Amesiwo Wɔa Avu Kple Mawu Maɖu Dzi O!
“Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe.”—YEREMYA 1:19.
1. Dɔ kae wode Yeremya si, eye ɣeyiɣi didi kae eƒe dɔa xɔ?
YEHOWA dɔ ɖekakpui Yeremya be wòanye nyagblɔɖila na dukɔwo. (Yeremya 1:5) Yuda Fia Yosiya, si nye ame nyui ƒe dziɖuɣie nusia dzɔ. Yeremya nɔ eƒe nyagblɔɖidɔa wɔwɔ dzi to ɣeyiɣi sesẽ si do ŋgɔ na Babilon ƒe Yerusalem dzi ɖuɖu me vaseɖe esime wokplɔ Mawu ƒe amewo yi aboyo me.—Yeremya 1:1-3.
2. Aleke Yehowa do ŋusẽ Yeremya, eye avuwɔwɔ kple nyagblɔɖila la fia nuka?
2 Amewo atsi tre ɖe ʋɔnudrɔ̃gbedasi siwo wobe Yeremya nagblɔ la ŋu godoo. Eyata Mawu do ŋusẽe ɖe nusiwo me wòava to ŋu. (Yeremya 1:8-10) Le kpɔɖeŋu me, nya siwo do ŋusẽ nyagblɔɖila lae nye: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yeremya 1:19) Avuwɔwɔ kple Yeremya afia avuwɔwɔ kple Mawu. Egbea Yehowa subɔla siwo le abe nyagblɔɖilawo ene ƒe ƒuƒoƒo aɖe li, amesiwo le Yeremya ƒe dɔa tɔgbe wɔm. Wogblɔa Mawu ƒe nyagblɔɖinya la kalẽtɔe abe eyama ene. Eye gbedasi sia ka amewo kple dukɔwo katã hena nyui alo vɔ̃, le alesi wowɔa nu ɖe eŋui nu. Abe alesi wònɔ le Yeremya ƒe ɣeyiɣia me ene la, ame aɖewo li siwo wɔa avu kple Mawu le alesi wotsia tre ɖe esubɔlawo kple dɔ si Mawu de wo si ŋu ta.
Woho Ðe Yehowa Subɔlawo Ŋu
3. Nukatae wodzea Yehowa subɔlawo dzi?
3 Tso ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze kee woho aʋa ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu. Amesiwo ɖo susu vɔ̃ te kpɔ le dukɔ geɖe me be yewoaxe mɔ bene woagaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya o—ẽ, wodi be yewoatsi enu. Míaƒe Futɔ gãtɔ, Abosam, amesi “le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene” ye dea dzo wo me. (Petro I, 5:8) Esi ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia’ wu enu le ƒe 1914 me la, Mawu ɖo Via wòzu Fia yeye ɖe anyigba dzi, eye wòɖe gbe nɛ be ‘wòaɖu fia le eƒe futɔwo titina.’ (Luka 21:24; Psalmo 110:2) Kristo wɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ henya Satana tso dziƒo hesikae ɖe anyigbanuto me. Esi Abosam nya be ɣeyiɣi kpui aɖe koe le ye si ta la, ele eƒe dziku ɖem ɖe Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:9, 17) Nukae do tso amesiawo siwo wɔa avu kple Mawu la ƒe amedzidzedze atraɖii me?
