Ta 37
Konyifafa Kple Aseyetsotso le Babilon ƒe Nuwuwu Ŋuti
1. Aleke ‘anyigbadzifiawo’ awɔ ɖe Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ kpata la ŋu?
BABILON ƒe nuwuwu nye nya nyui na Mawu ƒe amewo, gake aleke dukɔwo abui? Yohanes gblɔ na mí be: “Eye ne anyigba dzi fia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ. Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ!”—Nyaɖeɖefia 18:9, 10.
2. (a) Esi wònye lã wɔadã dzẽ la ƒe dzo ewoawoe atsrɔ̃ Babilon Gã la ɖe, nukatae ‘anyigbadzifiawo’ afa eƒe tsɔtsrɔ̃a? (b) Nukatae fia léblanuiawo anɔ didiƒe tso du si wotsrɔ̃ la gbɔ?
2 Alesi dukɔwo awɔ nui la adze nukunue elabena lã wɔadã dzẽ la ƒe kpɔɖeŋudzo ewoawoe tsrɔ̃ Babilon. (Nyaɖeɖefia 17:16) Gake ne Babilon megali o la, ‘anyigbadzifiawo’ ava kpɔ alesi gbegbe wòkpe ɖe wo ŋui be wòna amewo dze akɔ anyi eye wobɔbɔ wo ɖokui ɖe wo te la adze sii kɔte. Osɔfowo gblɔ tso aʋawɔwɔwo ŋu be wole kɔkɔe, wosubɔ abe amesiwo xɔa asrafowo ɖe asrafodɔ me ene eye wotsɔ woƒe mawunyagbɔgblɔwo de dzi ƒo na ɖekakpuiwo be woyi aʋagbedzi. Subɔsubɔha nye nutsyɔnu kɔkɔe aɖe si megbe dziɖula nugbegblẽwɔlawo be ɖo hete ame tsɛwo ɖe anyi. (Tsɔe sɔ kple Yeremya 5:30, 31; Mateo 23:27, 28.) Gake de dzesii be fia siawo siwo lé blanui la le adzɔge ke tso du si wotsrɔ̃ la gbɔ. Womete ɖe eŋu nyuie be yewoakpe ɖe eŋu o. Ete ɖe wo dzi be megali o gake mete ɖe wo dzi ale gbegbe be woade wo ɖokui afɔku me ɖe eta o.
Asitsalawo Fa Avi Hefa Konyi
3. Amekawo hãe axa nu le Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃a ta, eye ɖe susu kawo si Yohanes gblɔ ta?
3 Menye anyigbadzifiawo ɖeɖekoe afa Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ o. “Eye anyigba dzi sitsalawo le avi fam, eye wole konyi fam le tawò; elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuawo ƒle ge akpɔ o. Adzɔnu siawo nye: Sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple adzagbawo kple aklala biɖibiɖi kple aɖabɛ kple seda kple awu dzĩ kple ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã kple nyiɖu ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple ati xɔasi kple gadzẽ kple ga kple kpe xɔasi ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo. Eye atikutsetse, siwo dzroa wò luʋɔ la, dzo le gbɔwò, eye nu viviwo kple atsyɔ̃ɖonuwo katã bu ɖe wò, eye mègale wo kpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 18:11-14.
