŋu. Le ema ta wokpe fu geɖe wu ame bubuwo. Esi sidzedze geɖe wu va su wo si emegbe la, ekpe ɖe wo ŋu wogbugbɔ nuwo ŋu bu nyuie. Gake susu aɖeke meli si ta wòave wo be wowɔ nu ɖe woƒe dzitsinya ƒe mɔfiafia nu tsã o, togbɔ be anɔ eme be esia na wokpe fu geɖe wu hã. Wodze na kafukafu ŋutɔ be woɖee fia be yewolɔ̃ faa be yewoakpe fu le nuteƒewɔwɔ na Yehowa me, be ‘yewoawɔ nuwo katã ɖe nyanyui la ta.’ Yehowa ƒe yayra nɔa mawusosroɖa ma tɔgbe dzi. (Korintotɔwo I, 9:23; Hebritɔwo 6:10) Apostolo Petro tsɔ nugɔmesese ŋlɔe bena: “Ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.”—Petro I, 2:20.
Nusɔsrɔ̃ tso Yona Gbɔ
10, 11. Aleke Yona ɖee fiae be yemeka ɖe Yehowa dzi o (a) esime wode dɔ esi be wòayi Niniwe? (b) esime Mawu metsrɔ̃ Niniwetɔwo o?
10 Esime wogblɔ na Yona be wòayi Niniwe la, eɖee fia be yemekpɔ ŋudzedze ɖe alesi Yehowa ka ɖe eyama dzii ŋu o. Esi Yona to nɔnɔme dziŋɔ aɖe si eya ŋutɔ ƒe nya dzi mawɔmawɔ kaba he vɛ me vɔ la, enyɔ le susu me, ekpɔ eƒe vodada si wòwɔ dze sii, elɔ̃ va wɔ dutadɔ, eye wòxlɔ̃ nu Niniwetɔwo le tsɔtsrɔ̃ si dze ŋgɔ wo ŋu. Gake nane va dzɔ si menɔ mɔ kpɔm na o: Esi Niniwetɔwo trɔ woƒe nɔnɔme ta la, Yehowa ɖoe be yemagatsrɔ̃ wo o.—Yona 1:1–3:10.
11 Nukae Yona wɔ? Esi nya la medze eŋu o ta eto nyatoƒoe na Mawu le gbedodoɖa me. Eƒe nyaawo ate ŋu afia be: ‘Mekpɔe do ŋgɔ be aleae nuwo ava yii. Ema tae nyemedi be mava Niniwe gbã o. Fifia kpɔ alesi nuwo va yii ɖa, le nusiwo katã me meto, kpakple ƒumelã gã aɖe si mim ƒe ŋɔdzi kple ŋukpe megbe, kple le agbagba vevi si medze be maxlɔ̃ nu Niniwetɔwo le tsɔtsrɔ̃ si dze ŋgɔ wo ŋu megbe! Dɔ si mewɔ kple fu siwo katã mekpe zu dzodzro! Ne meku gɔ̃ hã la, anyo wu!’—Yona 4:1-3.
12. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Yona dzi me?
12 Ðe nusita Yona to nyatoƒoe la sɔa? Nu madzɔmadzɔ wònye Yehowa wɔ be wòkpɔ nublanui na nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzimea? Ðe wòle be Yona nakpɔ dzidzɔ boŋ; ame akpe bla nanewoe nye ma akpɔ agbe! (Yona 4:11) Gake eƒe nyatoƒoetoto amemabumabutɔe ɖee fia be meka ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzi bliboe o. Ebu eɖokui ŋu fũ akpa eye metsɔ ɖeke le eme na ame bubuwo o. Mina míasrɔ̃ nu tso Yona gbɔ ale be míagatsɔ mía ŋutɔwo kple míaƒe seselelãmewo aɖo ŋgɔgbe o. Mina míaka ɖe edzi be toɖoɖo Yehowa, si fia be míazɔ ɖe mɔfiafia si wònana to eƒe habɔbɔa dzi ahalɔ̃ ɖe eƒe nyametsotsowo dzie nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ. Míeka ɖe edzi be “eme anyo na mawuvɔ̃la.”—Nyagblɔla 8:12.
