Ta Blaeve Vɔ Asiekelia
Woɖo Fia aɖe ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
1, 2. Aleke Xizkiya ɖee fiae be yenye fia ɖɔʋu wu Axaz?
XIZKIYA xɔ ƒe 25 esime wòzu Yuda-fia. Fia ka tɔgbe wòava zu? Ðe wòadze fofoa, Fia Axaz, ƒe afɔtoƒe yome ahana eteviwo nanɔ alakpamawuwo yomea? Alo ɖe wòakplɔ dukɔa le Yehowa ƒe tadedeagu me, abe alesi tɔgbuia Fia Dawid wɔe enea?—Fiawo II, 16:2.
2 Esi Xizkiya va nɔ fiazikpuia dzi megbe kpuie la, edze ƒã be eɖoe be ‘yeawɔ nusi dze Yehowa ŋu.’ (Fiawo II, 18:2, 3) Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, ede se wodzra Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖo eye gbedoxɔmedɔwo gadze egɔme. (Kronika II, 29:3, 7, 11) Azɔ ewɔ ɖoɖo ɖe Ŋutitotozã gã aɖe ɖuɖu ŋu eye wòkpe dukɔ bliboa katã—kple Israel-to ewo siwo le dziehe hã. Azã gã si womaŋlɔ be akpɔ o kae nye si wònye! Womegaɖu etɔgbe kpɔ o tso keke Fia Salomo ƒe ŋkekeawo me ke.—Kronika II, 30:1, 25, 26.
3. (a) Nukae Israel kple Yuda tɔ siwo de Ŋutitotozã si ƒe ɖoɖo Xizkiya wɔ la ɖuƒe wɔ? (b) Nukae Kristotɔ siwo li egbea srɔ̃ tso nusi Ŋutitotozã ma delawo ɖo be yewoawɔ la me?
3 Le Ŋutitotozã la ƒe nuwuwu la, vavalawo see le wo ɖokui me be yewoalã Aseratiwo, alo ati kɔkɔewo, aƒu anyi, wogbã sɔti kɔkɔewo, wogbã nuxeƒewo kple alakpamawuwo ƒe vɔsamlekpuiwo, eye emegbe wotrɔ yi woƒe duwo me heɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Mawu vavã la. (Kronika II, 31:1) Aleke gbegbe esia to vovo na alesi wodea ta agui tsãe nye si! Kristotɔ vavãwo ate ŋu asrɔ̃ alesi wòle vevie egbea be ‘woagagblẽ woa ŋutɔwo ƒe ƒuƒoƒewo ɖi o’ la le esia me. Ne eɖanye mía gbɔ hamewo me kpekpewo loo alo wonye esiwo lolo wu le takpekpe sue kple gãawo me o, wowɔa akpa vevi aɖe le dzidede ƒo na wo me eye nɔviwo ƒe habɔbɔa kple Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãa wo be ‘woade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ me.’—Hebritɔwo 10:23-25.
Wodo Woƒe Xɔse Kpɔ
4, 5. (a) Aleke Xizkiya ɖe eɖokuisinɔnɔ tso Asiria gbɔ fiae? (b) Aleke Sanxerib ho aʋa ɖe Yuda ŋui, eye afɔ kawoe Xizkiya ɖe be magava dze Yerusalem dzi enumake o? (d) Aleke Xizkiya dzra ɖo be yeaʋli Yerusalem ta tso Asiriatɔwo si mee?
4 Dodokpɔ sesẽwo dze ŋgɔ Yerusalem. Xizkiya gblẽ nubabla si fofoa xɔsemanɔsitɔ Axaz wɔ kple Asiriatɔwo la me. Eɖu Filistitɔ siwo bla nu kple Asiria la gɔ̃ hã dzi. (Fiawo II, 18:7, 8) Esia do dziku na Asiria-fia. Eyata míexlẽ be: “[Eva] me le fia Xizkiya ƒe ƒe wuienelia me be, Asur-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.” (Yesaya 36:1) Xizkiya lɔ̃ be yeaxe klosalo talento 300 kple sika talento 30 na Sanxerib, ɖewohĩ le esi wònɔ mɔ kpɔm be anye takpɔkpɔ na Yerusalem be Asiria-ʋakɔ tamanalawo nagava dze edzi kpata o ta.a—Fiawo II, 18:14.