4. Nukatae ‘asitsala mɔzɔlawo’ fa avi hefa konyi le Babilon Gã la ƒe nuwuwu ta?
4 Ẽ, Babilon Gã la nye asitsala kesinɔtɔwo xɔlɔ̃ kple woƒe asisi vevi tsã. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu kple nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo ƒe saɖagaxɔwo kple Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo kpɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo, ati xɔasiwo, kple ŋutilãmekesinɔnu ƒomevi bubu gbogbo aɖewo le ƒe alafa geɖewo me. Hekpe ɖe ema ŋu la, subɔsubɔhawo dudua woƒe yayra ɖe nuƒeƒle bibibi kple ahamumu ƒe aglotutu siwo yia edzi le Kristmas si doa vlo Kristo kple azã bubu siwo woyɔna be wonye ŋkekenyuiwo ɖuɣi la dzi. Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedeawo yi didiƒe ke eye woʋu mɔ yeyewo ɖi na xexe sia me “sitsalawo.” Le ƒe alafa 17 lia me le Japan la, Katoliko-ha si yome asitsalawo nɔ la va de nu dzre makemakewo gɔ̃ hã me. Esi The Encyclopædia Britannica nɔ nya ta kam tso aʋa sesẽ aɖe si wowɔ le Osaka-mɔ̃ la ƒe gliwo te ŋu me la, egblɔ be: “Tokugawa-srafowo kpɔ be yewole aʋa wɔm kple futɔ aɖe si ƒe aflagawo dzi atitsoga kple Ðela la kpakple Yakobo Kɔkɔe si nye mawu si woxɔ se be eyae dzɔa Spania ŋu la ƒe nɔnɔmetatawo le la.” Akpa si ɖu dzi ti Katoliko-ha la yome eye woɖee ɖa keŋkeŋ kloe le anyigba ma dzi. Nenema kee sɔlemeha la ƒe gomekpɔkpɔ le xexeamenyawo me egbea hã maɖe vi aɖeke nɛ o.
5. (a) Aleke gbe aɖe si tso dziƒo la gaɖɔ ‘asitsala mɔzɔlawo’ ƒe nuxaxa lae? (b) Nukatae asitsalawo hã ‘tsi tre ɖe adzɔge ke’?
5 Gbe si ɖi tso dziƒo la gagblɔ be: “Eye nusiawo ƒe adzɔdola, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti, anɔ avi fam, eye woanɔ konyi fam anɔ gbɔgblɔm bena: Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzĩ, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo gblẽ petepete.” (Nyaɖeɖefia 18:15, 16) Ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la, ‘adzɔdolawo’ afa konyi ɖe asisi ma si megali o la ta. Enye “baba, baba na” wo nyateƒe. Gake de dzesii be ɖokuitɔdidi koŋ tae wole konyia fam ɖo eye—abe fiawo ene la—‘wole tsitre ɖe adzɔge ke.’ Womete ɖe Babilon Gã la ŋu nyuie be yewoakpe ɖe eŋu o.
6. Aleke gbe si tso dziƒo la ɖɔ tɔdziʋumefiawo kple wo ɖolawo ƒe konyifafae, eye nukatae wole avi fam?
6 Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Eye ʋumefia sia ʋumefia kple ʋuɖola sia ʋuɖola kple kahela sia kahela kpakple ƒu dzi dɔwɔlawo katã wole tsitre le adzɔge ke. Eye esi wokpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, wodo ɣli gblɔ bena: Du kae sɔ kple du gã ma mahã? Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe ta me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wò, du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzi la, trɔ kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔtɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.” (Nyaɖeɖefia 18:17-19) Blema Babilon la nye asitsadu eye tɔdziʋu gbogbo aɖe nɔ esi. Nenema ke Babilon Gã la hã do adzɔ geɖe to eƒe amewo siwo nye “tsi geɖewo” la dzi. Esia na etevi siwo nye eƒe hameviwo dometɔ geɖe kpɔ dɔwɔɖui. Ganya ƒe anyidzedze kae nye si Babilon Gã la ƒe anyidzedze anye na amesiawo! Dɔwɔɖui aɖeke magate ŋu ade enu na wo akpɔ gbeɖe o.
Aseyetsotso le Eƒe Tsɔtsrɔ̃ la Ta
7, 8. Aleke gbe si tso dziƒo la wu eƒe gbedasi si ku ɖe Babilon Gã la ŋu nue, eye amekawoe aɖo nya mawo ŋu?
7 Esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo mu blema Babilon ƒu anyi la, Yeremya gblɔ le nyagblɔɖi me be: “Dziƒo kple anyigba kple edzi nuwo katã atso aseye ɖe Babel ŋu.” (Yeremya 51:48) Le Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ me la, gbe si tso dziƒo la ƒo eƒe gbedasia ta hegblɔ tso Babilon Gã la ŋu be: “Dzi nedzɔ mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu drɔ̃ mia nya na mi hebia hlɔ̃e.” (Nyaɖeɖefia 18:20) Yehowa kple mawudɔlawo akpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe blemafutɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ la ŋu, abe alesi wòadzɔ dzi na apostoloawo kple blema Kristotɔ nyagblɔɖilawo, amesiwo wofɔ ɖe tsitre azɔ eye wole woƒe nɔƒe le amegã xoxo 24 la ƒe ɖoɖoa nu la me ene.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 97:8-12.