4. Dodokpɔ kawo mee Yehowa ƒe amewo to le Xexemeʋa I wɔɣi, gake nukae va dzɔ le ƒe 1919 kple 1922 me?
4 Le Xexemeʋa I wɔɣi la, amesiamina susɔeawo do go tetekpɔ geɖe siwo do woƒe xɔse kpɔ. Woɖu fewu le wo ŋu heka aʋatso ɖe wo si, nuvlowɔhawo nyã wo ɖe nu, eye woƒo wo. ‘Dukɔwo katã lé fu wo’ abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 24:9) Le aʋawɔɣi ƒe tɔtɔa me la, Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo zã mɔnu si wozã ɖe Yesu Kristo ŋu. Woda alakpa be Yehowa ƒe amewo nye dugbãlawo, eye wodze Mawu ƒe habɔbɔ si wokpɔna la ƒe ta dzi. Le May 1918 me la, dukɔa na ŋusẽgbalẽ be woalé Habɔbɔa ƒe zimenɔla, J. F. Rutherford, kple ehati vevi adre. Woyɔ ƒe gbogbo aɖewo be ŋutsu enyi siawo natsɔ anɔ gaxɔ mee eye wokplɔ wo yi ɖade dukɔa ƒe gaxɔ me le Atlanta, Georgia, U.S.A. Woɖe asi le wo ŋu le ɣleti asieke megbe. Le May 1919 me la, nutoa me nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gblɔ be menye ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe nyae wodrɔ̃ na amesiawo siwo nu wotso la o, eye le ema ta wote fli ɖe afiatsotso gbãtɔa me. Woɖoe be woagbugbɔ nya la adrɔ̃, gake emegbe dziɖuɖua te fli ɖe nya si wotsɔ ɖe wo ŋu me, eye woɖe Nɔviŋutsu Rutherford kple ehatiwo le nya me keŋkeŋ. Wogadze woƒe dɔwo gɔme, eye takpekpe siwo wowɔ le Cedar Point, Ohio, le ƒe 1919 kple ƒe 1922 me gade dzo yeye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me.
5. Aleke nuwo nɔ na Yehowa Ðasefowo le Nazi Germany?
5 Le ƒe 1930 ƒeawo me la, dzizizidziɖuɖuwo do, eye Germany, Italy, kple Japan wɔ Nubabla hezu dziɖuŋusẽ ɖeka. Le ƒe mawo ke ƒe gɔmedzedze la, wova nɔ Mawu ƒe amewo yome tim kutɔkutɔe, vevietɔ le Nazi Germany. Woɖo asi woƒe dɔwo dzi. Woka aƒewo me helé aƒeawo me tɔwo. Wokplɔ ame akpe geɖe yi fuwɔamesaɖawo me le esi wogbe asiɖeɖe le woƒe xɔse ŋu ta. Ðe woɖoe wɔ avu kple Mawu kpakple eƒe amewo kple susu be woatsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo keŋkeŋ le ŋutasẽdziɖuɖu dukɔ ma me.a Esi Ðasefoawo tsɔ nyaa yi ʋɔnui le Germany be yewoaʋli yewoƒe gomenɔamesiwo ta la, Germany Ʋɔnudrɔ̃nyawo Dzikpɔƒea ŋlɔ nya legbee aɖewo be wòatsɔ akpɔ egbɔ be womaɖu dzi o. Nusi woŋlɔ enye be: “Mele be ʋɔnudrɔ̃ƒea nado kpo nu le seŋudɔwɔwɔ dzro ko ta o; ke boŋ ele be wòadi mɔnuwo atsɔ akpɔ woƒe dɔ veviwo gbɔe togbɔ be ɖoɖoawo ana wòasesẽ hã.” Esia fia be womadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo o. Nazitɔawo he nya be Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo ɖia ame nu, alo tsia tre ɖe ame ŋu, eye ‘wònye kplamatsedonu na Sosialist Dziɖuɖu ɖoɖo anyi.’