5 Esi sika kple klosalo mesɔ gbɔ le fiaƒeme nudzraɖoƒe woatsɔ axe fe sia o ta la, Xizkiya ɖe ga xɔasi siwo wòate ŋu akpɔ la tso gbedoxɔa me. Eɖe gbedoxɔa ƒe ʋɔtru siwo ŋu wofa sika ɖo la hã ɖo ɖe Sanxerib. Esia dze Asiriatɔ la ŋu, gake mexɔ ɣeyiɣi didi aɖeke o. (Fiawo II, 18:15, 16) Anɔ eme be Xizkiya nya be Asiriatɔwo maɖe susu ɖa le Yerusalem ŋu eteƒe nadidi o. Eyata ele be woawɔ dzadzraɖo. Dukɔa xe tsitoƒe siwo ate ŋu ana Asiriatɔ siwo ava dze wo dzi nakpɔ tsi ano. Xizkiya do ŋusẽ Yerusalem ƒe mɔ sesẽwo hã eye wòtu aʋawɔnudzraɖoƒe hewɔ ‘aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ.’—Kronika II, 32:4, 5.
6. Ameka ŋue Xizkiya ɖo ŋu ɖo?
6 Gake menye aʋawɔɖaŋu nyui alo dua takpɔnuwo ŋue Xizkiya ɖo ŋu ɖo o, ke boŋ aʋakɔwo ƒe Yehowa ŋue wòɖo ŋu ɖo. Exlɔ̃ nu eƒe aʋafiawo be: “Milé dzi ɖe ƒo, misẽ ŋu, eye migavɔ̃ o; Asur-fia kple ame gbogbo, siwo katã le eŋu la, megadzi ŋɔ na mi o, elabena amesi le mía dzi la, ƒo amesi le edzi la ta. Eya la amegbetɔ ƒe alɔe li kplii, ke míawo la Yehowa, mía Mawu lae, li kpli mí, ne wòakpe ɖe mía ŋu, eye wòawɔ míaƒe aʋawo.” Dukɔa wɔ nu ɖe enu eye “[woɖo] ŋu ɖe Yuda-fia Xizkiya ƒe nyawo ŋu.” (Kronika II, 32:7, 8) Kpɔ nudzɔdzɔ dodzidzɔname siwo kplɔe ɖo ɖa le susu me esi míele Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe ta 36 vaseɖe 39 me dzrom.
Rabsake Tsɔ Eƒe Nya Vɛ
7. Amekae nye Rabsake, eye nukata wodɔe ɖe Yerusalem?
7 Sanxerib dɔ Rabsake (asrafowo ƒe dzesideŋkɔ aɖe, ke menye amea ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o) tsɔ kpe ɖe amegã eve bubuwo ŋu ɖo ɖe Yerusalem be woana dua nana ta. (Fiawo II, 18:17) Xizkiya teƒenɔla etɔ̃ siwo nye Elyakim si nye Xizkiya ƒe aƒedzikpɔla, Sebna si nye agbalẽŋlɔla, kple Yoax si nye nuŋlɔɖila Asaf ƒe vi wodo go amesiawo le dua ƒe gli godo.—Yesaya 36:2, 3.
8. Aleke Rabsake te kpɔ be yeana Yerusalem nana tae?
8 Rabsake ƒe taɖodzinu dze ƒã—eyae nye be wòaƒo nu na Yerusalemtɔwo woana ta aʋamawɔmawɔe. Edo Hebrigbe hedo ɣli tsɔ dze egɔmee be: “Nuka ŋu gɔglɔ̃gɔe nèle dzi ɖom ɖo? . . . Ameka ŋu gɔ̃e nèle ŋu ɖom ɖo, be nèdze aglã ɖe ŋunye?” (Yesaya 36:4, 5) Azɔ Rabsake tɔ gbe Yudatɔ siwo ŋɔdzi lé la heɖo ŋku edzi na wo be xɔnametɔ aɖeke meli na wo kura o. Ameka gbɔe woate ŋu adi kpekpeɖeŋu le? Egipte si nye “aƒla ŋeŋe” la gbɔea? (Yesaya 36:6) Egipte ɖi aƒla ŋeŋe le ɣeyiɣi sia me vavã; le nyateƒe me la, Etiopia ɖu tsã xexemefiaɖuƒe ma dzi ɣeyiɣi kpui aɖe, eye Egiptetɔwo ƒe Farao, si nye Fia Tirhakah, si nɔ zi dzi ɣemaɣi la nye Etiopiatɔ, ke menye Egiptetɔ o. Eye Asiriatɔwo le edzi ɖu ge kpuie. (Fiawo II, 19:8, 9) Esi Egipte mate ŋu axɔ na eɖokui o ta la, mate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖeke Yuda o.