8 Nyateƒee, “ame kɔkɔewo” katã—woɖanye amesiwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒoe alo esiwo tsi agbe hegale anyigba dzi o—ado dzidzɔɣli, abe alesi woƒe zɔhɛ siwo nye alẽ bubuawo ƒe ameha gã la hã adoe ene. Emegbe la, woafɔ blematɔ ɖianukwareawo katã ɖe tsitre ayi nuɖoanyi yeyea mee, eye woawo hã akpe asi ɖe aseyetsotsoa ŋu. Mawu ƒe amewo medze agbagba be yewoabia hlɔ̃ yewo yometila alakpasubɔsubɔha me tɔwo o. Woɖo ŋku Yehowa ƒe nyawo dzi be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, [Yehowa ye] gblɔe.” (Romatɔwo 12:19; Mose V, 32:35, 41-43) Ẽ, Yehowa ɖo eteƒe azɔ. Le ɣemaɣi la, woabia ʋu siwo katã Babilon Gã la kɔ ɖi ƒe hlɔ̃.
Té Gã aɖe Tsɔtsɔ Ƒu Gbe
9, 10. (a) Nukae mawudɔla sesẽ aɖe wɔ hegblɔ azɔ? (b) Nuwɔna si ɖi esi Nyaɖeɖefia 18:21 ƒe mawudɔla sesẽa wɔ kae dzɔ le Yeremya ŋɔli, eye nuka ƒe kakaɖedzie wòna? (d) Nukae nusi mawudɔla sesẽ si Yohanes kpɔ la wɔ la nye kakaɖedzi na?
9 Nusi kplɔe ɖo si Yohanes kpɔ la ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ Babilon Gã la nye esi matrɔ o: “Eye mawudɔla sesẽ aɖe tsɔ kpe aɖe, si le abe té gã aɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.” (Nyaɖeɖefia 18:21) Le Yeremya ƒe ɣeyiɣia me la, wowɔ nane si ɖi ema si nye nyagblɔɖi si ŋu gɔmesese sesẽ aɖe le la. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yeremya wòŋlɔ “dzɔgbevɔ̃e, siwo katã le Babel dzi va ge” la ɖi. Etsɔ agbalẽa na Seraya eye wògblɔ nɛ be wòazɔ mɔ ayi Babilon. Le wɔwɔ ɖe Yeremya ƒe mɔfiafia dzi me la, Seraya xlẽ agbalẽa ɖe dua ŋu be: “Yehowa, wòe gblɔ ɖe teƒe sia ŋu be, yeatsrɔ̃e, ne ame aɖeke maganɔ anyi o, amegbetɔwo kple lãwo siaa, eye wòanye gbegbe tegbee.” Emegbe Seraya bla kpe ɖe agbalẽa ŋu eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe Frat-tɔsisia me hegblɔ be: “Ale dzɔgbevɔ̃e, si mahe va wo dzi la, anyrɔ̃ Babel ɖe toe, magaho ɖe dzi akpɔ o.”—Yeremya 51:59-64.
10 Alesi wotsɔ agbalẽ si ŋu wobla kpe ɖo ƒu gbe ɖe tɔa mee la nye kakaɖedzi be Babilon ayi to keŋkeŋ eye magaho ɖe dzi akpɔ gbeɖe o. Alesi apostolo Yohanes kpɔ mawudɔla sesẽ aɖe wòwɔ nusi ɖi ema la nye kakaɖedzi sẽŋu aɖe be Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖe Babilon Gã la ŋu ava eme. Alesi blema Babilon ƒe aƒedozuzu keŋkeŋ li egbea la nye ɖaseɖiɖi sẽŋu si fia nusi adzɔ ɖe alakpasubɔsubɔha dzi kpuie la.
11, 12. (a) Aleke mawudɔla sesẽ la ƒo nu azɔ na Babilon Gã lae? (b) Aleke Yeremya gblɔ nya ɖi ku ɖe Yerusalem xɔsegbela la ŋue, eye nukae wòfia ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu?