6. Afɔ kawoe woɖe be woatsɔ atɔ te míaƒe dɔa le Xexemeʋa II wɔɣi kple emegbe?
6 Le Xexemeʋa II wɔɣi la, woɖo asi Mawu ƒe amewo dzi eye woxe mɔ ɖe woƒe dɔwo nu le Australia, Canada, kple dukɔ bubu siwo wogblɔ be wole Britain Nubablaa me la me—le Afrika, Asia, kple Carib kpakple Pasifik ƒukpowo dzi. Le United States la, ameŋkuta aɖewo siwo nye futɔwo kpakple amesiwo wogblɔ aʋatsonyawo na tso mía ŋu ‘wɔ se ŋudɔ tsɔ di nya na woe.’ (Psalmo 94:20) Gake woʋli gbedodo na aflaga kple nutomese siwo xe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme nu ƒe nyawo le ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye afia nyui siwo ʋɔnudrɔ̃ƒewo tso le United States va zu subɔsubɔblɔɖe takpɔnu sesẽ aɖe. Yehowa kpɔ egbɔ be futɔwo ƒe agbagbadzedzewo medze edzi o. Esi aʋaa ke le Europa la, woɖe mɔxeɖenuawo ɖa. Woɖe asi le Ðasefo akpe geɖe siwo wosika ɖe Germany ƒe fuwɔamegaxɔwo me ŋu, gake avuwɔwɔa mewu enu o. Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia dze egɔme le Xexemeʋa II megbe teti. Ɣedzeƒe Europa dukɔwo gatsi tre ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu ake. Dziɖuɖuwo ɖe afɔ be yewoatsɔ ado kplamatse míaƒe ɖaseɖiɖidɔwo ahatɔ tee, be yewoaɖo asi Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖoɖo ɖa dzi, eye be yewoatsi míaƒe dutoƒotakpekpewo wɔwɔ nu. Wode ame geɖe gaxɔ me alo kplɔ wo yi kluvidɔwɔƒewo.
Gbeƒãɖeɖedɔa Kpɔtɔ le Edzi Yim!
7. Nukawo mee Yehowa Ðasefowo to le Poland, Russia, kple dukɔ bubuwo me le míaƒe ƒe siawo me?
7 Esi ƒeawo nɔ yiyim la, mɔ va ʋu ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Togbɔ be Poland kpɔtɔ nɔ Kɔmiunist-dziɖuɖu te hã la, woɖe mɔ wowɔ ŋkeke ɖeka takpekpe gãwo le ƒe 1982 me. Wowɔ dukɔwo dome takpekpewo le afima le ƒe 1985 me. Wova wɔ dukɔwo dome takpekpe siwo lolo wu le ƒe 1989 me, eye ame akpe geɖe tso Russia kple Ukraine de. Le ƒe ma me la, woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo le se nu le Hungary kple Poland. Ƒe 1989 ƒe keleme la, womu Berlin Glia. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woɖe mɔ na mí le se nu le East Germany eye ema megbe kpuie la, wowɔ dukɔwo dome takpekpe le Berlin. Eye le ƒe alafa 20 lia ƒe ƒe ewo susɔea ƒe gɔmedzedze la, wodze agbagba geɖe be woake ɖe nɔviwo ŋu ɖekaɖeka le Russia. Wova kpɔ amegã aɖewo le Moscow, eye le ƒe 1991 me la, wode Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ agbalẽ me le se nu. Tso ɣemaɣi la, dɔa dzi ɖe edzi geɖe ŋutɔ le Russia kple dukɔ siwo nye Soviet Union ƒe akpa aɖe tsã hã me.
8. Nukae dzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi le ƒe 45 siwo kplɔ Xexemeʋa II ƒe keke ɖo me?
8 Togbɔ be yometitia nu fa le teƒe aɖewo hã la, enu va sẽ le teƒe bubuwo. Le ƒe 45 siwo kplɔ xexemeʋa evelia ƒe keke ɖo me la, dukɔ geɖe gbe mɔɖeɖe na Yehowa Ðasefowo le se nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖo asi mía dzi alo míaƒe dɔa dzi le dukɔ 23 me le Afrika, 9 le Asia, 8 le Europa, 3 le Latin Amerika, kple ƒukpo dzi dukɔ 4 aɖewo me.