9. Edze ƒã be nukae na Rabsake gblɔ be Yehowa agblẽ Eƒe dukɔ la ɖi, gake aleke boŋue nye nya la?
9 Azɔ Rabsake gblɔ nya siwo fia be Yehowa mawɔ aʋa na Eƒe dukɔ o elabena Megakpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Rabsake gblɔ be: “Ne àgblɔ nam be: Yehowa, mía Mawu la ŋue míele dzi ɖom ɖo la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa . . . oa?” (Yesaya 36:7) Le nyateƒe me la, nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo gbagbã le anyigba la dzi mefia be wogbe Yehowa kura o, ke efia be Yudatɔwo gatrɔ va Yehowa gbɔ boŋ.
10. Nukata mele vevie o ne Yuda taʋlilawo ɖasɔ gbɔ loo alo ɖale sue o?
10 Rabsake ɖo ŋku edzi na Yudatɔwo azɔ be womele ɖeke me kura le aʋawɔwɔ gome o. Etɔ gbe wo dadatɔe be: “Matsɔ sɔ akpe eve na wò, be àte ŋu akpɔ sɔdolawo ado wo dzi hã?” (Yesaya 36:8) Gake le nɔnɔmea ŋutɔŋutɔ nu la, ne Yuda-sɔdola siwo wona hehee ɖasɔ gbɔ alo ɖale sue o hã la, ɖe wòhiã? Ao, elabena menye aʋawɔŋusẽ dzie Yuda ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖo o. Lododowo 21:31 ɖe nyawo me ale: “Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu, ke Yehowa si mee dziɖuɖu le.” Azɔ Rabsake gblɔ be Asiriatɔwo dzie Yehowa ƒe yayra le, ke menye Yudatɔwo dzie o. Egblɔ be ne menye nenema o la, anye ne Asiriatɔwo mate ŋu axɔ Yuda-nyigba ƒe teƒe geɖe nenema o.—Yesaya 36:9, 10.
11, 12. (a) Nukata Rabsake di kokoko be yeaƒo nu le “Yuda-gbe” me, eye agbagba kae wòdze be yeate Yudatɔ siwo nɔ to ɖom la kpɔ? (b) Dɔ kae Rabsake ƒe nyawo ate ŋu awɔ ɖe Yudatɔwo dzi?
11 Xizkiya teƒenɔlaawo tsi dzi ɖe dɔ si Rabsake ƒe nyawo awɔ ɖe ŋutsu siwo nɔ dua ƒe glia dzi siwo ate ŋu ase nyaawo la dzi ŋu. Yuda-megã siawo bia be: “Ƒo nu kple wò dɔlawo ɖe Aram-gbe me, elabena míesenɛ; ke megaƒo nu kpli mí le Yuda-gbe me ɖe dukɔ, si le glia dzi la ƒe to me o.” (Yesaya 36:11) Gake Rabsake medi be yeaƒo nu le Aram-gbe me koŋ o. Edi be yeade ɖikeke kple vɔvɔ̃ Yudatɔwo me ne woana ta ale be woaxɔ Yerusalem aʋamawɔmawɔe! (Yesaya 36:12) Eyata Asiriatɔ la gaƒo nu le “Yuda-gbe” me. Exlɔ̃ nu Yerusalemtɔwo be: “Migana Xizkiya nanɔ mia flum o, elabena mate ŋu aɖe mi o!” Le esia megbe la, edze agbagba be yeate amesiwo nɔ to ɖom la akpɔ to nuƒoƒo tso alesi agbenɔnɔ anɔ na Yudatɔwo le Asiria-dziɖuɖu te ŋu me be: “Mibla nu kplim, eye mido va gbɔnye, eye mia dome amesiame naɖu eƒe weintsetse, amesiame naɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame nano eƒe vudo me tsi, vaseɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba, si le abe mia tɔ ene la dzi, anyigba, si dzi bli kple wein le, anyigba, si dzi abolo kple atibɔwo le.”—Yesaya 36:13-17.