Fifiae Wòle Be Míado Ŋusẽ Míaƒe Kakaɖedzi!
13. Aleke mí katã míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi?
13 Nunya le eme be míado ŋusẽ míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi. (Lododowo 3:5-8) Le nyateƒe me la, ele be míawɔ nusi yi ŋgɔ wu gbedodoɖa abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu kakaɖedzi geɖe wu nanɔ mía si ko. Kakaɖedzi tsina ɖe edzi ne wotui ɖe sidzedze vavãtɔ dzi, eyata ele be míana Biblia sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si, kple Biblia kpakple agbalẽ siwo ɖea Biblia me la xexlẽ nanye míaƒe gbesiagbenuwɔna ƒe akpa aɖe. Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi le vevie, eye nenema ke enye dzadzraɖo nyuie kple gomekpɔkpɔ le eme alesi míate ŋui hã. Nana be wòanye numãme na mí be míagblɔ Biblia me nyateƒea na ame bubuwo, kple tsitretsiɖeŋunyawo gbɔ kpɔkpɔ aɖaŋutɔe hã naa míaƒe kaka ɖe Yehowa kple eƒe Nya la dzi dea to ɖe edzi. Esia na míezɔna kplii geɖe wu gbesiagbe.
14. Nukata eteƒe madidi o woabia tso Mawu ƒe amewo si be woaɖee afia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe be yewoka ɖe Yehowa dzi?
14 Eteƒe madidi o, xaxa gãtɔ kekeake si ava ameƒomea dzi la adze egɔme kpata. (Mateo 24:21) Ne eva dzɔ la, ahiã be Mawu subɔlawo naka ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple mɔfiafia si wònana to eƒe habɔbɔa dzi la dzi wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Woatsɔ kakaɖedzi awɔ Mawu ƒe sededea dzi ɣemaɣi le kpɔɖeŋumɔ nu be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yesaya 26:20) Wole ametakpɔƒe xoxo le hame 85,000 siwo le dukɔ 232 me la me. Míate ŋu aka ɖe edzi be nya ka ke woagagblɔ akpe ɖe sedede si nye be “yi ɖe wò xɔgã me” ŋu o, Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe edzi.
15. Aleke wote gbe ɖe kakaɖedzi ƒe nya sia dzii le ƒe 1998 me, eye nukata wòsɔ nenema?
15 Ele vevie be míado ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi fifia. Ne míeka ɖe mía nɔvi Kristotɔwo, Yehowa ƒe habɔbɔa, kple ƒo ye katã ta la, Yehowa ŋutɔ dzi o la, asesẽ be míatsi agbe. Eyata aleke gbegbe wòsɔe nye si be le ƒe 1998 me la, wotsɔ nya siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒea ƒe mawunyakpukpuia me gbugbɔ ɖo ŋku edzi na wo enuenu be “amesiame si ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔa la, woaɖee”! (Romatɔwo 10:13, NW) Ele be míayi edzi aka ɖe nya ma dzi. Ne míekpɔ ɖikeke suetɔ kekeake gɔ̃ hã le kakaɖedzi sia ŋu la, ele be míadze agbagba aɖɔe ɖo fifia, ẽ, míaɖɔe ɖo egbea.
Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Dzɔdzɔe
16. Nukae kakaɖedzi ate ŋu ava zu ne míetui ɖo o, eye nukae míate ŋu awɔ be magadzɔ nenema o?
16 Woxlɔ̃ nu Kristotɔ amesiaminawo le Hebritɔwo 3:14 be: “Míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé míaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu.” Gɔmeɖose si le nya sia me ku ɖe Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le hã ŋu. Kakaɖedzi si nɔ mía si tsã me ate ŋu agblẽ ne míetui ɖo o. Aleke gbegbe wòle vevie enye si be míayi edzi adi sidzedze vavãtɔ ale be wòado ŋusẽ gɔmeɖoanyi si dzi míetu míaƒe kakaɖedzi ɖo!
17. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le agbetsitsi gome?