11 Mawudɔla sesẽ la le nu ƒom na Babilon Gã la azɔ eye wògblɔ be: “Eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevi aɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me.”—Nyaɖeɖefia 18:22, 23.
12 Yeremya gblɔ nya siwo ɖi emawo la ɖi ɖe Yerusalem xɔsegbela la ŋu be: “Matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi kple dzidzɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, tetutu ƒe ɖiɖi kple akaɖi ƒe keklẽ nu le wo dome. Anyigba sia azu aƒedo kple gbegbe.” (Yeremya 25:10, 11) Abe Babilon Gã la ƒe akpa vevitɔ ene la, Kristodukɔa azu aƒedo si me agbe mele o, abe alesi esia dze ƒã le Yerusalem ƒe aƒedozuzu le ƒe 607 D.M.Ŋ. megbe mee ene. Kristodukɔa si tso aseye ɖekemaɖitɔe eye gbesiagbe ƒe hoowɔwɔ ɖi le eme tsã la akpɔe be wosi ye hegblẽ ye ɖi.
13. Tɔtrɔ kpata kae alili Babilon Gã la, eye dɔ kae wòawɔ ɖe ‘asitsala mɔzɔlawo’ dzi?
13 Nyateƒee, abe alesi mawudɔla la gblɔe na Yohanes le afisia ene la, Babilon Gã la katã atrɔ tso dukɔwo dome fiaɖuƒe sesẽ si wònye tsã la me eye wòazu kuɖiɖinyigba, gbegbe si ŋu viɖe aɖeke manɔ o. Eƒe ‘asitsala mɔzɔlawo,’ siwo dome kesinɔtɔ siwo kpɔ ga gbogbo hã le la zã eƒe subɔsubɔha na woƒe viɖe alo wozãe abe nusi megbe wobe ɖo ene, eye osɔfowo kpɔe be eɖe vi na yewo be yewoanɔ nɔƒe kɔkɔ kple wo. Gake asitsala mawo akpɔe be Babilon Gã la maganye zɔhɛ na yewo o. Magatsɔ eƒe afakakawo aflu anyigba dzi dukɔwoe azɔ o.
Ʋukɔkɔɖi si Tsoa Dzika Ƒo
14. Nukae mawudɔla sesẽa gblɔ be eya tae Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a nu sẽ nenema gbegbe ɖo, eye nya si ɖi ema kae Yesu gblɔ esime wònɔ anyigba dzi?
14 Le nyataƒoƒo me la, mawudɔla sesẽa gblɔ nusitae Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Babilon Gã la vevie nenema. Mawudɔla la gblɔ be: “Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.” (Nyaɖeɖefia 18:24) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ Yerusalem be woabia “ʋu dzɔdzɔe ɖesiaɖe, siwo da ahe le anyigba dzi, . . . tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe ʋu dzi” heyina la le wo si. Eyata wotsrɔ̃ dzidzime gɔglɔ̃ ma le ƒe 70 M.Ŋ. me. (Mateo 23:35-38) Egbea mawusubɔsubɔha me tɔwo ƒe dzidzime bubu ɖi ʋufɔ le Mawu ƒe subɔlawo yome titi me.
15. Aleke Nazi Germania ƒe Katoliko-ha la ɖi ʋufɔ le susu eve tae?
15 Guenter Lewy ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Catholic Church and Nazi Germany me be: “Esi woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Bavaria le April 13 [1933] dzi la, Sɔlemeha la xɔ dɔ si Dɔwɔƒe si kpɔa Sukudede kple Mawusubɔsubɔnyawo dzi de asi nɛ la gɔ̃ hã be wòatrɔ kɔmamã si nu woxe mɔ ɖo la me tɔ si aganɔ subɔsubɔha si nu woxe mɔ ɖo la wɔm ta.” Eyata Ðasefo akpe geɖe siwo wode ŋutasẽgaxɔwo la ƒe agba le Katoliko-ha la hã dzi, eƒe asi ƒo Ðasefo alafa geɖe siwo wowu la ƒe ʋu. Esi sɔhɛ Ðasefowo, abe Wilhelm Kusserow ene, ɖee fia be yewoate ŋu aku dzideƒotɔe ne woda tu yewo la, Hitler tso nya me be tudada nye tohehe si bɔbɔ akpa na amesiwo gbe be yewomawɔ aʋa o le woƒe dzitsinya ta la; eyata wotsɔ ametatsomɔ̃ wu Wilhelm nɔvi Wolfang si xɔ ƒe 20 ɣemaɣi lae. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Germania Katoliko-ha la nɔ dzi dem ƒo na Germania Katoliko ɖekakpuiwo be woaku le aʋagbedzi le wo dedua ƒe asrafowo dome. Sɔlemeha la ƒe ʋufɔɖiɖi dze gaglã!