12 Yudatɔwo mele nu ŋe ge le ƒe sia me o—Asiriatɔwo ƒe amedzidzedzea na womete ŋu do nu o. Mɔkpɔkpɔ si nye be woava ɖu gbotsetse viviwo ahano tsi fafɛ la adzro ŋutsu siwo nɔ glia dzi nɔ to ɖom la ŋutɔ. Gake Rabsake mewu eƒe agbagbadzedze be yeade vɔvɔ̃ lãme na Yudatɔwo la nu haɖe o.
13, 14. Togbɔ be Rabsake ƒo nu hã, nukata nusi dzɔ ɖe Samaria dzi la meku ɖe nɔnɔme si me Yuda nɔ ŋu o?
13 Rabsake gado nya bubu ɖa tsɔ yi nya siwo wòtsɔ le aʋa wɔmee la dzi. Exlɔ̃ nu Yudatɔwo be ne Xizkiya le gbɔgblɔm be: “Yehowa aɖe mí” la, womegaxɔ edzi se o. Rabsake ɖo ŋku edzi na Yudatɔwo be Samaria-mawuwo mete ŋu xɔ to ewoawo le Asiriatɔwo si me o. Eye dukɔ bubu siwo dzi Asiria ɖu la ƒe mawuwo hã ɖe? Ebia be: “Afika Xamat kple Arpad ƒe mawu le? Afika Sefarwayim ƒe mawuwo le? Ðe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea?”—Yesaya 36:18-20.
14 Le nyateƒe me la, Rabsake si nye alakpamawuwo subɔla la menya be vovototo gã aɖe le Samaria si gbe xɔse la kple Yerusalem si le Xizkiya ƒe dziɖuɖu te dome o. Ŋusẽ aɖeke mele Samaria ƒe alakpamawuwo si woatsɔ axɔ na to ewo fiaɖuƒe la o. (Fiawo II, 17:7, 17, 18) Gake Yerusalem si le Xizkiya te ya trɔ megbe de alakpamawuwo eye wotrɔ va le Yehowa subɔm. Ke hã Yudatɔwo teƒenɔla etɔ̃awo mete kpɔ be yewoaɖe nya sia me na Rabsake o. “Wozi kpi, womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se na wo be: ‘Migaɖo nya ŋu nɛ o.’” (Yesaya 36:21, “NW”) Elyakim, Sebna, kple Yoax trɔ yi Xizkiya gbɔ eye wogblɔ Rabsake ƒe nyawo nɛ.—Yesaya 36:22.
Xizkiya Wɔ Nyametsotso
15. (a) Nyametsotso kae dze ŋgɔ Xizkiya fifia? (b) Aleke Yehowa gana kakaɖedzi eƒe dukɔ lae?
15 Fifia nyametsotso aɖe dze ŋgɔ Fia Xizkiya. Ðe Yerusalem ana ta Asiriatɔwoa? ɖe woava bla nu kple Egiptetɔwoa? alo ɖe woanɔ te awɔ aʋaa? Xizkiya xaxa ŋutɔ. Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wòdɔ Elyakim kple Sebna tsɔ kpe ɖe nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo ŋu be woava bia gbe Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi. (Yesaya 37:1, 2) Fia ƒe amedɔdɔawo ta akpanya va do ɖe Yesaya gbɔ gblɔ bena: “Egbe enye xaxa-, tohehe- kple vlodogbe. . . . Ðewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta.” (Yesaya 37:3-5) Ẽ, Asiriatɔwo tɔ gbe Mawu gbagbe la! Ðe Yehowa awɔ nane tso woƒe alɔmeɖenyawo ŋua? Yehowa to Yesaya dzi gana kakaɖedzi Yudatɔwo be: “Migavɔ̃ nya, siwo Asur-fia ƒe ɖekakpuiwo tsɔ ɖe alɔme le ŋunye nèse la o. Kpɔ ɖa, made gbɔgbɔ aɖe eme, eye mana wòase nya aɖe ahagbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi, eye mana wòatsi yi nu le eƒe anyigba dzi.”—Yesaya 37:6, 7.