9. Nukawo mee Yehowa subɔlawo to le Malawi?
9 Yehowa Ðasefo siwo le Malawi do go yometiti sesẽ le ƒe 1967 ƒe gɔmedzedze. Le Kristotɔ vavãwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, mía hati xɔsetɔ siwo le afima gbe dunyaheha ƒe dzesidegbalẽviwo ƒeƒle. (Yohanes 17:16) Esi dunyaheha si nye “Malawi Congress Party” wɔ kpekpe aɖe le ƒe 1972 me megbe la, ŋutasesẽa nu gava sẽ ɖe edzi. Wonyã nɔviawo le woƒe aƒewo me eye woxɔ dɔ le wo si. Wo dometɔ akpe geɖe si dzo le dukɔa me bene woagawu yewo o. Gake ɖe amesiwo nɔ avu wɔm kple Mawu kpakple eƒe amewo ɖu dzia? Kura o! Esi nuwo va trɔ bubui kura emegbe la, gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye ame 43,767 ye bu akɔnta le Malawi le ƒe 1999 me, eye ame 150,000 kple edzivɔe de nutome gã takpekpewo le afima. Wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe fiadua me.
Wodia Mɔnu le Mía Ŋu
10. Abe alesi wònɔ le Daniel gome ene la, nukae Mawu ƒe amewo ƒe futɔ egbegbetɔwo wɔ?
10 Xɔsegbelawo, osɔfowo, kple ame bubuwo mete ŋu nɔa te ɖe míaƒe gbedasi si tso Mawu ƒe Nyaa me nu o. Kristodukɔa ƒe hatsotso aɖewo ƒlɔa dzo ɖe tsitretsiɖeŋulawo te wodia mɔnu si woa ŋutɔwo gblɔna be ele se nu be yewoana yewoƒe nya nadzɔ le avu si wɔm wole kpli mí la me. Aɖaŋumɔ kawo dzie wotona ɣeaɖewoɣi? Nukae nugbeɖolawo wɔ esi woho ɖe nyagblɔɖila Daniel ŋu? Daniel 6:5, 6 me nyawo xlẽ be: “Tete tatɔawo kple amegãawo di nya le Daniel ŋu le dziɖunya gome, ke womete ŋu kpɔ nya alo nu gbegblẽ wɔwɔ aɖeke o, elabena eɖi anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o. Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nya aɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.” Nenema ke tsitretsiɖeŋulawo dia mɔnu le mía ŋu egbea. Woƒoa nu tso “kɔmama vɔ̃ɖiwo” ŋu enuenu eye wobua Yehowa Ðasefowo dea kɔmama siawo me. Wogblɔa nya totrowo, wosia ahama le mía ŋu, eye wokaa aʋatso ŋutɔŋutɔwo tsɔ tsia tre ɖe míaƒe tadedeagu kple alesi míekuna ɖe mawumegɔmeɖosewo ŋui la ŋuti.
11. Alakpanya kawoe ame aɖewo gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu?
11 Le dukɔ aɖewo me la, subɔsubɔhawo kple dunyahehawo medi be yewoalɔ̃ ɖe edzi be míaƒe ‘mawusubɔsubɔ ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le mía Mawu ŋkume o.’ (Yakobo 1:27) Togbɔ be Kristotɔwo ƒe dɔ si wɔm míele le edzi yim le dukɔ 234 me hã la, futɔwo be menye “subɔsubɔha nyanyɛ” ye míenye o. Le ƒe 1998 me, esi wòsusɔ vie ne woadze dukɔwo dome takpekpe gɔme la, Athens nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ Greece Orthodɔks osɔfo aɖe ƒe nya be egblɔ be “[Yehowa Ðasefowo] menye ‘subɔsubɔha nyanyɛ’ o,” togbɔ be Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso mesɔ ɖe susu sia nu o hã. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, du ma ke me nyadzɔdzɔgbalẽ bubu ka nya ta be sɔlemeha aɖe ƒe nyanuɖela gblɔ be: “[Yehowa Ðasefowo] mate ŋu anye ‘Kristo-hame’ o, elabena woƒe naneke mesɔ ɖe Yesu Kristo dzixɔse si le Kristotɔwo si nu o.” Nya sia wɔ mo yaa ŋutɔ, elabena subɔsubɔha bubu aɖeke metea gbe ɖe Yesu sɔsrɔ̃ dzi wu Yehowa Ðasefowo o!
