-
Yehowa Bɔbɔa Dadalawo Ðe AnyiYesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
-
-
7 “Ŋkeke [si] li na Yehowa Zebaot” la gbɔna. Anye ɣeyiɣi si me Mawu aɖe eƒe dziku “ɖe Libanon ƒe sedertiwo katã, siwo kɔ, eye woƒo ta la ŋu, ɖe Basan ƒe logotiwo katã ŋu; ɖe to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ŋu; ɖe xɔ tsrala kɔkɔwo katã kple gli sesẽwo katã ŋu; ɖe Tarsis-ʋuwo katã kple nukpɔkpɔ veviwo katã ŋu.” (Yesaya 2:12-16) Ẽ, habɔbɔ ɖesiaɖe si amegbetɔ ɖo anyi wònye eƒe dada ƒe dzesi kple ame mavɔ̃mawu ɖesiaɖe akpɔ etɔ sinua le Yehowa ƒe dzikudogbea. Ale wòava eme be “woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.”—Yesaya 2:17.
8. Aleke Yerusalem kpɔ ʋɔnudrɔ̃gbe si wogblɔ ɖi la teƒee le ƒe 607 D.M.Ŋ. me?
8 Yudatɔwo kpɔ ʋɔnudrɔ̃gbe si wogblɔ ɖi la teƒe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime Babilonia Fia Nebukadnezar tsrɔ̃ Yerusalem. Emenɔlawo kpɔ woƒe du lɔlɔ̃a wòfiã, wogbã xɔ dzeani siwo le eme, eye womu eƒe gli sesẽwo ƒu anyi. Wogbã Yehowa ƒe gbedoxɔa gudugudu. Woƒe kesinɔnuwo loo alo tasiaɖamwo meɖi naneke le ‘ŋkeke si li na Yehowa Zebaot’ la dzi o. Ke woƒe legbaawo ya ɖe? Ðeko wòdzɔ abe alesi Yesaya gblɔe ɖi ene be: “Legbawo nu ayi keŋkeŋ.” (Yesaya 2:18) Wokplɔ Yudatɔwo—amegãwo kple ame ŋkutawo hã le eme—yi aboyo me le Babilon. Yerusalem azu aƒedo ƒe 70 sɔŋ.
-
-
Yehowa Bɔbɔa Dadalawo Ðe AnyiYesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
-
-
“Yehowa ƒe Ŋkeke” si Gbɔna
10. “Yehowa ƒe ŋkeke” kae apostolo Paulo kple Petro fia asii?
10 Ŋɔŋlɔawo fia asi “Yehowa ƒe ŋkeke” aɖe si alolo sã wu ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si va blema Yerusalem kple Yuda dzi. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòƒo nu tso “Yehowa ƒe ŋkekea” ŋu be edo ƒome kple Fia Yesu Kristo si woɖo zi dzi ƒe anyinɔnɔ. (Tesalonikatɔwo II, 2:1, 2, NW) Petro ƒo nu tso ŋkeke ma ŋu tsɔ ku ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” la ɖoɖo anyi ŋu. (Petro II, 3:10-13) Enye ŋkeke si dzi Yehowa ahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa si me Kristodukɔa hã le la dzi.
11. (a) Amekae ate ŋu “anɔ te” ɖe “Yehowa ƒe ŋkeke” si gbɔna la nu? (b) Aleke míate ŋu awɔ Yehowa míaƒe sitsoƒee?
11 Nyagblɔɖila Yoel gblɔ be: “[Alele], ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.” Le esi “ŋkeke” ma tu aƒe ŋutɔ ta la, ɖe mele be amesiame natsi dzi ɖe eƒe dedienɔnɔ le ɣeyiɣi dziŋɔ ma me ŋu oa? Yoel bia be: “Amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?” Eɖo eŋu be: “Yehowa [anye] sitsoƒe na eƒe dukɔ.” (Yoel 1:15; 2:11; 4:16) Ðe Yehowa Mawu anye sitsoƒe na amesiwo dana eye woɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo, asrafoŋusẽ, kple mawu siwo amegbetɔ wɔ ŋua? Gbeɖe! Mawu gbe dukɔ si wòtia gɔ̃ hã esi wowɔ nu nenema. Aleke wòle vevie be Mawu subɔlawo katã ‘nadi dzɔdzɔenyenye kple ɖokuibɔbɔ,’ eye woalé ŋku ɖe akpa si wotsɔ Yehowa ƒe tadedeagu ɖo le woƒe agbe me ŋu nyuie enye si!—Zefanya 2:2, 3.
-