16. Lɛta kawoe Sanxerib ɖo ɖa?
16 Le ɣeyiɣi ma me la, Rabsake yi va nɔ Sanxerib ŋu esime fia la nɔ aʋa wɔm le Libna. Sanxerib agatrɔ ɖe Yerusalem ŋu ɣebubuɣi. (Yesaya 37:8) Ke hã Rabsake ƒe dzodzo meɖe Xizkiya ƒe xaxaa dzi kpɔtɔ o. Sanxerib ɖo ŋɔdzidoname lɛtawo ɖa tsɔ gblɔ nusi Yerusalemtɔwo ate ŋu akpɔ mɔ na ne wogbe ta nana: “Wò ŋutɔ èse nusi Asur-fiawo wɔ anyigbawo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi, eye woaɖe wò ya? Ðe dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃ . . . la ƒe mawuwo ɖe woa? Afika Xamat-fia, Arpad-fia kple du Sefarwayim, Hena kple Iwa ƒe fia le?” (Yesaya 37:9-13) Nya si gblɔm Asiriatɔ la le koŋue nye be enye bometsitsi be woagbe ta nana—ɖeko tamanamana ana woagaxaxa ɖe edzi boŋ!
17, 18. (a) Susu kae Xizkiya tsɔ bia Yehowa ƒe ametakpɔkpɔe? (b) Aleke Yehowa to Yesaya dzi ɖo nya ŋu na Asiriatɔ lae?
17 Esi Xizkiya tsi dzi vevie ɖe nusi ado tso nyametsotso si wòle be wòawɔ me la, ekeke Sanxerib ƒe lɛtaawo me ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me. (Yesaya 37:14) Edo gbe ɖa tso dzime tsɔ ɖe kuku na Yehowa be wòalé to ɖe Asiriatɔ la ƒe ŋɔdzidonamea ŋu, eye eƒo eƒe gbedodoɖaa ta kple nya siawo be: “Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.” (Yesaya 37:15-20) Edze ƒã le nya sia me be menye Xizkiya ŋutɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu koŋue wòtsi dzi ɖo o, ke boŋ vlodoame si woali kɔe ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi ne Asiriatɔwo ɖu Yerusalem dzi ŋue wòtsi dzi ɖo.
18 Yehowa ɖo Xizkiya ƒe gbedodoɖaa ŋu to Yesaya dzi. Mele be Yerusalem nana ta Asiria o; ele be wòanɔ te. Yesaya gblɔ Yehowa ƒe gbedasi na Asiriatɔ la dzideƒotɔe abe ɖe Sanxerib ye wònɔ nu ƒom na ene be: “Ðetugbi, Zion-nyɔnuvi, ɖe alɔme le ŋuwò, eye wòko wò, Yerusalem-nyɔnuvi ʋuʋu ta ɖe yowòme [fewuɖuɖutɔe].” (Yesaya 37:21, 22) Nya si Yehowa gblɔ kpe ɖe eŋu la fia be: ‘Amekae nènye be nàɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu? Menya wò dɔwɔwɔwo. Èdia nu gã; èƒoa adegbe ŋutɔ. Èɖoa ŋu ɖe wò aʋawɔŋusẽ ŋu eye èxɔ anyigba geɖe. Gake menye amesi dzi womate ŋu aɖu ye nènye o. Matɔtɔ wò ɖoɖowo. Maɖu dziwò. Emegbe mawɔ wò abe alesi nèwɔ ame bubuwoe ene. Made ga wò ŋɔti me ahakplɔ wò agbugbɔ yi Asiria!’—Yesaya 37:23-29.
“Esia Anye Dzesi na Wò”
19. Dzesi kae Yehowa na Xizkiya, eye nukae wòfia?
19 Kpeɖodzi kae le Xizkiya si be Yesaya ƒe nyagblɔɖia ava eme? Yehowa ɖo eŋu be: “Esia anye dzesi na wò: Le ƒe sia me la miaɖu nusiwo mie dzro le wo ɖokui si, le ƒe evelia me la miaɖu flumenu, eye le ƒe etɔ̃lia me la miaƒã nu aŋe nu, eye miade weingblewo aɖu wo me kutsetsewo.” (Yesaya 37:30) Yehowa ana nuɖuɖu Yudatɔ siwo woxaxa ɖe dua me. Togbɔ be womate ŋu aƒã nu le Asiriatɔwo ƒe amedzidzedzea ta o hã la, woate ŋu aɖu nusiwo woafɔ le ƒe si do ŋgɔ ƒe nuŋeŋe yome. Le ƒe si kplɔe ɖo me, si nye sabat ƒe la, ele be woagblẽ woƒe agblewo ɖi woazu flu, togbɔ be woɖo nɔnɔme sesẽ me hã. (Mose II, 23:11) Yehowa do ŋugbe be ne dukɔa ɖo to ye la, nuku geɖe amie ɖe fluawo me woaɖu. Eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, amewo aƒã nu abe alesi wowɔnɛ tsã ene eye woaɖu woƒe asinudɔwɔwɔwo.