17 Eteƒe madidi o, Kristo alé ŋku ɖe dukɔwo katã ŋu eye “wòamã [amewo] me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene.” (Mateo 25:31-33) Míate ŋu aka ɖe edzi be Kristo awɔ nu dzɔdzɔe le amesiwo dze na agbetsitsi tiatia me. Yehowa na nunya, nugɔmesese, kple nɔnɔme nyui bubu siwo hiã lae ‘be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu.’ (Dɔwɔwɔwo 17:30, 31) Mina míaƒe kakaɖedzi nanɔ abe Abraham tɔ ene, amesi gblɔ be: “Esia nede megbe xaa tso [wò Yehowa gbɔ] be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ðe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?”—Mose I, 18:25.
18. Nukata mele be míatsi dzi fũ ɖe nusi ɖewohĩ míenya fifia o ŋu o?
18 Ne míeka ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzi bliboe la, ke mehiã be míatsi dzi ɖe ŋuɖoɖowo didi na biabia siawo tɔgbe ŋu o, be: ‘Aleke woadrɔ̃ ʋɔnu vidzĩwo kple ɖeviwoe? Ðe wòanye be nyanyuia maɖo ame gbogbo aɖewo gbɔ hafi Harmagedon nava oa? Ke tagbɔgbegblẽtɔwo hã ɖe? Ke ale kple ale ya ɖe?’ Enye nyateƒe be fifia ɖewohĩ míanya alesi Yehowa akpɔ nya siawo gbɔe o. Gake akpɔ wo gbɔ le dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ me. Mele be míake ɖi esia o. Le nyateƒe me la, awɔ nuku ahadzɔ dzi na mí be míakpɔe wòakpɔ wo gbɔ le mɔ si meva susu me na mí kpɔ o nu.—Tsɔe sɔ kple Hiob 42:3; Psalmo 78:11-16; 136:4-9; Mateo 15:31; Luka 2:47.
19, 20. (a) Nukata menye nu gbegblẽ o be míabia nya siwo me nunya le? (b) Ɣekaɣie Yehowa aɖo nya siwo hiã ŋu?
19 Yehowa ƒe habɔbɔa mexe mɔ na mí be míagabia nya siwo tso dzime siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu, abe alesi tsitretsiɖeŋula aɖewo gblɔna vodadatɔe ene o. (Petro I, 1:10-12) Gake Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míatsri bometsinya siwo tso nususukpɔ me biabia. (Tito 3:9) Biabia siwo me nunya le biabia kple numekuku le Mawu ƒe Nya kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me hena ŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me didi ate adzi míaƒe sidzedze vavãtɔ ɖe edzi eye wòado ŋusẽ míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi. Habɔbɔa srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Meɖoa biabia siwo ƒe ŋuɖoɖo ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ meva haɖe o ŋu o. Egblɔ be: “Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi; gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.” (Yohanes 16:12) Elɔ̃ ɖe edzi hã be nanewo li siwo ye ŋutɔ yemenya ɣemaɣi o.—Mateo 24:36.
20 Nu geɖe gale Yehowa si wòaɖe fia mí. Aleke gbegbe nunya le emee nye si be míakpɔ esinu eye míaka ɖe edzi be aɖe eƒe tameɖoɖowo afia mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi wòakpɔ hiahiã siwo anɔ anyi le ɣeyiɣia me gbɔ. Míate ŋu aka ɖe dzi be ne Yehowa ƒe ɣeyiɣi de la, nu bubu siwo gɔme míagava se le eƒe mɔwo ŋu la ana míakpɔ dzidzɔ. Ẽ, woaɖo eteƒe na mí ne míeka ɖe Yehowa kple habɔbɔ si zãm wòle dzi bliboe. Lododowo 14:26 na kakaɖedzi mí be: “Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, siwo nye October 15, 1967, axa 638; June 1, 1987, axa 30.
Nukae Nye Wò Susu?
◻ Nukata nunya mele eme be míaɖe mɔ seselelãmewo nagblẽ míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi me o?
◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Yona dzi me?
◻ Nukata Biblia sɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede le vevie nenema?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Ne nuwo bu na mí gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nye dzɔdzɔetɔ
[Nɔnɔmetatawo si le axa 18]
Èka ɖe edzi be Yehowa dzie nèkana ɖoa?