12. Le míaƒe gbɔgbɔmeʋaa wɔwɔ me la, nukae wòle be míawɔ?
12 Míedi be míaʋli nyanyuia ta ahaɖoe anyi le se nu. (Filipitɔwo 1:7) Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu aɖe asi le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu siwo me míelé ɖe asi sesĩe ŋu alo atɔ tsii o. (Tito 2:10, 12) Míawɔ nu abe Yeremya ene, ‘abla míaƒe aliwo dzi eye míagblɔ nusianu si ƒe se Mawu de na mí,’ eye míaɖe mɔ be amesiwo wɔa avu kple Mawu nado ŋɔdzi na mí o. (Yeremya 1:17, 18) Yehowa ƒe Nya Kɔkɔea fia mɔ nyuitɔ si dzi míato la mí wòdze ƒã. Míedi gbeɖe be míaɖo dzi ɖe ‘amegbetɔ ƒe alɔ’ beli ŋu loo alo adi ‘bebeƒe le Egipte ƒe vɔvɔli te,’ si nye xexeame gbɔ o. (Kronika II, 32:8; Yesaya 30:3; 31:1-3) Le míaƒe gbɔgbɔmeʋaa wɔwɔ me la, ele be míayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, míana wòafia mɔ míaƒe afɔɖoƒewo, eye míagaɖo ŋu ɖe mía ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu o. (Lododowo 3:5-7) Ne Yehowa medo alɔ mí o eye eya ŋutɔ mefia mɔ mí o la, míaƒe dɔwo katã ‘azu dzodzro.’—Psalmo 127:1.
Wotia Mía Yome Gake Míenaa Ta O
13. Nukatae míate ŋu agblɔe be Yesu dzi dzedze anyratɔe do kpo nu?
13 Amesi ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ le Yehowa subɔsubɔ tamanamana mee nye Yesu Kristo, amesi nu wotso alakpatɔe be edea aglãdzedze ƒe dzi ƒo eye wòdea zi amewo me. Esi Pilato dzro Yesu ƒe nya me kpɔ vɔ la, edi be yeaɖe asi le eŋu. Gake ameha si subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le megbe na la do ɣli be woaklã Yesu ɖe ati ŋu, togbɔ be meɖi fɔ o hã. Ðe Yesu teƒe la, wogblɔ be woaɖe asi le Baraba—amesi wode gaxɔ me ɖe aglãdzedze kple amewuwu ta—boŋ ŋu! Pilato gate kpɔ be yeagbe nya na tsitretsiɖeŋula nugɔmemaselaawo, gake ameha la ƒe gbe sẽ wu etɔ eye wòwɔ ɖe woƒe didia dzi na wo. (Luka 23:2, 5, 14, 18-25) Togbɔ be Yesu ku ɖe fuwɔameti ŋu hã la, Mawu ƒe Vi la dzi dzedze anyratɔe alea do kpo nu keŋkeŋ, elabena Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre eye wòdoe ɖe dzi wòva le Eya ŋutɔ ƒe nuɖusi me. Eye to Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na dzi la, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe amewo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi tsɔ ɖo Kristo-hamea—si nye “nuwɔwɔ yeye”—la anyi.—Korintotɔwo II, 5:17; Dɔwɔwɔwo 2:1-4.
14. Nukae va dzɔ esi Yuda-subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo tso ɖe Yesu yomedzelawo ŋu?
14 Emegbe kpuie la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo do ŋɔdzi na apostoloawo, gake Kristo yomedzela mawo medzudzɔ nuƒoƒo tso nusi wokpɔ hese ŋu o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo do gbe ɖa be: “[Yehowa], kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.” (Dɔwɔwɔwo 4:29) Yehowa ɖo woƒe kukuɖeɖea ŋu na wo ale be wòna gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo taŋtaŋ eye wòdo ŋusẽ wo be woayi woƒe gbeƒãɖeɖea dzi vɔvɔ̃manɔmee. Eteƒe medidi o wogade se na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe, gake Petro kple apostolo bubuawo ɖo eŋu gblɔ be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ŋɔdzidoname, wo léle, kple wo ƒoƒo mena wodzudzɔ Fiaɖuƒedɔa keke ɖe enu o.