20. Mɔ ka nue amesiwo woaɖe le Asiriatɔwo ƒe amedzidzedzea me la “aɖe ke aɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzi me” le?
20 Azɔ Yehowa tsɔ eƒe dukɔa sɔ kple numiemie si womate ŋu aho bɔbɔe o: “Yuda ƒe aƒe la ƒe ame . . . siwo woɖe la, aɖe ke aɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzi me.” (Yesaya 37:31, 32) Ẽ, mele be amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu navɔ̃ na naneke o. Wo kple wo viwo ali ke sesĩe ɖe anyigba la dzi.
21, 22. (a) Nya kae wogblɔ ɖi le Sanxerib ŋu? (b) Aleke nya si Yehowa gblɔ le Sanxerib ŋu la va emee, eye ɣekaɣie?
21 Ke ŋɔdzi si Asiriatɔ la do na Yerusalem ya ɖe? Yehowa ɖo eŋu be: “Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Asur-fia ŋu enye si: Mava du sia me o, eye mada aŋutrɔ ɖe eme o, matsɔ akpoxɔnu ate ɖe eŋu o, eye maƒu kpo ɖe eŋu o. Agbugbɔ ato mɔ, si dzi wòto va, eye mava du sia me o.” (Yesaya 37:33, 34) Asiria kple Yerusalem mele aʋa wɔ ge gɔ̃ hã o. Nukutɔe la, Asiriatɔwo dzie woaɖu aʋamawɔmawɔe, ke menye Yudatɔwo o.
22 Yehowa wɔ ɖe eƒe nya dzi hedɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva wu aʋawɔla sesẽtɔwo le Sanxerib ƒe aʋakɔ la dome—ŋutsu 185,000. Edze abe Libna ye nusia dzɔ le ene, eye esi Sanxerib ŋutɔ fɔ la, ekpɔe be yeƒe aʋakɔa ƒe ŋgɔnɔlawo, aʋafiawo, kple ŋutsu kalẽtɔwo ku. Etsɔ ŋukpe trɔ yi Niniwe, gake togbɔ be woɖu edzi wòdze ƒã alea hã la, etsɔ dzimesesẽ ku ɖe eƒe alakpamawu Nisrox ŋu. Ƒe aɖewo megbe esi Sanxerib nɔ ta dem agu le Nisrox ƒe gbedoxɔ me la, viaŋutsu eve wui. Nisrox si me agbe mele o la mete ŋu xɔ na ame le nudzɔdzɔ sia hã me o.—Yesaya 37:35-38.
Wogado Ŋusẽ Xizkiya ƒe Xɔse
23. Nɔnɔme sesẽ kawoe dze ŋgɔ Xizkiya esime Sanxerib tso ɖe Yuda ŋu zi gbãtɔ, eye nukae nɔnɔme sesẽ siawo ahe vɛ?
23 Le ɣeyiɣi si me Sanxerib tso ɖe Yuda ŋu zi gbãtɔ me lɔƒo la, Xizkiya dze dɔ vevie. Yesaya gblɔ nɛ be ele kuku ge. (Yesaya 38:1) Fia sia si xɔ ƒe 39 la ƒe dzi gbã. Menye eya ɖeka ƒe nyonyo ko ŋu bumee wònɔ o ke enɔ eƒe dukɔa ƒe etsɔme hã fam. Ate ŋu adzɔ be Asiriatɔwo nava dze Yerusalem kple Yuda dzi. Ne Xizkiya ku la, amekae anɔ ŋgɔ woawɔ aʋa la? Viŋutsu menɔ Xizkiya si ɣemaɣi si ava ɖu fia ɖe eteƒe o. Xizkiya do gbe ɖa vevie ɖe kuku na Yehowa be wòakpɔ nublanui na ye.—Yesaya 38:2, 3.
24, 25. (a) Aleke Yehowa ɖo Xizkiya ƒe gbedodoɖaa ŋu dɔmenyotɔe? (b) Nukunu kae Yehowa wɔ, abe alesi wogblɔe ɖe Yesaya 38:7, 8 ene?