16, 17. (a) Ʋufɔɖiɖi ƒe agba kae le Babilon Gã la dzi, eye aleke Vatikan la ɖi ʋufɔe le Yudatɔ siwo ku le Nazitɔwo ƒe ŋutasesẽ ƒe ametsɔtsrɔ̃ gã la me gomee? (b) Mɔ siwo nu alakpasubɔsubɔha ɖi ʋufɔ le le ame miliɔn geɖe siwo wowu le aʋa alafa geɖe siwo wowɔ le ƒe alafa sia ɖeɖeko me la dometɔ ɖeka ɖe?
16 Gake nyagblɔɖia gblɔ be woabia “amesiwo katã wowu le anyigba dzi” ƒe ʋu le Babilon Gã la si. Kakaɖedzitɔe la, esia nɔ alea le míaƒe ɣeyiɣia me. Le kpɔɖeŋu me, esime Katolikotɔwo ƒe ayemenuwɔwɔ kpe ɖe Hitler ŋu wòyi zi dzi le Germania la, Vatikan la kpɔ gome le ʋukɔkɔɖi dziŋɔ si me Yudatɔ miliɔn ade ku le Nazitɔwo ƒe ametsɔtsrɔ̃ gã me la me. Hekpe ɖe eŋu la, le ƒe alafa 20 lia sia ɖeɖeko me la, wowu amesiwo sɔ gbɔ boo wu miliɔn alafa ɖeka le aʋawɔwɔ alafa geɖe me. Ðe esia ƒe agba le alakpasubɔsubɔha dzia? Ẽ, le mɔ eve nu.
17 Le mɔ ɖeka nu la, aʋa geɖewo dzɔ le subɔsubɔha vovovo me nɔnɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔha ye he ʋunyaʋunyawɔwɔ si nɔ Moslemtɔwo kple Hindutɔwo dome le India le ƒe 1946-48 me la vɛ. Ame akpe alafa geɖe bu woƒe agbe le eme. Irak kple Iran dome aʋa si wowɔ le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me si me ame akpe alafawo ku le la dzɔ le subɔsubɔha ƒe kɔmamãwo ƒe vovototo ta. Ame akpe geɖe bu woƒe agbe le ʋunyaʋunyawɔwɔ si le Katolikotɔwo kple Protestantɔwo dome le Anyiehe Ireland la me. Ʋunyaʋunyawɔwɔ si le edzi yim le Lebanon la nye esi nɔ te ɖe subɔsubɔha dzi. Le nu me kuku tso nusia ŋu me la, nyadzɔdzɔŋlɔla C. L. Sulzberger gblɔ le ƒe 1976 me be: “Enye nyateƒe wɔnublanui be anɔ eme be aʋa siwo wɔm wole le xexeame katã fifia la nye subɔsubɔhaʋawo tẽ loo alo wonye esiwo de nu subɔsubɔhadzrewo me.” Nyateƒee, alea wònɔ le Babilon Gã la ƒe ŋutinya si yɔ fũ kple zitɔtɔ la katã me.