15. Amekae nye Gamaliel, eye aɖaŋu kae wòɖo na Yesu yomedzelawo ƒe subɔsubɔ futɔwo?
15 Aleke subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo wɔ nui? “Eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu [apostoloawo].” Gake Sefiala aɖe si ŋkɔe nye Gamaliel, si nye Farisitɔ si ŋu amewo katã dea bubui la nɔ eteƒe. Esi wokplɔ apostoloawo do go le Sanhedrin la vie la, eɖo aɖaŋu na mawusubɔsubɔ ƒe tsitretsiɖeŋula mawo be: “Israel-ŋutsuwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nusi wɔ ge miala ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. . . . Mele egblɔm na mi bena: Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le [avu wɔm kple Mawu] ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:33-39.
Lãnu Aɖeke Meli Woatsɔ Ðe Mía Ŋu Wòadze Edzi O
16. Ne àgblɔe le wò ŋutɔ wò nyagbewo me la, aleke nàgblɔ dzideƒonya si Yehowa gblɔ na eƒe amewo?
16 Susu nɔ Gamaliel ƒe aɖaŋuɖoɖoa me, eye edzea mía ŋu ne amewo ƒo nu ɖe mía nu. Míekpɔe hã be wona mawusubɔsubɔblɔɖe su mía si le nyametsotso siwo ʋɔnudrɔ̃la akpaɖekedzimadelawo wɔ le ʋɔnu ta. Gake le alesi míewɔa Mawu ƒe Nya dzi ta la, Kristodukɔa ƒe osɔfowo kple Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔhawo ƒe xexeamefiaɖuƒea ƒe kplɔla bubuwo melɔ̃a míaƒe nya kura o. (Nyaɖeɖefia 18:1-3) Togbɔ be wo kple amesiwo dzi wokpɔ ŋusẽ ɖo wɔa avu kpli mí hã la, kakaɖedzi si le mía sie nye be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!”—Yesaya 54:17.
17. Togbɔ be tsitretsiɖeŋulawo wɔa avu kpli mí hã la, nukatae dzi le mía ƒo?
17 Míaƒe futɔwo wɔa avu kpli mí evɔ míewɔ vɔ̃ aɖeke o, gake dzi meɖe le mía ƒo o. (Psalmo 109:1-3) Míaɖe mɔ na amesiwo léa fu Biblia ƒe gbedasi si le mía si la be woado ŋɔdzi na mí míagbe nu le míaƒe xɔse gbɔ gbeɖe o. Togbɔ be míele mɔ kpɔm be míaƒe gbɔgbɔmeʋaa nu ava sẽ ɖe edzi hã la, míenya alesi wòava wu enui. Abe alesi wòva eme na Yeremya ene la, nyagblɔɖinya sia ava eme na míawo hã, be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yeremya 1:19) Ẽ, míenya be amesiwo wɔa avu kple Mawu maɖu dzi o!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Wowɔ Nuteƒe eye Womevɔ̃ O le Nazitɔwo ƒe Ameteteɖeanyi Te,’ si le axa 24-8.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nukatae wodze Yehowa subɔlawo dzi?
• Mɔ kawo nue tsitretsiɖeŋulawo wɔ avu kple Yehowa ƒe amewo le?
• Nukatae míeka ɖe edzi be amesiwo wɔa avu kple Mawu maɖu dzi o?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Kakaɖedzi nɔ Yeremya si be Yehowa anɔ kplii
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Amesiwo tsi agbe le fuwɔamegaxɔwo me
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Nuvlowɔha aɖe ho ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
J. F. Rutherford kple ehatiwo
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Le Yesu gome la, amesiwo wɔ avu kple Mawu meɖu dzi o