24 Yesaya mekpɔ dzo le fiasã la me o hafi Yehowa gadɔe ɖe fia si dze dɔ la ƒe dɔba gbɔ kple gbedasi bubu be: “Mese wò kokoƒoƒo, eye mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò ŋkekewo ŋu. Maɖe mia kple du sia tso Asur-fia si me, eye makpɔ du sia ta.” (Yesaya 38:4-6; Fiawo II, 20:4, 5) Yehowa atsɔ dzesi wɔmoyaa aɖe aɖo kpe eƒe ŋugbedodoa dzii: “Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Axab ƒe [atrakpuimɔ, “NW”] ƒe ɖoƒe, si wòle la dzi.”—Yesaya 38:7, 8a.
25 Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be atrakpuimɔ aɖe nɔ fiasã la me, eye ɖewohĩ sɔti aɖe te ɖe eŋu. Ne ɣe klẽ ɖe sɔtia dzi la, eƒe vɔvɔli va nɔa atrakpuia dzi. Woate ŋu alé ŋku ɖe vɔvɔlia ƒe zɔɖeɖe le atrakpuia dzi ŋu anya ŋkekea me gaƒoƒowo. Azɔ Yehowa gblɔ be yele dzesi aɖe wɔ ge. Ne vɔvɔlia to atrakpuia dzi ɖiɖi va anyime abe alesi wònɔna ɣesiaɣi ene vɔ la, agbugbɔ megbemegbee afɔɖoƒe ewo. Amekae se nya sia tɔgbe kpɔ? Biblia gblɔ be: “Tete ɣe gbugbɔ ɖe megbe tso ɖoƒe, si wòle la, ɖoƒe ewo.” (Yesaya 38:8b) Le ema megbe kpuie la, Xizkiya haya. Esia ŋuti nya kaka ɖo keke Babilon ke. Esi Babilon-fia see la, edɔ amewo ɖo ɖe Yerusalem be woava se nyaa me.
26. Nukae nye nusiwo do tso Xizkiya ƒe agbenɔɣi si wodidi ɖe edzi me la dometɔ ɖeka?
26 Esi Xizkiya haya nukutɔe ƒe etɔ̃ megbe la, wodzi viŋutsu gbãtɔ nɛ si ŋkɔe nye Manase. Esi Manase tsi la, meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu o, evɔ ne menye ɖe Mawu kpɔ nublanui na fofoa o la, anye ne womedzii hafi o! Gake le Manase ƒe agbenɔɣi ƒe akpa gãtɔ la, ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.—Kronika II, 32:24; 33:1-6.
Ewɔ Vodada le Nuŋububu Me
27. Mɔ kawo nue Xizkiya ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia Yehowa le?
27 Xizkiya nye xɔsetɔ abe tɔgbuia Dawid ene. Ede asixɔxɔ Mawu ƒe Nya ŋu. Le Lododowo 25:1 ƒe nya nu la, eyae wɔ ɖoɖo woƒo nya siwo dze le Lododowo ta 25 vaseɖe 29 lia me fifia la nu ƒu. Ame aɖewo xɔe se be eya hãe ŋlɔ Psalmo 119 lia me nyawo. Ha wɔdɔɖeamedzi si Xizkiya kpa esi wòhaya tso eƒe dɔlélea me la ɖee fia be enye amesi dzi nu wɔa dɔ ɖo vevie. Eƒo eta be nu vevitɔ le agbe mee nye be míate ŋu akafu Yehowa le Eƒe gbedoxɔ me “le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me.” (Yesaya 38:9-20) Neva eme be mí katã míase le mía ɖokui me nenema ɖe tadedeagu dzadzɛ ŋu!
28. Vodada kae Xizkiya wɔ le nuŋububu me ɣeaɖeɣi le dɔ dada nɛ nukutɔe megbe?
28 Togbɔ be Xizkiya nye nuteƒewɔla hã, mede blibo o. Ewɔ vodada gã aɖe le nuŋububu me ɣeaɖeɣi le Yehowa ƒe dɔ dada nɛ megbe. Yesaya gblɔ be: “Ɣemaɣi Babel-fia Merodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, esime wòse be, elé dɔ wòvɔ nɛ. Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfia eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o.”—Yesaya 39:1, 2.b
29. (a) Anye be nukae nɔ susu me na Xizkiya esi wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo fia amedɔdɔ siwo tso Babilon? (b) Nukawoe ado tso vodada si Xizkiya wɔ le eƒe nuŋububu me la me?