18. Nukae nye mɔ evelia si nu xexeame ɖi ʋufɔ le?
18 Nukae nye mɔ evelia? Le Yehowa ƒe nukpɔsusu nu la, xexemesubɔsubɔhawo ɖi ʋufɔ elabena wometsɔ numeɖeɖe nyui fia nyateƒe si ku ɖe nusiwo Yehowa di tso esubɔlawo si ŋuti la woƒe hameviwo o. Wometsɔ numekɔkɔ si ŋu kakaɖedzi le fia nui be ele be Mawu ƒe subɔla vavãtɔwo nasrɔ̃ Yesu Kristo eye woaɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo eɖanye dukɔ ka me tɔwoe wonye o la o. (Mixa 4:3, 5; Yohanes 13:34, 35; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Yohanes I, 3:10-12) Esi subɔsubɔha siwo le Babilon Gã la me mefia nusiawo o ta la, wokplɔ woƒe hameviwo de dukɔwo dome aʋawo me. Aleke gbegbee nye si esia dze le xexemeʋa eve siwo wowɔ le ƒe alafa sia ƒe afã gbãtɔ mee; aʋa eve siawo katã dze egɔme le Kristodukɔa me eye esia na hatimawusubɔlawo wu wo nɔewo! Ne ɖe amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ku ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu sesĩe la, anye ne aʋa mawo madzɔ akpɔ gbeɖe o.
19. Ʋufɔɖiɖi dziŋɔ kae le Babilon Gã la dzi?
19 Yehowa abia ʋukɔkɔɖi siawo katã ƒe akɔnta le Babilon Gã la si. Ne ɖe subɔsubɔhakplɔlawo, vevietɔ esiwo tso Kristodukɔa me, fia Biblia ƒe nyateƒea woƒe hameviwo la, ʋukɔkɔɖi gbogbo mawo mava eme o. Eyata le nyateƒe me la, ele be Babilon Gã la—gbolo gã la kple alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea—nabu akɔnta na Yehowa le mɔ si le tẽ nu alo esi mele tẽ o nu, menye le “nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo,” amesiwo yome woti hewu la ɖeɖeko ta o ke boŋ le “amesiwo katã wowu le anyigba dzi la” tɔ hã ta. Nyateƒee ʋufɔɖiɖi dziŋɔ aɖe le Babilon Gã la dzi. Nehede nyuie ne etsrɔ̃ɣi mamlea ɖo!
[Aɖaka si le axa 270]
Nusi Tanana Gblẽ
Guenter Lewy ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Catholic Church and Nazi Germany me be: “Ne ɖe Germania Katoliko-ha la ku ɖe taɖodzinu si nye be woatsi tre ɖe Nazi dziɖuɖua ŋu kplikpaa tso gɔmedzedzea me ŋuti la, anye ne xexeame ƒe ŋutinya ato vovo kura. Ne agbagbadzedze sia do kpo dɔ wɔwɔ ɖe Hitler dzi eye mete ŋu xe mɔ ɖe eƒe hlɔ̃dodo gbogboawo nu o kura gɔ̃ hã la, anye ne le go sia me la, ado ŋkɔ nyui si anɔ Sɔlemeha la ŋu ɖe dzi ŋutɔ. Ðikeke mele eŋu o be anye ne aɖe ame geɖe ŋutɔ ƒe agbe, gake anye ne wowɔ vɔsa mawo ɖe nu xɔasitɔ si ƒo bubuawo katã ta la ta. Esi kakaɖedzi aɖeke mele esi le aƒe o la, anye ne Hitler makatse aho aʋa o eye ame miliɔn ƒe agbe anɔ anyi dedie na wo hafi. . . . Esi wowɔ funyafunya Germaniatɔ akpe geɖe siwo tsi tre ɖe Nazitɔwo ŋu vaseɖe ku me le Hitler ƒe ŋutasẽgaxɔwo me, esime wowu Poland ƒe ame ŋkuta la, esime Russiatɔ akpe alafa geɖe ku le alesi wobu wo be wonye Untermenschen (amesiwo meɖo ame me o) Slavwo, kple esime wowu ame 6,000,000 be womenye ‘Aryatɔwo’ o la, Katolikomegã siwo le Germania la do ŋusẽ dziɖuɖua le hlɔ̃ mawo dodo me. Roma Papa si nye Roma Katoliko-ha la ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ me mɔfiala gãtɔ la zi kpi.”—Axa 320, 341.
[Nɔnɔmetata si le axa 268]
Dziɖulawo be, “Baba na wò, baba na wò”
[Nɔnɔmetata si le axa 268]
Asitsalawo be, “Baba na wò, baba na wò”