29 Togbɔ be Yehowa ƒe dɔla ɖu Asiriatɔwo dzi keŋkeŋ hã la, wogakpɔtɔ nye ŋɔdzi na dukɔ geɖe kple Babilon hã. Ðewohĩ Xizkiya di be yeana yeƒe nu nawɔ dɔ ɖe Babilon-fia dzi ne wòakpɔ be ate ŋu abla nu kpli ye le etsɔme. Gake Yehowa medi be Yudatɔwo nawɔ ɖeka kple woƒe futɔwo o; edi be woaɖo ŋu ɖe ye ŋu! Yehowa to Yesaya dzi ɖe nusi adzɔ le etsɔme fia Xizkiya be: “Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me woalɔ nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo katã fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o . . . Eye woakplɔ viwòŋutsu, siwo ado tso wò ali me, esiwo dzi ge nala la dometɔ aɖewo woaɖanye nudzikpɔlawo le Babel-fia ƒe me.” (Yesaya 39:3-7) Ẽ, dukɔ si tututu dzi Xizkiya di be yeana yeƒe nu nawɔ dɔ ɖo la ke aha Yerusalem ƒe kesinɔnuwo mlɔeba ahawɔ duametɔwo kluviwoe. Ðeko Xizkiya gana eƒe nuwo dzro Babilontɔ ŋuklẽlawo ɖe edzi esi wòtsɔ eƒe kesinɔnuawo fia wo.
30. Aleke Xizkiya ɖe nɔnɔme nyui fiae?
30 Anye nudzɔdzɔ si me Xizkiya tsɔ eƒe nu xɔasiwo fia Babilontɔwo lae Kronika II, 32:26 wɔnɛ esi wògblɔ be: “Xizkiya kple Yerusalemtɔwo bɔbɔ wo ɖokui le eƒe dada la ta, eye Yehowa ƒe dɔmedzoe meva wo dzi le Xizkiya ƒe agbenɔɣi o.”
31. Aleke nuwo va nɔ na Xizkiya, eye nukae esia fia mí?
31 Togbɔ be Xizkiya mede blibo o hã la, xɔsetɔe wònye. Enya be ame ŋutɔŋutɔ si si seselelãmewo le ye yeƒe Mawu, Yehowa, nye. Esi Xizkiya ɖo xaxa me la, edo gbe ɖa na Yehowa vevie, eye Yehowa ɖo eŋu nɛ. Yehowa Mawu na wònɔ ŋutifafa me le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me, eye Xizkiya da akpe ɖe esia ta. (Yesaya 39:8) Ele be mí amesiwo li egbea hã míabu Yehowa ame ŋutɔŋutɔe nenema ke. Ne kuxiwo do mo ɖa la, neva eme be míakpɔ Yehowa sinu abe Xizkiya ene be wòana nunya mí eye wòafia alesi míawɔ akpɔ egbɔe mí, “[elabena enaa] amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o.” (Yakobo 1:5) Ne míeyi edzi do dzi eye míexɔ Yehowa dzi se la, míate ŋu aka ɖe edzi be anye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie,” fifia kple le etsɔme.—Hebritɔwo 11:6.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ewu (U.S.) dɔlar miliɔn 9.5 ne míebui ɖe egbegbe ga home nu.
b Esi woɖu Sanxerib dzi megbe la, dukɔ siwo ƒo xlã wo tsɔ nunana siwo nye sika, klosalo, kple nu xɔasi bubuwo vɛ na Xizkiya. Míexlẽ le Kronika II, 32:22, 23, 27 be “kesinɔnu kple bubu geɖe ŋutɔ su Xizkiya si” eye be “eƒe ŋkɔ de du le dukɔwo katã dome.” Anye be nunana siawoe na wòkpɔ nu tsɔ de kesinɔnudzraɖoƒea, afisi wòfɔ nuwo katã le tsã tsɔ xe fe na Asiriatɔwo.
[Nɔnɔmetata si le axa 383]
Fia Xizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esi wòdze ŋgɔ Asiria ƒe ŋusẽ
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 384]
[Nɔnɔmetata si le axa 389]
Fia la dɔ amewo ɖo ɖe Yesaya be woase aɖaŋu si Yehowa aɖo
[Nɔnɔmetata si le axa 390]
Xizkiya do gbe ɖa be Asiria dzi ɖuɖu nakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti
[Nɔnɔmetata si le axa 393]
Yehowa ƒe dɔla wu Asiriatɔ 185,000